Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Akpaɖekedzimademade Xe Mɔ Ðe Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Nua?

Ðe Akpaɖekedzimademade Xe Mɔ Ðe Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Nua?

Ðe Akpaɖekedzimademade Xe Mɔ Ðe Kristotɔwo ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Nua?

KRISTOTƆNYENYE bia nu geɖe wu Biblia xexlẽ, gbedodoɖa, kple kafukafuhawo dzidzi le Kwasiɖagbewo ko. Ebia nu ŋutɔŋutɔ wɔwɔ na Mawu kple na amewo. Biblia gblɔ be: “Migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.” (Yohanes I, 3:18) Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo tso dzi me, eye Kristotɔwo srɔ̃a eyama. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be ‘woagba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me.’ (Korintotɔwo I, 15:58) Gake nukae nye Aƒetɔ la ƒe dɔ? Ðe agbagbadzedze be woatrɔ dziɖuɖu ƒe ɖoɖowo be wòaɖe vi na ame dahewo kple amesiwo wote ɖe anyi hã le emea? Nu mae Yesu wɔa?

Togbɔ be woƒoe ɖe Yesu nu be wòahe dunya hã la, egbe nudede eme eye mede akpa aɖeke hã dzi o. Egbe Satana ƒe nunana si nye be yeatsɔ xexeame fiaɖuƒewo katã nɛ la xɔxɔ, melɔ̃ wohee de adzɔxexe ŋuti nyaʋiʋli me o, eye eɖe eɖokui ɖe aga esime ƒuƒoƒo aɖe di be yewoalée ɖo fiae. (Mateo 4:8-10; 22:17-21; Yohanes 6:15) Ke hã, eƒe akpaɖekedzimademade mewɔe be wògbe nusiwo aɖe vi na amewo wɔwɔ o.

Nusi ahe nyui mavɔ vɛ na amewo wɔwɔ ŋu koŋue Yesu biã ŋku ɖo. Esi eƒe nuɖuɖu nana ame akpe atɔ̃ kple dɔ dada na dɔnɔwo he gbɔdzɔe vɛ na ame ʋɛ aɖewo ko hena ɣeyiɣi kpui aɖe la, eƒe nufiafia ya ʋu yayra mavɔwo ƒe mɔ ɖi na ameƒomea katã. Womeda ŋkɔ ɖe Yesu dzi be enye kpekpeɖeŋunadɔwo wɔla o, ke boŋ woyɔe ko be “Nufiala la.” (Mateo 26:18; Marko 5:35; Yohanes 11:28) Egblɔ be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.”—Yohanes 18:37.

Gbeƒãɖeɖe Nane si Nyo Wu Dunyahehe

Menye dunyahenufiafiae nyateƒe si ŋu Yesu fia nu le la ku ɖo o. Ke boŋ, eku ɖe Fiaɖuƒe si ƒe Fia eya ŋutɔ ava nye la ŋu. (Luka 4:43) Dziƒodziɖuɖue Fiaɖuƒe sia nye, eye axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dukplɔɖoɖowo katã teƒe ahe ŋutifafa si nu mayi o vɛ na ameƒomea. (Yesaya 9:5, 6; 11:9; Daniel 2:44) Eyata Fiaɖuƒea nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavã ɖeka kolia. Ðe menye lɔlɔ̃ si de ŋgɔ wu ɖeɖe fiae wònye be woaɖe gbeƒã etsɔme mɔkpɔkpɔ like sia ŋu nya na amewo tsɔ wu be woade dzi ƒo na wo be woaɖo ŋu ɖe amewo ŋu be woahe etsɔme si me dedienɔnɔ anɔ vɛ oa? Biblia gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina. Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi.” (Psalmo 146:3-5) Eyata be Yesu nadɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa be woaɖe gbeƒã ɖoɖo nyuitɔ si nu dziɖuɖuwo awɔ nu ɖo teƒe la, efia wo be woaɖe gbeƒã ‘fiaɖuƒeŋutinya nyuia’ boŋ.—Mateo 10:6, 7; 24:14.

Ekema esiae nye ‘Aƒetɔ la ƒe dɔ’ si wode asi na Kristotɔwo be woawɔ. Le esi wobia tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea teviwo si be woalɔ̃ wo nɔewo ta la, Fiaɖuƒea ate ŋu aɖe hiãkame ɖa keŋkeŋ dzidzedzetɔe to ameƒomea ƒe nunɔamesiwo mama pɛpɛpɛ be wòasu amesiame nu me. (Psalmo 72:8, 12, 13) Esia nye nyanyui si wòle be woaɖe gbeƒãe vavã.

Egbea, Yehowa Ðasefowo le ‘Aƒetɔ la ƒe dɔ’ sia wɔm le anyigba 235 sɔŋ dzi. Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe sedede la, wodea bubu dziɖuɖuwo katã ŋu. (Mateo 22:21) Ke hã, wowɔa eƒe nya siwo wògblɔ na eyomedzelawo hã dzi be: “Mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame.”—Yohanes 15:19.

Amesiwo hea dunya tsã dometɔ aɖewo va dzudzɔ le Biblia sɔsrɔ̃ ŋuɖɔɖɔɖotɔe megbe. Italytɔ dunyahela aɖe si nɔ Katoliko Dɔwɔha aɖe, si nye habɔbɔ aɖe si le sɔlemehaa ƒe kpɔkplɔ te, me gblɔ be: “Meva zu dunyahela, hesena le ɖokuinye me be ele be ame nakpɔ gome le dunyahehe kple hadome ŋgɔyidɔwo dodo ɖe ŋgɔ me.” Esime wòva ɖe asi le eƒe dudzikpɔdɔ ŋu ne wòate ŋu aɖe gbeƒã tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu abe Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖeka ene la, eɖe susu si tae dunyahela ɖianukwarewo ƒe agbagbadzedzewo doa kpo nu la me. “Menye le esi agbenyuinɔlawo mete kpɔ be yewoaɖɔ hadomenɔnɔmewo ɖo o tae xexeame gakpɔtɔ le alea ɖo o, ke le esi ame vɔ̃ɖi geɖewo ƒe nuwɔnawo vu tsyɔ amesiwo si susu nyuiwo le ƒe agbagbadzedze ɖɔʋuwo dzi tae.”

Kristotɔ vavãwo ƒe dunyamahemahe kple susu be yewoaɖe gbeƒã tso ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ vavã ɖeka kolia ŋu mexe mɔ ɖe woƒe kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nana amewo nu o. Amesiwo ŋu wokpe ɖo wova zu Mawu ƒe Fiaɖuƒea te viwo trɔ woƒe nɔnɔme gblẽkuwo va zu amesiwo dea bubu ŋusẽ ŋu, woƒe ƒomegbenɔnɔ va nyo ɖe edzi, eye ŋutilãmekesinɔnuwo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ va le wo si. Vevietɔ wu la, Yehowa Ðasefowo kpena ɖe amewo ŋu be woava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu.

Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti gbeƒaɖelawo kpena ɖe amesiwo dome wole ŋu. Gawu la, wokpena ɖe amewo ŋu be woaɖo ŋu ɖe dziɖuɖu vavã aɖe si ahe ŋutifafa si nu mayi o vɛ na amesiwo katã lɔ̃a Mawu ŋu. Le Kristotɔ siawo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, wosu te be woana kpekpeɖeŋu adodoe si ɖea vi wu henɔa anyi didina la amewo egbea.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]

Meɖe Asi Le Dunyahehe Ŋu Heva Zu Mawu Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela

Esime Átila nye ŋutsuvi dzaa ko la, esrɔ̃ ablɔɖenana ƒe mawuŋunufiafia tso eƒe nutoa me nunɔla gbɔ le Belém, Brazil. Ameƒomea ƒe ablɔɖekpɔkpɔ tso ameteteɖeanyi me mlɔeba ŋutinya sese dzɔa dzi nɛ eye wòwɔ ɖeka kple nyataʋliha aɖe, afisi wòsrɔ̃ alesi woaƒo amewo nu ƒu hena gbɔlɔlɔ atsɔ atsi tre ɖe dziɖuɖu ƒe ɖoɖo madeamedziwo ŋui le.

Gake Átila kpɔa gome le nufiafia ɖevi siwo le ƒuƒoƒoa me hã me eye wòzãa Toɖoɖo Nufiala Gã La, * si nye agbalẽ aɖe si wonae la. Eƒo nu tso agbenyuinɔnɔ kple bubudede ŋusẽtɔwo ŋu ŋuti. Esia na Átila mesea nusi tae amesiwo léa ablɔɖenana ƒe mawuŋunufiafiaa me ɖe asi la mewɔna ɖe Yesu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi o kple nusitae ne amewo va zu ŋusẽtɔwo ko la, womegaɖoa ŋku amesiwo wote ɖe anyi la dzi o la gɔme o. Eɖe eɖokui ɖa le nyataʋlihaa me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo va egbɔ heƒo nu nɛ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Eteƒe medidi o eva nɔ Biblia la srɔ̃m henɔ nu srɔ̃m tso ameƒomea ƒe teteɖeanyi gbɔkpɔnu adodoea ŋu.

Le ɣeyiɣi mawo me la, Átila de Katoliko numedzrotakpekpe aɖe si ku ɖe xɔse kple dunyahehe ŋu. Nufialaa ɖe nu me be, “xɔse kple dunyahehe nye nu eve siwo ŋu taɖodzinu ɖeka le.” Átila de kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me hã. Vovototo gã kae nye si! Elabena atamanono, ahanono, alo hatsɛkaka nuwɔna aɖeke menɔ afima o. Etso nya me be yeawɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, eye eteƒe medidi o, exɔ nyɔnyrɔ. Fifia ete ŋu kpɔa nusitae ablɔɖenana ƒe mawuŋunufiafiaa menye ame dahewo ƒe kuxiwo gbɔkpɔnu vavãtɔ o la dzea sii.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Kristotɔ subɔlawo ƒe akpaɖekedzimademade mexe mɔ ɖe woƒe kpekpeɖeŋunana amewo nu o