Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Sɔhɛwo, Miele Dzadzram Ðo Ðe Etsɔme Ŋua?

Sɔhɛwo, Miele Dzadzram Ðo Ðe Etsɔme Ŋua?

Sɔhɛwo, Miele Dzadzram Ðo Ðe Etsɔme Ŋua?

“Menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mɔ kpɔm na la mi.”​—YEREMYA 29:11.

1, 2. Nɔnɔme vovovo kawoe doa mo ɖa le sɔhɛmenɔɣi?

AME tsitsi geɖewo bua sɔhɛmenɔɣi be enye ɣeyiɣi tɔxɛ aɖe le ame ƒe agbe me. Woɖoa ŋku ŋusẽ kple dzonɔameme si nɔ wo ŋu le woƒe sɔhɛmenɔɣi dzi. Woɖoa ŋku ɣemaɣi si agbanɔamedzi ʋɛ aɖewo koe nɔ wo dzi, ɣeyiɣi si me dzi dzɔ wo le agbe me vevie eye mɔnukpɔkpɔ gbogbo geɖewo nɔ ʋuʋu ɖi na wo la dzi.

2 Anɔ eme be nukpɔsusu si to vovo na emae le mi sɔhɛwo ya si. Ðewohĩ tenɔnɔ ɖe seselelãme kple ŋutilã me tɔtrɔ siwo vana le sɔhɛmenɔɣi nu asesẽ na mi. Anɔ eme be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu sẽ ŋutɔ le suku. Anyo be miadze agbagba aɖoe kplikpaa agbe nu le atikevɔ̃ɖizazã, ahamumu, kple agbegbegblẽnɔnɔ gbɔ. Wotia mia dometɔ geɖewo hã yome ɖe miaƒe akpaɖekedzimademade alo nya bubu siwo ku ɖe miaƒe xɔse ŋu ta. Ẽ, sɔhɛmenɔnɔ sẽna ŋutɔ. Ke hã, sɔhɛmenɔɣi ʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖi na ame. Nyabiasea nye, Aleke nàzã mɔnukpɔkpɔ siawoe?

Kpɔ Dzidzɔ le Wò Sɔhɛmenɔɣi

3. Aɖaŋuɖoɖo kple nuxlɔ̃ame kawoe Salomo na sɔhɛwo?

3 Tsitsiawo agblɔ na wò be sɔhɛmenɔɣi nu va yina kaba, eye wònye nyateƒe hã. Le ƒe ʋɛ aɖewo ko megbe la, màganye sɔhɛ o. Eyata kpɔ dzidzɔ esi nèkpɔtɔ nye sɔhɛ! Aɖaŋu mae Fia Salomo ɖo, eŋlɔ bena: “Ðekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu.” Gake Salomo xlɔ̃ nu sɔhɛwo be: “Ðe dziku ɖa le wò dzi ŋu, eye vɔ̃ neƒo asa na wò ŋutilã.” Egblɔ kpee be: “Ðekakpui me nɔnɔ kple ŋutsu me nɔnɔ toflokowoe.”—Nyagblɔla 11:9, 10.

4, 5. Nukatae susu le eme be sɔhɛwo nadzra ɖo ɖe etsɔme ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Èse Salomo ƒe nyawo gɔmea? Le kpɔɖeŋu me, bu sɔhɛ aɖe si wona ga gbogbo aɖee, ɖewohĩ eƒe domenyinue, la ŋu kpɔ. Nukae wòatsɔe awɔ? Ate ŋu azã ga la katã atsɔ aɖu agbee—abe alesi vi nudomegblẽla si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me wɔe ene. (Luka 15:11-23) Gake nukae adzɔ ne gaa vɔ? Ðikekemanɔmee la, ate ɖe edzi be yemezãe le nunya me o! Le go bubu me la, tsɔe be ezã ga la tsɔ wɔ nusi aɖe vi nɛ le etsɔme, ɖewohĩ ezã akpa gãtɔ nunyatɔe. Mlɔeba ne ele viɖe kpɔm tso nusi wòzã gaa tsɔ wɔe me la, ɖe nèbu be ate ɖe edzi be yemezã yeƒe ga la katã tsɔ ɖu agbee le yeƒe sɔhɛmenɔɣi oa? Mate ɖe edzi gbeɖe o!

5 Bu wò sɔhɛmenɔɣia be enye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ, si mele be woaƒo asi o. Aleke nàzãe? Àte ŋu azã wò dzɔdzɔmeŋusẽ kple dzonɔamemea katã ɖe agbeblibaɖuɖu ŋu, anɔ agbea ɖum ɣeawokatãɣi etsɔme ŋu mabumabui. Gake ne ènɔ agbe nenema la, ‘wò sɔhɛ me nɔnɔ kple wò ɖekakpui alo ɖetugbi me nɔnɔ anye tofloko.’ Vi ka gbegbe nye esi wòaɖe ne èzã wò sɔhɛmenɔɣia tsɔ dzra ɖo ɖe etsɔme ŋui!

6. (a) Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo kae afia mɔ sɔhɛwo? (b) Nukae Yehowa di be yeawɔ na sɔhɛwo, eye aleke esia ate ŋu aɖe vi na sɔhɛe?

6 Salomo gblɔ gɔmeɖose aɖe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàzã wò sɔhɛmenɔɣia le nunya me. Egblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” (Nyagblɔla 12:1) Toɖoɖo Yehowa, kple eƒe sededewo dzi wɔwɔe—naa nu dzea edzi na ame. Yehowa gblɔ nusi wòdi be yeawɔ na blema Israel-viwo la na wo be: “Menya tame, si meɖo ɖe mia ŋu la, ŋutifafa ƒe tamee, eye menye dzɔgbevɔ̃e ƒe tame o, ne mana nuwuwu, si miele mɔ kpɔm na la mi.” (Yeremya 29:11) Yehowa adi hã be yeana ‘etsɔme kple mɔkpɔkpɔ nyuie aɖe’ wò. Ne èɖo ŋku edzi le wò nuwɔnawo, tamesusuwo, kple nyametsotsowo me la, etsɔme kple mɔkpɔkpɔ ma ava eme na wò.—Nyaɖeɖefia 7:16, 17; 21:3, 4.

‘Te Ðe Mawu Ŋu’

7, 8. Aleke sɔhɛ aɖe ate ŋu ate ɖe Mawu ŋui?

7 Yakobo de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋku Yehowa dzi esi wòxlɔ̃ nu mí be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Yehowae nye Wɔla, Dziɖulagã si le dziƒo, si dze na tadedeagu kple kafukafuwo katã. (Nyaɖeɖefia 4:11) Gake ne míete ɖe eŋu la, eya hã ate ɖe mía ŋu. Ðee ɖetsɔleme sia si me lɔlɔ̃ le mena be wò dzi dze eme ŋutɔ oa?—Mateo 22:37.

8 Míetena ɖe Yehowa ŋu le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ be: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada.” (Kolosetɔwo 4:2) Ne míagblɔe bubui la, gbedodoɖa nezu numame na wò. Amen ɖeɖe le fofowò alo hati Kristotɔ aɖe ƒe ŋgɔxɔxɔ le gbedodoɖa le hamea me me megbe ɖeɖeko megasɔ gbɔ na wò o. Ðee nègblɔ wò dzimenyawo katã na Yehowa hegblɔ wò susu, nusi nèvɔ̃na, kple kuxi siwo me tom nèle ŋu nyawo nɛ kpɔa? Ðe nègblɔ nusiwo gbɔgblɔ na ame aɖe akpe ŋu na wò la nɛ kpɔa? Gbe siwo sɔ hetso wò dzime dodo ɖa ana be wò dzi adze eme. (Filipitɔwo 4:6, 7) Gbedodoɖawo kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu eye míasee le mía ɖokui me be ele tetem ɖe mía ŋu.

9. Aleke sɔhɛ ate ŋu aɖo to Yehowae?

9 Míede dzesi mɔ bubu aɖe si dzi míato ate ɖe Yehowa ŋu le nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me me be: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe na ɖokuiwò, ne nàdze nunya le ɣeyiɣi, siwo gbɔna me.” (Lododowo 19:20) Ẽ, ne èɖo to Yehowa hewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ke wò etsɔmee nye ma dzram nèle ɖo. Aleke nàte ŋu aɖee fia be yeɖoa to Yehowae? Ðikeke mele me o be èdea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi heɖoa to nu vovovo siwo míesrɔ̃na. Gakpe ɖe eŋu hã la, ‘èbua fofowò kple dawò’ to gomekpɔkpɔ kpli wo le ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ me. (Efesotɔwo 6:1, 2; Hebritɔwo 10:24, 25) Enyo ŋutɔ. Gake tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖee ‘nèdia ɣeyiɣi’ tsɔ dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, xlẽa Biblia edziedzi, hewɔa numekukua? Ðee nèdzea agbagba tsɔa nusiwo nèsrɔ̃na dea dɔwɔna me, si ana be nàwɔ nu abe ‘nunyala’ enea? (Efesotɔwo 5:15-17; Psalmo 1:1-3) Ne èwɔnɛ nenema la, ke èle tetem ɖe Yehowa ŋue nye ma.

10, 11. Viɖe gã kawoe sɔhɛwo kpɔna ne woɖo to Yehowa?

10 Biblia-gbalẽ si nye Lododowo ŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã dze eƒe nuŋlɔɖia gɔme kple taɖodzinu si le agbalẽa ŋu. Egblɔ be, “ne woadze nunya kple amehehe, eye woase nuƒoƒo nunyatɔwo gɔme, ne woaxɔ amehehe, si fiaa gɔmesese ame, dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ na ame ɖokui; ne gegemewo nadze aɖaŋu, eye ɖekakpuiwo nadze si nu, eye woabu tame.” (Lododowo 1:1-4) Le esia ta, ne èle Lododowo ƒe agbalẽa—kpakple Biblia ƒe akpa mamleawo—xlẽm hetsɔ emenyawo le dɔwɔna me dem la, àtu dzɔdzɔenyenye kple fɔmaɖimaɖi ɖo eye adzɔ dzi na Yehowa be nàte ɖe ye ŋu. (Psalmo 15:1-5) Zi alesi nèbua nu ŋu nyuie, heɖɔa ŋu ɖo, eye nèna be wò sidzedze de to ɖe edzi la, zi nenemae wò nyametsotsowo wɔwɔ anyo ɖe edzii.

11 Ðe wònye nusi gbɔ eme be woakpɔ mɔ be sɔhɛ nawɔ nu nunyatɔe le mɔ sia nua? Ao, elabena Kristotɔ sɔhɛ geɖewo le esia wɔm. Le susu sia ta la, amewo bua wo eye ‘womedoa vlo woƒe sɔhɛnyenye o.’ (Timoteo I, 4:12) Wo dzilawo gɔ̃ hã dana ɖe wo dzi, eye Yehowa be sɔhɛ siawo doa dzidzɔ na yeƒe dzi. (Lododowo 27:11) Togbɔ be wometsi o hã la, woka ɖe edzi be yewo ŋue nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me la ku ɖo be: ‘Lé ŋku ɖe ame maɖifɔ la ŋu, eye nàkpɔ ame dzɔdzɔe la ɖa, elabena ŋutifafae ame ma akpɔ le etsɔme.’—Psalmo 37:37.

Wɔ Tiatia Nyuiwo

12. Tiatia vevi siwo wòle be sɔhɛwo nawɔ dometɔ ɖeka ɖe, eye nukatae tiatia ma me tsonuwo nɔa anyi eteƒe didina?

12 Sɔhɛmenɔnɔ nye tiatiawo wɔɣi, eye tiatia siawo dometɔ aɖewo me tsonuwo nɔa anyi ɖaa. Tiatia siwo nàwɔ fifia dometɔ aɖewo akpɔ ŋusẽ ɖe dziwò le ƒe gbogbo siwo le ŋgɔ la me. Tiatia nyuiwo wɔwɔ na wokpɔa dzidzɔ henɔa agbe si me dzidzeme le. Tiatia manyomanyo wɔwɔ ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò le wò agbemeŋkekewo katã me. Bu alesi esia nye nyateƒee le tiatia eve siwo wòle be nàwɔ me ŋu kpɔ. Gbã: Amekae nàtia wòanye wò zɔhɛ? Nukatae esia le vevie? Lododo si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Ne míagblɔe bubui la, míaƒe nɔnɔme va nɔna abe amesiwo míezɔna kplii tɔ ene mlɔeba—nɔnɔme nyuia loo alo gbegblẽa. Kae nàtia?

13, 14. (a) Tsɔ kpe ɖe hadede kple amewo tẽ ŋu la, nuka hãe hadede lɔ ɖe eme? (b) Vodada kae wòle be sɔhɛwo naƒo asa na?

13 Ne èbu hadede ŋu la, ɖewohĩ amewo dome nɔnɔ koe ava susu me na wò. Nyateƒee wònye, gake elɔ nu geɖe ɖe eme wu ema. Ne èle television dzi wɔna aɖe kpɔm, le ha sem, le agbalẽ aɖe xlẽm, le sinima aɖe kpɔm, alo nèle nyatakaka aɖe dim le Internet dzi la, hae nye ma dem nèle. Ne ŋutasẽnu kple agbegbegblẽnɔnɔ yia edzi le wɔna mawo me, alo wòdea atikevɔ̃ɖizazã, ahatsunono, alo nuwɔna aɖe si tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu ƒe dzi ƒo la, ke èle ha dem kple “abunetɔwo,” amesiwo wɔa nu abe ɖee Yehowa meli o ene.—Psalmo 14:1.

14 Ðewohĩ abui be esi wònye yedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hewɔa dɔ le hamea me ta la, sinima si me woɖea ŋutasẽnuwɔnawo le kpɔkpɔ alo ha si nya se evɔ eƒe hagbewo ƒaƒã la sese makpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe ye dzi o. Ðewohĩ asusui be ne yefi amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔ le Internet dzi la, magblẽ naneke le ye ŋu o. Apostolo Paulo le gbɔgblɔm na wò be èble ɖokuiwò. Ebe: “Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Nublanuitɔe la, Kristotɔ sɔhɛ geɖe siwo le agbagba dzem hafi la ƒo wo ɖokui ɖe hadede vɔ̃wo me eye wogblẽ nu le woƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu. Eyata dze agbagba vevie nàgbe nu le hadede mawo tɔgbe gbɔ. Ne èwɔe nenema la, ke èle wɔwɔm ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.”—Romatɔwo 12:2.

15. Tiatia evelia kae wòle be sɔhɛwo nàwɔ, eye aleke woƒoa nya ɖe wo nui le ewɔwɔ me?

15 Tiatia evelia si dze ŋgɔ wòe nye esi. Ɣeyiɣi aɖe aɖo si me wòahiã be nàwɔ nyametsotso le dɔ si nàdi be yeawɔ ne èwu suku nu ŋu. Ne èle dukɔ aɖe si me dɔwɔɖui kpɔkpɔ sesẽ le me la, alesi nɔnɔmea le aƒoe ɖe nuwò be nàdi be yeawɔ dɔ si me yeakpɔ ga geɖe tsoe. Ne dukɔ si me nuwo de ame dzi mee nèle la, ɖewohĩ dɔ geɖe anɔ anyi si me nàte ŋu atia esi nàdi be yeawɔ le eye wo dometɔ aɖewo adzro wò vevie. Ðewohĩ wò nufialawo alo dziwòlawo atsɔ susu nyui aƒoe ɖe nuwò be nàsrɔ̃ sukunu aɖe si ana nàkpɔ dɔ nyui si me ga geɖe, ɖewohĩ kesinɔnuwo gɔ̃ hã, le la awɔ. Gake hehe si nàxɔ hena dɔ ma wɔwɔ ate ŋu ana be màkpɔ ɣeyiɣi na Yehowa subɔsubɔ o.

16, 17. Ðe alesi ŋɔŋlɔ vovovowo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋui be dɔwɔɖui ƒe nukpɔsusu si da sɔ nasu esi me.

16 Ele be míabu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu hafi awɔ nyametsotsowo. Biblia de dzi ƒo na mí be míawɔ dɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui dzi, si le fiafiam be mía ŋutɔwoe awɔ dɔ atsɔ akpɔ míaƒe agbemenuhiahiãwo gbɔe. (Tesalonikatɔwo II, 3:10-12) Gake ehiã be míabu nu bubu aɖewo hã ŋu ne míele dɔ si míedi be míawɔ la tiam. Míele dzi dem ƒo na wò be nàxlẽ ŋɔŋlɔ siwo gbɔna ahade ŋugblẽ le wo ŋu nyuie le alesi woate ŋu akpe ɖe sɔhɛ ŋu be wòada asɔ ne ele agbemedɔ si wòdi be yeawɔ la tiam: Lododowo 30:8, 9; Nyagblɔla 7:11, 12; Mateo 6:33; Korintotɔwo I, 7:31; Timoteo I, 6:9, 10. Le mawunyakpukpui siawo xexlẽ vɔ megbe la, ɖee nèkpɔ Yehowa ƒe nukpɔsusu le dɔ si nàtia ŋua?

17 Dɔwɔɖui megava nɔ vevie na mí ale gbegbe be wòavu atsyɔ míaƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Yehowa dzi gbeɖe o. Ne àte ŋu akpɔ dɔ nyui aɖe awɔ le wò sekɛndrisuku dede vɔ megbe la, ke enyo ŋutɔ. Ne ehiã be nàgade suku bubu akpee la, ke dzro eme kple dziwòlawo. Gake mègaŋlɔ ‘nusiwo le vevie wu’—si nye gbɔgbɔmenuwo—be o. (Filipitɔwo 1:9, 10) Mègawɔ vodada si Barux, Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla la, wɔ o. Barux megava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖe subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su esi la ŋu o, eye ‘wònɔ nu gãwo dim na eɖokui.’ (Yeremya 45:5) Eŋlɔ be bena ‘nu gã’ si yeadi le xexe sia me mana be yeate ɖe Yehowa ŋu loo alo akpe ɖe ye ŋu be yeatsi agbe le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ me o. Nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi egbea.

Kpɔ Ŋudzedze Ðe Gbɔgbɔmenuwo Ŋu

18, 19. (a) Nuka ƒe dɔe le ame geɖe wum, eye aleke wòle be nàse le ɖokuiwò me na woe? (b) Nukatae gbɔgbɔmedɔ mewua ame geɖe o?

18 Èkpɔ ɖevi siwo le dukɔ siwo me dɔ to le vevie ƒe tatawo le nyadzɔdzɔkakamɔnuwo me kpɔa? Ne èkpɔe kpɔ la, ɖikeke mele eme o be woƒe nu wɔ nublanui na wò. Ðe mia havi bubuwo ƒe nu wɔa nublanui na wò nenema kea? Nukatae wòle be woƒe nu nawɔ nublanui na wò? Elabena dɔ le wo dometɔ akpa gãtɔ hã wum. Dɔ si ŋu nya Amos gblɔ ɖi lae le wo wum, be: “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ŋkekewo li gbɔna, eye maɖo dɔwuame ɖe anyigba dzi, ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.”—Amos 8:11.

19 Nyateƒee, ame akpa gãtɔ si gbɔgbɔmedɔ sia le wuwum la ‘metsɔ ɖeke le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me o.’ (Mateo 5:3) Ame geɖewo mele gbɔgbɔmedɔwuame sia sem o. Wo dometɔ aɖewo asusui gɔ̃ hã be yewoɖi ƒo. Gake ne woɖi ƒo hã la, numaɖinu, si dometɔ aɖewoe nye ŋutilãmenudidi, ŋgɔyiyi le dzɔdzɔmeŋutinunya me, agbenyuinɔnɔ ŋuti nukpɔsusuwo, kple bubuawo, si ɖum wole eye wònye “xexe sia me ƒe nunya” tae. Ame aɖewo susui be egbegbe “nunya” wɔe be Biblia me nufiafiawo zu tsigãdzi nu. Gake “xexeame metsɔ ye ŋutɔ ƒe nunya dze si Mawu o.” Xexeme ƒe nunya makpe ɖe ŋuwò be nàte ɖe Mawu ŋu o. ‘Bometsitsi koe wònye le Mawu gbɔ.’—Korintotɔwo I, 1:20, 21; 3:19.

20. Nukatae susu mele eme o be míadi be míasrɔ̃ amesiwo mesubɔa Yehowa o ƒe agbenɔnɔ?

20 Ne èkpɔ ɖevi dɔwuitɔ ƒe fotoawo la, ɖe nàdi be yeava nɔ abe woawo ene gbaɖegbea? Màdi gbeɖe o! Ke hã, sɔhɛ aɖewo siwo le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me ɖee fia be yewodi be yewoanɔ abe gbɔgbɔmedɔwuitɔ siwo dome yewole la ene. Anɔ eme be sɔhɛ mawo le esusum be sɔhɛ siwo le xexeame la vo hewɔa nusianu si dze wo ŋu eye woɖua agbe gɔ̃ hã. Woŋlɔ be bena, sɔhɛ mawo tra ɖa tso Yehowa gbɔ. (Efesotɔwo 4:17, 18) Woŋlɔ gbɔgbɔmedɔwuame me tsonu vɔ̃ɖiawo hã be. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ƒewuiviwo ƒe gbɔmeyafufɔfɔ kpakple ŋutilã kple seselelãme me kuxi siwo dona tsoa agbegbegblẽnɔnɔ, atamanono, ahamumu, kple atikevɔ̃ɖizazã me. Gbɔgbɔmedɔwuame nana be wodzea aglã, mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame, eye wòwɔnɛ be tameɖoɖo menɔa agbe ŋu o.

21. Aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae tso amesiwo mesubɔa Yehowa o ƒe nɔnɔme gblẽkuawo mee?

21 Eyata ne èle amesiwo mesubɔa Yehowa o dome le suku la, mègana woƒe nuwɔnawo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. (Korintotɔwo II, 4:18) Ame aɖewo agblɔ nya tovowo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo agblɔ ameflunyawo atsɔ aɖee fia be naneke megblẽ le agbegbegblẽnɔnɔ, ahamumu, alo aɖɔnyawo gbɔgblɔ ŋu o. Mègana nukpɔsusu gbegblẽ siawo nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Yi edzi nànɔ ha dem kple amesiwo lé “xɔse kple dzitsinya nyui ɖe asi.” Do vevie nu ɣeawokatãɣi le “Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ” me. (Timoteo I, 1:19; Korintotɔwo I, 15:58) Nɔ gbeadzi kple kpekpeawo dem le Fiaɖuƒe Akpata me edziedzi. Wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi le wò sukudeɣiwo. Wɔ nusiawo nàtsɔ ado ŋusẽ wò gbɔgbɔmemenyenyee, eye ana be nànɔ ŋute ɣeawokatãɣi.—Timoteo II, 4:5.

22, 23. (a) Nukatae sɔhɛ Kristotɔ ƒe nyametsotso siwo wòwɔna zi geɖe la gɔme menya se na amewo o? (b) Nuka ƒe dzie wode ƒo na sɔhɛwo be woawɔ?

22 Ne ètsɔ gbɔgbɔmenukpɔsusuwo bu nuwo ŋui la, ana be nàwɔ nyametsotso aɖewo siwo gɔme amewo mase o. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui Kristotɔ aɖe nya hadzidzi nyuie eye wònya agbalẽ hã ŋutɔ. Gake esi wòdo le suku la, eva kpe asi ɖe fofoa ŋu le dɔwɔƒewo ƒe fesrewo ŋu kɔklɔ me ale be wòate ŋu awɔ dɔ si wòtia be yeawɔ si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ, alo mɔɖeɖedɔ. Eƒe nufialawo mese susu si tae wòwɔ nyametsotso ma gɔme gbeɖe o, gake ne ète ɖe Yehowa ŋu la, míeka ɖe edzi be àse susu si tae la gɔme.

23 Esi nèle alesi nàzã wò sɔhɛ me ŋutete ŋu bum la, ‘dze agbagba nàtu gɔmeɖoɖoanyi nyui ɖo hena ɣeyiɣi si gbɔna, bene wò asi nasu agbe vavã la dzi.’ (Timoteo I, 6:19) Ðoe kplikpaa be ‘nàɖo ŋku Wɔwòla Gã la dzi’ le wò sɔhɛmenɔɣi—kple le wò agbemeŋkekewo katã me. Ema koe anye mɔ si dzi nàto adzra ɖo ɖe etsɔme si ana dzidzeme wò, si nuwuwu manɔe na gbeɖe o, la ŋu.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me kae kpena ɖe sɔhɛwo ŋu ne wole dzadzram ɖo ɖe nusi woawɔ le etsɔme ŋu?

• Mɔ siwo dzi sɔhɛwo ate ŋu ato ‘ate ɖe Mawu ŋu’ la dometɔ aɖewo ɖe?

• Nyametsotso siwo sɔhɛ aɖe awɔ si akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe etsɔme dzi la dometɔ aɖewo ɖe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Ðe nàzã wò sɔhɛmeŋusẽ kple dzonɔamemea katã atsɔ ati wò ŋutɔ wò dzodzrowo ko yomea?

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Gbɔgbɔmenuwo nɔa vevie na Kristotɔ sɔhɛ siwo wɔa nu le nunya me