Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yeremya Ene

Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yeremya Ene

Dzi Nenɔ Ƒowò Abe Yeremya Ene

“Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!”​—PSALMO 27:14.

1. Yayra gbogbo kawo mee Yehowa Ðasefowo le vivi sem le?

YEHOWA ÐASEFOWO le gbɔgbɔmeparadiso me. (Yesaya 11:6-9) Le xexe sia si me xaxa bɔ ɖo me la, wole gbɔgbɔmenɔnɔme tɔxɛ aɖe me kple wo hati Kristotɔwo, amesiwo kple Yehowa Mawu kpakple wo nɔewo dome le nyuie. (Psalmo 29:11; Yesaya 54:13) Eye gbɔgbɔmeparadiso si me wole la le ta kekem. Amesiwo katã “wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu tso dzi me” la le asi kpem ɖe ekeke ɖe enu ŋu. (Efesotɔwo 6:6) Le mɔ ka nu? To agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu kple nufiafia amewo be woawo hã nawɔe nenema ke me heto edzi le ameawo kpem be woakpɔ gome le paradiso sia ƒe yayra gbogbowo me.—Mateo 28:19, 20; Yohanes 15:8.

2, 3. Nukawo mee wòle be Kristotɔ vavãwo nado dzi le?

2 Gake gbɔgbɔmeparadiso si me míele mefia be tetekpɔwo mava mía dzi o. Ame madeblibowoe míegakpɔtɔ nye eye míeléa dɔ, kua amegãɖeɖi, hekuna mlɔeba. Gawu la, míele nyagblɔɖi siwo ku ɖe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu ƒe mevava teƒe kpɔm. (Timoteo II, 3:1) Ameƒomea katã kpea aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, dɔléle, dɔwuame, kple nɔnɔme sesẽ bubuwo ƒe fu, eye Yehowa Ðasefowo meto le eme o.—Marko 13:3-10; Luka 21:10, 11.

3 Tsɔ kpe ɖe nɔnɔme siawo katã ŋu la, míenyae nyuie bena, togbɔ be míele dedie le gbɔgbɔmeparadiso sia me hã la, amesiwo mele eme o tia mía yome. Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo. Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Yohanes 15:18-21) Wotiaa míawo hã yome egbea kokoko. Ame akpa gãtɔ mesea míaƒe subɔsubɔa gɔme alo kpɔa ŋudzedze ɖe eŋu o. Ame aɖewo gblɔa nya vlowo ɖe mía ŋu, alo—abe alesi Yesu xlɔ̃ nui ene la—woléa fu mí gɔ̃ hã. (Mateo 10:22) Zi geɖe la, wogblɔa alakpanyawo kple ameŋugblẽnya vɔ̃ɖiwo ɖe mía ŋu to nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi. (Psalmo 109:1-3) Ẽ, mí katã míedoa go nɔnɔme sesẽwo, eye ɖewohĩ dzi ate ɖeɖe le mía dometɔ aɖewo ƒo. Aleke míawɔ ado dzii?

4. Ameka ŋue míetrɔna ɖo be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi?

4 Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Gbɔgbɔ ʋã hakpala la wòŋlɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ tsoa wo katã me.” (Psalmo 34:20; Korintotɔwo I, 10:13) Mía dometɔ geɖe alɔ̃ ɖe edzi be ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le nɔnɔme sesẽ aɖe me la, edoa ŋusẽ mí míedoa dzi. Lɔlɔ̃ si le mía si nɛ kple dzidzɔ si woɖo ɖi na mí kpena ɖe mía ŋu míenɔa te ɖe dziɖeleameƒo kple vɔvɔ̃ nu. (Hebritɔwo 12:2) Le esia ta la, ne nya sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã la, míeyia edzi nɔa te sesĩe.

Mawu ƒe Nya Do Ŋusẽ Yeremya

5, 6. (a)Tadeagula vavã siwo te ŋu do dzi ƒe kpɔɖeŋu kawoe li? (b) Aleke Yeremya wɔ nui esime woɖoe nyagblɔɖilae?

5 Le ŋutinya katã me la, dzi dzɔ Yehowa subɔla wɔnuteƒewo togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me hã. Wo dometɔ aɖewo nɔ agbe le ʋɔnudrɔ̃ɣiwo esime Yehowa ƒe dɔmedzoe fla ɖe ame mawɔnuteƒewo ŋu. Tadeagula nuteƒewɔla siawo dometɔ aɖewoe nye Yeremya kple eŋɔlimetɔ ʋɛ aɖewo, kpakple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo. Woŋlɔ blema kpɔɖeŋu siawo ɖe Biblia me be woade dzi ƒo na mí, eye nusɔsrɔ̃ tso wo ŋu aɖe vi na mí ŋutɔ. (Romatɔwo 15:4) Le kpɔɖeŋu me, bu Yeremya ŋu kpɔ.

6 Sɔhɛ koe Yeremya nye esime woyɔe be wòava zu nyagblɔɖila le Yuda. Menye dɔ tsɛ aɖe koe dɔdasi ma nye o. Ame geɖewo nɔ ta dem agu na alakpamawuwo. Togbɔ be Yeremya dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme le fia nuteƒewɔla Yosiya ƒe dziɖuɣi hã la, fia siwo katã ɖu dzi ɖe eyome la nye nuteƒemawɔlawo, eye amesiwo wòle na be woafia nu ameawo—nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo—dometɔ akpa gãtɔ melé nyateƒea me ɖe asi o. (Yeremya 1:1, 2; 6:13; 23:11) Ekema aleke Yeremya se le eɖokui me esi Yehowa ɖoe nyagblɔɖilae? Evɔ̃! (Yeremya 1:8, 17) Yeremya ɖo ŋku alesi wòse le eɖokui me le gɔmedzedzea me dzi be: “Megblɔ bena: Oo, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.”—Yeremya 1:6.

7. Nɔnɔme ka mee Yeremya to le nuto si me wòɖe gbeƒã le me, eye aleke wòwɔ nui?

7 Ame akpa gãtɔ siwo nɔ nuto si me Yeremya ɖe gbeƒã le la ƒe dzi tri. Ɣeaɖeɣi la, Pasxur, si nye nunɔla ƒo nyagblɔɖila Yeremya eye wòbɔ pãe. Yeremya gblɔ alesi wòse le eɖokui me le ɣemaɣi be: ‘Eye mebe, maɖe ŋku ɖa le Yehowa dzi, eye nyemagaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o.’ Ðewohĩ wò hã esenɛ le ɖokuiwò me nenema ɣeaɖewoɣi—àdi be yeadzudzɔ subɔsubɔdɔa wɔwɔ. De dzesi nusi kpe ɖe Yeremya ŋu woku kutri. Egblɔ be: “[Mawu ƒe nya, alo gbedasia nɔa] nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam, eye wògloam.” (Yeremya 20:9) Ðe Mawu ƒe nya la kpɔa ŋusẽ ma ke ɖe dziwòa?

Yeremya ƒe Zɔhɛwo

8, 9. (a) Gbɔdzɔgbɔdzɔ kae nyagblɔɖila Uriya ɖe fia, eye nukae do tso eme? (b) Nukatae dzi ɖe le Barux ƒo, eye aleke wokpe ɖe eŋui?

8 Menye Yeremya ɖeka koe nɔ nyagblɔɖidɔa wɔm o. Zɔhɛwo nɔ esi, eye ema anya de dzi ƒo nɛ. Gake eƒe zɔhɛawo mewɔa nu nunyatɔe ɣeaɖewoɣi o. Le kpɔɖeŋu me, ehati nyagblɔɖila si ŋkɔe nye Uriya nɔ nuxlɔ̃amenyawo gblɔm na Yerusalem kple Yuda tɔwo “wòsɔ kple Yeremya ƒe nyawo.” Gake esi Fia Yoyakim ɖe gbe be woawu Uriya la, evɔ̃ eye wòsi yi Egipte. Gake sisi yi afima mexɔ nɛ o. Fia ƒe amewo ti eyome, yi ɖalée, hekplɔe va Yerusalem, afisi wowui le. Aleke gbegbee nusia aɖe fu na Yeremya ahate ɖe edzii enye si!—Yeremya 26:20-23.

9 Zɔhɛ bubu si nɔ Yeremya sie nye eƒe agbalẽŋlɔla, Barux. Kpeɖeŋutɔ nyuie aɖee Barux nye na Yeremya, gake ɣeaɖeɣi la, eya hã va gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Ete nyatoƒoetoto be: “Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o.” Dzi ɖe le Barux ƒo, eye megava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o. Ke hã, Yehowa ɖo aɖaŋu nyuie aɖe na Barux tufafatɔe si na wògbugbɔ li ke. Esia na woka ɖe edzi nɛ be atsi agbe le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃a me. (Yeremya 45:1-5) Aleke gbegbe esia de dzi ƒoe na Yeremya enye si esime wòkpɔ be Barux gasu te le gbɔgbɔ me!

Yehowa Kpe Ðe Eƒe Nyagblɔɖila Ŋu

10. Kpekpeɖeŋu ƒe ŋugbe kawoe Yehowa do na Yeremya?

10 Nusi ɖe dzesi ŋutɔe nye be Yehowa megblẽ Yeremya ɖi o. Ese alesi eƒe nyagblɔɖila la se le eɖokui me gɔme eye wòdo ŋusẽe hena kpekpeɖeŋu si hiã lae. Le kpɔɖeŋu me, le Yeremya ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi si wòsusui be yemedze anye nyagblɔɖila o la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Megavɔ̃ wo o, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” Esi Yehowa gblɔ dɔ si wòade asi na eƒe nyagblɔɖila la vɔ la, egblɔ kpee nɛ be: “Woawɔ avu kpli wò, ke woado kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!” (Yeremya 1:8, 19) Akɔfanamenya kawoe nye esi! Eye Yehowa wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi hã.

11. Aleke míewɔ nya be Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo be yeakpe ɖe Yeremya ŋu dzii?

11 Eyata esi wobɔ pã Yeremya heɖe mɔ na amewo be woaɖu fewu le eŋu vɔ megbe la, egblɔ dzinɔameƒotɔe be: “Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo.” (Yeremya 20:11) Emegbe esi wonɔ agbagba dzem be woawu Yeremya la, Yehowa yi edzi nɔ kplii, eye Yeremya hã tsi agbe le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ me abe Barux ke ene, evɔ eƒe futɔwo kple amesiwo metsɔ ɖeke le eƒe nuxlɔ̃amea me o ya dometɔ aɖewo tsrɔ̃ eye wokplɔ ɖewo hã yi aboyo me le Babilon.

12. Togbɔ be dzi aɖe le míaƒo ɣeaɖewoɣi le susu aɖewo ta hã la, nukae wòle be wòanɔ susu me na mí?

12 Yehowa Ðasefo geɖewo doa dzi le fukpekpewo me egbea abe Yeremya ene. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, fukpekpe siawo dometɔ aɖewo tsoa míaƒe blibomademadewo gbɔ, ɖewo tsoa xexe tɔzi si me míele la gbɔ, eye bubuwo hã tsoa amesiwo tsia tre ɖe míaƒe dɔa ŋu gbɔ. Fukpekpe siawo ate ŋu ana dzi naɖe le míaƒo. Abe alesi wònɔ le Yeremya gomee ene la, ɖewohĩ míawo hã míadze egɔme anɔ esusum nenye be míate ŋu ayi míaƒe subɔsubɔa dzi. Nyateƒee be, dzi ate ŋu aɖe le míaƒo ɣeaɖewoɣi ya. Dziɖeleameƒo doa alesi gbegbe míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa de toe la kpɔna. Eyata mína míaɖoe kplikpaa be míagana be dziɖeleameƒo nawɔe be míadzudzɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ abe alesi Uriya wɔe ene o. Ke boŋ mina míasrɔ̃ Yeremya eye míaka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu.

Alesi Nakpe Akɔ Kple Dziɖeleameƒoe

13. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yeremya kple Dawid ƒe kpɔɖeŋuwoe?

13 Yeremya doa gbe ɖa na Yehowa Mawu edziedzi, egblɔa eƒe dzimenya ɣaɣlawo nɛ eye woƒoa koko be wòado ŋusẽ ye. Enye kpɔɖeŋu nyuie aɖe si míasrɔ̃. Dawid si nɔ anyi le blema ɣeyiɣiwo me, si hã bia be Yehowa nado ŋusẽ ye, ŋlɔ bena: “Yehowa, nye nyawo nede to me na wò, se nye hũɖeɖe, eye nalé to ɖe nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.” (Psalmo 5:2, 3) Dawid ƒe agbemenya siwo tso gbɔgbɔ me ɖee fia be Yehowa ɖoa to sea gbe si Dawid dona ɖa be wòakpe ɖe ye ŋu la nɛ zi geɖe. (Psalmo 18:2, 3; 21:2-6) Nenema ke, ne nu te ɖe mía dzi vevie alo míaƒe kuxiwo dze abe nusi míate ŋu atsɔ o ene la, míaƒe dzi adze eme ŋutɔ ne míedo gbe ɖa na Yehowa hegblɔ míaƒe dzimenyawo katã nɛ. (Filipitɔwo 4:6, 7; Tesalonikatɔwo I, 5:16-18) Yehowa megbea toɖoɖo mí o. Ke boŋ eka ɖe edzi na mí be ‘yeléa be na mí.’ (Petro I, 5:6, 7) Gake susu manɔ eme be míado gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu evɔ míagbe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o, alo aleke nèkpɔe?

14. Ŋusẽ kae Yehowa ƒe nyaa kpɔ ɖe Yeremya dzi?

14 Aleke Yehowa ƒoa nu na míi? De ŋugble le Yeremya ŋu ake. Esi Yeremya nye nyagblɔɖila ta la, Yehowa ƒo nu kplii tẽ. Yeremya ɖɔ ŋusẽ si Mawu ƒe nyawo kpɔ ɖe eƒe dzi dzi be: “Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zeboat.” (Yeremya 15:16) Ẽ, edo dzidzɔ na Yeremya be woyɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe ye ŋu, eye Mawu ƒe nyawo xɔ asi ŋutɔ na nyagblɔɖila la. Le esia ta la, Yeremya tsɔ didi vevi ɖe gbeƒã gbedasi si wode esi la, abe alesi apostolo Paulo hã wɔe ene.—Romatɔwo 1:15, 16.

15. Aleke míate ŋu aƒã Yehowa ƒe nya ɖe míaƒe dzimee, eye nukawo ŋu bubue akpe ɖe mía ŋu míaɖoe kplikpaa be míamiã nu ɖe edzi gbeɖe o?

15 Yehowa meƒoa nu kple ame aɖeke tẽ egbea o. Ke hã, Mawu ƒe nyawo le mía si le Biblia me. Le esia ta la, ne míesrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe hede ŋugblẽ nyuie le nusi míesrɔ̃ ŋu la, Mawu ƒe nyawo anye “vivisese kple dzidzɔ” na míaƒe dziwo nenema ke. Ele be dzi nadzɔ mí be Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu le esi míeyia amewo gbɔ heɖea gbeƒã nya siawo na wo ta. Mele be míaŋlɔe be gbeɖe o be amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke mele xexeame si le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ŋkɔ tsɔ wu míawo o. Eƒe Ðasefowo koe le gbeƒã ɖem nyanyuia tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si wòɖo ŋu eye wole nu fiam ame fatuwo be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Bubu gã kae nye esi esia nye na mí! Ne míebu dɔ sia si Yehowa de asi na mí lɔlɔ̃tɔe ŋu la, aleke míamiã nu ɖe edzii?

Mina Míakpɔ Nyui le Míaƒe Hadedewo Ŋu

16, 17. Hadede ƒe nukpɔsusu kae nɔ Yeremya si, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?

16 Yeremya gblɔ nu bubu si kpe ɖe eŋu be wòte ŋu lé dzi ɖe ƒo. Egblɔ be: “Nyemebɔbɔ nɔ nukolawo dome le dzidzɔ kpɔm o, ke nye ɖeka mebɔbɔ nɔ aga le wò alɔ ta, elabena etsɔ dziku yɔ menye fũ.” (Yeremya 15:17) Yeremya atia be yeanɔ ye ɖokuisi tsɔ wu be yeade ha kple zɔhɛ gblẽku siwo akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe yeƒe nɔnɔme dzi. Nukpɔsusu ma kee le míawo hã si egbea. Mele be míaŋlɔ apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si be “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo” la be gbeɖe o, woate ŋu agblẽ nɔnɔme nyui siwo le mía si ɣeyiɣi didi aɖee nye esia gɔ̃ hã me.—Korintotɔwo I, 15:33.

17 Hadede vɔ̃wo ate ŋu ana be xexeame ƒe gbɔgbɔ naƒo ɖi míaƒe nuŋububu. (Korintotɔwo I, 2:12; Efesotɔwo 2:2; Yakobo 4:4) Ekema mina míana hehe míaƒe tamebubu ŋutetewo ale be míate ŋu akpɔ hadede vɔ̃wo adze sii ahatsri wo keŋkeŋ. (Hebritɔwo 5:14) Ne ɖee Paulo le agbe le anyigba dzi egbea la, nukae nèsusu be wòagblɔ na Kristotɔ siwo kpɔa agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe sinimawo alo kpɔa kamedefefe siwo me wowɔa anyrãnu lena? Aɖaŋu kae wòaɖo na nɔvi si le ha dem kple ame tutɔwo le Internet dzi? Aleke wòabu Kristotɔ aɖe si zã ɣeyiɣi gbogbo aɖe tsɔ fea video dzi fefewo alo tsɔ kpɔa television evɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyuie si dzi wòazɔ ɖo mele esi o lae?—Korintotɔwo II, 6:14; Efesotɔwo 5:3-5, 15, 16.

Nɔ Gbɔgbɔmeparadisoa Me

18. Nukae akpe ɖe mía ŋu be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me?

18 Míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa ŋu. Naneke mele xexeame egbea si sɔ kplii gbeɖe o. Dzimaxɔsetɔwo gɔ̃ hã ƒoa nu nyui tso lɔlɔ̃, ameŋububu, kple dɔmekɔkɔ si Kristotɔwo ɖena fiaa wo nɔewo ŋu. (Efesotɔwo 4:31, 32) Ke hã, ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be míagaɖe mɔ dziɖeleameƒo nakpe mía dzi o. Hadede nyui, gbedodoɖa, kple ɖokuisinusɔsrɔ̃ tsɔtsɔ mlã ame ɖokuii ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ mía ŋu le gbɔgbɔ me. Woado ŋusẽ mí be míatsɔ kaka ɖe Yehowa dzi bliboe akpe akɔ kple tetekpɔ ɖesiaɖe ƒomevi.—Korintotɔwo II, 4:7, 8.

19, 20. (a) Nukae akpe ɖe mía ŋu míado dzi? (b) Amekawoe woŋlɔ nyati si kplɔe ɖo na, eye amekawo hãe wòaɖe vi na?

19 Mele be míaɖe mɔ na amesiwo melɔ̃a Biblia me gbedasi o be woƒe vɔvɔ̃doname nagbɔdzɔ míaƒe xɔse me gbeɖe o. Abe alesi wònɔ le futɔ siwo ti Yeremya yome gome ene la, amesiwo tsia tre ɖe mía ŋu la le tsitre tsim ɖe Mawu ŋu. Makpa wo o. Yehowa, amesi ƒe ŋusẽ ƒo míaƒe futɔwo tɔ ta sasasã, gblɔ na mí be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo! Ẽ, kpɔ mɔ na Yehowa!” (Psalmo 27:14) Esi mɔkpɔkpɔ na Yehowa ƒo ke ɖe to ɖe míaƒe dzime vevie ta la, mina míaɖoe kplikpaa be ɖeɖi nagate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o. Abe alesi Yeremya kple Barux wɔe ene la, mina míaka ɖe edzi bliboe be míaxɔ teƒeɖoɖoa ne míegbɔdzɔ le nyuiwɔwɔ me o.—Galatiatɔwo 6:9.

20 Kristotɔ geɖewo wɔa avu kple dziɖeleameƒo enuenu. Gake kuxi sesẽ aɖewo li, siwo ɖea fu na sɔhɛwo. Ke hã, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo le ʋuʋu ɖi na woawo hã. Sɔhɛ siwo le mía dome koŋue woŋlɔ nyati si kplɔe ɖo na. Aɖe vi hã na dzilawo kple ame tsitsi ɖeadzɔgbe siwo le hamea me, siwo ate ŋu ato nuxɔxlɔ̃, kpɔɖeŋu, kple xɔlɔ̃wɔwɔ dzi akpe ɖe sɔhɛ siwo le hamea me ŋu.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae míate ŋu akpɔ mɔ na nɔnɔme siwo ɖea dzi le ame ƒo, eye ameka ŋue míatrɔ ɖo be wòakpe ɖe mía ŋu?

• Togbɔ be dɔ si wode asi na Yeremya sesẽ ŋutɔ hã la, aleke wòkpe akɔ kple dziɖeleameƒo dzidzedzetɔe?

• Nukae ana be míaƒe dzi ‘nadze eme ahakpɔ dzidzɔ’ ne nya sesẽwo dzɔ ɖe mía dzi gɔ̃ hã?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yeremya susui be yemetsi o eye nuteƒekpɔkpɔwo mesu yesi be yeanye nyagblɔɖila o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Togbɔ be wonɔ Yeremya yome tim hã la, enyae be Yehowae nye “kalẽtɔ sesẽ” aɖe si nɔ kplii