Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Ƒe Nya Doa Ŋusẽ Wòa?

Ðe Mawu Ƒe Nya Doa Ŋusẽ Wòa?

Ðe Mawu Ƒe Nya Doa Ŋusẽ Wòa?

NE KUXIWO dze ŋgɔwò la, aleke nèkpɔa wo gbɔe? Le Yesu gome la, ŋkuɖoɖo mawunyakpukpui si sɔ kple nɔnɔmea dzi kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe Satana ƒe tetekpɔwo nu. (Mateo 4:1-11) Nenema kee esi Fia Dawid ɖo xaxawo me la, Mawu ƒe Nya do ŋusẽe. Egblɔ be: ‘Ne tamesusu ɖefunamewo xɔ nye dzi me la, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.’—Psalmo 94:19.

Nenema kee ŋkuɖoɖo mawunyakpukpui aɖe si doa dzidzɔ na mí dzi ate ŋu ado ŋusẽ mí ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me. Le kpɔɖeŋu me, Rex, si xɔ ƒe 89 fifia, nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla tso keke ƒe 1931 me ke. Ke hã, egblɔ be: “Ne wona dɔdasi tɔxɛ aɖem le subɔsubɔdɔa me la, mesena le ɖokuinye me zi geɖe be nyemedze o.” Aleke wòwɔ te ŋu nɔte ɖe seselelãme sia nu? “Meɖo ŋku nye mawunyakpukpui vevitɔ, si nye Lododowo 3:5 dzi, si gblɔ be: ‘Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.’ Ŋkuɖoɖo mawunyakpukpui sia dzi kple wɔwɔ ɖe emenyawo dzi kpe ɖe ŋunye be mewɔ nye dɔdasiwo dzidzedzetɔe.”

Eɖea vi na ɖeviwo gɔ̃ hã ne wolé mawunyakpukpui aɖe si doa dzidzɔ na wo ɖe susu me. Jack, si xɔ ƒe ade, gblɔ be yeƒe mawunyakpukpui si doa dzidzɔ na ye wue nye Mateo 24:14. Mawunyakpukpui sia doa ŋusẽe wòyina va wɔa gbeƒãɖeɖedɔa kple edzilawo. Egblɔ be: “Ðaseɖiɖidɔ wɔwɔ kple daanye, fofonye, kple nɔvinyenyɔnua le Memleɖagbewo dzɔa dzi nam.”

Ðe xɔse ƒe dodokpɔwo dzea ŋgɔwò tẽ ɣeaɖewoɣi abe alesi wònɔ le Yesu gome enea? Ekema Filipitɔwo 4:13 ate ŋu anye mawunyakpukpui siwo doa dzidzɔ nawò la dometɔ ɖeka. Abe alesi wònɔ le Fia Dawid gomee ene la, ɖe ‘tamesusu ɖefunamewo’ ɖea fu nawòa? Ekema ŋkuɖoɖo Filipitɔwo 4:6, 7 dzi ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe enu. Ðe nètsia dzi ɣeaɖewoɣi be yeƒe Mawu subɔsubɔ mele ɖeke me oa? Ekema ŋkuɖoɖo Korintotɔwo I, 15:58 dzi ado ŋusẽ wò.

To mawunyakpukpui siwo sɔ léle ɖe tame me la, míeɖea mɔ na Mawu ƒe Nya be wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi. (Hebritɔwo 4:12) Mawunyakpukpui vevi mawo ate ŋu ado ŋusẽ mí ahafa akɔ na mí.—Romatɔwo 15:4.