Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Togbɔ Be Metsi Ŋku Hã La, Nye Ŋkuwo Ʋu!

Togbɔ Be Metsi Ŋku Hã La, Nye Ŋkuwo Ʋu!

Agbemeŋutinya

Togbɔ Be Metsi Ŋku Hã La, Nye Ŋkuwo Ʋu!

ABE ALESI EGON HAUSER GBLƆE ENE

Le ŋkutsitsi ɣleti eve megbe la, nye ŋkuwo ʋu ɖe Biblia me nyateƒe siwo dzi meŋe aɖaba ƒui le nye agbe me katã la ŋu.

NE MEBU ƒe 70 kple edzivɔ siwo va yi ŋu la, nye agbenɔnɔ ƒe akpa geɖe naa nye dzi dzea eme. Gake ne ɖee mate ŋu atrɔ nane la, anye ne madi be manya nu tso Yehowa Mawu ŋu kaba wu le nye agbe me.

Wodzim le ƒe 1927 me le Uruguay, si nye dukɔ sue aɖe si ƒe nɔnɔmetata ɖi peya tɔ eye wòle Argentina kple Brazil dome eye dzɔdzɔme ɖo atsyɔ na eƒe Atlantik-ƒuta si didi kilometa geɖe la. Italy kple Spain tɔ siwo ʋu yi afima la ƒe dzidzimeviwoe afimatɔwo nye koŋ. Gake dzinyelawo nye Hungarytɔ siwo ʋu yi afima, eye le nye ɖevi me la, míenɔ nuto tsɛ aɖe si me wowɔa nu ɖekae le la me. Mehiã be míade gametiwo ʋɔtruwo me loo alo ade gakpowo míaƒe fesrewo me o. Nazãbubu ɖe ameƒomevi aɖewo ŋu menɔ mía dome o. Mí katã—amedzrowo kple dumeviwo, ameyibɔwo kple yevuwo—míenye xɔlɔ̃wo.

Dzinyelawo nye Katolikotɔ veviedonulawo, eye meva zu misasubɔvi esime mexɔ ƒe ewo. Esi metsi la, menɔ [Katoliko] hame aɖe si nɔ nutoa me la me eye menye ƒuƒoƒo aɖe si dzi wotona tena ɖe bisiɔp si le nutoa me ŋu me tɔ. Esi wònye be ɖɔktae menye ta la, wokpem be makpɔ gome le takpekpe aɖe si Katoliko-ha la na wowɔ le Venezuela me. Esi míenye ɖɔkta siwo daa nyɔnuwo ƒe dɔwo koŋ ta la, wobia tso ƒuƒoƒo si me mele la si be míasrɔ̃ nu tso fufɔfɔnutsitikekui siwo womina, siwo tom wonɔ vɛ ɣemaɣi la ŋu.

Atikewɔwɔŋutinusɔsrɔ̃ ƒe Seselelãme Gbãtɔwo

Esime megakpɔtɔ nye atikeŋutinusrɔ̃la henɔ nu srɔ̃m tso ametia ŋu la, nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi wowɔ ametia le nunya mee ŋu vanɔ to dem ɖe edzi ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, alesi ŋutilãa ŋutɔ te ŋu daa gbe le eɖokui ŋu hehayana tsoa nuveviwɔamewo me, abe alesi aklã alo agbaƒuti aɖewo gate ŋu ɖɔna ɖo ɖoa woƒe lolome tututu le woƒe akpa aɖe kpakpa le wo ŋu vɔ megbe ene, la wɔ nuku nam ŋutɔ.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, mekpɔ ame geɖe siwo dze afɔku gãwo, eye woƒe kuku le ʋudodo ta na melé blanui. Va ɖo egbea la, megaɖoa ŋku alesi nuƒoƒo kple dɔnɔ siwo ku le ʋudodokuxiwo ta la ƒe ƒometɔwo nyea nu sesẽe dzi. Zi geɖe la, wometoa nyateƒe na ƒometɔawo be ʋudodoe wu woƒe ame vevi la o. Ke boŋ wogblɔa nya bubuwo na wo. Togbɔ be ƒe geɖe va yi hã la, megaɖoa ŋku alesi nyemevona le ɖokuinye me le ʋudonyawo me o, eye meva ƒo nya ta mlɔeba be nane gblẽ le nuwɔna ma ŋu, la dzi. Ame aɖee kpɔ be ɖee menya Yehowa ƒe se ku ɖe ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu do ŋgɔ! Anye ne nyemeke ɖi le nusi mekpɔ wonɔ wɔwɔm la ŋu o.—Dɔwɔwɔwo 15:19, 20.

Dzidzemekpɔkpɔ tso Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Me

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva zu amekola kple dɔdada ŋuti kpekpeɖeŋu naƒe aɖe dzikpɔla le Santa Lucía. Mewɔa dɔwo hã le Dukɔa ƒe Nugbagbeŋutinunya Srɔ̃ƒea. Esia na mekpɔ dzidzeme geɖe. Mekpe ɖe dɔnɔwo ŋu, ɖe woƒe vevesesewo dzi kpɔtɔ, ɖe amewo ƒe agbe le go geɖe me, hena agbe yeyewo dzɔ ɖe xexeame to kpekpe ɖe vinɔwo ŋu le woƒe vidzidzi me. Le nusiwo teƒe mekpɔ do ŋgɔ le ʋudonyawo me ta la, meƒo asa na ezazã hewɔ dɔ akpe gbogbo aɖewo ʋumazãmazãe. Mebui be ʋu ƒe ɖuɖu le ame ŋu le ko abe gago si le ɖuɖum ene. Egbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔe nye be woatre gbagbãƒea, ke menye be woayi edzi anɔ tsi kɔm ɖe eme o.

Dɔnɔ Siwo Nye Ðasefowo Gbɔ Kpɔkpɔ

Esime Yehowa Ðasefowo te míaƒe kɔdzi vava le ƒe 1960-awo me, be woawɔ dɔ na yewo ʋumadomadoe lae, mete wo nyanya. Nyemaŋlɔ dɔnɔ ɖeka aɖe, si nye mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla) si woyɔna be Mercedes Gonzalez, be akpɔ gbeɖe o. Ʋu vɔ le lãme nɛ ale gbegbe be ɖɔkta siwo le yunivɛsitia ƒe kɔdzi metee kpɔ gɔ̃ hã be yewoawɔ dɔ nɛ o, elabena woka ɖe edzi godoo be matsi agbe o. Togbɔ be ʋu nɔ ɖuɖum le eŋu hã la, míewɔ dɔ nɛ le míaƒe kɔa dzi. Eto eme do dedie, eye wòyi mɔɖeɖedɔa dzi ƒe 30 kple edzivɔwo, vaseɖe esime wòxɔ ƒe 86 hafi ku nyitsɔ laa.

Lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si Ðasefoawo ɖena fiana ne wole wo nɔvi Kristotɔ siwo woxɔ ɖe kɔdzi gbɔ kpɔm la wɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi. Ne mele tsatsam le dɔnɔawo dzi la, dze siwo woɖona tso woƒe dzixɔsewo ŋu la sese dzɔa dzi nam, eye mexɔa agbalẽ siwo wonanam la. Nyemebui kpɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, menye woƒe ɖɔkta koe manye o ke boŋ woƒe gbɔgbɔmenɔvi hãe.

Meva do ƒome kple Ðasefoawo kplikplikpli wu esime meɖe Beatriz, si nye dɔnɔ aɖe ƒe vinyɔnuvi. Eƒe ƒomea me tɔ akpa gãtɔ nɔ ha dem kple Ðasefoawo, eye le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe la, eya hã va zu Ðasefo veviedola. Gake nye ya meƒo ɖokuinye ɖe nye dɔ me vĩ eye ɖoƒe gã aɖe va su asinye le dɔdanyawo me. Edze abe agbe nɔ vivim ene. Nyemenya kura be eteƒe madidi hafi nye dzidzɔkpɔkpɔa nu atsi o.

Afɔku aɖe Dzɔ

Nu vɔ̃ɖi siwo ate ŋu dzɔ ɖe amekola dzi dometɔ ɖekae nye be wòatsi ŋku. Eyae dzɔ ɖe dzinye. Enumake la, abi ɖo nye ŋku ka eveawo siaa ŋu—metsi ŋku eye nyemenya nenye be magate ŋu ava kpɔ nu o. Le dɔwɔwɔ nam megbe la, wobla nye ŋku eveawo eye metsi aba dzi helé blanui vivie. Mese le ɖokuinye me be metsi asi eye mɔkpɔkpɔ bu ɖem ale gbegbe be meɖoe be maɖe nye agbe ɖa. Esi wònye be menɔ dzisasrã etɔ̃lia dzi ta la, meɖi le aba dzi henɔ asi tsam gli ŋu henɔ agbagba dzem be maɖo fesrea nu. Ðe medi be mati kpo adze anyi aku. Gake, meyi ɖado ɖe kɔa dzi ƒe xɔdomemɔa me, eye dɔnɔdzikpɔla aɖe gakplɔm yi ɖe nye abaa gbɔe ake.

Nyemegatee kpɔ o. Gake le nye ŋkutsitsia me la, meyi edzi lé blanui eye dzi kuam kabakaba. Le ŋkutsiɣi sia me la, medo ŋugbe na Mawu be ne megate ŋu kpɔ nu ake la, maxlẽ Biblia bliboa. Mlɔeba la, nye ŋkuwo va ʋu vie, eye mete ŋu xlẽa nu. Ke hã, nyemegate ŋu yi amekokodɔa dzi o. Gake nya nyanyɛ aɖe le Uruguay wogblɔna be “No hay mal que por bien no venga,” “Naneke megblẽ nenema gbegbe be nu nyui aɖeke mate ŋu ado tso eme o.” Eteƒe madidi o makpɔ nyagbɔgblɔ ma ƒe nyateƒenyenye teƒe.

Egɔmedzedze ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu

Medi be maƒle The Jerusalem Bible, si wota eƒe nuŋɔŋlɔawo lolo la, gake mese be Biblia si mexɔ asi boo o la le Yehowa Ðasefowo si, si ɖekakpui Ðasefo aɖe bia be yeatsɔ avɛ nam le aƒeme. Esi ŋu ke la, etsɔ Biblia la vɛ. Srɔ̃nye ʋu ʋɔa heƒo nu kplii. Meblu tso xɔa me ɖaa be ne wonya xe fea nɛ ɖe Biblia ta ko la, mekpɔ mɔ aganɔ aƒea me o, nebu kaba, eye wòdzo enumake. Nyemenya kuraa be eteƒe madidi amesia tututu awɔ akpa vevi aɖe le nye agbe me o.

Gbeɖeka la, medo ŋugbe aɖe na srɔ̃nye si dzi nyemete ŋu wɔ ɖo o. Eyata be maɖo eteƒe nɛ ne dzi nadzɔe la, megblɔ be makplɔe ɖo ayi Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi si woɖuna ƒe sia ƒe la ɖuƒe. Esi ŋkekea ɖo la, meɖo ŋku nye ŋugbedodoa dzi heyi kplii. Xɔlɔ̃wɔwɔ si woɖe fiam kple alesi woxɔm la wɔ dɔ ɖe dzinye. Esime nuƒola la dze eƒe nuƒoa gɔme la, ewɔ nuku nam be makpɔ be ɖekakpui ma si ta meblu ɖo be wòado adzo le aƒenyeme lae. Eƒe nuƒoa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe, eye wòvem vevie be mewɔ nu ɖe eŋu adãtɔe. Aleke maɖɔ nusia ɖoe?

Mebia srɔ̃nye be wòakpee wòava ɖu fiẽnu kpli mí, gake eya doe ɖa be: “Mèbui be asɔ wu be ŋutɔ nakpee oa? Tɔ ɖe afisia ko, ele tete ge ɖe mía ŋu.” Nyateƒee wòto. Eva do gbe na mí eye wòlɔ̃ ɖe amekpekpea dzi dzidzɔtɔe.

Dze siwo míeɖo le fiẽ si me wòva srã mí kpɔ la dzie tɔtrɔ geɖe siwo mewɔ la dze egɔme tsoe. Etsɔ agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee * fiam, eye mehe agbalẽ ma tututu ƒe ade ɖe go fiae. Dɔnɔ vovovo siwo nye Ðasefowoe tsɔ wo nam le kɔa dzi, gake nyemexlẽ wo kpɔ o. Le nua ɖuɣi kple emegbe kakaka yiɖase ɖe zãtiƒe la, menɔ nyawo biam—eye wòtsɔ Biblia ɖo wo katã ŋu nam. Dzeɖoɖoa yi edzi kakaka va ɖo fɔŋli. Hafi ɖekakpuia nadzo la, ebia be yeazã Nyateƒe-gbalẽa atsɔ asrɔ̃ Biblia kplim. Míewu agbalẽa sɔsrɔ̃ nu le ɣleti etɔ̃ me eye míeyi nusɔsrɔ̃a dzi le agbalẽ si nye “Babylon the Great Has Fallen!” God’s Kingdom Rules! me. * Le ema megbe la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu eye mexɔ nyɔnyrɔ.

Sese le Ðokuinye me be Viɖe Gale Ŋunye Ake

Ŋku ŋutɔŋutɔ tsitsi wɔe be ‘nye dzime ŋkuwo’ ʋu ɖe Biblia me nyateƒe siwo dzi meŋe aɖaba ƒui va ɖo ɣemaɣi la ŋu! (Efesotɔwo 1:18) Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo si me lɔlɔ̃ le ŋuti sidzedze si va su asinye la trɔ nye agbe kuraa. Megava sena le ɖokuinye me azɔ be viɖe le ŋunye eye dzi dzɔam. Menaa kpekpeɖeŋu amewo le ŋutilã kple gbɔgbɔ me eye mefiaa alesi woawɔ anɔ agbe ayi ŋgɔ vie le nuɖoanyi sia me kple alesi woawɔ anɔ agbe yi ɖe mavɔmavɔ me le nuɖoanyi yeyea me la wo.

Meyi edzi le nu srɔ̃m tso alesi dɔdada va le tɔtrɔmee egbea ŋu, eye mewɔ numekuku le afɔku siwo le ʋudodo me, nusiwo woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe, dɔnɔwo ƒe gomenɔamesiwo, kple agbenɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo ŋu. Mɔnukpɔkpɔwo su asinye medzro numekuku siawo me kple ɖɔkta siwo le nutoa me esime wokpem be mava ɖe nusiawo me le ɖɔktawo ƒe kpekpewo me. Le ƒe 1994 me la, mede dɔdaɖaŋu siwo me womazã ʋu le o ƒe sewɔtakpekpe si wowɔ le Rio de Janeiro, Brazil, eye meƒo nu tso alesi woate ŋu alé ʋu ƒe ɖuɖu le ame ŋu nui ŋu. Nyaawo ƒe akpa aɖe dze le nyati aɖe si meŋlɔ, “Una propuesta: Estrategias para el Tratamiento de las Hemorragias” (“Ʋuɖuɖuleameŋu Nuléle ƒe Mɔnu Tɔxɛ”), si wota ɖe dɔdada ƒe magazine si nye Hemoterapia me.

Nuteƒewɔwɔ le Nyaƒoɖeamenu Me

Le gɔmedzedzea me la, dzɔdzɔmeŋutinunya dzi koŋue menɔa te ɖo kea ɖi le ʋudodo ŋu. Gake, esi nye ŋutɔ meva zu dɔnɔ hetsi kɔdzi la, mekpɔe be gbegbe be woagado ʋu nam o le ɖɔktawo ƒe nyaƒoɖeamenu sesẽwo me ale be malé nye xɔse me ɖe asi la nye nu bubu kuraa. Esi dzidɔ sesẽ aɖe dze dzinye la, eva hiã be maƒo nu gaƒoƒo eve kple edzivɔwo atsɔ aɖe ɖokuinye nui na amekola aɖe. Amesia nye xɔ̃nye vevi aɖe ƒe vi eye wògblɔ be yemaɖe mɔ be maku ne yekpɔ be ʋudodo ate ŋu ana matsi agbe o. Medo gbe ɖa na Yehowa le tame hebiae be wòakpe ɖe ɖɔkta sia ŋu wòase nye nyawo gɔme ahade bubu wo ŋu nenye be melɔ̃ ɖe edzi o hã. Mlɔeba la, ɖɔkta la do ŋugbe nam be yeade bubu nye didiwo ŋu.

Ɣebubuɣi la, eva hiã be woaɖe nutete gã aɖe le nye tsinyegoe me. Ʋu ɖuɖu le ŋunye. Egava hiã be maɖe susu siwo ta megbe be woagado ʋu nam o me ake, eye togbɔ be ʋu ƒe memama eve le etɔ̃ me ɖuɖu le ŋunye hã la, dɔdalawo de bubu nye nyametsotsoa ŋu.

Nɔnɔmewo Trɔ

Abe Dukɔwo Dome Agbenɔnɔ Ŋuti Gɔmeɖosewo ƒe Habɔbɔa me tɔ ene la, dɔdalawo kple senyalawo ƒe nɔnɔme si va trɔ ɖe dɔnɔwo ƒe gomenɔamesi ŋu teƒekpɔkpɔ na dzidzemem. Amewo ƒe didi si woɖena gblɔna la va le xɔxɔm ɖe tɔteteɖenyadzi ƒe nɔnɔme si nɔ ɖɔktawo si la teƒe. Fifia woɖea mɔ na dɔnɔwo be woatia dɔdamɔnu si wolɔ̃. Womegabua Yehowa Ðasefowo azɔ be wonye susumanɔmenuwɔla siwo medze be woayi kɔdzi o. Ke boŋ wobua wo be wonye dɔnɔ siwo nya nu de ŋgɔ siwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu wòle be woade bubui. Nufialagã xɔŋkɔwo gblɔ le dɔdalawo ƒe takpekpewo me kple le television dzi be: “Míeda akpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe agbagbadzedzewo ta, míese egɔme azɔ . . .” “Míesrɔ̃ nu tso Ðasefoawo gbɔ . . .” kple “Wofia nu mí be míedzi míaƒe nunya ɖe edzi.”

Wogblɔna be agbe le vevie wu nusianu elabena eya manɔmee la, viɖe aɖeke manɔ ablɔɖe, vovomekpɔkpɔ, kple bubu ŋu o. Ame geɖe va lɔ̃ ɖe sẽ si de ŋgɔ wu dzi azɔ be amesiame kpɔ ŋusẽ ɖe eya ŋutɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi eye eya koe ate ŋu atso nya me le eƒe gomenɔamesiawo dometɔ si dzi woawɔ ɖo le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Le mɔ sia nu la, wobua bubu, tiatiawɔblɔɖe, kple subɔsubɔ me dzixɔsewo nu veviwoe. Dɔnɔa ŋutɔe awɔ eƒe nyametsotso. Kɔdzi Nyatakaka Dɔwɔƒe siwo ƒe ɖoɖo Yehowa Ðasefowo wɔ la kpe ɖe ɖɔkta geɖe ŋu woyi ŋgɔ le nya siawo gɔmesese me.

Kpekpeɖeŋu si nye ƒomea yi edzi le nye nam na viɖe va le ŋunye le Yehowa subɔsubɔ me eye be mete ŋu nye hamemegã le Kristotɔwo ƒe hamea me. Abe alesi megblɔe xoxo la, nusi vem wu enye nusi nyemesrɔ̃ tso Yehowa ŋu kaba le agbe me o. Ke hã, meda akpe be wòʋu nye ŋkuwo be meke ɖe mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye agbenɔnɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe ɖoɖoa me, afisi “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o” la ŋu.—Yesaya 33:24. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 24 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 34 Nɔviŋutsu Egon Hauser trɔ megbe esime wonɔ nyati sia ŋlɔm. Ewɔ nuteƒe yi ɖa se ku me, eye míekpɔ dzidzɔ kplii be mɔkpɔkpɔ si ŋuti kakaɖedzi le la le esi.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Le nye ƒe 30-awo me, esime menɔ dɔ wɔm le kɔdzi le Santa Lucía

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Beatriz, le ƒe 1995 me