Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameƒomea Ƒe Didi Be Yeadze Mawu Ŋu

Ameƒomea Ƒe Didi Be Yeadze Mawu Ŋu

Ameƒomea Ƒe Didi Be Yeadze Mawu Ŋu

“AMEGBETƆƑOMEA ƒe habɔbɔ aɖeke menɔ anyi kpɔ si me womebu Mawu le be enye nuwo katã wɔla kple xexeame dziɖula o. Ema nye nyateƒe le habɔbɔ siwo mexɔ Mawu dzi se o kura gɔ̃ hã gome.” Alea John Bowker gblɔ le eƒe agbalẽ si nye God—A Brief History la me. Le mɔ aɖe nu la, amegbetɔ ɖesiaɖe dina be yeanya Mawu ahadze eŋu. Le xexeame godoo la, ame geɖe dina vevie be yewoadze Mawu ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, alesi woɖea didi sia fianae to vovo na wo nɔewo, amesiame kple eƒe dzixɔse.

Ame aɖewo xɔe se be nusi le vevie be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu koe nye be woanɔ agbe nyui. Ame bubuwo susuna be yewoƒe nu ate ŋu anyo Mawu ŋu ne yewowɔa dɔmenyo na ame dahewo. Ke le ame miliɔn geɖewo gome la, nusi le vevie na woe nye subɔsubɔha ƒe azãɖuɖuwo kple kɔnuwɔwɔwo.

Azɔ hã, ame aɖewo xɔe se be ame aɖeke mate ŋu adi Mawu ake ɖe eŋu o—be ele adzɔge ʋĩ akpa be woate ŋu ate ɖe eŋu alo be vovo mele eŋu ne wòaɖo to ame tsɛwo o. Woka nya ta be blema Helatɔ xexemenunyafiala Epikuro xɔe se be ‘mawuwo le adzɔge ʋĩ akpa be woate ŋu awɔ nuvevi wò alo ahayi nu nyui wɔ ge na wò.’ Gake amesiwo si nukpɔsusu siawo ƒomevi le la dometɔ geɖe lɔ̃a mawunya. Wo dometɔ aɖewo anya saa vɔwo hewɔa kɔnu aɖewo kura gɔ̃ hã kple susu be yewoafa dzi na yewo tɔgbui kukuwo.

Nukae wò ya nèsusu? Ðe Mawu le agbagba siwo dzem míele be míadze eŋu la kpɔm ŋutɔŋutɔa? Ðe wòanya wɔ be míaƒe nuwɔnawo nado dzidzɔ na Mawu ahana míadze eŋua?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER: Courtesy of ROE/Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin