Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nukae ɖee fia be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nɔ Yesu si?

Biblia gblɔe alea le Mateo 13:55, 56 kple Marko 6:3. Wozãa Helagbe me nya (adelphos) si dze le kpukpui siawo me tsɔ fiana “ƒomedodo si le ame aɖe kple ame bubu dome, alo ƒomedodo aɖe si le se nu [eye] nusi wòfia koe nye tɔ ɖeka nɔ ɖeka alo dadavi alo fofoviwo.” (The Catholic Biblical Quarterly, January 1992)—12/15, axa 3.

Tɔtrɔ kae dze ƒã le aʋawɔwɔ me egbea, eye zi geɖe la, nuka gbɔe wòtsona?

Aʋa siwo wowɔna egbea ƒe akpa gãtɔ nyea dukɔmeviʋawo—aʋa siwo yia edzi le dukɔ ɖeka me tɔ siwo lé fu wo nɔewo dome. Gbevovovodolawo dome fulélewo, subɔsubɔhawo dome nyaʋiʋliwo, madzɔmadzɔnyenye, kple dunyahehe ƒe zitɔtɔwoe nye nusiwo henɛ vɛ koŋ ƒe ɖewo. Nu bubu si gahenɛ vɛ enye ŋukeklẽ—ŋukeklẽ ɖe ŋusẽ kple ga ŋu.—1/1, axa 3-4.

Aleke míewɔ nya be Yesu medi be Kristotɔwo nalé kpɔɖeŋugbedodoɖa la me nyawo ɖe tame anɔ gbɔgblɔm ko o?

Yesu gblɔ kpɔɖeŋugbedodoɖa sia le eƒe Todzimawunya la me. Anye ɣleti 18 megbe la, egbugbɔ gblɔ nya vevi siwo le nufiame si wòna le gbedodoɖa ŋu do ŋgɔ me. (Mateo 6:9-13; Luka 11:1-4) Enye nusi ɖe dzesi be megbugbɔ gblɔ nya mawo ke pɛpɛpɛ o, esi fia be menye gbedodoɖa si me nyawo woanɔ gbɔgblɔm wòanye kɔnu dzro aɖe ko fiamee wònɔ o.—2/1, axa 8.

Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, afikae ahɔ̃ne la kpɔ amitiɖɔmee si wòtsɔ va aɖakaʋua me la tsoe?

Míenya dze agbɔsɔsɔme si nɔa tsiɖɔɖɔwo me kple alesi tsiawo fanae alo xɔa dzoe ŋutinya tututu o. Gake wonya be ne wolã amitiwo gɔ̃ hã la, takpoa gbugbɔna dzena. Eyata anye be amiti aɖewo meku keŋkeŋ e tsiɖɔɖɔa me o, si wɔe be wodze esi tsia mie vɔ.—2/15, axa 31.

Esi dukɔmeviʋa dzɔ le Nigeria eye woxe mɔ siwo katã yi Biafra la, aleke Yehowa Ðasefo siwo nɔ nuto ma me wɔ xɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu?

Wode dɔ asi na dziɖuɖudɔwɔla aɖe le posudɔwɔƒe aɖe le Europa eye wode dɔ asi na bubu aɖe le Biafra yameʋudzeƒe suea. Ðasefowoe ame evea siaa nye. Wolɔ̃ faa wɔ nusi me afɔku le be woatsɔ anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖom ɖe Biafra, eye esia ɖe vi na nɔvi geɖe vaseɖe esime aʋaa ke le ƒe 1970 me.—3/1 axa 27.

Nukae Westphalia ƒe Ŋutifafa la na wote ŋu wɔ, eye aleke subɔsubɔhawo ƒo wo ɖokui ɖe emee?

Ðɔɖɔɖoa na Roma Fiaɖuƒe Kɔkɔea ma ɖe subɔsubɔha etɔ̃ me—Katolikotɔwo, Luthertɔwo, kple Calvintɔwo. Woɖo Protestanttɔwo ƒe Ðekawɔhabɔbɔ kple Katolikotɔwo ƒe Nubabla la le ƒe alafa 17 lia ƒe gɔmedzedze. Emegbe subɔsubɔhawo dome ʋa aɖe dzɔ le Bohemia heva nyrã ɖe edzi va zu dukɔwo dome ŋusẽ ƒe hoʋiʋli. Dziɖula siwo nye Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo dze agbagba to mɔ aɖewo dzi be yewoakpɔ ŋusẽ wu le dunyahehe me eye be yewoakpɔ viɖe geɖe le asitsatsa me. Mlɔeba wova wɔ ŋutifafa ŋuti numedzodzrowo le Germany nuto si nye Westphalia me. Le ƒe atɔ̃ kloe megbe la, wova de asi Westphalia ƒe Nubabla la te le ƒe 1648 me, eye esia he Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa la va nuwuwui eye tso ɣemaɣie egbegbe Europa dukɔwo dze ɖokuisi xɔxɔ gɔme.—3/15, axa 20-3.

Nukae “lã wɔadã” la ƒe dzesi, alo ŋkɔ—si nye xexlẽdzesi 666—la fia?

Woƒo nu tso dzesi sia ŋu le Nyaɖeɖefia 13:16-18. Lã la tsi tre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo, eye “ame ƒe xexlẽme” si le eŋu ɖee fia be dziɖuɖuwo ɖea amegbetɔwo ƒe nɔnɔme si nye blibomademade fiana. Xexlẽdzesi 6 kple 60 kpakple 600 fia be mede kura o le Mawu ŋkume. Amesiwo ŋu dzesi sia le la tsɔa tadedeagu me bubu naa Dunyahedukɔa, alo kpɔa esinu be wòaxɔ na yewo.—4/1, axa 4-7.