Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!

Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!

Abraham Kple Sara Àte Ŋu Asrɔ̃ Woƒe Xɔse!

WOYƆE be ‘amesiwo katã xɔna sena la fofo.’ (Romatɔwo 4:11) Nɔnɔme ma kee nɔ srɔ̃a lɔlɔ̃a hã si. (Hebritɔwo 11:11) Amesiawoe nye blemafofo mawuvɔ̃la Abraham kple srɔ̃a, Sara, si hã vɔ̃a Mawu. Nukata wonye xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖolawo nenema gbegbe ɖo? Tetekpɔ siwo me woto dometɔ aɖewo ɖe? Viɖe kae le woƒe agbemeŋutinya ŋu na mí?

Abraham ɖe xɔse fia esime Mawu gblɔ nɛ be wòadzo le wo de. Yehowa gblɔ be: “Ʋu le wò anyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ kple fofowò ƒe me, eye nayi anyigba, si mafia wò la dzi!” (Mose I, 12:1) Blemafofo wɔnuteƒe sia ɖo to, elabena wogblɔ na mí be: “Le xɔse me Abraham ɖo to, esime woyɔe be, wòado go ayi ɖe afisi wòava xɔ wòanye eƒe domenyinyi la, eye wòdo go; gake menya afisi yim wòle o.” (Hebritɔwo 11:8) Bu nusi ʋuʋu ma bia ŋu kpɔ.

Abraham nɔ Ur, le afisi nye anyiehe Iraq fifia. Ur nye Mesopotamiatɔ siwo tsaa asi kple dukɔ siwo nɔ Persia-ƒukɔmea, kpakple ɖewohĩ Indus-balia, me tɔwo, ƒe asitsaƒe kpɔdzidzedze aɖe. Aƒetɔ Leonard Woolley, amesiwo ku Ur-dudoa ɖe ɖoɖo nu ƒe tatɔ gblɔ be le Abraham ƒe ɣeyiɣia me la, anyikpewoe wotsɔ tu aƒe geɖee le afima, zrɔ̃a wo ŋu hesia akalo na wo. Le kpɔɖeŋu me, afima tɔ kesinɔtɔ aɖe ƒe aƒe nye dziƒoxɔ tuɖedzi eve, eye wode siminti aƒea me. Xɔ siwo le gɔmea nye aƒea me tɔwo kple amedzrowo tɔ. Wotsɔ ati tɔ kpɔ ɖe xɔ siwo le dzisasrã evelia dzi siwo woɖo ɖi na ƒomea me tɔwo be woazã ŋu. Woolley gblɔ be aƒe siawo siwo me xɔ 10 va ɖo 20 nɔna la, nye “esiwo me keke nyuie si sɔ na agbenɔnɔ si me dzidzeme le, eye wonye esiwo me Ɣetoɖoƒetɔ agbeɖulawo nɔna.” Aƒe siawo “ɖe dzesi be wonye amesiwo ƒe ŋku ʋu ƒe aƒewo eye wokpɔ dugãmenɔlawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.” Nu geɖee Abraham kple Sara tsɔ sa vɔe be woaɖo to Yehowa esime wogblẽ aƒe sia tɔgbe ɖi be woaɖa nɔ agbadɔwo me.

Xaran si nye du le Mesopotamia ƒe dziehe ye Abraham kple eƒe ƒomea ʋu ɖanɔ gbã hafi va ʋu emegbe yi Kanaan. Mɔa ƒe didime anye kilometa 1,600 lɔƒo—mɔ si zɔzɔ asesẽ na srɔ̃tɔ tsitsiwo ŋutɔ! Abraham xɔ ƒe 75 eye Sara xɔ ƒe 65 esime wodzo le Xaran.—Mose I, 12:4.

Alekee Sara anya se le eɖokui me esime Abraham gblɔ nɛ be yewogbɔna dzodzo ge le Ur? Dzodzo le aƒe si me nɔnɔ ametakpɔkpɔ kple dzidzeme le ava nɔ dzronyigba aɖe si dzi nɔnɔmeawo made ame dzi le o, ahanɔ agbe tsɛ la ate ŋu ate ɖe Sara dzi. Ke hã, Sara bɔbɔ eɖokui, hetsɔ Abraham be yeƒe “aƒetɔ.” (Petro I, 3:5, 6) Agbalẽnyala aɖewo tsɔ esia be enye alesi Sara “wɔa nui ɖaa, tsɔ dea bubu eŋui,” si fia “nɔnɔme nyui siwo dzena le eƒe nuwɔnawo me.” Gake ƒo wo katã ta la, Sara ka ɖe Yehowa dzi. Eƒe ɖokuibɔbɔ kple eƒe xɔse nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo.

Togbɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela aɖewo dzo le wo de be woaɖa ɖe gbeƒã le dukɔ bubuwo me hã la, le nyateƒe me la, womebia tso mía si be míadzo le mía de be míaɖo to Mawu o. Teƒe ka kee míeɖa subɔ Mawu le o, ne míetsɔ gbɔgbɔmenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ko la, akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.—Mateo 6:25-33.

Sara loo alo Abraham ƒe nyametsotso si wowɔ la meve wo o. Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Nenye ɖe woɖoa ŋku anyigba, si dzi wodo tso la, anye ne wokpɔ vovo gbugbɔ yi.’ Gake wometrɔ yi o. Esi woka ɖe Yehowa dzi be enye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie” ta la, woxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi se. Ele be míawo hã míaxɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ase be míayi edzi asubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo.—Hebritɔwo 11:6, 15, 16.

Gbɔgbɔ Kple Ŋutilã me Kesinɔnuwo

Esi Abraham ɖo Kanaan megbe la, Mawu gblɔ nɛ be: Wò dzidzimeviwoe matsɔ anyigba sia ana.’ Abraham lɔ̃ ɖe edzi eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ “Yehowa ŋkɔ le afima.” (Mose I, 12:7, 8) Yehowa na kesinɔnu geɖe su Abraham si, eye amesiwo nɔ eƒe asaɖaa me sɔ gbɔ ŋutɔ. Esi wònye be ɣeaɖeɣi ete ŋu ƒo ŋutsu 318, siwo nya aʋawɔwɔ siwo nye kluvi siwo wodzi le eƒeme nu ƒu ta la, wobui be “amesiwo katã nɔ eƒe asaɖaa me awu akpe ɖeka.” Aleke kee wòɖanɔ o, amewo bui be enye “Mawu ƒe ame ɖoɖoa.”—Mose I, 13:2; 14:14; 23:6.

Abraham xɔ ŋgɔ le subɔsubɔnyawo me hefia amesiwo le eƒeme la be “woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu nyui.” (Mose I, 18:19) Dzidzedze si Abraham kpɔ le nufiafia eƒemetɔwo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahawɔ nu dzɔdzɔe me ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu anye dzideƒo na ƒometa Kristotɔwo egbea. Eyata mewɔ nuku be Sara ƒe kosi tsitsitɔ, Hagar Egiptetɔ la, kple Abraham ƒe vi Isak ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o.—Mose I, 16:5, 13; 24:10-14; 25:21.

Abraham Nye Ŋutifafame

Abraham ƒe agbe me nudzɔdzɔwo ɖee fia be enye mawumeme. Le esi teƒe be dzre nanɔ eƒe lãnyilawo kple etɔɖiayɔvi Lot tɔwo dome la, edo susua ɖa be yewoaklã yewoƒe asaɖawo ɖa tso wo nɔewo gbɔ, eye wòkpe Lot si nye ɖevia be wòatia anyigba si wòlɔ̃ gbã. Abraham nye ŋutifafame.—Mose I, 13:5-13.

Ne eva hiã be míate tɔ ɖe míaƒe gomenɔamesi dzi alo aɖe mɔ le mía ɖokui ŋu be míana ŋutifafa nanɔ anyi la, míate ŋu aɖo ŋku edzi be Yehowa mena Abraham kpe fu le esi wòna Lot wɔ tiatia gbã ta o. To vovo na ema la, Mawu do ŋugbe na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le ema megbe be yeatsɔ anyigba si Abraham ƒe ŋku te ŋu kpɔ le goawo katã me la ana wo. (Mose I, 13:14-17) Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo léa avu la; [alo “ŋutifafamewo,” ne woaɖe egɔme tẽ] elabena woayɔ wo be mawuviwo.”—Mateo 5:9.

Amekae Anye Abraham ƒe Domenyila?

Togbɔ be wodo dzidzimevi aɖe ƒe ŋugbe hã la, Sara tsi ko. Abraham tsɔ nyaa ɖo Mawu ŋkume. Eliezer, eƒe subɔvi lae anyi eƒe nunɔamesiwo katã domea? Ao, elabena Yehowa gblɔ be: “Menye eya anyi wò dome o; boŋ amesi nava dzi la, eya anyi wò dome.”—Mose I, 15:1-4.

Ke hã, vi aɖeke menɔ wo si o, eye Sara si xɔ ƒe 75 la meganɔ mɔ kpɔm be yeafɔ fu o. Eyata egblɔ na Abraham be: “Kpɔ ɖa, Yehowa xe nye vidzidɔ, eyata dɔ kple nye kosi la, ɖewohĩ maxɔ mamayɔvi mahĩ?” Esia ta Abraham ɖe Hagar wòzu srɔ̃a evelia, eye wòdɔ kpli wòfɔ fu. Ke esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, ete eƒe aƒenɔ kpɔkpɔ ɖe ƒomevii. Sara he nya ɖe eŋu vevie na Abraham eye wòbɔbɔ Hagar ɖe anyi, si na kosivi la si.—Mose I, 16:1-6.

Abraham kple Sara wɔ nusi wosusu be enyo hesɔ ɖe nusiwo dzi wo ŋɔlimetɔwo lɔ̃na ɖo nu. Ke hã, menye Yehowa ƒe mɔ si dzi wòato ana woadzi Abraham ƒe dzidzimevi lae nye ema o. Le nɔnɔme vovovowo koŋ me la, míaƒe dekɔnuwo alɔ̃ ɖe nuwɔna aɖewo dzi be wosɔ, gake esia mefia kokoko be Yehowa da asi ɖe wo dzi o. Eƒe nukpɔsusu ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu ato vovo kura. Esia ta, ele be míadi Mawu ƒe mɔfiame, ado gbe ɖa be wòafia alesi wòdi be míawɔ nui la mí.—Psalmo 25:4, 5; 143:8, 10.

Naneke ‘Wɔwɔ Mesesẽ Akpa na Yehowa O

Mlɔeba la, Hagar dzi viŋutsuvi si ŋkɔe nye Ismael na Abraham. Ke hã, menye eyae nye Dzidzimevi la o. Sara ŋutɔe adzi dzidzimevia togbɔ be etsi hã.—Mose I, 17:15, 16.

Esime Mawu gblɔe eme kɔ ƒã be Sara ava dzi viŋutsuvi na srɔ̃a la, “Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu, elabena esusu le eƒe tame bena: Alo ɖe woadzi vi na ŋutsu, si xɔ ƒe alafa ɖeka laa? Alo Sara, si xɔ ƒe blaasieke la, agate ŋu adzi vi mahã?” (Mose I, 17:17) Mawudɔla aɖe ƒe gbedasia gbɔgblɔ si Sara se na ‘wòko nu ɖe dɔ me.’ Gake ‘naneke wɔwɔ mesesẽ akpa na Yehowa o.’ Ele be xɔse nanɔ mía si be ate ŋu awɔ nusianu si wòdi be yeawɔ.—Mose I, 18:12-14.

“[Xɔsee na] Sara ke hã kpɔ ŋusẽ bena, wòfɔ fu, eye wòdzi vi le eƒe nyagãkuku me; elabena ebu amesi na ŋugbedodoe la nuteƒewɔlae.” (Hebritɔwo 11:11) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Sara dzi Isak, amesi ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Nukoko.”

Mawu ƒe Ŋugbedodowo Dzixɔxɔse Bliboe

Yehowa ɖee fia be Isak ye nye dzidzimevi si wonɔ mɔ kpɔm na tso gbaɖegbe ke la. (Mose I, 21:12) Esia ta awɔ nuku na Abraham ŋutɔ esime Mawu bia tso esi be wòatsɔ via asa vɔe. Ke hã, nusiwo ta wòle be Abraham naka ɖe Mawu dzi bliboe la nɔ esi. Ðe Yehowa mate ŋu afɔ Isak ɖe tsitre tso ame kukuwo dome oa? (Hebritɔwo 11:17-19) Ðe Mawu meɖe eƒe ŋusẽ fia to ŋusẽdodo Abraham kple Sara ƒe vidzidzi ŋutete nukutɔe be wote ŋu dzi Isak oa? Esi Abraham xɔ ŋutete si le Mawu si be wònana Eƒe ŋugbedodowo vaa eme dzi se ta la, elɔ̃ faa ɖo to. Ele eme be woxe mɔ nɛ be mewu via ŋutɔŋutɔ ya o. (Mose I, 22:1-14) Ke hã, alesi Abraham wɔ nui le nya sia me kpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi wòasesẽe na Yehowa Mawu be wòatsɔ “ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16; Mateo 20:28.

Mawu dzixɔse na eme kɔ na Abraham ƒã be dzidzimevi si anyi Yehowa ƒe ŋugbedodowo dome la mate ŋu aɖe trɔ̃subɔla siwo le Kanaan nyigba dzi la dometɔ aɖeke o. Aleke dzila mawuvɔ̃la nalɔ̃ be ye vi naɖe amesi mesubɔa Yehowa o? Eyata Abraham di srɔ̃nyɔnu si sɔ na Isak tso eƒe ƒometɔ siwo nɔ Mesopotamia, si didi wu kilometa 800 tso afisi wonɔ, la dome. Mawu yra ɖe ɖoɖo ma dzi to eɖeɖe fia be Rebekae nye nyɔnu si yetia be wòazu Isak srɔ̃ kple Mesia la mama dzi. Ẽ, Yehowa “yra Abraham le nuwo katã me.”—Mose I, 24:1-67; Mateo 1:1, 2.

Yayra na Dukɔwo Katã

Abraham kple Sara ɖo kpɔɖeŋu nyui le tenɔnɔ ɖe dodokpɔwo nu kple Mawu ƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔ se me. Ameƒomea ƒe etsɔme mavɔ nɔ te ɖe ŋugbedodo mawo ƒe emevava dzi, elabena Yehowa ka ɖe edzi na Abraham be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.”—Mose I, 22:18.

Le nyateƒe me la, Abraham kple Sara nye ame madeblibowo abe míawo ke ene. Ke hã, esime wokpɔ nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na wo dze sii la, wowɔ ɖe edzi enumake—metsɔ le eme nuka kee woaɖatsɔ sa vɔe o. Esia ta woɖoa ŋku Abraham dzi be enye ‘Yehowa xɔlɔ̃’ kple Sara be enye ‘nyɔnu kɔkɔe, si kpɔ mɔ na Mawu.’ (Yakobo 2:23; Petro I, 3:5) Ne míedze agbagba srɔ̃ Abraham kple Sara ƒe xɔse la, míawo hã míanɔ ƒomedodo xɔasi me kple Mawu. Míawo hã míate ŋu aɖe vi tso Yehowa ƒe ŋugbe xɔasi siwo wòdo na Abraham la me.—Mose I, 17:7.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Le Abraham kple Sara ƒe xɔse ta Yehowa yra wo wodzi vi le woƒe tsitsime

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Abraham ƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi wòwɔ dɔ ɖe Yehowa dzi be wòɖe mɔ eƒe Tenuvia ku