Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vomeɖaseɖiɖi na Eŋlisigbedola Siwo Le Mexico

Vomeɖaseɖiɖi na Eŋlisigbedola Siwo Le Mexico

Vomeɖaseɖiɖi na Eŋlisigbedola Siwo Le Mexico

ESIME apostolo Paulo nɔ eƒe mɔzɔhatiwo lalam le Atene la, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ ɖi vomeɖase. Biblia ka nya ta be: “[Eƒo] nu na . . . amesiwo doa goe le asi me gbesiagbe.” (Dɔwɔwɔwo 17:17) Esime Yesu tso Yudea yina Galilea la, eɖi vomeɖase na Samaria-nyɔnu aɖe le vudo aɖe to. (Yohanes 4:3-26) Ðe wò hã nèwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si ʋu na wò ŋudɔ ƒoa nu tsoa Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia ŋua?

Nɔnɔmewo sɔna koŋ hena vomeɖaseɖiɖi na Eŋlisigbedola siwo le Mexico. Tsaɖilawo ɖia tsa yia modzakaɖeƒewo, yunivɛsitivi yeyewo vana hedzona, eye amedzro siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me le Mexico la ɖia tsa yia modzakaɖebɔwo kple nuɖuɖudzraƒewo. Yehowa Ðasefo geɖe siwo se Eŋlisigbe la bi le dzeɖoɖo gɔme dzedze kple amesiawo me. Le nyateƒe me la, wodia mɔnukpɔkpɔwo ƒoa nu na amesiwo dze abe amedzrowoe wonye ene alo amesiwo doa Eŋlisigbe. Mina míakpɔ alesi wowɔnɛ ɖa.

Zi geɖe la, amesiwo tso duta siwo le subɔsubɔm le anyigbamama siwo me Eŋlisigbedolawo le la doa gbe na amesiwo wobu amedzrowoe eye wobiaa wo afisi wotso va. Esia wɔnɛ be amedzroawo biaa Ðasefoa nusi wɔ ge wòva le Mexico eye esia naa mɔnukpɔkpɔe be wòaƒo nu tso Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu na wo. Le kpɔɖeŋu me, Gloria, si le subɔsubɔm le afisi hiahiã lolo le wu le anyigbamama siwo me Eŋlisigbedolawo le le Oaxaca kpɔe be ele bɔbɔe ŋutɔ be woadze dzeɖoɖo gɔme to mɔ sia nu. Gbeɖeka esi wòɖi vomeɖase le dugãa ƒe ablɔ me vɔ hetrɔ yina aƒeme la, srɔ̃tɔ aɖewo siwo tso England la te ɖe eŋu. Nyɔnua do ɣli gblɔ be: “Nyemebu be makpɔ ameyibɔnyɔnu wòanɔ zɔzɔm le Oaxaca blɔwo dzi o!” Le esi teƒe be Gloria nado dziku la, eko nu, eye wodze dzeɖoɖo gɔme le nusita wòva Mexico ŋu. Nyɔnua kpe Gloria be wòava no kɔfi le yeƒe aƒeme. Esi woɖo ɣeyiɣi si woado go vɔ la, Gloria tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo na nyɔnua gake egbe hegblɔ nɛ be yemexɔe se be Mawu li o. Gloria ɖo eŋu nɛ be edzɔa dzi na ye be yeaɖo dze kple mawudzimaxɔselawo eye be adzɔ dzi na ye be wòagblɔ nusi wòsusu le nyati si nye “Tadeaguƒewo—Ðe Míehiã Woa?” ŋu na ye. Nyɔnua lɔ̃, hegblɔ be: “Ne àte ŋu ana maxɔe se be Mawu li la, ekema dɔ gã aɖee wòanye nèwɔ.” Woɖo dze vivi gbogbo aɖewo esime wonɔ kɔfia nom. Emegbe srɔ̃tɔawo trɔ dzo yi England, gake woyi dzeɖoɖoa dzi to Internet dzi.

Gloria gaƒo nu kple Saron, sukuvi aɖe si tso Washington, D.C., si nɔ Oaxaca nɔ lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔm kple dua me vi dzidzi aɖewo ale be wòawu eƒe yunivɛsiti dzeside kɔkɔ nu. Gloria kafu Saron le eƒe agbagbadzedzewo ta, eye emegbe egblɔ nusitae wòva Mexico la nɛ. Esia na woɖo dze vivi aɖe tso Biblia kple nusi Mawu awɔ, menye na ame dahewo ɖeɖeko o, ke boŋ na amesiame, la ŋu. Saron gblɔ be ewɔ moyaa be esime yenɔ United States la, yemeɖo dze kple Ðasefowo kpɔ o, evɔ Yehowa Ðasefoe ame gbãtɔ siwo yedo goe le Mexico la dometɔ ɖeka nye! Saron lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye eye edze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme enumake.

Amedzro geɖe ʋu yi ƒutanuto siwo me modzakaɖeƒewo le le Mexico, elabena wole paradiso ƒomevi aɖe dim. Laurel zã mɔnukpɔkpɔ sia tsɔ dze dzeɖoɖo gɔme le Acapulco, hebiana ameawo ne Acapulco dze na wo abe paradiso ene wu afisi wonɔ tsã kple nusi dzɔ dzi na wo tso afima ŋu. Emegbe eɖea eme be madidi o, anyigba bliboa azu paradiso ŋutɔŋutɔ. Dze sia tɔgbe si wòɖo kple Canada-nyɔnu aɖe si wòdo goe le lãwo ƒe lãmesẽ dɔwɔƒe aɖe la na wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Ðe dzeɖoɖomɔnu sia tɔgbe aɖe vi le afisi nèlea?

‘Le Mɔwo Dzi Kple Ablɔwo Me’

Zi geɖe la, wodzea dzeɖoɖo gɔme le mɔwo dzi kple le ablɔwo me ne wobia ko be: “Èdoa Eŋlisigbea?” Mexicotɔ geɖe donɛ le dɔ si wowɔna ta alo le esi wonɔ United States kpɔ ta.

Atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo te ɖe nyɔnu tsitsi aɖe si dɔnɔdzikpɔla aɖe nɔ tutum le bunɔkeke me la ŋu. Wobia nyɔnua be edoa Eŋlisigbe hã. Eɖo eŋu be yedonɛ elabena yenɔ United States ƒe geɖe. Elɔ̃ xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ!, siwo mexlẽ kpɔ gbeɖe o, eye wògblɔ na wo be yeƒe ŋkɔe nye Consuelo, hena wo eƒe adrɛs. Esi woyi egbɔ le ŋkeke ene megbe la, wode dzesii be afisi wòle la nye ame tsitsiwo dzikpɔƒe aɖe si dzi Katolikotɔwo ƒe nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kpɔna. Menɔ bɔbɔe na wo gbã be woakpɔ Consuelo o elabena nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo nɔ susu vɔ̃ bum ɖe wo ŋu eye wogblɔ na wo be Consuelo mate ŋu axɔ wo o. Srɔ̃tɔawo ƒoe ɖe nyɔnuawo nu be woagblɔ na Consuelo be yewova eye yewodi be yewoado gbe nɛ. Consuelo na woge ɖe eme. Tso ɣemaɣi la, nyɔnu sia si xɔ ƒe 86 la kpɔa dzidzɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu edziedzi, togbɔ be nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo meƒoa nu nyui tsoa Ðasefowo ŋu o hã. Edea Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖewo hã.

Lododowo 1:20 gblɔ be: “Nunya le ɣli dom le kpɔdomee, eye wòkɔ eƒe gbe dzi le ablɔwo me.” Kpɔ alesi esia dzɔe le San Miguel de Allende ɖa. Gbeɖeka ŋdi kanya la, Ralph te ɖe ŋutsu aɖe si nɔ anyi ɖe bentsi aɖe dzi, ŋu. Ewɔ nuku na ŋutsua ŋutɔ esi wotsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nɛ eye wògblɔ eƒe ŋutinya na Ralph.

Enye asrafo aɖe si xɔ gbɔɖeme, amesi kpɔ gome le Vietnam-ʋa la wɔwɔ me, eye nuxaxa si wònye nɛ le ame gbogbo siwo wòkpɔ woku ta na nu gblẽ le eƒe susu ŋu vie. Woɖe asi le eŋu le aʋagbeadzi be wòava nɔ asrafowo ƒe asaɖa me. Esi wònɔ afima la, wode dɔ asi nɛ be wòanɔ tsi lem na asrafo siwo ku ale be woaɖo wo ɖe United States. Fifia le ƒe 30 megbe gɔ̃ hã la, ŋɔdzi lénɛ edziedzi eye wòvɔ̃na. Ŋdi ma esi wònɔ anyi ɖe ablɔa me la, enɔ gbe dom ɖa ɖe tame be woakpe ɖe ye ŋu.

Ŋutsu sia xɔ agbalẽawo helɔ̃ be yeava Fiaɖuƒe Akpata me. Esi wòde kpekpea megbe la, egblɔ be le gaƒoƒo eve siwo yenɔ Fiaɖuƒe Akpataa me la, yese ŋutifafa ƒe seselelãme aɖe le ye ɖokui me zi gbãtɔ, si yemese kpɔ o anye ƒe 30 enye ema. Ŋutsu sia nɔ San Miguel de Allende kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe nye ema, gake wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe kplii eye ede kpekpewo katã vaseɖe esime wòtrɔ yi wo de. Wowɔ ɖoɖo be ame aɖe nayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.

Vomeɖaseɖiɖi le Dɔwɔƒe Kple le Suku

Ðe nèɖea ɖokuiwò fiaa amewo le wò dɔwɔƒe be Yehowa Ðasefoe yenyea? Adrián, si nye dɔwɔla le dɔwɔƒe aɖe si hayaa xɔ na mɔkekeɖulawo le Cape San Lucas, wɔnɛ alea. Nusi do tso emee nye be eƒe dɔwɔhati Judy gblɔ be: “Ƒe etɔ̃ enye esi va yi la, ne ame aɖe agblɔ nam be mava zu Yehowa Ðasefo la, magblɔ nɛ be, ‘Le ƒe akpewo megbe hã, nyemazui akpɔ o!’ Gake meɖoe be maxlẽ Biblia. Mesusu be, ‘Esia manye nu sesẽ aɖeke o, elabena nuxexlẽ doa dzidzɔ nam.’ Ke hã, nyemexlẽ axa ade teti kura gɔ̃ hã hafi de dzesii be ehiã be ame aɖe nakpe ɖe ŋunye o. Amesi dzi ko nye susu yi lae nye nye dɔwɔhati Adrián. Medi be maɖo dze kplii elabena eya koe nye ame dzɔdzɔe le dɔwɔƒea.” Enumake Adrián gblɔ na Judy be ye kple yeƒe ŋugbetɔ Katie yewoava egbɔ ahaɖo eƒe biabiawo katã ŋu nɛ. Katie dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii, eye eteƒe medidi o, Judy va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ.

Ke vomeɖaseɖiɖi le suku ya ɖe? Ðasefo eve aɖewo siwo nɔ Spaingbe srɔ̃m le yunivɛsiti la meva suku ŋkeke aɖe o, elabena wode Kristotɔwo ƒe takpekpe aɖe. Esi wotrɔ gbɔ va sukua la, wobia tso wo si be woagblɔ nusi woyi ɖawɔ la le Spaingbe me. Wowɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ ɖi ɖase alesi woate ŋui le Spaingbe me. Woƒe nufiala, Silvia, kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu ŋutɔ. Elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye le Eŋlisigbe me eye fifia enye nyanyuigbeƒãɖela. Eƒe ƒomea me tɔ geɖe hã le nu srɔ̃m. Silvia gblɔ be: “Mekpɔ nusi dim menɔ le nye agbe me.” Nyateƒee, vomeɖaseɖiɖi ate ŋu atse ku nyuiwo.

Mɔnukpɔkpɔ Bubuwo Ŋudɔ Wɔwɔ

Amedzrowɔwɔ hã ate ŋu ana woaɖi ɖase. Jim kple Gail, siwo le subɔsubɔm le San Carlos, Sonora, de dzesi esia. Gbeɖeka nyɔnu aɖe si nɔ eƒe avu kplɔm nɔ tsa ɖimee ŋdi aɖe le ga 6:00 me la tɔ henɔ ŋku lém ɖe woƒe aƒeme ŋu le esi wònya kpɔ nɛ ta. Jim kple Gail kpee be wòava no kɔfi. Esia wɔe be nyɔnu sia si xɔ ƒe 60 la se nu tso Yehowa kple agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa ŋu zi gbãtɔ le eƒe agbe me. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.

Adrienne hã wɔa nu ɖe amedzrowo ŋu dɔmenyotɔe. Enɔ nu ɖum le nuɖuɖudzraƒe aɖe le Cancún esime ɖekakpui aɖe te ɖe eŋu hebiae be Canadae wòtso hã. Esi wòɖo eŋu be ẽ la, ŋutsuvia ɖe eme be ye kple ye nɔ yewonɔ agbagba dzem be yewoakpe ɖe ye nɔvinyɔnu ŋu wòaŋlɔ sukunyatakaka aɖe tso Canadatɔwo ŋu. Ale nɔa, si doa Eŋlisigbe la, te ɖe Adrienne ŋu. Esi Adrienne tsɔ dzigbɔɖi ɖo nya siwo katã wòbia tso Canadatɔwo ŋu vɔ la, egblɔ be: “Gake susu vevi aɖe tae metso Canada va afisia ɖo—eyae nye be makpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Biblia ŋu. Adzɔ dzi na wòa?” Nyɔnua ɖo eŋu be ẽ. Ƒe ewoe nye ema wòdo go le sɔleme si me wònɔ la me eye enɔ agbagba dzem be yeasrɔ̃ Biblia le ye ɖokui si. Ena eƒe telefon xexlẽdzesi kple adrɛs Adrienne, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ si le afɔ tsɔm nyuie fifia gɔme.

‘Na Wò Abolo Nato Tɔ dzi Ayii’

Zi geɖe la, nuƒoƒo tso Biblia me nyateƒea ŋu ɣesiaɣi naa míeɖia ɖase na amesiwo mɔnukpɔkpɔ ʋɛ aɖe koe su wo si be woase Fiaɖuƒegbedasia, alo siwo mesee kpɔ kura o gɔ̃ hã. Le kɔfidzraƒe aɖe si amewo lɔ̃a yiyi edziedzi le melidzeƒedu si nye Zihuatanejo la, Ðasefo aɖe kpe amedzro eve aɖewo be woava nɔ yeƒe kplɔ̃ ŋu elabena teƒe aɖeke megale kɔfidzraƒea si woanɔ anyi ɖo o. Srɔ̃tɔ siawo kua meli tso teƒe yi teƒe ƒe adre sɔŋ enye ema. Wogblɔ nɛ be Yehowa Ðasefowo ƒe nu medzɔa dzi na yewo o. Le gododo le kɔfinoƒea megbe la, Ðasefoa yi ɖasrã srɔ̃tɔ siawo kpɔ le woƒe melia me hekpe wo be woava yeƒe aƒeme. Wolɔ̃ xɔ magazine siwo wu 20 kple agbalẽ 5 eye wodo ŋugbe be yewoadi Ðasefowo le melidzeƒe si yewoagaɖo.

Jeff kple Deb kpɔ ƒome aɖe si si vi fẽ nyɔnuvi dzetugbe aɖe le le nuɖuɖudzraƒe aɖe le Cancún. Esi wokafu ɖevia vɔ la, edzilawo kpe wo be woava ɖu nuɖuɖu aɖe si woyɔna be pizza. Wova de dzesii be Indiae ƒomea tso. Womese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ o, eye womekpɔ míaƒe agbalẽ aɖeke hã kpɔ o. Woxɔ agbalẽ aɖewo le Ðasefoawo si hafi dzo le nudzraƒea.

Nu ma tɔgbe aɖe hã dzɔ le ƒukpo aɖe si gbɔ didi tso Yucatán-ƒuta la dzi. Chinatɔ srɔ̃tɔ yeye aɖewo bia Jeff be wòaɖe foto yewo, eye wòlɔ̃ ɖee wo dzidzɔtɔe. Emegbe le eƒe dzeɖoɖo kpli wo me la, eva de dzesii be togbɔ be wonɔ United States le ƒe 12 siwo va yi me hã la, womekpɔ Yehowa Ðasefowo alo se wo ŋkɔ kpɔ o! Esia na woɖo dze vivi aɖe. Jeff de dzi ƒo na wo be woadi Ðasefowo ne wotrɔ yi wo de.

Ðewohĩ nudzɔdzɔ tɔxɛ aɖe ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàɖi vomeɖase le afisi nèle. Esi United States dukplɔla ɖi tsa yi Mexico dukplɔlaa ƒe lãnyiƒe si te ɖe Guanajuato ŋu la, nyadzɔdzɔŋlɔlawo tso xexeame ƒe akpa geɖe va be yewoaŋlɔ nu tso nudzɔdzɔa ŋu. Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ɖoe be yewoawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ aɖe gbeƒã le Eŋlisigbe me. Amewo xɔ nyaa nyuie. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ nu tso aʋa geɖe, abe esiwo dzɔ le Kosovo kple Kuwait ene, ŋu. Enɔ eƒe dɔwɔhati aɖe si ame aɖe de xa ɖi da tui la gbɔ kpɔm esime dɔwɔhatia ku. Esi wòse nu tso tsitretsitsia ŋu la, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ wòda akpe na Mawu be ena yeva nya be tameɖoɖo aɖe le agbe ŋu. Egblɔ be togbɔ be yemagakpɔ srɔ̃tɔ Ðasefo siawo ake o hã la, nyanyui sia si yese tso Biblia me la anɔ yeƒe dzime ɖaa.

Abe alesi míekpɔe ene la, zi geɖe la, míate ŋu anya nusi ado tso ɖaseɖiɖimɔnu sia me mlɔeba o. Gake Fia nunyala Salomo gblɔ be: “Na wò abolo nato tɔ dzi yii, elabena àgakpɔe le ŋkeke geɖewo megbe.” Egagblɔ hã be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” (Nyagblɔla 11:1, 6) Nyateƒee, “na wò abolo nato” tɔ geɖewo dzi ayii eye “ƒã wò nukuwo” dɔmenyotɔe, abe alesi Paulo kple Yesu wɔe, eye egbeŋkekea me Ðasefo siwo ɖia ɖase na Eŋlisigbedola siwo le Mexico, hã le ewɔm ene.