Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Ana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ

Àte Ŋu Ana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ

Àte Ŋu Ana Mawu Nakpɔ Dzidzɔ

ÐE MÍATE ŋu ana Mawu nakpɔ dzidzɔ alo ado dzikua? Ðe Mawu ate ŋu akpɔ dzidzɔa? Ame aɖewo susuna be Mawu nye ŋusẽ dzro aɖe ko. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be ŋusẽ dzro aɖe si si amenyenye mele o nakpɔ dzidzɔa? Kura o. Gake bu nusi Biblia gblɔ tso Mawu ŋu la ŋuti kpɔ.

Yesu Kristo gblɔ be: ‘Mawu nye Gbɔgbɔ.’ (Yohanes 4:24) Gbɔgbɔ nye agbe ƒomevi aɖe si to vovo na amegbetɔwo. Togbɔ be amegbetɔwo mekpɔa nusi nye gbɔgbɔ o hã la, ŋutilã le esi—“gbɔgbɔŋutilã.” (Korintotɔwo I, 15:44; Yohanes 1:18) Biblia zã nuwo ɖɔɖɔ le kpɔɖeŋumɔnu tsɔ ƒo nu kura gɔ̃ hã tso Mawu ŋu be ŋku, to, asi, kple bubuawo le esi. * Ŋkɔ hã le Mawu si—eyae nye Yehowa. (Psalmo 83:19) Eyata gbɔgbɔmemee Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nye. (Hebritɔwo 9:24) “Eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ.”—Yeremya 10:10.

Esi Yehowa nye amesi le agbe ŋutɔŋutɔ ta la, ebua tame hewɔa nu. Eɖea amenyenye kple seselelãme, nusiwo wòlɔ̃na kple nusiwo melɔ̃na o, fiana. Le nyateƒe me la, nyagbɔgblɔ gbogbo aɖewo le Biblia me siwo ɖe nusiwo dzɔa dzi nɛ kple nusiwo medzɔa dzi nɛ o fia. Togbɔ be amegbetɔwo ƒe nɔnɔme alo amenyenye si le wo sie wotsɔ wɔa woƒe mawuwo kple legbawo hã la, Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ ya ŋutɔe nye seselelãme siwo wòtsɔ de amegbetɔwo mee la ƒe Dzɔtsoƒe.—Mose I, 1:27; Yesaya 44:7-11.

Ðikekemanɔmee la, Yehowa nye ‘dzidzɔ Mawu.’ (Timoteo I, 1:11) Menye eƒe asinudɔwɔwɔwo koe doa dzidzɔ nɛ o ke boŋ ekpɔa dzidzɔ hã le eƒe tameɖoɖowo dzi wɔwɔ me. Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Mawɔ nye didiwo katã dzi; . . . megblɔ nya, eye mana wòava eme hã meɖo nu, eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:9-11) Hakpala la dzi ha be: “Yehowa kpɔa dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu!” (Psalmo 104:31) Gake nu bubu aɖe hã gali si doa dzidzɔ na Mawu. Egblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi.” (Lododowo 27:11) Bu nusi ema fia ŋu kpɔ—be míate ŋu ado dzidzɔ na Mawu!

Alesi Míawɔ Ado Dzidzɔ Na Mawu ƒe Dzii

Bu alesi ƒome ƒe ta Noa do dzidzɔ na Yehowae ŋu kpɔ. “Yehowa ve” Noa “nu” elabena “enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.” Noa to vovo kura na ame vɔ̃ɖi siwo nɔ agbe ɣemaɣi, elabena eƒe xɔse kple toɖoɖo do dzidzɔ na Mawu ale gbegbe be wote ŋu gblɔ be “Noa zɔ kple Mawu.” (Mose I, 6:6, 8, 9, 22) “Le xɔse me Noa . . . [tsɔ] mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe.” (Hebritɔwo 11:7) Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Noa ŋu eye wòyra eya kple eƒe ƒomea be wotsi agbe le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi ma si me zitɔtɔ nɔ me.

Blemafofo Abraham hã nyae be Yehowa ate ŋu akpɔ dzidzɔ alo ado dziku. Alesi gbegbe wònya Mawu ƒe nukpɔsusue dze ƒã esime Yehowa gblɔ nɛ be yele Sodom kple Gomora tsrɔ̃ ge le woƒe ŋunyɔnuwo wɔwɔ ta. Abraham nya Yehowa nyuie ale gbegbe be ete ŋu ƒo nya ta be madzɔ akpɔ gbeɖe be Mawu natsrɔ̃ ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa o. (Mose I, 18:17-33) Le ƒe geɖewo megbe la, Abraham ɖo to Mawu ƒe mɔfiame “tsɔ Isak na,” elabena “esusu bena, ŋusẽ le Mawu si be, wòafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome ke hã.” (Hebritɔwo 11:17-19; Mose I, 22:1-18) Abraham nya Mawu ƒe seselelãmewo nyuie eye wòɖe xɔse sẽŋu fia heɖo toe ale gbegbe be ‘wova yɔe be Yehowa xɔlɔ̃.’—Yakobo 2:23.

Ame bubu aɖe si dze agbagba vevie be yeado dzidzɔ na Mawu ƒe dzie nye blema Israel Fia Dawid. Yehowa gblɔ le eŋu be: “Mekpɔ Dawid, Isai vi la, ŋutsu, si dze nye dzi ŋu, amesi lawɔ nye lɔlɔ̃nu katã.” (Dɔwɔwɔwo 13:22) Hafi Dawid nava dze ŋgɔ ame dzɔtsu Goliat la, eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe eye wògblɔ na Israel-fia Saul be: “Yehowa, si ɖem tso dzata kple sisiblisi si me la, eya ke aɖem tso Filistitɔ sia si me.” Yehowa yra Dawid ƒe kaka ɖe Eyama dzi eye ekpe ɖe Dawid ŋu wòwu Goliat. (Samuel I, 17:37, 45-54) Menye Dawid ƒe nuwɔnawo koe wòdi be ‘woadze Yehowa ŋu’ o, ke boŋ ‘eƒe numenyawo kple eƒe dzimesusuwo’ hãe.—Psalmo 19:15.

Ke míawo ya ɖe? Aleke míawɔ ado dzidzɔ na Yehowa? Zi alesi míenya alesi Mawu sena le eɖokui me la, zi nenemae míava nya nusi míate ŋu awɔ be míana wòakpɔ dzidzɔ. Ne míele Biblia xlẽm la, ele vevie be míadze agbagba asrɔ̃ nu tso Mawu ƒe seselelãmewo ŋu bene ‘eƒe lɔlɔ̃nu ƒe sidzedze nayɔ mí fũ le gbɔgbɔ ƒe nunya kple gɔmesese katã me, bene míazɔ alesi dze Yehowa la hena eƒe ŋudzedze katã.’ (Kolosetɔwo 1:9, 10) Sidzedzee akpe ɖe mía ŋu be míatu xɔse ɖo. Esia le vevie elabena “ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o.” (Hebritɔwo 11:6) Nyateƒee, ne míedze agbagba tu xɔse sẽŋu ɖo eye míetrɔ míaƒe agbenɔnɔ wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, míate ŋu ado dzidzɔ na eƒe dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be míakpɔ nyuie be míagado dziku na Yehowa o.

Mègado Dziku Na Mawu O

Alesi woate ŋu ado dziku na Yehowae ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Noa ƒe ŋkekeawo me nuŋlɔɖia me. Ɣemaɣi la, “amegbetɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi va sɔ gbɔ le anyigba dzi. Eye Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.” Aleke Mawu se le eɖokui mee esime wòlé ŋku ɖe ŋunyɔnuwɔwɔ kple vɔ̃ɖinyenye si nɔ edzi yim la ŋu? Biblia gblɔ be “eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye wòɖu dzi nɛ.” (Mose I, 6:5, 6, 11, 12) Dzi ku Mawu elabena amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ va gblẽ ale gbegbe be eva hiã be wòatrɔ eƒe nɔnɔme ɖe dzidzime vɔ̃ɖi si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ŋu. Esi Mawu mekpɔ dzidzɔ ɖe woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo ŋu o ta la, etrɔ Wɔla nyenye ƒe nɔnɔme si nɔ esi ɖe amegbetɔwo ŋu wòva zu wo tsrɔ̃la.

Yehowa do dziku hã esime eya ŋutɔ ƒe amewo, siwo nye blema Israel dukɔa, metsɔ ɖeke le eƒe seselelãmewo kple eƒe mɔfiame si me lɔlɔ̃ le la me o atraɖii. Hakpala la fa konyi be: “Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o! Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa, eye wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.” Gake “nublanuikpɔla wònye, etsɔa vodada kena, eye metsrɔ̃a ame o. Eɖoa asi eƒe dɔmedzoe dzi zi geɖe, eye meɖea asi le eƒe dziku katã ŋu o.” (Psalmo 78:38-41) Togbɔ be Israel-viwo nɔ woƒe aglãdzedze me tsonu si wodze na ƒe fu kpem gɔ̃ hã la, Biblia gblɔ na mí be ‘esi woxaxa wo ɖo la, ete ɖe Mawu dzi.’—Yesaya 63:9.

Togbɔ be Israel-viwo nya nyuie be Mawu tsɔ ɖe le eme na yewo lɔlɔ̃tɔe hã la, “woɖe alɔme le Mawu ƒe ame dɔdɔawo ŋu, wodo vlo eƒe nyawo, eye woɖu fewu le eƒe nyagblɔɖilawo ŋu, vaseɖe esime Yehowa do dɔmedzoe ɖe eƒe dukɔ ŋu ɖe dzi, eye womete ŋu lé enu o.” (Kronika II, 36:16) Mlɔeba la, aglãdzela kɔlialiatɔ siawo ƒe nuwɔna va “do dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la” ale gbegbe be Yehowa dzudzɔ wo nu veve. (Yesaya 63:10) Nukae do tso eme? Esime Babilontɔwo va dze Yuda dzi la, Mawu tɔ dzɔ be wòɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le wo dzi eye wotsrɔ̃ Yerusalem. (Kronika II, 36:17-21) Nublanuinya ka gbegbe nye si wònyena ne amegbetɔwo tia woawo ŋutɔ ƒe nuvɔ̃gbenɔnɔ ƒe mɔ si doa dziku kple nuxaxa na wo Wɔla la!

Biblia na míenya kɔte be numadzɔmadzɔwɔwɔ vea Mawu ŋutɔ. (Psalmo 78:41) Nusiwo doa dziku na Mawu—eye wonyɔa ŋu nɛ kura gɔ̃ hã—dometɔ aɖewoe nye dada, alakpadada, amewuwu, akunyawɔwɔ, afakaka, tɔgbui kukuwo subɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, nuteƒemawɔmawɔ le srɔ̃ɖeɖe me, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple ame dahewo teteɖeanyi.—Mose III, 18:9-29; 19:29; Mose V, 18:9-12; Lododowo 6:16-19; Yeremya 7:5-7; Maleaxi 2:14-16.

Aleke Yehowa sena le eɖokui me ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu? Mose II, 20:4, 5 gblɔ be: “Megawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o. Megawɔ nusiwo le dziƒo, alo nusiwo le anyigba dzi, alo nusiwo le tsi me le anyigba te la, ƒe nɔnɔme o. Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o.” Nukatae? Elabena ‘ŋunyɔnue’ legbawo ‘nye na Yehowa.’ (Mose V, 7:25, 26) Apostolo Yohanes xlɔ̃ nu be: “Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!” (Yohanes I, 5:21) Apostolo Paulo hã ŋlɔ be: “Nye lɔlɔ̃tɔwo, misi le trɔ̃subɔsubɔ la nu!”— Korintotɔwo I, 10:14.

Di Mawu ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ

‘Tsi metoa Mawu kple dzime dzɔdzɔetɔwo dome o.’ Eye “amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyoa eŋu.” (Lododowo 3:32; 11:20) Gake eteƒe madidi o, Mawu ƒe dɔmedzoe ava amesiwo ɖoe koŋ le dziku dom nɛ alo metsɔa ɖeke le eƒe seselelãmewo me o la dzi. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Le nyateƒe me la, esusɔ vie ko aɖe vɔ̃ɖinyenye si bɔ alea gbegbe egbea la ɖa keŋkeŋ.—Psalmo 37:9-11; Zefanya 2:2, 3.

Gake Biblia na eme kɔ ƒã be Yehowa “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Edina be yeave ame dzɔdzɔe siwo lɔ̃nɛ la nu tsɔ wu be yeado dziku ɖe amesiwo gbea dzimetɔtrɔ la ŋu. “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku” mevivia Yehowa nu “o, negbe be, ame vɔ̃ɖi naɖe asi le eƒe zɔzɔme ŋu, ne wòanɔ agbe boŋ ye.”—Xezekiel 33:11.

Eyata ame aɖeke meli koŋ si ŋu wòle be Yehowa nado dziku ɖo o. “[Yehowa] yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Ne kakaɖedzi blibo le asiwò ɖe Mawu ƒe ɖetsɔleme ŋu la, àte ŋu ‘adro wò dzimaɖiwo katã ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na wò.’ (Petro I, 5:7) Ka ɖe edzi be amesiwo doa dzidzɔ na Mawu ƒe dzi la ate ŋu akpɔ mɔ be akpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu eye yewoanye exɔlɔ̃wo. Eyata ehiã vevie fifia wu tsã be ‘míayi edzi anɔ si dzem nusi nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.’—Efesotɔwo 5:10.

Aleke gbegbe wònyoe nye si be le Mawu ƒe amenuveve me la, eɖe eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple seselelãmewo fia míi! Eye àte ŋu ana wòakpɔ dzidzɔ. Ne èdii nenema la, ekema míede dzi ƒo na wò be nàdi Yehowa Ðasefowo le afisi nèle. Adzɔ dzi na wo be woagblɔ nusiwo kpe ɖe wo ŋu kple nusiwo wote ŋu wɔ le woƒe agbagbadzedze me be yewoadze Mawu ŋu la na wò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Nukatae Biblia Ƒo Nu Tso Mawu Ŋu abe Amegbetɔe Wònye Ene?”

[Aɖaka si le axa 7]

Nukatae Biblia Ƒo Nu Tso Mawu Ŋu abe Amegbetɔe Wònye Ene?

Esi ‘Mawu nye Gbɔgbɔ’ ta la, míate ŋu akpɔe kple míaƒe ŋku o. (Yohanes 4:24) Esia tae Biblia zã nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo, kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔwo, kple nuƒoƒo tso Mawu ŋu abe amegbetɔe wònye ene be wòakpe ɖe mía ŋu míase eƒe ŋusẽ, gãnyenye, kple nuwɔnawo gɔme. Eyata togbɔ be míenya alesi tututu Mawu ƒe gbɔgbɔŋutilã le o hã la, Biblia ƒo nu tso Mawu ŋu be ŋku, to, asi, abɔ, asibide, afɔ, kple dzi le esi.—Mose I, 8:21; Mose II, 3:20; 31:18; Hiob 40:9; Psalmo 18:10; 34:16.

Ame ŋutinuwo zazã tsɔtsɔ ƒo nu tso Mawu ŋu mefia be ŋutinuwo le Mawu ƒe gbɔgbɔŋutilã ŋu abe amegbetɔwo tɔ ene o. Mele be woase egɔme be ame ŋutinuwo ŋutɔŋutɔe le esi o. Ðeko nya mawo kpena ɖe amegbetɔwo ŋu be woase alesi Mawu le gɔme. Ne wole nu ƒom amegbetɔ ƒe ŋutinuwo zazã manɔmee la, ɖeko wòasesẽ ŋutɔ eye ɖewohĩ manya wɔ kura gɔ̃ hã na amegbetɔ tsɛwo be woase alesi Mawu le la gɔme o. Gake mefia be amegbetɔwoe wɔ amenyenye na Yehowa Mawu o. Biblia na eme kɔ ƒã be wowɔ amegbetɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu—ke menye be wowɔ Mawu ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme nu o. (Mose I, 1:27) Esi wònye ‘Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã’ Biblia ŋlɔlawo ta la, alesi woɖɔ Mawu ƒe amenyenyee la nye nusiwo eya ŋutɔ gblɔ tso eɖokui ŋu—amenyenye siawo tututue wòtsɔ wɔ amegbetɔwoe. (Timoteo II, 3:16, 17) Eyata menye amegbetɔ ƒe amenyenyee le Mawu si o, ke Mawu ƒe amenyenye boŋue le amegbetɔwo si.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Noa ƒe nu dze Mawu ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Abraham nya Mawu ƒe seselelãmewo nyuie

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Dawid ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ne èle Biblia xlẽm la, àte ŋu asrɔ̃ alesi nàdo dzidzɔ na Mawu ƒe dzii

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin