Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woawɔ Anɔ Agbe Didi si me Dzidzɔ Le

Alesi Woawɔ Anɔ Agbe Didi si me Dzidzɔ Le

Alesi Woawɔ Anɔ Agbe Didi si me Dzidzɔ Le

AME aɖewo gblɔna be “amesiame dina be yeatsi gake ame aɖeke medina be yeaku amegã o.” Amesiwo gogo dzudzɔxɔxɔ le dɔme la kpɔa mɔ na ɣeyiɣi geɖe si ava asu wo si kple agba ʋɛ siwo ava nɔ wo dzi. Ke hã, wovɔ̃na be yewoava zu amesiwo si taɖodzinu mele o kple wɔnamanɔŋutɔwo. Wovɔ̃na hã na akogotsitsi, dzidzɔmakpɔmakpɔ, kple lãmegbegblẽ.

Ekema, nukae nana wonɔa agbe si me dzidzɔ le? Xɔlɔ̃ nyuiwo ƒe amesinɔnɔ kple ƒome si me lɔlɔ̃ le nana ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa kpɔa dzidzɔ. Ke hã, menye nusi amewo wɔna na ame tsitsiwo be tsɔɖui nanɔ woƒe agbe ŋue nye nu vevitɔ o. Nusi le vevie wue nye nusi ame tsitsia ŋutɔ ate ŋu awɔ na ame bubuwo.

Numekuku aɖe si wowɔ ɣeyiɣi didi aɖe tso srɔ̃tɔ tsitsi 423 ŋu ɖee fia be “kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo ate ŋu ana míaƒe agbe nadidi ɖe edzi.” Stephanie Brown, amesi wɔ numekukua ɖe eme be: “Nusiwo ŋu woke ɖo ɖee fia be menye nusi míakpɔ tso ƒomedodo me nɔnɔ kple amewoe nana míekpɔa viɖe gbogbotɔ o; ke nusi míenana boŋue.” Esiawo ƒe ɖee nye kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo le woƒe aƒemedɔwo wɔwɔ me, ɖeviwo dzi kpɔkpɔ, dɔtsɔtsɔ na amewo, ʋuɖonyawo gbɔ kpɔkpɔ na amewo, alo toɖoɖo amesi di be yeaɖo dze.

Anye ƒe 2,000 enye esi va yi la, Yesu Kristo gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Alesi woawɔ anɔ agbe didi si me dzidzɔ le metso ga gbogbo ƒe amesinɔnɔ gbɔ loo alo amegãkuku nutsitsi ŋuti tikewo zazã kple eƒe nuwo ɖuɖu gbɔ o. Ke boŋ etso lãmesẽmenɔnɔ kple ame ƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutetewo zazã atsɔ ana ame bubuwo ƒe agbe nanyo ɖe edzi gbɔ.

Ke hã, nusi de ŋgɔ wu ame ƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ŋutetewo zazã atsɔ ana ame bubuwo ƒe agbe nanyo ɖe edzie hiã hafi woaxɔ mí tso amegãkuku, dɔléle, kple ku si me. Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ava ɖe nu mawo ɖa. Le fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi la, dɔléle maganɔ anyi o eye ‘ku gɔ̃ hã maganɔ anyi akpɔ o.’ (Nyaɖeɖefia 21:3, 4; Yesaya 33:24) Le nyateƒe me la, amegbetɔ toɖolawo anɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le paradisonyigba dzi. (Luka 23:43) Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoafia alesi woawɔ anɔ agbe didi si me dzidzɔ le si wotu ɖe Biblia dzi sia ame bubuwo.