Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Blemakamedefefewo Kple Dziɖuɖukpɔkpɔ ƒe Vevienyenye

Blemakamedefefewo Kple Dziɖuɖukpɔkpɔ ƒe Vevienyenye

Blemakamedefefewo Kple Dziɖuɖukpɔkpɔ ƒe Vevienyenye

“AMESIAME, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me.” “Ne ame aɖe le kame tem . . . la, womaɖɔ dziɖuɖukuku nɛ o, negbe ɖeko wòate kame le se la nu hafi.”—Korintotɔwo I, 9:25; Timoteo II, 2:5.

Kamedefefe siawo si ŋu apostolo Paulo nɔ nu ƒom tsoe wɔ akpa vevi aɖe le blema Helatɔwo ƒe ŋkuʋuʋu me. Nukae ŋutinya gblɔ na mí tso hoʋiʋli mawo kple alesi gbegbe wotsia dzi ɖe wo ŋui ŋuti?

Wowɔ Helatɔwo ƒe kamedefefewo ɖeɖefia wɔna aɖe, si wona ŋkɔe be Nike—Il gioco e la vittoria (“Nike—Kamedefefea Kple Dziɖuɖu”), nyitsɔ laa le Roma Fefewɔƒea. * Nu vovovo siwo woɖe fia ɖo nyabiase ma ŋu va ɖo afi aɖe eye wòfɔ nya vevi aɖe si ku ɖe alesi wòle be Kristotɔwo nabu kamedefefewoe ŋu ɖe te.

Blemawɔna Vevi Aɖee

Menye Helatɔwoe nye dukɔ gbãtɔ si ƒe ŋku ʋu ɖe kamedefefewo ŋu o. Togbɔ be ele alea hã la, le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Helatɔ ŋutinyakpala Homer gblɔ le wo ŋu be wonye dukɔ aɖe si me dzinɔameƒo kple hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖo, eye wodea asixɔxɔ kalẽwɔŋutete kple kamedeŋutete ŋu ale gbegbe. Wokɔ eme le ŋkuɖodzinuawo ɖefiaƒea be, Helatɔwo ƒe azã gbãtɔwo kekeake nye mawusubɔsubɔ wɔna siwo wotsɔ dea bubu mawuwo ŋu le kalẽwɔlawo ƒe kunuwɔƒewo. Le kpɔɖeŋu me, Homer ƒe Iliad, si nye Helagbe me gbalẽ xoxoetɔ kekeake si kpɔtɔ li la, ɖɔ alesi aʋakalẽtɔ, siwo nye Achilles ƒe zɔhɛwo, da woƒe aʋawɔnuwo ɖi heʋli ho tsɔ ɖe woƒe kalẽwɔwɔ fia le kɔdada, avuwɔwɔ, agba gbadzɛ kple akplɔ dada, kple tasiaɖam hoʋiʋli me, le Patroclus ƒe kunuwɔwɔ me.

Wova ɖua azã mawo tɔgbe emegbe le Hela dukɔa katã me. Ŋkuɖodzinuawo ɖeɖefia ƒe agbalẽ aɖe gblɔ be: “Azã siawo ɖuɣi nyea mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si me Helatɔwo ɖea asi le wo nɔewo dome nyaʋiʋli dziŋɔ siwo dzɔna enuenu eye wo nu gbea tsitsi la ŋu vie, eye wòwɔnɛ be wotrɔa woƒe hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ si xɔ aƒe ɖe wo me la ɖe taɖodzinu si nye ŋutifafa tɔ, si hã ŋu wotsɔa dzo ɖo nenema ke la ŋu: esi nye kamedefefe hoʋiʋli.”

Dugãwo me ƒuƒoƒo vovovowo va ɖoe koŋ nɔa ƒu ƒom ɖekae ɖe tadeaguƒe gãwo edziedzi hedea bubu woƒe mawuwo ŋu to kamedefefe hoʋliwɔnawo me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, azãɖuwɔna siawo dometɔ ene—Olympic kple Nemea kamedefefewo, siwo wotsɔ dea bubu Zeus ŋu; kple Pythia kple Isthmus kamedefefewo, siwo hã wowɔna tsɔ dea bubu Apollo kple Poseidon ŋu—va nɔ ŋkɔ xɔm eye mlɔeba wova zu Helatɔwo Katã ƒe Kamedefefezã siwo woɖuna. Si fia be woɖea mɔ na hoʋlila vovovowo tsoa Hela-duwo katã me be woakpɔ gome le wo me. Wosaa vɔwo hewɔa gbedodoɖa kɔnuwo le azã siawo ɖuɣi, eye wowɔa kamedefefewo alo aɖaŋuwɔwɔhoʋliwɔna kpeɖiwo hã tsɔ dea bubu woƒe mawuwo ŋui.

Wogblɔ be woɖu azã siawo ƒe gbãtɔ si xɔ ŋkɔ wu ɖesiaɖe, zi gbãtɔ le keke ƒe 776 D.M.Ŋ. me, eye woɖunɛ le ƒe ene ɖesiaɖe megbe tsɔ dea bubu Zeus ŋu le Olympia. Evelia si hã xɔ ŋkɔ kplɔ esia ɖoe nye Pythia-zãwo. Woɖunɛ le teƒe si gogo nukaƒe si xɔ ŋkɔ wu le blemaxexea me, le Delphi, eye kamedefefewɔnawo yia edzi le azã sia hã ɖuɣi. Gake esi wònye ɖe woɖunɛ tsɔ dea bubu Apollo, si nye ŋutinyakpakpa kple hadzidzi ƒe mawu ŋu ta la, hadzidzi kple ɣeɖuɖu koŋue yia edzi le wɔnaawo me.

Wɔna Vovovoawo

Kamedewɔna vovovo siwo yia edzi ɣemaɣiwo le ʋɛ ne míetsɔ wo sɔ kple egbegbe tɔawo, eye ŋutsuwo koe kpɔa gome le tsã tɔawo me. Blema Olympic kamedefefeawo mesɔ gbɔ wu ewo kpɔ o. Kpememeawo, nukpakpaawo, aɖaŋunu siwo le amadedewo me, kple nusiwo wota ɖe zewo ŋu siwo katã woɖe fia le Fefewɔƒea, ɖe alesi hoʋliwɔnaawo nɔ le blema la fia va ɖo afi aɖe ko.

Wozã didime etɔ̃ tsɔ ʋlia hoe le dudimekekea me—woawoe nye: fefewɔƒea ƒe didime, si ade meta 200; fefewɔƒea ƒe didimea ƒe teƒe eve si sɔ kple meta 400 ƒe duƒuƒu egbea; kple dulegbeƒuƒu si dea meta 4,500. Kamedefefewɔlawo nɔa amama le dudimekeɣiwo kple kamedeɣiwo siaa. Ame aɖewo kpɔa gome le kamedewɔna vovovo atɔ̃ me: duƒuƒu, kpotiti, agba gbadzɛ kple akplɔ dada, kple avuwɔwɔ. Hoʋiʋlia me wɔna bubuwoe nye kɔdada, avuwɔwɔ kple kɔdada ƒokpli, si ŋu wogblɔ le be enye “kamedefefe dziŋɔ si me asi kɔ ƒuƒui dada kple avuwɔwɔ siaa yia edzi le.” Wɔnaa ƒe akpa aɖe hãe nye tasiaɖam dudimekeke ƒe hoʋiʋli si ƒe didime dea meta 1,600, si me wotsia afɔvekeke ɖe sɔ tsui alo sɔ tsitsi ene ŋu wohena.

Kɔdada hoʋiʋli dzia ŋɔ ale gbegbe be amewo ƒe agbe tsia eme ɣeaɖewoɣi. Kɔdalawo doa lãgbalẽ titri, si me wodea gae be wòawɔ nuvevi ame la, ɖe woƒe asiwo. Àte ŋu akpɔ nusitae kɔdala aɖe si ŋkɔe nye Stratofonte, mete ŋu kpɔ eɖokui dze sii le ahuhɔ̃e me o, le kɔdada gaƒoƒo ene sɔŋ megbe la le susu me. Blema kpememewo kple aɖaŋunu siwo ɖe nuwo ƒe dzedzeme fia ɖee fia be kɔdalawo ƒe dzedzeme va trɔna kuraa.

Le avuwɔwɔ me la, se meɖe mɔ na avuwɔlaawo be woalé wo nɔewo ƒe akpa aɖeke le dzi gome o, eye amesi tre nɔvia léle ƒu anyi wòtsi anyigba zi etɔ̃ lae nyea dziɖula. Gake le avuwɔwɔ kple kɔdada ƒokpli hoʋiʋli me ya la, woate ŋu alé ame nɔewo ƒe akpa sia akpa faa. Avuwɔlawo ate ŋu atu afɔkpo ame, atu kɔ ame, atro ame ƒe kpeƒewo faa. Nusiwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o koe nye asiƒoƒoɖeŋkume na ame, fekukɔame, kple ameɖuɖu. Taɖodzinuae nye be woatu nu kple wo nɔewo ale be wo dometɔ ɖeka natsi anyigba ahana ta. Ame aɖewo bui be enye “wɔnaa ƒe akpa si doa dzidzɔ na amewo wu le Olympia.”

Wogblɔ be avuwɔwɔ kple kɔdada ƒokpli ƒe hoʋiʋli si xɔ ŋkɔ wu le blema la, yi edzi le Olympic kamedefefe wɔɣi le ƒe 564 D.M.Ŋ. me. Ɣemaɣi la, Arrhachion, si wonɔ ve miam na kutɔkutɔe, te ŋu dze aɖaŋu nukutɔe tro eƒe futɔa ƒe afɔbidɛwo wogli le wo kpeƒewo. Vevesese heliheli na eƒe futɔa na ta, eye emegbe teti ko Arrhachion ku. Nyametsolawo tsɔ dziɖuɖua na Arrhachion ƒe ŋutilã kukua!

Tasiaɖam hoʋiʋli ŋu koŋue amewo doa vivi ɖo wu le wɔnaawo wɔɣi, eye eyae ameŋkutawo lɔ̃na wu, le esi menye edola ye wotsɔa dziɖuɖua nana o ke boŋ amesi tɔ tasiaɖam la kple sɔawo nye lae xɔa kafukafua ta. Hoʋiʋli sia ƒe sesẽaƒee nye gɔmedzedzea esime tasiaɖamdola ɖesiaɖe kpɔa egbɔ be yele yeƒe fli me zɔm, eye afisi koŋ wòhiã be woaɖɔ ŋu ɖo le wue nye dudimekeƒea ƒe dzogoexaƒe siwo wotrɔna le. Vodadawo alo ŋumaɖɔmaɖɔɖo te ŋu naa woakpe ŋgo kple wo nɔewo si ganaa wɔna sia ɖea dzesi wu.

Dziɖuɖufetu La

Apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiwo le dudime kem le dusiƒe la, wo katãe kenɛ hafi, gake ame ɖeka koe xɔa dziɖuɖufetu la.” (Korintotɔwo I, 9:24) Dziɖuɖukpɔkpɔ koe nye nu vevitɔ kekeake. Klosalo kple gadzẽ nunana aɖeke menɔa anyi o, eye teƒe evelia kple etɔ̃lia xɔxɔ ƒe nya aɖeke menɔ anyi o. Wokɔ eme le ŋkuɖodzinuawo ɖefiaƒea be: “Dziɖuɖu, ‘Nike,’ ye nye taɖodzinu ɖeka kolia si ƒo nusianu ta si kamedefefewɔla minyana. Naneke megahiã tsɔ wu nɔƒe gbãtɔ xɔxɔ o elabena eyae aɖe amenyenye akuakua, le ŋutilã kple agbenɔnɔ siaa gome afia, si anye dada na wo dedu.” Homer ƒe agbalẽ ƒe fli ɖeka aɖe ƒo nu tso nɔnɔme bliboa ŋu kpokploe ale: “Mesrɔ̃e be maɖu dzi ɣesiaɣi.”

Dziɖuɖufetu si wonaa dziɖula le Helatɔwo Katã ƒe Kamedefefe sia wɔƒe nyea kpɔɖeŋu nuwo ko—seƒoƒokuku. Paulo yɔe be “dziɖuɖukuku, si gblẽna.” (Korintotɔwo I, 9:25) Ke hã, asixɔxɔ gã ŋutɔ nɔa dziɖuɖufetu sia ŋu. Etsi tre ɖi na dzɔdzɔmeŋusẽ ƒe bubudede dziɖula ŋu. Dziɖuɖu si wominyana kple tameɖoɖo kplikpaa, nye nusi ɖea mawuawo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖeameŋu fiana. Ŋkuɖodzinu siwo woɖe fia dometɔ aɖewo ɖe alesi blemanukpalawo kple nutalawo tsɔ susu kpɔ Nike, si nye Helatɔwo ƒe dziɖuɖumawunɔ toaʋala, hetae wònɔ dziɖuɖukuku ɖɔm na dziɖula aɖe. Dziɖuɖu le Olympia ye nyea kamedefefewɔla ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu kɔkɔtɔ kekeake.

Gbememitiŋgbawoe wotsɔ wɔa Olympic dziɖuɖukukuwoe—Isthmus ƒe dziɖuɖukukuwo nyea esiwo wotsɔ ati si nye pine wɔe, Pythia ƒe dziɖuɖukukuwo nyea esiwo wotsɔa ati si nye laurel wɔe, Nemea dziɖuɖukukuwo hã nye asiwo wotsɔa gbeƒuƒu aɖe wɔnae. Le teƒe bubuwo la, kamedefefe wɔnadzikpɔlawo naa ga alo nunana bubuwo tsɔ hea hoʋlila adodoewo be woava kpɔ gome le hoʋiʋlia me. Atsyɔ̃ze vovovo siwo nɔ ŋkuɖodzinuawo ɖefiaƒea nye nunana siwo amewo xɔ le Helatɔwo Katã ƒe Kamedefefe, siwo wowɔ le Atene tsɔ de bubu mawunɔ Athena ŋui la me. Le gɔmedzedzea me la, Attica-mi xɔasi nɔa atsyɔ̃ze siawo siwo ŋu asiléƒe eve le la me. Wota mawunɔa ɖe atsyɔ̃ze siawo dometɔ ɖeka ƒe axa ɖeka dzi eye woŋlɔ ɖe eŋu be “Athena ƒe hoʋiʋliwo me dziɖuɖufetu.” Eye wota hoʋiʋli si me amea ɖu dzi le hã ɖe atsyɔ̃zea ƒe axa evelia dzi.

Kamedefefewɔlawo ƒe dziɖuɖukpɔkpɔwo doa Hela-dugã siwo me wotso ƒe ŋkɔwo ɖe dzi, henaa dziɖulaawo zua ame xɔŋkɔwo le wode duwo me. Ne dziɖulaa trɔ gbɔ va aƒe la, wodea bubu eŋu kple aʋadziɖuɖu ƒe aseyetsotso gã aɖe. Wowɔa dziɖulawo ƒe kpememewo tsɔ daa akpee na mawuawo—si nye bubu si amegbetɔwo medze na hafi o—eye henɔwo dzia ha tsɔ kafua woƒe kalẽwɔwɔa. Azɔ hã, wonaa dziɖula siawo nɔa ameŋkutanɔƒewo le dutoƒowɔna veviwo me eye woxea dzudzɔxɔledɔmega na wo tso adzɔgawo me.

Kamedeƒewo Kple Kamedefefewɔlaawo

Wobua kamedefefe hoʋiʋli be enye nudidi vevi aɖe na dukɔmevi asrafo ƒe ŋgɔyiyi wɔwɔ. Kamedeƒewo nɔ Hela-dugãwo katã me, afisi sɔhɛwo srɔ̃a kamedede, xexemenunya kple mawusubɔsubɔ ŋuti nunyawo siaa le. Wotua kamedeƒexɔwo ɖe ɖoɖo nu wòƒoa xlã teƒe siwo keke gbadza hena kamedede, eye afɔtoƒe siwo tame wogba kple teƒe bubu siwo tame woxe siwo nyea agbalẽdzraɖoƒewo kple sukuxɔwo hã ƒo xlã teƒea kpe ɖo. Ame geɖewo va ɖia tsa le teƒe mawo, gawu la, àkpɔ ɖekakpui siwo tsoa ƒome siwo dzi nu de me, siwo vo ate ŋu ade suku tsɔ wu be woawɔ dɔ la, le teƒe siawo. Le teƒe sia la, kamedefefewɔlawo dea ka me ɣeyiɣi didi, si biaa dzidodo geɖe, tsɔ dzrana ɖo ɖe kamedefefe hoʋliwɔnawo ŋu eye woƒe hehenalawo nɔa wo ŋu amesiwo wɔa ɖoɖo ɖe nusiwo ko wokpɔ mɔ aɖu ŋu hekpɔa egbɔ be hehexɔlaawo tsria nyɔnuhadede le ɣeyiɣi mawo me.

Woɖe nu geɖe fia le ŋkuɖodzinuawo ɖefiaƒe ƒe Fefewɔƒea, si na vavalawo kpɔ blema kamedefefewɔlawo ƒe kpememe kple woƒe tata lédzinamewo, eye wo dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo Helatɔwo wɔ le Roma-fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi. Esi wònye le blema nukpɔsusu nu la, amewo ƒe dzedzemee wotsɔna dzidzea nu ƒe amedzidede eye wònye nusi sua ameŋkutawo ko si ta la, hoʋlila xɔŋkɔ siwo wota wodze ŋusẽnɔameŋutɔ gãwoe la nye xexemenunya ɖeɖefia. Romatɔwo melɔ̃a nu le nɔnɔmewɔwɔ siawo siwo wobuna be wonye aɖaŋudɔ, siwo dometɔ geɖe wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na lãmesẽfefewɔƒewo, tsileƒewo, aƒe gãwo, kple fiasãwo me, la gbɔ o.

Kamedefefe siwo nyea anyranuwɔnawo koŋue doa dzidzɔ na Romatɔwo wu, eyata le Helatɔwo ƒe kamedefefe siwo katã wowɔ le Roma dome la, kɔdada, avuwɔwɔ, kple avuwɔwɔ kple kɔdada ƒokpli ŋue wokpɔa ŋudzedze ɖo wu. Menye amesi akpe nɔvia dzi ŋu koŋue Romatɔwo tsia dzi ɖo le kamedefefe hoʋiʋli mawo me o, ke wobuna wo be wonye modzakaɖeɖe dzro ko. Wova ɖe asi le alesi wobua kamedefefe le gɔmedzedzea me be enye nusi me wòle be kamedefefewɔla aʋadziɖula tiatiawo ko nakpɔ gome le, si dzi wotea gbe ɖo le woƒe hehenana me, la ŋu. Ðe ema teƒe la, Romatɔwo ɖe Helatɔwo ƒe kamedewɔnawo dzi kpɔtɔ hetrɔ ɖe kamedewɔna siwo ɖɔʋu wu wɔwɔ do ŋgɔ na tsilele loo alo dzadzraɖowɔwɔ ɖe fefe aɖe abe yivuwɔwɔ ƒe hoʋiʋliwo ene ŋu si me amesiwo menye ameŋkutawo o kpɔa gome le tsɔ doa dzidzɔ na nukpɔlawoe.

Kristotɔwo Kple Kamedefefeawo

Alesi mawusubɔsubɔ nuwɔnawo bɔ ɖe kamedefefeawo me nye susu siwo tae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbe gomekpɔkpɔ le wo me ɖo la dometɔ ɖeka, elabena “ɖekawɔwɔ kae le mawuxɔ kple trɔ̃wo domea?” (Korintotɔwo II, 6:14, 16) Ke kamedefefe siwo wowɔna egbea ya ɖe?

Edze ƒã be womewɔa egbegbe kamedefefewo tsɔ dea bubu trɔ̃mawuwo ŋu o. Gake ɖe menye nyateƒe be mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme sẽŋuwo dzena le kamedefefe aɖewo me, si de sɔsɔ ge kple esiwo yi edzi le blemaɣeyiɣiwo me oa? Gawu la, abe alesi nyatakakawo ɖee fia le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me ene la, kamedefefewɔla aɖewo lɔ̃na zãa atikevɔ̃ɖi siwo doa afɔku woƒe lãmesẽ kple agbe gɔ̃ hã, be wòana ŋusẽ yeye naɖo wo ŋu na kamedewɔnawo.

Viɖe boo aɖeke mele ŋutilã me dzidzedzekpɔkpɔ me na Kristotɔwo o. Mawumenɔnɔme siwo nye “dzime ƒe ame ɣaɣla” ye ɖoa atsyɔ̃ na mí le Mawu ŋkume. (Petro I, 3:3, 4) Míenya be menye amesiwo kpɔa gome le kamedefefewo me egbea katã mee hoʋiʋli ƒe seselelãme sẽŋu le o, gake nɔnɔme sia le wo dometɔ geɖe me. Ðee gomekpɔkpɔ kpli wo ade mía dzi le wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame si nye be ‘migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame nabɔbɔ eɖokui’ dzi mea? Alo ɖee hadede ma mahe “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo” vɛ oa?—Filipitɔwo 2:3; Galatiatɔwo 5:19-21.

Egbegbe kamedefefe geɖe nye esiwo me woate ŋu awɔ ŋutasẽnuwo le. Ele be amesiame si kamedefefe mawo dometɔ aɖe dzɔa dzi na naɖo ŋku Psalmo 11:5 me nyawo dzi be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.”

Ne wode kame le mɔ si sɔ nu la, edoa dzidzɔ na ame, eye apostolo Paulo gblɔ gɔ̃ hã be “ŋutilã me veviedodo nyo na nu vi aɖe ko.” (Timoteo I, 4:7-10) Gake esi Paulo ƒo nu tso Helatɔwo ƒe kamedefefewo ŋu la, ɖeko wòhe susu yi wo dzi tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na alesi wòle vevie be nɔnɔme siwo nye ɖokuidziɖuɖu kple dzidodo nanɔ Kristotɔwo sii la dzi wòsɔ nyuie. Teƒeɖoɖo, si ƒo ɖesiaɖe ta, si Paulo nɔ ʋiʋlim vevie be wòasu ye sie nye agbe mavɔ ƒe ‘dziɖuɖukuku’ si Mawu ana. (Korintotɔwo I, 9:24-27; Timoteo I, 6:12) Eto esia me ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Nike nye Helagbe me nya si gɔmee nye “dziɖuɖu.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Le Kɔdada Megbe

Ƒe alafa enelia D.M.Ŋ. me gadzẽ sia ɖe alesi gbegbe blema kɔdada gblẽa nu le ame ŋui la fia, si ŋu Roma-ŋkuɖodzinuawo ŋuti gbalẽ gblɔ le be wokafua “kɔdalaa ƒe dzidodo . . . le kɔdada teɖeɖiameŋuwo me, si me wodea ‘abi ame nɔewo ŋu ɖe abi teƒe,’ be enye kpɔɖeŋu nyui.” Agbalẽa gblɔ yi edzi be, “Abi siwo woxɔ le kɔdada si wu enu teti ko me la va kpena ɖe abi siwo woxɔ xoxo le kɔ si woda do ŋgɔ me ŋu.”

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Tasiaɖam hoʋiʋli ŋu koŋue amewo doa vivi ɖo wu le blema hoʋiʋliwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Blemanukpalawo tsɔ susu kpɔ “Nike,” si nye dziɖuɖumawunɔ toaʋala, hetae wònɔ dziɖuɖukuku ɖɔm na dziɖula aɖe