Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣeyiɣi si me Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu le Anyigba Dzi

Ɣeyiɣi si me Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu le Anyigba Dzi

Ɣeyiɣi si me Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu le Anyigba Dzi

ESI wònye Yesu nɔ dziƒo kple Fofoa kpɔ hafi va zu amegbetɔ ta la, enya nusi gblɔm wònɔ esime wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa be: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10; Yohanes 1:18; 3:13; 8:42) Yesu nɔ anyi le ɣeyiɣi si me nusianu si dzɔ le dziƒo kple anyigba dzi la wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, hafi va zu amegbetɔ. Ɣeyiɣi mawo nye dzidzeme kple dzidzɔ ƒe ɣeyiɣiwo nɛ.—Lododowo 8:27-31.

Nu gbãtɔ siwo Mawu wɔ lae nye gbɔgbɔmenuwɔwɔwo, ‘mawudɔla kalẽtɔ sesẽ siwo wɔa eƒe nya dzi.’ Wonye “eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu” vaseɖe fifia. (Psalmo 103:20, 21) Ðe wo dometɔ ɖesiaɖe wɔa eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nua? Ẽ, eye esime wowɔ anyigba la, ‘Mawu ƒe vi siawo katã gli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:7) Woƒe dzidzɔkpɔkpɔ sia ɖee fia be wokpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, eye wona woƒe lɔlɔ̃nu wɔ ɖeka kple etɔ.

Esi Mawu wɔ anyigba vɔ la, edzra edzi ɖo be amewo nanɔ edzi, eye mlɔeba ewɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔwo. (Mose I, ta 1) Ðe esia hã nye nusi ŋu woakpɔ dzidzɔ ɖoa? Nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be: “Eye Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ,” ẽ, kpɔtsɔtsɔ aɖeke menɔ wo ŋu o, wode blibo.—Mose I, 1:31.

Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mía dzila gbãtɔawo kple woƒe dzidzimeviwo? Mose I, 1:28 gblɔ be nu nyui ŋutɔ aɖee eya hã nye: “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” Hafi woawɔ dɔdasi nyui sia la, ahiã be mía dzila gbãtɔ siawo kple woƒe dzidzimeviwo siaa nayi edzi anɔ agbe—tegbee. Naneke mefia be afɔku, madzɔmadzɔnyenye, dzigbagbã, alo ku anɔ anyi o.

Ɣemaɣie wonɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le dziƒo kple anyigba dzi. Amesiwo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu la anya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le ewɔwɔ me. Ke nukae va dzɔ?

Wova tɔ gbe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kpoyi. Gake menye nya aɖe si gbɔ womate ŋu akpɔ o ye wònye o. Ke hã, gbetɔame sia he dzigbagbã kple nuxaxa ƒe ɣeyiɣi didi aɖe vɛ, si wɔe be ame geɖe megava nya nusi tututue nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ameƒomea o. Esia gblẽ nu le mí katã ŋu. Gbetɔame kae?

Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ le Aglãdzeɣeyiɣi Me

‘Mawu ƒe gbɔgbɔ me viwo’ dometɔ ɖeka kpɔ be ɖewohĩ yeate ŋu ado kplamatsɛ nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na amegbetɔƒomea, hena ye ŋutɔ yeƒe viɖekpɔkpɔ. Zi alesi wònɔ eŋu bumee la, zi nenemae wòva kpɔe be anya wɔe, eye zi nenemae wòva nɔ edzrom ɖe edzii. (Yakobo 1:14, 15) Anya susui be ne yena ame eve gbãtɔawo ɖo to ye tsɔ wu be woaɖo to Mawu la, azi Mawu dzi be wòaɖe mɔ be ye hã yeanɔ dzi ɖum. Anya susui hã be Mawu matsrɔ̃ wo o, elabena ema wɔwɔ mate ŋu ana Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme o. Ke boŋ ava hiã be Mawu nawɔ asitɔtrɔ le eƒe tameɖoɖo ŋu be wòaɖe mɔ na eƒe gbɔgbɔmevi sia be wòaɖu dzi ɣeyiɣi aɖe ɖe Eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo dzi. Eyata esɔ nyuie be wova yɔ aglãdzela ma be Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula.”—Hiob 1:6.

Satana ƒe didi sia na be wòte ɖe nyɔnua ŋu. Eƒoe ɖe enu be wòaŋe aɖaba aƒu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi bene eya ŋutɔ nawɔ nyametsotso siwo ku ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋu, hegblɔ nɛ bena: “Miele kuku ge akpɔ o. . . . Mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:1-5) Esi nya sia dze na nyɔnua abe nusi ana ablɔɖee ene ta la, exɔ edzi se hebui be ana yeanɔ agbe si nyo wu. Emegbe eƒoe ɖe srɔ̃ŋutsua nu be wòwɔ ɖeka kplii.—Mose I, 3:6.

Gake menye esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na atsu kple asi siawo o. Woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nue. Eye nu gbegblẽwoe ado tso eme. Mawu na wonya do ŋgɔ be nuwɔna sia ahe ku vɛ na wo. (Mose I, 3:3) Womewɔ wo be woanɔ wo ɖokui si Mawu manɔmee wòadze edzi na wo o. (Yeremya 10:23) Gawu la, woava zu ame madeblibowo, eye woƒe dzidzimeviwo ava nyi woƒe blibomademade kple ku dome. (Romatɔwo 5:12) Satana mate ŋu ana nusiawo nado kpo emevava o.

Ðe nudzɔdzɔ siawo trɔ Mawu ƒe tameɖoɖo alo eƒe lɔlɔ̃nu na ameƒomea kple anyigba la keŋkeŋua? Kura o! (Yesaya 55:9-11) Ke hã, wofɔ nya vevi aɖewo ɖe te siwo gbɔ wòhiã be woakpɔ: Ðe amegbetɔwo ate ŋu “anɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃,” abe alesi Satana gblɔe enea? Ne míagblɔe bubui la, ne wona ɣeyiɣi geɖe mí la, ɖe mía ŋutɔwo míate ŋu anya nusi nye nyui kple vɔ̃, nusiwo aɖe vi na mí alo agblẽ nu le mía ŋu, le agbenɔnɔ ƒe akpa ɖesiaɖea? Ðe wòdze be woaɖo to Mawu bliboe le esi eƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ kekeake ta? Ðe wòle be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu bliboea? Aleke nàɖo wo ŋui?

Nuwɔwɔ ɖesiaɖe si si nunya le la akpɔe be mɔ ɖeka koe li si dzi woate ŋu ato aɖo biabia siawo ŋu: Be woaɖe mɔ na amesiwo le ɖokuisinɔnɔ dim ne woatee akpɔ be adze edzi mahã. Wo wuwu dzro ko makpɔ nya siwo fɔ ɖe te la gbɔ o. Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si sɔ nana amegbetɔƒomea be woatsɔ atee akpɔ la akpɔ nyawo gbɔ elabena ana emetsonuawo nava dze ƒã. Mawu ɖee fia be nenemae yele nyawo gbɔ kpɔ gee esime wògblɔ na nyɔnua be adzi vi. Esia awɔe be ameƒomea adze egɔme. Esia wɔe be míele agbe egbea!—Mose I, 3:16, 20.

Gake esia mefia be Mawu aɖe mɔ na amegbetɔwo kple gbɔgbɔmevi dzeaglã sia be woawɔ nusianu si dze wo ŋu o. Mawu meɖe asi le eƒe dziɖulanyenye ŋu o, eye megblẽ eƒe tameɖoɖo hã me o. (Psalmo 83:19) Ena esia me kɔ ƒã esime wògblɔ be mlɔeba la, woatsrɔ̃ amesi to aglãdzedzea vɛ la ahaɖe nu gbegblẽ siwo katã wòhe vɛ ɖa. (Mose I, 3:15) Eyata tso gɔmedzedzea me ke la, wodo gbɔdzɔekpɔkpɔ ƒe ŋugbe na amegbetɔƒomea.

Hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, mía dzila gbãtɔwo ɖe wo ɖokui kple vi siwo woava dzi la ɖa le Mawu ƒe dziɖuɖu te. Be Mawu naxe mɔ na woƒe nyametsotsoa me tsonu wɔnublanuiawo katã la, abia be wòazi eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖe wo dzi le nusianu me. Ðeko ema wɔwɔ asɔ kple mɔmaɖemaɖe ɖe ablɔɖe si wodi la ŋu.

Anɔ eme be ame ɖekaɖeka aɖewo adi be yewoanɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye te. Woate ŋu asrɔ̃ nusi Mawu di tso amesiame si le míaƒe ŋkeke sia me eye woanɔ agbe ɖe enu alesi woate ŋui. (Psalmo 143:10 ) Ke hã, zi alesi womekpɔ ameƒomea ƒe ablɔɖexɔxɔ tso Mawu si me ƒe nya la gbɔ o la, woado go kuxiwo kokoko.

Nusiwo do tso ɖokuisinɔnɔ tiatia me dze ƒã tso gɔmedzedzea me ke. Kain, vi gbãtɔ si wodzi le anyigba dzi, wu nɔvia Abel elabena “eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi, eye nɔvia tɔwo le dzɔdzɔe.” (Yohanes I, 3:12) Menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue ema nye o elabena Mawu xlɔ̃ nu Kain eye emegbe ehe to nɛ. (Mose I, 4:3-12) Kain tia ɖokuisinɔnɔ si ŋugbe Satana do; eye esia na ‘wòtso vɔ̃ɖitɔ la me.’ Ame bubuwo hã wɔ nenema ke.

Esi amegbetɔƒomea nɔ anyi ƒe 1,500 kple edzivɔ megbe la, “xexeame gblẽ le Mawu ƒe ŋku me, eye nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” (Mose I, 6:11) Eva hiã be woaɖe afɔ kpata atsɔ akpɔ anyigba ta tso gbegblẽ me. Mawu ɖe afɔ to xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔ hehe vɛ kple ƒome dzɔdzɔe aɖe si nɔ anyi—si nye Noa, srɔ̃a, viawo, kple wo srɔ̃wo, takpɔkpɔ me. (Mose I, 7:1) Woƒe dzidzimeviwoe mí katã míenye.

Tso ɣemaɣi ke le amegbetɔƒomea ƒe ŋutinya me la, Mawu fia mɔ amesiwo di vevie be yewoanya eƒe lɔlɔ̃nu. Etsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã ŋutsu nuteƒewɔlawo be woaŋlɔ yeƒe gbedasi ada ɖi na amesiame si adi be wòafia mɔ ye. Woŋlɔ gbedasi siawo ɖe Biblia me. (Timoteo II, 3:16) Eɖe mɔ lɔlɔ̃tɔe be amegbetɔ nuteƒewɔlawo nanɔ ƒomedodo me kpli ye, eye be woate ŋu ava zu ye xɔlɔ̃wo kura gɔ̃ hã. (Yesaya 41:8) Edo ŋusẽ wo hã be woado dzi le dodokpɔ sesẽ siwo me amegbetɔƒomea to me le ɖokuisinɔnɔ ƒe ƒe akpe geɖe siwo va yi la me. (Psalmo 46:2; Filipitɔwo 4:13) Aleke gbegbe míate ŋu ada akpe ɖe esiawo katã tae nye si!

“Woawɔ Wò Lɔlɔ̃nu”—Bliboe

Menye nusiwo Mawu wɔ vaseɖe afisia katã koe nye eƒe lɔlɔ̃nu na amegbetɔƒomea o. Kristotɔ apostolo Petro ŋlɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:13) Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia fia dziɖuɖu yeye aɖe si aɖu ameƒomea dzi kple amegbetɔƒome yeye aɖe si anɔ dziɖuɖu ma te.

Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔe eme kɔ kɔte bena: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o; . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Nyagblɔɖi sia gblɔe ɖi be Mawu atsrɔ̃ egbegbe nuɖoanyi dokponu siawo eye eƒe Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, axɔ ɖe wo teƒe. Nyanyui ka gbegbee nye si! Aʋawɔwɔ kple ɖokuitɔdidi nuwɔna siwo na be xexeame yɔ fũ kple vɔ̃ɖinyenye hegadi be yeagblẽ anyigba ake la nu ava yi gbeɖeka.

Ɣekaɣie nusiawo adzɔ? Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia be: “Ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” Le eŋuɖoɖo me la, Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:3, 14.

Amesiame nya be wole ɖaseɖiɖidɔ sia wɔm le xexea me godoo egbea. Ðewohĩ èkpɔe be wole ewɔm le afisi nèle. Nufialagã Charles S. Braden ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye These Also Believe me be: “Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe ɖaseɖiɖia kpe anyigba katã ɖo. . . . Subɔsubɔha aɖeke mele xexeame si tsɔ dzonɔameme kple kutrikuku geɖe dze agbagba be yeaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia wu Yehowa Ðasefowo o.” Ðasefowo tsɔ dzonɔameme le gbeƒã ɖem nyanyui sia le dukɔ siwo wu 230 me le gbegbɔgblɔ siwo ade 400 kloe me. Womewɔ dɔ sia si ŋu nya wogblɔ ɖi la wòde xexeame katã alea gbegbe kpɔ o. Enye kpeɖodzi gbogbo siwo fia be ɣeyiɣi si Fiaɖuƒe ma axɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo teƒe le gogom la dometɔ ɖeka.

Fiaɖuƒe si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒãe la kee nye esi wòfia mí le kpɔɖeŋugbedodoɖaa me be míado gbe ɖa abia, be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Ẽ, Fiaɖuƒe ma dzie Mawu ato ana be eƒe tameɖoɖo, eƒe lɔlɔ̃nu, na amegbetɔƒomea kple anyigba nava eme.

Nukae ema afia? Mina Nyaɖeɖefia 21:3, 4 naɖo eŋu: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Ekema woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba kple dziƒo—bliboe. * Ðe màdi be yeakpɔ gome le eme oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 26 Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la, ke taflatse te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le miaƒe nutoa me alo ŋlɔ lɛta ɖo ɖe adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 2 lia.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ðokuisinɔnɔ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ gbɔ he afɔku vɛ