Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mido Ŋusẽ Mia Nɔewo

Mido Ŋusẽ Mia Nɔewo

Mido Ŋusẽ Mia Nɔewo

‘Nenem me siawo zu ŋusẽdoamelawo nam.’​—Kolosetɔwo 4:11.

1, 2. Nukatae Paulo xɔlɔ̃wo yi ɖasrãe kpɔ le gaxɔ me togbɔ be afɔku nɔ eme hã?

AFƆKU ate ŋu anɔ xɔlɔ̃dzedze ame aɖe si le fu kpem le gaxɔ me me—ne eganye madzemadze tae wode xɔ̃wòa gaxɔ me ɖo hã. Gaxɔdzikpɔlawo ate ŋu anɔ nazã bum ɖe ŋuwò eye woanɔ ŋku lém ɖe wò nuwɔnawo ŋu tututu be nàgado hlɔ̃ aɖeke o. Eyata ebia dzinɔameƒo be kadodo kplikplikpli nanɔ mia kple xɔ̃wòa dome eye nànɔ esrãm kpɔ le gaxɔa me.

2 Togbɔ be ele alea hã la, nusia tututue apostolo Paulo xɔlɔ̃ aɖewo wɔ anɔ ƒe 1,900 aɖewo enye si va yi. Womehe ɖe megbe le Paulo sasrãkpɔ le gaxɔ me be woafa akɔ nɛ, ade dzi ƒo nɛ, ahado ŋusẽe le gbɔgbɔ me o. Amekawoe nye xɔlɔ̃ nuteƒewɔla siawo? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe dzinɔameƒo, nuteƒewɔwɔ, kple xɔlɔ̃wɔwɔ me?—Lododowo 17:17.

‘Ŋusẽdoame’

3, 4. (a) Amekawoe nye Paulo ƒe xɔlɔ̃ atɔ̃awo, eye nukae wova zu nɛ? (b) ‘Ŋusẽdoame’ gɔme ɖe?

3 Mina míagbugbɔ ayi ɖe ƒe 60 M.Ŋ. me lɔƒo me. Apostolo Paulo le gaxɔ me le Roma le alakpanya si wotsɔ ɖe eŋu be ele zi dem amewo dome ta. (Dɔwɔwɔwo 24:5; 25:11, 12) Paulo yɔ Kristotɔ atɔ̃ siwo nɔ eŋu la ƒe ŋkɔwo tẽ: Tixiko, si tso Asia nutowo me, eye wònye dɔtsɔla kple “hadɔwɔla le Aƒetɔ me la” nɛ; Onesimo, “nɔvi nuteƒewɔla lɔlɔ̃tɔ” si tso Kolose; Aristarxo, amesi nye Makedoniatɔ si tso Tesalonika eye wònɔ ‘gaxɔ me kple’ Paulo kpɔ; Marko, si nye Barnaba, amesi zɔ kple Paulo le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la srɔ̃nyi eye wònye Nyanyuigbalẽ si tɔ eƒe ŋkɔ la ŋlɔla; kple Yusto, apostoloa ƒe hadɔwɔlawo “na Mawu ƒe fiaɖuƒe la” dometɔ ɖeka. Paulo gblɔ le ame atɔ̃ siawo ŋu be: ‘Nenem me siawo zu ŋusẽdoamelawo nam.’—Kolosetɔwo 4:7-11.

4 Paulo gblɔ nya vevi aɖe ku ɖe kpekpeɖeŋu si exɔlɔ̃ nuteƒewɔlawo nae ŋu. Ezã Helagbe me nya (pa·re·go·riʹa) si gɔme woɖe be ‘ŋusẽdoame’ eye Biblia kpukpui sia me koe woakpɔe le. Gɔmesese vovovowoe le nya sia ŋu, eye wozãnɛ le atikewɔnyawo me koŋ. * Woate ŋu aɖe egɔme be ‘dziɖeɖi, gbɔɖeme, akɔfafa, alo gbɔdzɔe.’ Paulo hiãna ŋusẽdodo ma tɔgbe, eye ame atɔ̃ mawo nae.

Nusita Paulo Hiã ‘Ŋusẽdodo’

5. Togbɔ be Paulo nye apostolo hã la, nukae wòhiã, eye nukae hiãa mí katã ɣeaɖewoɣi?

5 Ðewohĩ awɔ nuku na ame aɖewo be woabu be apostolo Paulo hiã ŋusẽdodo. Ke hã, ehiãe. Le nyateƒe me la, xɔse sẽŋu nɔ Paulo si, eye wòto fukpekpe gbogbo aɖewo, “ƒoƒo geɖe akpa,” ‘kudonuɖoɖo zi geɖe,’ kple vevesese bubuwo, me do dedie. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Ke hã, amegbetɔe wònye, eye amegbetɔwo katã hiãna na akɔfafa ɣeaɖewoɣi eye wohiã ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu be wòado ŋusẽ woƒe xɔse. Enɔ alea le Yesu gɔ̃ hã gome. Le eƒe zã mamlɛa me la, mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae le Getsemane ‘hedo ŋusẽe.’—Luka 22:43.

6, 7. (a) Amekawo ƒe nuwɔnae do nuxaxa na Paulo le Roma, eye amekawoe de dzi ƒo nɛ? (b) Kpekpeɖeŋu kawoe Paulo nɔvi Kristotɔwo nɛ le Roma si ɖee fia be wonye ‘ŋusẽdoamelawo’?

6 Paulo hã hiã ŋusẽdodo. Esime wokplɔe yi Roma abe gamenɔla ene la, eya ŋutɔ detɔwo mexɔe kple dzidzɔ o. Yudatɔ siawo dometɔ akpa gãtɔ mexɔ Fiaɖuƒegbedasia o. Esi Yudatɔwo ƒe amegãwo yi ɖasrã Paulo kpɔ le gaxɔ si me wònɔ me la, nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo me gblɔ be: “Ame aɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se, eye ame aɖewo mexɔe se o. Eye esi woƒe gbe mesɔ o la, wodzo.” (Dɔwɔwɔwo 28:17, 24, 25) Anye be woƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe Yehowa ƒe amenuvevea ŋu na Paulo xa nu ale gbegbe! Alesi wòse le eɖokui me ku ɖe nya sia ŋu dze le lɛta si wòŋlɔ ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ ɖo ɖe hame si le Roma me be: “Mele nu xam geɖe, eye nye dzi le veve sem ɖaasi. Elabena medi bena, nye ŋutɔ mazu busu tso Kristo gbɔ ɖe nɔvinyewo [Yudatɔawo], ƒonyemeawo le ŋutilã nu ta.” (Romatɔwo 9:2, 3) Ke hã, ekpɔ zɔhɛ vavã, wɔnuteƒe, siwo ƒe dzinɔameƒo kple lɔlɔ̃ɖeɖefia na eƒe dzi dze eme la le Roma. Wonye eƒe gbɔgbɔmenɔvi akuakuawo.

7 Aleke nɔvi atɔ̃ mawo ɖee fia be yewonye ŋusẽdoamelawoe? Paulo ƒe gamenɔnɔ mewɔe be wogbe egbɔ yiyi o. Ke boŋ wolɔ̃ faa kpe ɖe Paulo ŋu lɔlɔ̃tɔe eye wowɔ dɔ siwo eya ŋutɔ mate ŋu awɔ o le eƒe gamenɔnɔa ta la nɛ. Le kpɔɖeŋu me, wozu Paulo ƒe dɔtsɔlawo eye wotsɔ eƒe lɛtawo kple gbedasiwo yi na hame vovovowo; wova gblɔ nɔvi siwo le Roma kple teƒe bubuwo ƒe dedienɔnɔ ŋuti nyatakaka dedziƒonamewo na Paulo. Woanya di nuhiahiãwo, abe vuvɔmewu, agbalẽxatsaxatsawo, kpakple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi ene ve nɛ. (Efesotɔwo 6:21, 22; Timoteo II, 4:11-13) Kpekpeɖeŋu siawo katã do ŋusẽ hede dzi ƒo na apostolo si wode gaxɔ me la ale be eya hã, te ŋu zu ‘ŋusẽdoamela’ na ame bubuwo, kple hame blibowo.—Romatɔwo 1:11, 12.

Alesi Nànye ‘Ŋusẽdoamelae’

8. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Paulo lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yehiã ‘ŋusẽdodo’ la me?

8 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo kple eƒe hadɔwɔla atɔ̃awo gbɔ? Mina míakpɔ nusɔsrɔ̃ vevi aɖe koŋ ɖa: Ebiaa dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ hafi woate ŋu akpe ɖe amewo ŋu le woƒe kuxiwo me. Gakpe ɖe eŋu la, ne míele xaxawo me tom la, ebia ɖokuibɔbɔ hafi míalɔ̃ ɖe edzi be ahiã be woakpe ɖe mía ŋu. Menye ɖeko Paulo lɔ̃ ɖe edzi be yehiã kpekpeɖeŋu ko o, ke boŋ exɔ kpekpeɖeŋua kple dzidzɔ hekafu amesiwo nae la. Mebu kpekpeɖeŋu xɔxɔ tso ame bubuwo gbɔ be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi alo ŋukpedodo ye ɖokui o, eye mele be míabui nenema gbeɖe o. Ne míegblɔ be míehiã na ŋusẽdoame kuraa o la, ke ɖe míele gbɔgblɔm be míetri akɔ wu amegbetɔwoe nye ma. Ðo ŋku edzi be Yesu ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ame deblibo gɔ̃ hã ate ŋu ado ɣli abia kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi.—Hebritɔwo 5:7.

9, 10. Ne ame aɖe lɔ̃ ɖe edzi be yehiã kpekpeɖeŋu la, nu nyui kawoe ate ŋu ado tso eme, eye ŋusẽ kae esia ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi le ƒomea me kple le hamea me?

9 Ne amesiwo dzi agbanɔamedziwo le lɔ̃ ɖe edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le yewo ŋu eye be ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋuwo dzie yewonɔa te ɖo la, nu nyuiwo dona tsoa eme. (Yakobo 3:2) Lɔlɔ̃ɖedzi alea nana be ɖekawɔwɔ si le ŋgɔnɔlawo kple wo teviwo dome me gasẽna ɖe edzi eye wònana be kadodo nyui dodzidzɔname si nɔa wo dome la ganyona ɖe edzi. Amesiwo le lɔlɔ̃m be woakpe ɖe yewo ŋu la ƒe ɖokuibɔbɔ nyea kpɔɖeŋu nyui aɖe na ame bubu siwo le nɔnɔme ma ke me tom. Eɖenɛ fiana be amesiwo le ŋgɔ xɔm la nye amegbetɔwo eye woate ŋu ate ɖe wo ŋu.—Nyagblɔla 7:20.

10 Le kpɔɖeŋu me, anɔ bɔbɔe na ɖeviwo be woaxɔ wo dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ kple tenɔnɔ ɖe tetekpɔwo nu me ne wonyae be yewo dzilawo hã to nɔnɔme siawo tɔgbe me esime wonye ɖeviwo. (Kolosetɔwo 3:21) Esia awɔe be dzeɖoɖomɔnuwo aʋu ɖi ɖe dzilawo kple ɖeviwo dome. Woate ŋu azã Ŋɔŋlɔawo atsɔ akpɔ kuxiawo gbɔe nyuie wu eye wòanya xɔ bɔbɔe wu hã. (Efesotɔwo 6:4) Nenema kee hamea me tɔwo hã alɔ̃ faa axɔ kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ faa ne wokpɔe be hamemegãwo ŋutɔ toa kuxiwo, vɔvɔ̃, kple nutɔtɔamewo me. (Romatɔwo 12:3; Petro I, 5:3) Esia hã ana kadodo nyui anɔ wo dome eye wòana woadzro Ŋɔŋlɔa ƒe aɖaŋuɖoɖowo me ahado ŋusẽ ameawo ƒe xɔse. Ðo ŋku edzi be, mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo hiãna ŋusẽdodo fiafia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.—Timoteo II, 3:1.

11. Nukatae ame geɖewo hiã ‘ŋusẽdodo’ egbea?

11 Afika kee míeɖale o, ameka kee míeɖanye o, alo ƒe nenie míeɖaxɔ o, mí katã míato xaxawo me ɣeaɖewoɣi le agbe me. Nenemae xexe si me míele egbea va zui. (Nyaɖeɖefia 12:12) Ŋutilã alo seselelãme ƒe fuɖename siawo doa míaƒe xɔse ƒe nyonyome kpɔna. Nɔnɔme sesẽwo ado mo ɖa le dɔme, le suku, le ƒomea me, alo le hamea me. Ate ŋu atso dɔléle sesẽ aɖe alo nya sesẽ aɖe si dzɔ ɖe ame dzi va yi gbɔ. Ne wò kpeɖeŋutɔ, hamemegã, alo xɔlɔ̃ aɖe tsɔ nya vavãwo kple nuwɔna nyuiwo de dzi ƒo na wò tufafatɔe la—aleke wofaa akɔe enye si! Enɔa abe ami fafɛ si wosi ɖe abi dzi ene! Eyata, ne ède dzesii be nɔviwò aɖe le nɔnɔme sia me la, do ŋusẽe. Alo ne kuxi sesẽ aɖe le tetem ɖe dziwo la, bia amesiwo dze le gbɔgbɔ me be woakpe ɖe ŋuwò.—Yakobo 5:14, 15.

Alesi Hamea Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

12. Nukae hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ nɔviawoe?

12 Hamea me tɔwo katã, kple ɖeviwo siaa, ate ŋu awɔ nane atsɔ ado ŋusẽ amewoe. Le kpɔɖeŋu me, ne èdea kpekpeawo kple gbeadzi edziedzi la, àto ema dzi atu amewo ƒe xɔse ɖo ŋutɔ. (Hebritɔwo 10:24, 25) Gome si nàkpɔ le subɔsubɔ kɔkɔe me ɣesiaɣi ɖoa kpe wò nuteƒewɔwɔ na Yehowa dzi heɖenɛ fiana be èle ŋudzɔ le gbɔgbɔ me metsɔ le kuxi siwo me tom nèle la me o. (Efesotɔwo 6:18) Numawo wɔwɔ ɣesiaɣi ate ŋu ado ŋusẽ amewo.—Yakobo 2:18.

13. Nukatae ame aɖewo ƒe dzo atsi, eye nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋui?

13 Ɣeaɖewoɣi la, agbemenuteɖeamedziwo alo kuxi bubuwo ate ŋu ana ame aɖewo nagbɔdzɔ alo magatsɔ dzo ɖe gbeadzidede ŋu o. (Marko 4:18, 19) Ðewohĩ míaganɔ amesiwo ƒe dzowo tsi la kpɔm le Kristotɔwo ƒe kpekpewo o. Ke hã, anɔ eme be lɔlɔ̃ na Mawu gakpɔtɔ le woƒe dzi me. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ ado ŋusẽ woƒe xɔsee? Hamemegãwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe to wo sasrãkpɔ me. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Woate ŋu abia tso hamea me tɔ bubuwo hã si be woana kpekpeɖeŋu. Sasrãkpɔ siawo siwo wowɔ le lɔlɔ̃ me la ate ŋu anye atike nyuie si ahiã, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, be woatsɔ ado ŋusẽ amesiwo gbɔdzɔ le xɔse me lae.

14, 15. Aɖaŋu kae Paulo ɖo ku ɖe ŋusẽdodo amewo ŋu? Gblɔ hame aɖe si wɔ aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔ ƒe kpɔɖeŋu.

14 Biblia xlɔ̃ nu mí be “mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ðewohĩ ‘dzikatsoƒoetɔ’ siawo kpɔe be dzi le ɖeɖem le yewo ƒo eye be yewomate ŋu aɖu nusiwo le kplamatse dom yewo la dzi kpekpeɖeŋu aɖeke maxɔmaxɔe o. Ðe nàte ŋu ana kpekpeɖeŋu ma? Woɖe nyagbɔgblɔ si nye “mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo” gɔme be “woalé ɖe” alo “aku ɖe” gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo “ŋu vevie.” Yehowa dea asixɔxɔ eƒe alẽwo katã ŋu eye wòlɔ̃a wo hã. Mebua wo nu tsɛ aɖewoe o, eye medi be wo dometɔ aɖeke natra o. Ðee nàte ŋu akpe ɖe hamea ŋu be “woalé ɖe” amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la “ŋu vevie” halase esime ŋusẽ nagaɖo wo ŋua?—Hebritɔwo 2:1.

15 Hamemegã aɖe yi ɖasrã atsu kple asi aɖe siwo magatsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu o anye ɣleti ade la kpɔ. Hamemegã la ŋlɔ bena: “Alesi hame bliboa tsɔ ɖe le eme na wo dɔmenyotɔe kple lɔlɔ̃tɔe la wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be eʋã wo be wotrɔ gbɔ va alẽha la me.” Aleke nɔvinyɔnu si me dzo meganɔ ɣeaɖeɣi o la se le eɖokui me le hamea me tɔwo ƒe sasrãkpɔwo ŋu? Egblɔ azɔ be: “Nusi kpe ɖe mía ŋu be dzo gaɖo mía me akee nye be nɔviŋutsu siwo va srã mí kpɔ kple nɔvinyɔnu siwo kpe ɖe wo ŋu va la dometɔ aɖeke mebu fɔ mí loo alo henya ɖe mía ŋu o. Ke boŋ wose nu gɔme na mí hetsɔ Ŋɔŋlɔawo me nyawo de dzi ƒo na mí.”

16. Amekae le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe amesiwo hiã ŋusẽdodo la ŋu?

16 Ẽ, Kristotɔ vava dina vevie be yeado ŋusẽ ame bubuwo. Eye ne nɔnɔmewo le tɔtrɔm le míaƒe agbe me la, ɖewohĩ mía nɔviwo hã ava do ŋusẽ mí. Gake, le nyateƒe me la, ate ŋu adzɔ be ne míele nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, míakpɔ ame aɖeke wòado ŋusẽ mí o. Ke hã, Ŋusẽtsoƒe aɖe ya li, si li ɣesiaɣi eye wòlɔ̃ faa be yeana kpekpeɖeŋu mí ɣeawokatãɣi—eyae nye Yehowa Mawu.—Psalmo 27:10.

Yehowa​—Ŋusẽtsoƒe si Ƒo Ðesiaɖe Ta

17, 18. Mɔ kawo nue Yehowa do ŋusẽ Via, Yesu Kristo, le?

17 Esime woklã Yesu ɖe atia ŋu la, edo ɣli be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” (Luka 23:46) Eye wòku. Gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, wòlée eye exɔlɔ̃ veviwo gblẽe ɖi hesi dzo le vɔvɔ̃ ta. (Mateo 26:56) Yesu tsi anyi eye Ŋusẽtsoƒe ɖeka pɛ—Fofoa si le dziƒo—koe susɔ nɛ. Ke hã, eƒe kaka ɖe Yehowa dzi mezu dzodzro o. Yehowa ŋutɔ kpe ɖe Yesu ŋu nuteƒewɔwɔtɔe tsɔ ɖo nuteƒe si wòwɔ na Fofoa teƒe nɛ.—Psalmo 18:26; Hebritɔwo 7:26.

18 Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa katã me la, Yehowa na nusiwo Via hiã bene wòate ŋu alé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi lae vaseɖe eƒe gbɔgbɔ mamlɛa dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ, si wòtsɔ dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔmee, megbe teti la, ese Fofoa ƒe gbe wògblɔ be Yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòɖo kpe Eƒe lɔlɔ̃ dzi nɛ. Esime Yesu hiã kpekpeɖeŋu la, Yehowa dɔ mawudɔlawo ɖo ɖa be woava do ŋusẽe. Esime Yesu dze ŋgɔ eƒe dodokpɔ sesẽtɔ le eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ƒe nuwuwu me la, Yehowa ɖo to se eƒe kokoƒoƒowo kple kukuɖeɖewo. Esiawo katã ado ŋusẽe godoo.—Marko 1:11, 13; Luka 22:43.

19, 20. Aleke míate ŋu aka ɖe edzii be Yehowa ado ŋusẽ mí le míaƒe hiãɣiwo?

19 Yehowa di hã be yeanye míaƒe Ŋusẽtsoƒe gãtɔ kekeake. (Kronika II, 16:9) Ŋusẽwo katã Tsoƒe vavã la ate ŋu ava zu ŋusẽdoamela le míaƒe hiãɣiwo. (Yesaya 40:26) Aʋawɔwɔ, hiãkame, dɔléle, ku, alo mía ŋutɔwo ƒe blibomademade ate ŋu ana nu nati kɔ na mí vevie. Ne agbe me tetekpɔwo zu “futɔ kako” hele mía dzi kpem la, Yehowa ate ŋu anye míaƒe ŋusẽ kple míaƒe ŋutete. (Psalmo 18:18; Mose II, 15:2) Kpekpeɖeŋunu sẽŋu aɖe le esi na mí—eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea. Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔa dzi ado ‘ŋusẽ ame beliwo’ ale be ‘woaɖɔ li fu abe hɔ̃ ene.’—Yesaya 40:29, 31.

20 Mawu ƒe gbɔgbɔa nye ŋusẽ si sẽ wu ɖesiaɖe le xexeame godoo. Paulo gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.” Ẽ, míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la ate ŋu ana “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la” mí bene míate ŋu ado dzi le kuxi sesẽwo katã me vaseɖe esime wòawɔ “nuwo katã yeye” le Paradiso si ƒe ŋugbe wòdo, si tu aƒe ŋutɔ la me.—Filipitɔwo 4:13; Korintotɔwo II, 4:7; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Vine’s Complete Expository Dictionary of Old and New Testament Words, si W. E. Vine ŋlɔ gblɔ be: “Nya [pa·re·go·riʹa] ƒe dɔwɔnya fia atike siwo ɖea vevesese dzi kpɔtɔna. (‘Paregoric,’ le Eŋlisigbe me).”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke nɔvi siwo le Roma ɖee fiae be yewonye ‘ŋusẽdoamelawo’ na Paulo?

• Mɔ kawo nue míate ŋu anye ‘ŋusẽdoamelawo’ le le hamea me?

• Alekee Yehowa nye míaƒe Ŋusẽtsoƒe si ƒo ɖesiaɖe ta?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Nɔviwo ɖee fia be yewonye ‘ŋusẽdoamelawo’ na Paulo to alɔdodo, dzidedeƒo, kple dɔ tsɔtsɔ nɛ nuteƒewɔwɔtɔe me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Hamemegãwo xɔa ŋgɔ le ŋusẽdodo alẽhaa me