Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Rebeka Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu

Rebeka Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu

Rebeka​—Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu

TSƆE be wò ŋutɔe atia srɔ̃nyɔnu na viwòŋutsu. Srɔ̃nyɔnu ka ƒomevie nàtia? Nɔnɔme kawoe nàdi be wòanɔ nyɔnua si? Ðe nàdi amesi dze tugbe, nyaa nu, nyoa dɔme, hedoa vevie nu le dɔwɔwɔ mea? Alo nu bubu aɖe ŋue nàlé ŋku ɖo gbãa?

Abraham do go kuxi sia. Yehowa do ŋugbe be woayra eƒe dzidzimeviwo to via Isak dzi. Le afisi míedze ŋutinya sia gɔme tsoe la, Abraham tsi, gake viaŋutsua mekpɔ ɖe srɔ̃ haɖe o. (Mose I, 12:1-3, 7; 17:19; 22:17, 18; 24:1) Esi wònye Isak kple srɔ̃ si woakpɔ nɛ wòaɖe kpakple vi siwo woadzi ye axɔ yayraawo ta la, Abraham wɔ ɖoɖo si ana woakpɔ srɔ̃ si sɔ na Isak. Vevietɔ wu la, ele be wòanye Yehowa subɔla. Esi womakpɔ nyɔnu ma tɔgbe le Kanaan, afisi Abraham le o ta la, ele be woava dii le teƒe bubu aɖe. Nyɔnu si wova tia mlɔeba enye Rebeka. Aleke wowɔ ke ɖe eŋu? Mawuvɔ̃lae wònyea? Nukae míate ŋu asrɔ̃ le eƒe kpɔɖeŋua me dzodzro me?

Nyɔnu si Sɔ Didi

Anye Eliezer, Abraham ƒe subɔvi tsitsitɔe wòdɔ ɖe Mesopotamia si didi ale gbegbe, be wòadi srɔ̃nyɔnu na Isak tso Abraham ƒe ƒometɔ siwo hã nye Yehowa subɔlawo dome. Nyaa le vevie ale gbegbe be ena Eliezer ka atam be yemaɖe srɔ̃ na Isak tso Kanaantɔwo dome o. Edze ƒã be nya sia nɔ vevie ŋutɔ na Abraham.—Mose I, 24:2-10.

Esime Eliezer zɔ mɔ ɖo du si me Abraham ƒe ƒometɔwo le la, ekplɔ eƒe kposɔ ewoawo yi vudo aɖe to. Kpɔe ɖa le susu me ko! Fiẽ mee, eye Eliezer do gbe ɖa bena: “Mele tsitre ɖe vudoa to, eye ne dua me nyɔnuviwo va tsi du ge, eye ava me be, nyɔnuvi aɖe ava, amesi magblɔ na bena: Na tsim mano, eye wòaɖo ŋu nam be: Noe, eye mana wò kposɔwo hã nano la, ekema eyae nye nyɔnu, si nèɖo ɖi na wò dɔla Isak.”—Mose I, 24:11-14.

Abe alesi afima nyɔnuwo anya nyae ene la, kposɔ si tsikɔ wu la noa tsi ŋutɔ (ate ŋu ano tsi lita 100). Esia ta nyɔnu si ŋutɔ lɔ̃ faa be yeadu tsi na kposɔ ewo la anɔ klalo na dɔ sesẽ wɔwɔ. Ne ele dɔ sia wɔm ame bubuwo le kpɔkpɔm evɔ womena kpekpeɖeŋui o la, aɖe eƒe ŋusẽ, dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmenyonyo na amewo kple lãwo siaa afia kɔte.

Nukae va dzɔ? “Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, kpɔ ɖa, Abraham nɔvi Naxor srɔ̃ Milka vi, Betuel ƒe vinyɔnuvi Rebeka lé ze ɖe abɔta va tsi du ge. Eye nyɔnuvi la dze tugbe ŋutɔ, ɖetugbi . . . wònye, eye wòyi ɖe vudoa me ɖaku tsi ɖe eƒe ze la me, eye wògado go. Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, na tsi vi aɖem mano! Eye wògblɔ bena: Amegã, ànoe. Enumake wòdro ze la ɖi, eye wònae wòno.”—Mose I, 24:15-18.

Ðe Rebeka Sɔa?

Rebeka nye Abraham nɔviŋutsu ƒe tɔgbuiyɔvi, eye menye tugbe ɖeɖekoe wòdze o, ewɔ ame hã. Edoa vivi ɖe amedzro ŋu, ke hã, mebaa ha ame o. Esime Eliezer bia tsii la, elɔ̃ faa nae. Gake ema nye nusi woate ŋu akpɔ mɔ na, elabena enye amedzrowɔwɔ ɖeɖefia si bɔ ɣemaɣi. Ke dzesi evelia si wòbia ya ɖe?

Rebeka gblɔ be: “Amegã, ànoe.” Gake mese ɖe afima ko o. Rebeka yi edzi be: “Madui na wò kposɔwo hã, vaseɖe esime wòaɖi kɔ na wo.” Ena kpekpeɖeŋu wu alesi dze. ‘Enumake Rebeka kɔ tsia ɖe lãto la me, eye wògaƒu du yi vudoa me ɖadu tsi la, eye wòdu tsi na eƒe kposɔwo katã’ kple dzonɔameme. Nyɔnu zazɛ̃ wònye. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Ŋutsu la zi kpi le ekpɔm dũ.’—Mose I, 24:19-21.

Esime Eliezer kpɔe dze sii be ɖetugbi la nye Abraham ƒe ƒometɔ la, edze klo tsyɔ mo anyi heda akpe na Yehowa. Eliezer biae nenye be dzeƒe le fofoa ƒeme si woa kple eŋutimewo woadze fiẽ ma. Rebeka lɔ̃ be ẽ, eye wòsi du yi aƒeme ɖagblɔ amedzroawo ŋu nya.—Mose I, 24:22-28.

Esi Rebeka nɔviŋutsu Laban kple fofoa Betuel ɖo to se Eliezer ƒe nyawo vɔ megbe la, wokpɔe dze sii be Mawue le mɔ fiamee. Rebeka kokokoe wotia na Isak. Wogblɔ be: “Kplɔe yii, ne wòanye wò aƒetɔ vi la srɔ̃, abe alesi Yehowa gblɔe ene!” Alekee Rebeka se le eɖokui me? Esi wobiae nenye be ayi hã la, nya ɖeka koe wògblɔ le Hebrigbe me, tsɔ ɖo eŋu be: “Melɔ̃.” Womezi edzi be wòalɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖe sia dzi o. Abraham na eme kɔ be “ne nyɔnu la melɔ̃” be yeayi o la, ke menye Eliezer ye tu yeƒe atam la o. Gake Rebeka hã kpɔe be Mawu ƒe asi le nyaa me. Eyata enumake egblẽ eƒe ƒomea ɖi yi ɖaɖe ŋutsu si mekpɔ kpɔ o. Nyametsotso ma si wòwɔ dzinɔameƒotɔe nye xɔse ɖeɖefia si le etɔxɛ. Eya tututue nye tiatia nyuitɔ vavã!—Mose I, 24:29-59.

Rebeka tsyɔ nu ŋku me esime wòdo go Isak tsɔ ɖe ɖokuibɔbɔ fia. Isak ɖee wòzu srɔ̃a, eye ɖikeke mele eme o be le eƒe nɔnɔme nyuiwo ta, Isak lɔ̃e vevie.—Mose I, 24:62-67.

Venɔviwo

Rebeka tsi ko anɔ ƒe 19 sɔŋ. Mlɔeba la, efɔ fu, wonye venɔviwo, gake fua ɖe fu nɛ, elabena ɖeviawo nɔ ŋu ɖom wo nɔewo le eƒe dɔ me, si na Rebeka ƒo koko na Mawu. Míawo hã míate ŋu awɔ nu nenema ke ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me le agbe me. Yehowa se Rebeka ƒe gbedodoɖa eye wòfa akɔ nɛ. Dukɔ evee nye eƒe dɔmeviwo, eye “tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔa.”—Mose I, 25:20-26.

Manye nya mawo ɖeɖeko tae Rebeka lɔ̃ via ɖevitɔ Yakob vevie ɖo o. Ðeviawo to vovo tso wo nɔewo gbɔ hã. Yakob nye “ame fafa” gake Esau ya metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me kura o, si na wòdzra eƒe ŋgɔgbevinyenye, gome si le esi be wòanyi Mawu ƒe ŋugbedodowo dome, la na Yakob ɖe nuɖuɖu agba ɖeka ko ta. Xiti-nyɔnu eve siwo Esau ɖe la fia bubu mademade gbɔgbɔmenuwo ŋu—efia vlododo gɔ̃ hãsi na wòzu nuxaxa geɖe na edzilawo.—Mose I, 25:27-34; 26:34, 35.

Ena Yakob Xɔ Yayraa

Biblia megblɔe nenye be Isak nya be ele be Esau nasubɔ Yakob o. Ke hã, Rebeka kple Yakob siaa nya be eyae woayra. Rebeka ɖe afɔ aɖe enumake esi wòse be Isak di be yeayra Esau ne etsɔ adelã ɖo kplɔ̃ na fofoa vɔ megbe. Alesi wòwɔa nyametsotso hetsɔa dzo ɖe nu ŋui le eƒe ɖetugbi me la, nenemae wògakpɔtɔ le. ‘Egblɔ’ na Yakob be wòalé gbɔ̃vi eve vɛ na ye. Rebeka aɖa nuɖuɖu si dzɔa dzi na srɔ̃a. Ekema ele be Yakob nawɔ nu pɛpɛpɛ abe Esau ene ahaxɔ yayraa. Yakob melɔ̃ o. Fofoa anya godoo be ɖe wòle ye flum ahaƒo fi adee! Gake Rebeka zii ɖe edzi. Egblɔ nɛ be: “Vinye nye boŋ ŋue wò fiƒode la laɖi.” Eyata Rebeka ɖa nua, dzra Yakob ɖo abe Esau ene, eye wòdo mɔe be wòatsɔe ayi na ye srɔ̃.—Mose I, 27:1-17.

Womegblɔ nusitae Rebeka wɔ afɔɖeɖe sia tẽ o. Ame geɖe ƒo nu tsi tre ɖe nusi wòwɔ ŋu, gake Biblia metsi tre ɖe eŋu o eye emegbe esi Isak va kpɔe be Yakob ye xɔ yayra la, eya hã metsi tre ɖe eŋu o. Ðe Isak yrae ɖe edzi boŋ. (Mose I, 27:29; 28:3, 4) Rebeka nya nusi Yehowa gblɔ ɖi ku ɖe viaŋutsuviawo ŋu. Eyata ewɔ afɔɖeɖewo tsɔ kpɔ egbɔ be Yakob naxɔ yayra si wòdze na la. Eme kɔ ƒã be esia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.—Romatɔwo 9:6-13.

Woɖo Yakob Ðe Haran

Azɔ Rebeka gblẽ Esau ƒe nugbeɖoɖo me esi wòƒoe ɖe Yakob nu be wòasi adzo vaseɖe esime foa ƒe dziku nu fa. Rebeka gblɔ eƒe ɖoɖoa na Isak, gake eƒo asa na nuƒoƒo tso Esau ƒe dzikudodoa ŋu. Eƒo koko na srɔ̃a ŋuɖɔɖotɔe boŋ hegblɔ nusi ŋu wòtsi dzi ɖo, heɖe eme be ne womewɔ afɔɖeɖe sia o la, Yakob ava ɖe Kanaan-nyɔnu. Susu sia ɖeɖe dzaa sɔ gbɔ akpɔ ŋusẽ ɖe Isak dzi wòade se na Yakob be wòaƒo asa na srɔ̃ ma ƒomevi ɖeɖe ahaɖoe ɖe Rebeka ƒomeawo gbɔ be wòaɖaɖe nyɔnu mawuvɔ̃la. Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Rebeka gakpɔ Yakob ake tso esia dzi o, gake Rebeka ƒe nuwɔnaa he yayra gbagowo vɛ na Israel-dukɔ si ava dzɔ la.—Mose I, 27:43–28:2.

Nusi míenya tso Rebeka ŋu naa eƒe nu dzea mía ŋu. Edze tugbe, gake eƒe mawusosroɖae nye eƒe tugbedzedze ŋutɔŋutɔ. Nɔnɔme mae Abraham nɔ mɔ kpɔm na be wòanɔ ye toyɔvi si. Eƒe nɔnɔme nyui bubuwo ƒo esi Abraham nɔ mɔ kpɔm na ta gɔ̃ hã. Eƒe xɔse kple dzinɔameƒo le Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ me, eƒe veviedodonu, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmenyowɔwɔ nye nɔnɔme siwo wòanyo be nyɔnu Kristotɔwo katã nasrɔ̃. Esiawoe nye nɔnɔme siwo dim Yehowa ŋutɔ le le nyɔnu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui me vavã.