Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Subɔsubɔhakplɔlawo Nahe Dunya?

Ðe Wòle Be Subɔsubɔhakplɔlawo Nahe Dunya?

Ðe Wòle Be Subɔsubɔhakplɔlawo Nahe Dunya?

“CANADATƆWO ƒe bisiɔpgã aɖe gblɔ na amesiwo zɔ mɔ yi kɔkɔeƒe aɖe be, gomekpɔkpɔ le dunyahehe me ate ŋu aɖe vi na ame dahewo . . . Ne edze abe dunyahenuɖoanyia mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o ene gɔ̃ hã la, ‘ehiã be míakpɔ gome le dunyahehe me be míate ŋu awɔ nusi dze na ame dahewo.’”—Catholic News.

Alesi subɔsubɔhakplɔlawo dea gomekpɔkpɔ le dunyahehe me ƒe dzi ƒoe ŋuti nyatakakawo bɔ; eye subɔsubɔhakplɔla gbogbo aɖewo nye dziɖuɖumegãwo. Wo dometɔ aɖewo te kpɔ be yewoana dunyahehe naɖɔ ʋu wu. Wodea bubu wo dometɔ geɖe ŋu heɖoa ŋku wo dzi le alesi woƒe gbe de dzi le ameƒomevi vovovowo ƒe tasɔsɔ kple kluvinyenye ɖeɖeɖa keŋkeŋ me ta.

Ke hã, subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nudede dunyahehe me mekɔ lãme na hamevi geɖewo o. Christian Century me nyati aɖe si ku ɖe dunyahehe ƒe mawuŋununya ŋu gblɔ be: “Protestant sɔlemedelawoe tɔa gbe woƒe osofowo ƒe gomekpɔkpɔ le dunyahehe me ɣeaɖewoɣi.” Ame geɖe siwo doa vevie mawusubɔsubɔ bunɛ be sɔlemeha la le kɔkɔe akpa be wòaƒo eɖokui ɖe dunyahehe me.

Esia fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te, si ka amesiwo katã le mɔ kpɔm na xexe aɖe si nyo wu. Ðe Kristotɔ subɔsubɔhakplɔlawo ate ŋu ana dunyahehe naɖɔ ʋu wua? * Ðe dunyahehe nye mɔnu si dzi Mawu ato ahe dziɖuɖu si nyo wu kple xexeme si ɖɔʋu wu vɛa? Ðe woɖoe tso Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzedze be wòato dunyahehe ƒe mɔnu yeye aɖe vɛa?

Alesi Kristotɔwo Te Dunya Hehee

Ŋutinyaŋlɔla Henry Chadwick gblɔ le agbalẽ si nye The Early Church me be, wonya Kristo-hame gbãtɔa be “metsɔa ɖeke le ŋusẽ si asu wo si le xexe sia me me kura o.” Eye “medea dunyahehe ƒe masɔmasɔ amewo dome o, eye wònye ƒuƒoƒo si fatu.” A History of Christianity gblɔ be: “Kristotɔwo xɔe se vevie be mele be yewoƒe haxɔsetɔ aɖeke nanye dziɖuɖumegã o . . . Va ɖo keke ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me ke la, Hippolytus gblɔ be le Kristotɔwo ƒe kɔnyinyi nu la, ele na dukɔ me ʋɔnudrɔ̃la be wòaɖe asi le eƒe ɖoƒea ŋu hafi adze anye Sɔlemehaa me tɔ.” Gake vivivi la, ŋuklẽla ɖoƒegãdilawo va te ŋgɔxɔxɔ le hame geɖe me, heda ŋkɔ gãwo ɖe wo ɖokui dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Wo dometɔ aɖewo di be yewoanye subɔsubɔhakplɔlawo aganye dunyahelawo. Tɔtrɔ kpata aɖe va Roma-dziɖuɖua me si ʋu mɔnukpɔkpɔ si dim subɔsubɔhakplɔla siawo le la na wo.

Le ƒe 312 M.Ŋ. la, Roma Fiagã Konstantino, si nye trɔ̃subɔla, va te ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe yeaɖi Kristotɔnyenye ŋu. Nukutɔe la, sɔlemehaa ƒe bisiɔpwo lɔ̃ faa bla nu kple fiagã trɔ̃subɔla sia be wòana ɖoƒe wo le eƒe fiaɖuƒea me. Henry Chadwick ŋlɔ bena: “Sɔlemehaa va nɔ eɖokui ƒom ɖe dunyahehe me nyametsotso veviwo wɔwɔ me.” Ŋusẽ kae subɔsubɔhakplɔlawo ƒe gomekpɔkpɔ le dunyahehe me kpɔ ɖe wo dzi?

Alesi Dunyahehe Kpɔ Ŋusẽ Ðe Subɔsubɔhakplɔlawo Dzi

Augustine, si nye ƒe alafa atɔ̃lia me Katolikotɔ mawunyaŋununyala ameŋkuta aɖe, koŋue do nukpɔsusu si nye be Mawu azã subɔsubɔhakplɔlawo woanye dunyahelawo la ɖe ŋgɔ. Ekpɔ mɔ vevie be sɔlemehaa ava ɖu dukɔwo dzi ahe ŋutifafa vɛ na ameƒomea. Gake ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells ŋlɔ bena: “Nusiwo dzɔ le Europa tso ƒe alafa 5 lia me va ɖo ƒe alafa 15 lia me ƒe akpa gãtɔ nye mɔkpɔkpɔ sia, si nye dziɖuɖu si Mawu le megbe na la ƒe xexeame katã dziɖuɖu, ƒe kpododo nu.” Kristodukɔa mete ŋu he ŋutifafa va Europa ɖeɖe gɔ̃ hã kaka wòahayi xexeame katã nye ge o. Alesi amewo ka ɖe Kristotɔnyenye ƒe nuvãnyenye dzii la va bu. Nukae na wòdzɔ alea?

Ame geɖe siwo be Kristotɔwoe yewonye tsɔ taɖodzinu nyui ge ɖe dunyahehe me, ke hã, numadzɔmadzɔwɔwɔ me boŋue wova ƒo wo ɖokui ɖo. Martin Luther, amesi nye gbeƒãɖela kple Biblia-gɔmeɖela la, xɔ ŋkɔ le agbagba siwo wòdze be yeaɖɔ Katoliko-ha la ɖo me. Gake eƒe tsitretsitsi ɖe sɔlemehaa ƒe nufiafiawo ŋu dzinɔameƒotɔe na be eƒe nu va dze amesiwo si tsitretsitsi ɖe dziɖuɖu ŋu ƒe susu nɔ la ŋu. Ame geɖe megava kpɔ ŋudzedze ɖe Luther ŋu o le esi eya hã va te gomekpɔkpɔ le dunyahehe me ta. Le gɔmedzedzea me la, ede agbledela siwo dze aglã ɖe woƒe aƒetɔ anyigbatɔ siwo nɔ ŋuta sẽm le wo ŋu la dzi. Emegbe esime aglãdzedzea nu va sẽ la, Luther de dzi ƒo na woƒe aƒetɔawo be woatu nu kple aglãdzelaawo, ale wɔ wotsrɔ̃ ame akpe geɖe ŋutasesẽtɔe. Eyata mewɔ nuku o be, agbledelaawo bu Luther yomemɔfialae. Luther gade aƒetɔ anyigbatɔ siawo hã dzi le woƒe aglãdzedze ɖe Katoliko fiagã la ŋu me. Le nyateƒe me la, Protestanttɔwo, si nye alesi wova yɔa Luther yomedzelawoe, ɖo dunyaheha aɖe anyi tso woƒe aglãdzedzea ƒe gɔmedzedze ke. Aleke ŋusẽ si va su Luther si gblẽ nu le eŋui? Egblẽ nu le eŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be etsi tre ɖe nyaƒoƒo ɖe amesiwo ɖea ɖeklemi le mawusubɔsubɔ ŋu dzi zizi akpasesẽtɔe ŋu gbã hã la, emegbe ede dzi ƒo na eƒe dunyahehe me xɔlɔ̃wo be woawu amesiwo tsi tre ɖe tsidede ta na vidzĩwo ŋu la to dzotɔtɔ wo me.

John Calvin nye osɔfo le Geneva, gake eva xɔ ŋkɔ ale gbegbe le dunyahehe hã me mlɔeba. Esi Michael Servetus ɖee fia kɔte be Mawuɖekaetɔ̃ nufiafia mesɔ le Ŋɔŋlɔawo nu o la, Calvin zã eƒe dunyahehe me ŋusẽa tsɔ de megbe na Servetus wuwu, amesi wotɔ dzoe ɖe ati ŋu. Aleke gbegbe wòtra ɖa tso Yesu ƒe nufiafiawo gbɔe nye si!

Ðewohĩ amesiawo ŋlɔ nusi Biblia gblɔ le Yohanes I, 5:19, si gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me” la be. Ðee wodi le anukware me be yewoatrɔ asi le dunyahehe ŋu le yewoƒe ɣeyiɣia me wòanyo ɖe edzi loo alo ŋusẽ ƒe amesisusu kple xɔlɔ̃dzedze amesiwo le ɖoƒe kɔkɔwo ye dzro woa? Eɖanye kae o, ɖe wòle be woaɖo ŋku Yesu ƒe nusrɔ̃la Yakobo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la dzi hafi, egblɔ be: “Mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” (Yakobo 4:4) Yakobo nya be Yesu gblɔ na eyomedzelawo do ŋgɔ be: “Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.”—Yohanes 17:14.

Gake, togbɔ be ame geɖe nya be mele be Kristotɔwo nakpɔ gome le xexeame ƒe nuwɔna vɔ̃wo me o hã la, wo dometɔ geɖe meda asi ɖe akpa aɖeke dzi mademade kura le dunyahehe me, si nye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke manyemanye,’ dzi o. Wogblɔna be akpaɖekedzimademade sia xea mɔ ɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia bliboe nu. Woxɔe se be ele be subɔsubɔhakplɔlawo nade nu dunya me ahawɔ akpa aɖe le nufitifitiwɔwɔ kple madzɔmadzɔnyenye nu tsitsi me. Gake ɖe wònye nyateƒe be akpaɖekedzimademade si ŋu Yesu fia nu le la tsi tre ɖe ɖetsɔtsɔ le eme na amewo bliboe ŋua? Ðe Kristotɔ ate ŋu agbe dunyahehenuwɔna siwo dea mama amewo me eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòate ŋu ana kpekpeɖeŋu adodoe amewoa? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia siawo me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Woɖe dunyahehe gɔme be enye “nuwɔna siwo do ƒome kple dukɔ alo nuto aɖe dzi ɖuɖu, vevietɔ ekuna ɖe ame ɖekaɖekawo kple dunyaheha vovovo siwo le dzi ɖum alo esiwo di be yewoaxɔ dziɖuŋusẽ la dome nyahehewo alo nyaʋiʋliwo ŋu.”—The New Oxford Dictionary of English.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Subɔsubɔhakplɔlawo lɔ̃ faa bla nu kple dziɖulawo abe Fiagã Konstantino ene, esi wodi be yewoanye dziɖuɖumegãwo ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musée du Louvre, Paris

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nukatae subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔwo hea dunya?

Augustine

Luther

Calvin

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Augustine: ICCD Photo; Calvin: Portrait by Holbein, from the book The History of Protestantism (Vol. II)