Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nye Dɔmenyola Le Xexe Si Me Ŋutasesẽ Bɔ Ðo Me

Nye Dɔmenyola Le Xexe Si Me Ŋutasesẽ Bɔ Ðo Me

Nye Dɔmenyola Le Xexe Si Me Ŋutasesẽ Bɔ Ðo Me

“Dɔmenyonyo enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃.”—LODODOWO 19:22.

1. Nukatae wòate ŋu anye nu sesẽ be woanyo dɔme?

ÐE NÈBUA ɖokuiwò dɔmenyola? Ne nenemae la, ekema agbenɔnɔ le egbexexe sia me ate ŋu asesẽ na wò. Togbɔ be Biblia ɖee fia be “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” ƒe akpa aɖee dɔmenyonyo nye hã la, nukatae wòsesẽna alea be woanyo dɔme le dukɔ siwo wogblɔna be Kristotɔwoe wonye kura gɔ̃ hã me? (Galatiatɔwo 5:22) Abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, nya sia ŋuɖoɖo ƒe akpa aɖe dze le nya si apostolo Yohanes ŋlɔ me—be gbɔgbɔmeme ŋutasẽla, si nye Satana Abosam ye le xexe bliboa dzi ɖum. (Yohanes I, 5:19) Yesu Kristo yɔ Satana be “xexeamefia.” (Yohanes 14:30) Eyata xexe sia me tɔwo ƒe nuwɔna sɔna kple aglãdzela si le wo dzi ɖum, si ƒe nɔnɔmewo katã nye ŋutasẽnuwɔwɔ, la tɔ.—Efesotɔwo 2:2.

2. Nukawoe ate ŋu ana dɔmenyonyo ɖeɖefia nasesẽ na mí?

2 Amewo ƒe nuwɔwɔ ɖe mía ŋu ŋutasesẽtɔe ate ŋu agblẽ nu le míaƒe agbe ŋu. Ate ŋu adzɔ be aƒelika siwo melɔ̃a míaƒe nya o, havi siwo mekɔa mo ɖe ame o, eye kura gɔ̃ hã xɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo awɔ nu ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi ameŋumabumabutɔe la, mawɔ nu ɖe mía ŋu le dɔmenyonyo me o. Nuwɔwɔ kple amesiwo mebua ame ŋu o kple amesiwo bluna ɖe wo nɔewo ta alo gblɔa yakanyawo ɖe wo nɔewo ŋu la ana míatɔtɔ zi geɖe. Amewo ƒe nuwɔwɔ dɔmemanyomanyotɔe ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be ele be míawo hã míasẽ tame, eye ɖewohĩ míadi be míasẽ ŋuta le amesiwo mewɔ nu ɖe mía ŋu dɔmenyotɔe o ŋu. Ðewohĩ nusia ate ŋu ana míadze dɔ le gbɔgbɔ alo ŋutilã me kura gɔ̃ hã.—Romatɔwo 12:17.

3. Kuxi sesẽ kawoe amewo doa goe si doa didi si le wo me be yewoanyo dɔme la kpɔna?

3 Nuteɖeamedzi le xexeame ƒe nɔnɔmewo ta hã ate ŋu ana dɔmenyonyo ɖeɖefia nasesẽ. Le kpɔɖeŋu me, nu tena ɖe ame akpa gãtɔ dzi le nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzidoname kple dɔlékuiʋawɔnu alo nukliaʋawɔnu siwo dukɔ geɖewo ate ŋu azã ta. Hekpe ɖe eŋu la, ame miliɔn geɖe nye hiãtɔwo, eye nuɖuɖu, dɔƒe, nudodo, kple atike sue si asu woa ŋutɔwo ɖeɖe nu koe le wo si. Eyata dɔmenyonyo va zua nu sesẽ ne edze abe nɔnɔmea mele nyonyom na mía ŋutɔwo o ene.—Nyagblɔla 7:7.

4. Aleke ame aɖewo aƒo nya ta madzemadzee ne wole ŋugble dem tso dɔmenyonyo na amewo ŋu?

4 Ame aɖe ate ŋu aƒo nya ta bɔbɔe be dɔmenyowɔwɔ mehiã ŋutɔŋutɔ o eye be ɖewohĩ anye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi. Awɔ nɛ be womewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o, vevietɔ ne amewo wɔ nu ɖe eŋu ameŋumabumabutɔe. (Psalmo 73:2-9) Gake Biblia na mɔfiafia si sɔ la mí esi wògblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Dɔmefafa kple dɔmenyonyo nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa eve siwo do ƒome kplikplikpli kple wo nɔewo eye wo ŋudɔwɔwɔ ɖea vi le akɔkpekpe kple nɔnɔme sesẽ siwo nyea kuxi na mí me.

5. Agbenɔnɔ ƒe akpa kawo mee wòhiã be míanyo dɔme le?

5 Esi Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ɖeɖefia le vevie alea gbegbe na mí Kristotɔwo ta la, anyo be míadzro alesi míate ŋu aɖe nɔnɔme sia ƒe akpa ɖeka—si nye dɔmenyonyo—afiae me. Ðe wòle bɔbɔe be woanye dɔmenyola le xexe si me ŋutasesẽ bɔ ɖo mea? Ne ele bɔbɔe la, ekema go kawo mee míate ŋu aɖee afia le be míeɖea mɔ Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi xea mɔ na mí be míaganyo dɔme o, vevietɔ le nɔnɔme sesẽwo me? Mina míadzro alesi míanyo dɔme le ƒomea me, le dɔwɔƒe, le suku, le míaƒe aƒelikawo dome, le míaƒe subɔsubɔdɔa me, kple le haxɔsetɔwo dome me.

Dɔmenyonyo le Ƒomea Me

6. Nukatae dɔmenyonyo hiã vevie alea gbegbe le ƒomea me ɖo, eye aleke woate ŋu aɖee afiae?

6 Gbɔgbɔa ƒe ku tsetse le vevie, eye ehiã be míanɔ eɖem fia bliboe ɣesiaɣi ne míedi be Yehowa nayra mí ahafia mɔ mí. (Efesotɔwo 4:32) Mina míadzro alesi wòhiã be ƒomea me tɔwo nanyo dɔme na wo nɔewoe me. Ele be srɔ̃tɔwo nanyo dɔme ahatsɔ ɖe le eme na wo nɔewo kple wo viwo gbesiagbe. (Efesotɔwo 5:28-33; 6:1, 2) Ele be dɔmenyonyo sia nadze le alesi ƒomea me tɔwo ƒoa nu na wo nɔewo, alesi ɖeviwo dea asixɔxɔ kple bubu wo dzilawo ŋu, kpakple alesi dzilawo wɔa nu ɖe wo viwo ŋu nyuie me. Anyo be nàkafu ame edziedzi, ke menye be nàbu fɔ ame kabakaba o.

7, 8. (a) Nɔnɔme kawoe wòle be míatsri ne míedi be míaɖe dɔmenyonyo vavãtɔ afia le ƒomea me? (b) Aleke dzeɖoɖo nyui naa ƒomekadodowo sẽa ŋui? (d) Aleke nàte ŋu aɖe dɔmenyonyo afia le wò ƒomea mee?

7 Dɔmenyonyo na míaƒe ƒometɔwo bia be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi, be: “Miɖe nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso miaƒe nu me.” Ele be Kristotɔwo ƒe ƒomewo naɖo dze kple wo nɔewo gbesiagbe le bubumɔ nu. Nukatae? Elabena dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nye nu vevi aɖe si naa ƒomewo sẽa ŋu helia ke. Ne masɔmasɔwo do mo ɖa la, be miana nyaa me nabɔbɔ la, midze agbagba be miakpɔ kuxia gbɔ tsɔ wu be miadi be miawɔ nu amewo nakpɔ be miaƒe nya dzɔ. Ƒomewo kpɔa dzidzɔ ne wodzea agbagba vevie nyoa dɔme hebua wo nɔewo ŋu.—Kolosetɔwo 3:8, 12-14.

8 Susu nyui ye nɔa mía si míenyoa dɔme, eye eʋãa mí be míawɔ nyui na amewo. Eyata míedina be míawɔ nusi aɖe vi na ƒomea me tɔ bubuwo, abu wo ŋu, ahakpe ɖe wo ŋu le mɔ si ado dzidzɔ na wo nu. Ehiã ame ɖekaɖekawo ƒe agbagbadzedze kple nuwɔwɔ aduadu be woaɖe dɔmenyonyo si akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ƒomea dzi la afia. Ne wowɔe alea la, menye ɖeko Mawu ayra wo ko o, ke boŋ woade bubu dɔmenyonyo ƒe Mawu, Yehowa, ŋu le hamea me kple le nutoa me siaa.—Petro I, 2:12.

Dɔmenyonyo le Dɔwɔƒe

9, 10. Ƒo nu tso kuxi aɖewo siwo ate ŋu ado mo ɖa le dɔwɔƒe ŋu, eye ɖe alesi woate ŋu akpɔ wo gbɔe le dɔmenyo me la me.

9 Kristotɔ ƒe gbesiagbe dɔwɔɖui ate ŋu anye kuxi na eƒe dɔmenyonyo ɖeɖefia dɔwɔhatiwo. Dɔwɔlawo dome ŋuʋaʋã ate ŋu ana dɔwɔhati aɖe nadi be yeato ayemenuwɔna fitifiti aɖewo dzi agblẽ ame aɖe ŋu le woƒe dɔtɔ gbɔ ale be eƒe dɔ nagblẽ. (Nyagblɔla 4:4) Mele bɔbɔe be woaɖe dɔmenyonyo afia le nɔnɔme mawo me o. Ke hã, esi wòle susu me na Yehowa subɔla be nuwɔwɔ dɔmenyotɔe ye nye nu nyuitɔ ɣesiaɣi ta la, ele be wòadze agbagba alesi wòate ŋui ana amesiwo gbɔ nɔnɔ sesẽ gɔ̃ hã nava zu dɔmenyolawo. Ðetsɔleme si míaɖe afia amewo akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me. Ðewohĩ àte ŋu aɖe ɖetsɔleme afia ne dɔwɔhatia alo eƒe ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ. Ame aɖe ƒe ƒometɔwo ƒe lãmesẽ ta biabia ɖeɖe kura gɔ̃ hã ate ŋu awɔ dɔ nyui ɖe edzi. Ẽ, ele be Kristotɔwo nadi be, le yewo gome la, ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nanɔ yewo kple amewo dome. Ɣeaɖewoɣi la, nya aɖe si míagblɔ dɔmenyotɔe si fia be míetsɔ ɖe le eme na amea akpe ɖe mía ŋu le esia wɔwɔ me.

10 Le go bubuwo me la, dɔtɔ aɖe ate ŋu azi eƒe dɔwɔlawo dzi be woalɔ̃ ɖe yeƒe nukpɔsusu dzi eye ɖewohĩ adi be amesiame nakpɔ gome le dulɔlɔ̃ wɔna alo azãɖuɖu aɖe si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me. Ne Kristotɔ aɖe ƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòakpɔ gome le eme o la, esia ate ŋu ana masɔmasɔ naɖo woa kple eƒe dɔtɔa dome. Manye nusi me nunya le be míaɖe alesi wòanye nu gbegblẽ be míawɔ ɖe dɔtɔa ƒe didia dzi la me nɛ tsitotsito ɣemaɣi o. Le amesiwo mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo o gome la, nusi wɔm wole la adze nu nyui na wo. (Petro I, 2:21-23) Ðewohĩ àte ŋu aɖe susu siwo ta wò ŋutɔ màte ŋu akpɔ gome le eme o la me dɔmenyotɔe. Mègada gbe ɖe ame gbɔ ne woda gbe ɖe gbɔwò o. Anyo be Kristotɔwo nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui si le Romatɔwo 12:18 dzi, be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”

Dɔmenyonyo le Suku

11. Kuxi kae sɔhɛwo doa goe le dɔmenyonyo ɖeɖefia woƒe sukuhatiwo me?

11 Ate ŋu anye nu sesẽ aɖe ŋutɔ na sɔhɛwo be woaɖe dɔmenyonyo afia wo hati sukuviwo. Zi geɖe la, sɔhɛwo dina be yewoƒe sukuxɔmehatiwo nalɔ̃ yewo ƒe nya gbɔ. Sɔhɛ ŋutsuvi aɖewo wɔa nu be yewoaɖe yewoƒe ŋutsunyenye afia ale be sukuvi bubuwo nade bubu yewo ŋu, eye wowɔa anyrã kura gɔ̃ hã le sukuvi bubuwo ŋu. (Mateo 20:25) Sɔhɛ bubuwo dina be yewoaɖe yewoƒe ŋutete afia le suku, le kamedefefewo me, alo le dɔwɔna bubuwo me. Le wo ɖokui dodoɖedzi alea me zi geɖe la, wowɔa nu ɖe sukuvi bubuwo ŋu dɔmemanyomanyotɔe, hesusuna vodadatɔe be ŋutete siawo siwo le yewo si la na yewoxɔ asi wu ame bubuwo. Ele be Kristotɔ sɔhɛ nakpɔ nyuie be wòagasrɔ̃ amesiawo o. (Mateo 20:26, 27) Apostolo Paulo gblɔ be “lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona” eye be lɔlɔ̃ la “meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o.” Eyata mele be Kristotɔ nasrɔ̃ amesiwo wɔa nu ŋutasesẽtɔe la ƒe kpɔɖeŋu o, ke boŋ ele be wòawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo dzi le nuwɔwɔ kple eƒe sukuhatiwo me.—Korintotɔwo I, 13:4.

12. (a) Nukae ate ŋu ado kplamatse sɔhɛwo le dɔmenyonyo na woƒe nufialawo me? (b) Ameka gbɔe sɔhɛwo ate ŋu adi kpekpeɖeŋu le ne woƒoe ɖe wo nu be woasẽ ŋuta?

12 Ele be sɔhɛwo nawɔ nu ɖe woƒe nufialawo hã ŋu le dɔmenyonyo me. Edzɔa dzi na sukuvi geɖe be yewoado dziku na yewoƒe nufialawo. Wosusuna be ne yewomede bubu yewoƒe nufialawo ŋu o to nusiwo ŋu sukua ƒe sewo tsi tre ɖo wɔwɔ me dzi ye yewodzena ame nyanuwo. Woate ŋu aƒoe ɖe ame bubuwo nu be woawɔ ɖeka kple yewo le nusiawo wɔwɔ me. Ne Kristotɔ sɔhɛ aɖe gbe la, woate ŋu aɖu fewu le eŋu alo awɔ ŋlɔmi le eŋu le mɔ aɖe nu. Nɔnɔme siawo me toto le sukudeɣi ate ŋu anye dodokpɔ na Kristotɔ si ɖoe kplikpaa be yeanyo dɔme. Ke hã, nenɔ susu me na wò be ele vevie ŋutɔ be nànye Yehowa subɔla wɔnuteƒe. Ka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi le agbe me ɣeyiɣi sesẽ siawo me.—Psalmo 37:28.

Dɔmenyonyo na Aƒelikawo

13-15. Nukae ate ŋu axe mɔ na ame be wòaganyo dɔme na eƒe aƒelikawo o, eye aleke woate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔe?

13 Eɖanye wò ŋutɔ wò aƒeme, xɔhaya me, alo teƒe bubu aɖee nèle o, àte ŋu abu tame le mɔ siwo nu nàɖe dɔmenyonyo afia ahatsɔ ɖe le eme na wò aƒelikawo ŋu. Esia hã mele bɔbɔe o.

14 Ke ne amesiwo mia kpli wo miele aƒeme bua nazã ɖe ŋuwò le ameƒomevinyenye, dukɔ si me nètso, alo subɔsubɔha si me nèle ta ya ɖe? Ke ne wosẽa tame ɣeaɖewoɣi alo womebua wò ɖe ɖeke me o ya ɖe? Esi nènye Yehowa subɔla ta la, dɔmenyonyo na wo alesi nàte ŋui aɖe vi. Àto vovo kura, eye ànye kafukafu na Yehowa—amesi nye kpɔɖeŋu le dɔmenyonyo me—vavã. Mènya ɣekaɣie wò aƒelikaa ƒe nɔnɔme atrɔ le dɔme si nènyo nɛ ta o. Ðewohĩ ate ŋu ava zu Yehowa kafula kura gɔ̃ hã.—Petro I, 2:12.

15 Aleke míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia aƒelikawoe? Mɔ ɖekae nye to ƒomea me tɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ si me wotsea gbɔgbɔa ƒe ku le dzi. Aƒelikawo ate ŋu ade dzesi esia. Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu awɔ nu nyui aɖe na wò aƒelika aɖe. Ðo ŋku edzi be dɔmenyonyo fia be woatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nyonyo me vevie.—Petro I, 3:8-12.

Dɔmenyonyo le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me

16, 17. (a) Nukatae dɔmenyonyo le vevie le míaƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa me? (b) Aleke míate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia le ɖaseɖiɖimɔnu vovovowo ŋudɔwɔwɔ me?

16 Ele be dɔmenyonyo nadze le míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me to alesi míadze agbagba vevie be míayi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me, le woƒe dɔwɔƒewo, kple le ablɔwo dzi me. Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa, amesi nyoa dɔme ɣesiaɣi, teƒee míele.—Mose II, 34:6.

17 Agbagbadzedze kawoe wò dɔmenyonyo ɖeɖefia le subɔsubɔdɔa me bia? Le kpɔɖeŋu me, ne èle ablɔdziɖaseɖiɖidɔ wɔm la, àte ŋu aɖe dɔmenyonyo afia amesiwo nèle dze ɖom kplii ne èna wò nyawo le kpuie eye wofia be èbua wo ŋu. Zi geɖe la, amewo sɔa gbɔ le mɔ gãwo ƒe afɔtoƒewo dzi, eyata nɔ ŋudzɔ be nàgaxe mɔ na amesiwo anɔ teƒe mawo tom o. Nenema kee ne èle ɖase ɖim le anyigbamama siwo me dɔwɔƒewo bɔ ɖo me la, nyo dɔme na amewo to nyawo gbɔgblɔ kpuie ko me, eye nenɔ susu me na wò be ele be fiasetɔwo nakpɔ woƒe asisiwo gbɔ.

18. Akpa kae nugɔmesese wɔna le dɔmenyonyo ɖeɖefia le míaƒe subɔsubɔdɔa me me?

18 Ðɔ ŋu ɖo le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me. Mèganɔ aƒe aɖe me wòadidi akpa o vevietɔ ne yame ƒe nɔnɔmewo menyo o. Ðe nàte ŋu anya ɣeyiɣi si me wò aƒe aɖe me nɔnɔ ana aƒemenɔlaa mavo le eɖokui me o alo kura gɔ̃ hã ana wòado dzikua? Ðewohĩ le xexeame ƒe akpa si nèle la, Yehowa Ðasefowo yia amewo gbɔ edziedzi. Ne nenemae la, ekema ɖe ameŋububu fia etɔxɛ, eye nànyo dɔme ahana wò nu nanyo ame ŋu ɣesiaɣi. (Lododowo 17:14) Dze agbagba nàna aƒemenɔlaa nase le eɖokui me be èse nusitae yemelɔ̃ be yeaɖo to gbemagbe o gɔme. Ðo ŋku edzi be anɔ eme be mía nɔvi Kristotɔ aɖewo ayi aƒe ma me le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Ne èdo go ame aɖe si mekɔ mo ɖe wò o hã la, dze agbagba etɔxɛ nàɖe dɔmenyonyo afia. Mègana wò gbe nade dzi alo ayɔ mo o, ke boŋ ƒo nu tufafatɔe. Kristotɔ dɔmenyola medina be yeaʋli nya kple aƒemenɔla o. (Mateo 10:11-14) Ðewohĩ gbeɖeka la, ame ma aɖo to nyanyuia.

Dɔmenyonyo le Hamea ƒe Kpekpewo Me

19, 20. Nukatae dɔmenyonyo hiã le hamea me, eye aleke míate ŋu aɖee afiae?

19 Ele vevie be míanyo dɔme na haxɔsetɔwo hã. (Hebritɔwo 13:1) Esi míenye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo ta la, dɔmenyonyo hiã vevie le nuwɔwɔ kple mía nɔewo me.

20 Ne hame eve, etɔ̃, alo esi wu emae le Fiaɖuƒe Akpata ɖeka zãm la, ele vevie be nàwɔ nu dɔmenyotɔe kple amesiwo le hame bubuwo me, ahade bubu wo ŋu le nuwɔwɔ kpli wo me. Hoʋiʋli menaa wowɔa nu aduadu le ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpewo ƒe ɣeyiɣi kple nuhiahiã bubuwo abe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo alo eɖɔɖɔɖo ene ŋu me o. Nyo dɔme eye nàbu ame ŋu togbɔ be nukpɔsusuwo ato vovo na wo nɔewo hã. Ne èwɔe alea la, àkpɔ dzidzedze le dɔmenyonyo ɖeɖefia me, eye Yehowa ayra wò ɖetsɔtsɔ le ame bubuwo ƒe nyonyo me vavã.

Yi Edzi Nàɖe Dɔmenyonyo Afia

21, 22. Le ɖekawɔwɔ me kple Kolosetɔwo 3:12 la, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

21 Dɔmenyonyo lɔ nɔnɔme gbogbo aɖewo ŋutɔ ɖe eme ale gbegbe be ekpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi. Eyata ele be míana wòanye míaƒe Kristotɔwo ƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe. Ele be dɔmenyonyo na amewo nazu numame na mí.

22 Mina mí katã míanyo dɔme na amewo gbesiagbe eye míato esia dzi awɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nyawo dzi be: “Esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae nana wòsesẽna be Kristotɔ naɖe dɔmenyonyo afia?

• Nukatae wòle vevie be woanyo dɔme le ƒomea me?

• Kuxi siwo doa kplamatse míaƒe dɔmenyonyo ɖeɖefia le suku, le dɔwɔƒe, kple le míaƒe aƒelikawo dome, dometɔ aɖewo ɖe?

• Ðe alesi Kristotɔwo ate ŋu aɖe dɔmenyonyo afia le dutoƒosubɔsubɔdɔa me la me.

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Dɔmenyonyo si ƒomea me tɔwo katã aɖe afia ana woawɔ ɖeka ahawɔ nu aduadu

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Àte ŋu aɖe dɔmenyonyo afia ne wò dɔwɔhati alo eƒe ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Yehowa kpena ɖe amesiwo nyoa dɔme togbɔ be woɖua fewu le wo ŋu hã la ŋuti

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kpekpe ɖe aƒelika aɖe si hiã tu ŋu nye dɔmenyonyo ɖeɖefia