Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Tsitsiwo—míaƒe Kristotɔwo Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Me Tɔ Veviwoe Wonye

Ame Tsitsiwo—míaƒe Kristotɔwo Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Me Tɔ Veviwoe Wonye

Ame Tsitsiwo—míaƒe Kristotɔwo Ƒe Nɔviwo Ƒe Habɔbɔa Me Tɔ Veviwoe Wonye

‘Amesiwo wodo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me aƒo se. Woatse ku le tsitsi me ke hã.’—PSALMO 92:14, 15.

1. Aleke ame geɖe bua ame tsitsiwoe?

YEHOWA lɔ̃a esubɔla wɔnuteƒe siwo dome ame tsitsiwo hã le la katã. Gake numekuku aɖe si wowɔ le United States ɖee fia be ƒe sia ƒe la, wosẽa ŋuta le ame tsitsi siwo ade miliɔn afã kloe ŋu alo wometsɔa ɖeke le eme na wo o. Nyatakaka siawo tɔgbe siwo tso xexeame godoo la ɖee fia be wole ŋlɔmi wɔm le ame tsitsiwo ŋu le afisiafi. Habɔbɔ aɖe gblɔ be nusi gbɔ esia tsoe nye “nukpɔsusu aɖe si le ame geɖe si . . . si nye be ne ame tsi ku amegã alo nyagã ko la, asixɔxɔ megale eŋu o, be viɖe aɖeke mele wo ŋu o, eye be wohiãa ame bubuwo ƒe kpekpeɖeŋu akpa.”

2. (a) Aleke Yehowa bua esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwoe? (b) Aleke woɖɔ ame tsitsiwo wònya see le Psalmo 92:13-16?

2 Yehowa Mawu ya dea asixɔxɔ esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwo ŋu. Eléa ŋku ɖe “míaƒe ememe”—míaƒe gbɔgbɔmemenyenye—ŋu wu míaƒe ŋutilã me ŋutetewo. (Korintotɔwo II, 4:16) Míekpɔ kakaɖedzi dodzidzɔname sia le eƒe Nya, Biblia me, be: “Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene. Wodo wo ɖe Yehowa ƒe aƒe la me, eye woƒo se ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo. Woatse ku le tsitsi me ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama ahaɖe gbeƒãe be, Yehowa enye dzɔdzɔetɔ.” (Psalmo 92:13-16) Mawunyakpukpui siawo me dzodzro ana míakpɔ akpa vevi si mi ame tsitsiwo miate ŋu awɔ le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la dometɔ aɖewo.

“Woatse Ku le Tsitsi Me”

3. (a) Nukatae wotsɔ ame dzɔdzɔewo sɔ kple deti? (b) Aleke ame tsitsiwo ate ŋu ‘atse ku le tsitsi me’?

3 Hakpala la tsɔ ame dzɔdzɔewo sɔ kple deti ‘siwo wodo ɖe mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.’ ‘Woyia edzi tsea ku le tsitsi me ke hã.’ Ðe mèkpɔe be nya sia de dzi ƒo na ame oa? Ebɔ be woakpɔ deti siwo dze ani hedzɔ kã le Ɣedzeƒenyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe aƒewo ƒe xɔxɔnuwo. Tsɔ kpe ɖe alesi wonye atsyɔ̃ɖonuwoe ŋu la, wobua detiwo nu vevii le ku gbogbo siwo wotsena ta, eye wo dometɔ aɖewo yia edzi nɔa ku tsem wòwua ƒe alafa ɖeka gɔ̃ hã. * Ne èyi edzi ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe tadedeagu vavãtɔ me la, wò hã àte ŋu ayi edzi “[atse] ku le dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.”—Kolosetɔwo 1:10.

4, 5. (a) Ku vevi kae wòhiã be Kristotɔwo natse? (b) Gblɔ ame tsitsi siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tsoe siwo tse ‘nuyi ƒe kutsetse’ la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

4 Yehowa di tso Kristotɔwo si be woatse ‘nuyi ƒe kutsetse’—si nye eya kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti kafukafunyawo gbɔgblɔ. (Hebritɔwo 13:15) Ðe nya sia ku ɖe mi ame tsitsiwo hã ŋua? Ẽ, eku ɖe mia ŋu.

5 Kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me ku ɖe ame tsitsi siwo ɖi ɖase le Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖowo ŋu vɔvɔ̃manɔmee ŋu. Mose xɔ wu “ƒe blaadre” esime Yehowa de dɔ asi nɛ be wòanye yeƒe nyagblɔɖila kple ye teƒenɔla. (Psalmo 90:10; Mose II, 4:10-17) Tsitsi mewɔe be nyagblɔɖila Daniel do kpo ɖaseɖiɖi tso Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu le vɔvɔ̃ ta o. Daniel anya nɔ eƒe ƒe 90-awo me esime Belsazar dɔ woɖayɔe vɛ be wòaɖe gli ŋu asinuŋɔŋlɔ manyatalenua gɔme. (Daniel, ta 5) Ke amegãɖeɖi apostolo Yohanes ya ɖe? Le subɔsubɔdɔ si wòwɔ ɣeyiɣi didi ƒe nuwuwu lɔƒo la, wodee gaxɔ me le Patmo-ƒukpo dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” (Nyaɖeɖefia 1:9) Anɔ eme kokoko be àɖo ŋku ame bubu geɖe siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo tse ‘nuyi ƒe kutsetse’ le woƒe agbenɔƒe mlɔeawo me dzi.—Samuel I, 8:1, 10; 12:2; Fiawo I, 14:4, 5; Luka 1:7, 67-79; 2:22-32.

6. Aleke Yehowa zã “ame tsitsiwo” be woagblɔ nya ɖi le ŋkeke mamlɛ siawo me?

6 Apostolo Petro yɔ Hebri nyagblɔɖila Yoel ƒe nyawo hegblɔ be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã [siwo dome “ame tsitsiwo” hã le] dzi, . . . eye woagblɔ nya ɖi.” (Dɔwɔwɔwo 2:17, 18; Yoel 3:1) Le nya siawo me vava nu la, Yehowa zãa amesiaminawo ƒe ha la kple ‘alẽ bubuawo’ me tɔ tsitsiwo woɖea gbeƒã eƒe tameɖoɖowo le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Yohanes 10:16) Amesiawo dometɔ aɖewo le Fiaɖuƒea ƒe ku tsem ƒe gbogbo aɖewoe nye esia.

7. Wɔ alesi ame tsitsiwo yi edzi le Fiaɖuƒe ƒe ku tsem togbɔ be wogbɔdzɔ le ŋutilã me hã ƒe kpɔɖeŋu.

7 Bu Sonia si zu ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela le ƒe 1941 me ŋu kpɔ. Togbɔ be ele be wòakpe akɔ kple dɔmavɔleameŋu aɖe hã la, ewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo edziedzi kple amewo le eƒeme. Sonia ɖe nu me be: “Gbeƒãɖeɖe nyanyuia nye nye agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Ne magblɔe ŋutɔŋutɔ la, eyae nye nye agbe. Megbe be nyemadzudzɔ gbeƒãɖeɖe o.” Ɣeyiɣi kpui aɖee nye esi va yi la, Sonia kple nɔvianyɔnu tsitsitɔ Olive ƒo nu tso Biblia ƒe gbedasia ŋu na Janet, amesi dze dɔ vevie, si wodo goe le xɔ aɖe me wònɔ ɖɔkta lalam. Ðetsɔleme si woɖe fia Janet lɔlɔ̃tɔe la wɔ dɔ ɖe nɔa, si nye Katolikotɔ dovevienu aɖe dzi ale gbegbe be elɔ̃ be woava wɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye eye fifia ele ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm. Ðe wò hã nàte ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ siawo tɔgbe ŋudɔ atse Fiaɖuƒea ƒe kua?

8. Aleke Kaleb si tsi la ɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye aleke Kristotɔ tsitsi siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋui?

8 Ne Kristotɔ tsitsiwo yi edzi wɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzinɔameƒotɔe togbɔ be tsitsi na wogbɔdzɔ hã la, ekema wole Israel-vi nuteƒewɔla Kaleb, amesi kplɔ Mose ɖo le gbeadzi ƒe blane sɔŋ la ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m. Kaleb xɔ ƒe 79 esime wòtso Yordan-tɔsisia heyi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Le aʋawɔwɔ na Israel dzidzedzetɔe ƒe ade megbe la, ate ŋu atia be yeaɖi ɖe eme hafi. Gake kpao, etsɔ dzinɔameƒo bia be woatsɔ dɔ sesẽ aɖe na ye yeawɔ, si nye be yeva axɔ ‘du lolo sesẽ’ siwo le Yuda tonyigba dzi, si dzi Enakitɔ siwo nye ame dzɔatsuwo le la. Yehowa kpe ɖe Kaleb ŋu “[wònya] wo, abe alesi Yehowa gblɔ ene.” (Yosua 14:9-14; 15:13, 14) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be ne èyi edzi le Fiaɖuƒea ƒe ku tsem le tsitsi me la, Yehowa anɔ kpli wò, abe alesi wònɔ kple Kaleb ene. Eye ne èyi edzi wɔ nuteƒe nɛ la, ana nɔƒe wò le eƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo la me.—Yesaya 40:29-31; Petro II, 3:13.

“Tsi Anɔ Wo me Gugugu, eye Woade Ama”

9, 10. Aleke Kristotɔ tsitsiwo awɔ anɔ blibo le xɔse me ahana ŋusẽ nanɔ wo ŋu le gbɔgbɔ me? (Kpɔ aɖaka si le axa 13.)

9 Esi hakpala la nɔ susu hem yi alesi Yehowa subɔla tsitsiwo tsea kui dzi la, edzi ha be: “Ame dzɔdzɔe la atu hlo abe deti ene, eye wòade dzi abe sederti le Libanon dzi ene. Woatse ku le tsitsi me ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama.”—Psalmo 92:13,15.

10 Aleke nàwɔ ŋusẽ nagakpɔtɔ anɔ ŋuwò togbɔ be èle tsitsim ɖe edzi hã? Nu vevi aɖe si nana deti nya kpɔna ɣesiaɣie nye tsi gbogbo si nɔa eƒe kewo me. Nenema kee wò hã àte ŋu akpɔ Biblia me nyateƒea ƒe tsiwo ne èsrɔ̃a Mawu ƒe Nya la eye nèdea ha kple eƒe habɔbɔa. (Psalmo 1:1-3; Yeremya 17:7, 8) Ŋusẽ si le ŋuwò le gbɔgbɔ me la na nènye viɖenu xɔasi aɖe na haxɔsetɔwo. Kpɔ alesi esia nye nyateƒee le Nunɔlagã amegãɖeɖi Yoyada gomee ɖa.

11, 12. (a) Akpa vevi kae Yoyada wɔ le Yuda fiaɖuƒea ƒe ŋutinya me? (b) Aleke Yoyada zã eƒe ŋusẽ tsɔ do tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe?

11 Anye be Yoyada xɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ esime Fianyɔnu nɔƒegãdila Atalya wu mamayɔviawo katã hexɔ fiazikpuia le Yuda. Nukae Yoyada amegãɖeɖi la ate ŋu awɔ? Eya kple srɔ̃a woɣla fiavi Yoas si ɖeka ko kpɔtɔ le agbe la ɖe gbedoxɔa me ƒe ade sɔŋ. Azɔ le nudzɔdzɔ kpata aɖe me la, Yoyada ɖo Yoas si xɔ ƒe adre la fiae hena wowu Atalya.—Kronika II, 22:10-12; 23:1-3, 15, 21.

12 Esi Yoyada ye nye fia la takpɔla ta la, ezã eƒe ŋusẽ tsɔ do tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ. “[Ebla] nu kple dukɔ blibo la kpakple fia la be, yewoanye Yehowa ƒe dukɔ.” Yoyada de se be woatsrɔ̃ alakpamawu Baal ƒe gbedoxɔ ahaɖe eƒe vɔsamlekpui kple legbawo ɖa eye woawu eƒe nunɔla la. Yoyada ƒe mɔfiafia te kee Yoas gbugbɔ gbedoxɔa me dɔwo ɖo anyi le hewɔ ɖɔɖɔɖo geɖe siwo hiã le gbedoxɔa ŋu. ‘Yoas wɔ nusi nyo le Yehowa ŋkume le Yoyada ƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena nunɔla Yoyada fia nui.’ (Kronika II, 23:11, 16-19; 24:11-14; Fiawo II, 12:2) Esi Yoyada xɔ ƒe 130 heku la, wode bubu tɔxɛ eŋu eye woɖii ɖe fiawo dome elabena “ewɔ nyui na Israel kple Mawu kpakple [Eƒe] aƒe la.”—Kronika II, 24:15, 16.

13. Aleke Kristotɔ tsitsiwo ate ŋu ‘awɔ nyui na Mawu vavã la kple eƒe aƒe lae’?

13 Ðewohĩ lãmesẽ ƒe amesimanɔmanɔ alo nɔnɔme bubu aɖewo wɔe be màte ŋu awɔ geɖe le tadedeagu vavãtɔa dodoɖeŋgɔ me o. Ne ele alea hã la, àte ŋu ‘awɔ nyui na Mawu vavã la kple eƒe aƒe la.’ Àte ŋu aɖe dzonɔameme afia ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ me tadeaguƒea ŋu to hamea ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me kpakple to gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi si wòanya wɔ na wò me. Alesi nàlɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo si tso Biblia me kple wò asikpekpe ɖe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la kpakple hamea ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ado ŋusẽ Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. (Mateo 24:45-47) Nenema kee àte ŋu ado ŋusẽ haxɔsetɔwo “le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Hebritɔwo 10:24, 25; Filemon 8, 9) Eye ànye yayra na amewo ne èwɔ ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Ame tsitsiwo nanye ɖokuidziɖulawo, ɖokuiléla nyuiwo, ame ɖɔŋuɖowo, eye woanɔ blibo [“woasẽ ŋu,” An American Translation] le xɔse, lɔlɔ̃ kple dzidodo me. Nenema ke nyɔnu tsitsiwo hã nanɔ anyi, abe alesi wòdze nyɔnu kɔkɔewo ene: Woaganye ameŋuzɔlawo o, woaganye aha geɖe nolawo o; ke boŋ woanye nu nyui fialawo.”—Tito 2:2-4.

14. Nukae Kristotɔ hamemegã siwo subɔ ƒe geɖe ate ŋu awɔ atsɔ ado tadedeagu vavãtɔa ɖe ŋgɔ?

14 Ƒe geɖee nye esia si nènye hamemegãa? Hamemegã aɖe si subɔ ƒe geɖe enye esia la xlɔ̃ nu be: “Zã nunya si su asiwò le ƒe gbogbo siwo nèsubɔ ta la ɖokuitɔmadimaditɔe. Tsɔ agbanɔamedziawo ƒe ɖe de asi na ame bubuwo, eye na amesiwo si ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ le la nakpɔ viɖe tso wò nuteƒekpɔkpɔwo me. . . . De dzesi ŋutete si le ame bubuwo ŋu. Na woƒe ŋutete ma natsi ɖe edzi eye nàdo ŋusẽe. Dzra ɖo ɖe etsɔme ŋu.” (Mose V, 3:27, 28) Ðetsɔleme vavã si anɔ mewò ɖe Fiaɖuƒedɔ si le ta kekem ɖe edzi ɣesiaɣi ŋu la anye yayra na Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ bubuwo.

‘Miɖe Gbeƒãe be Yehowa Le Dzɔdzɔe’

15. Aleke Kristotɔ tsitsiwo ‘ɖea gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe’?

15 Mawu subɔla tsitsiwo tsɔa dzidzɔ wɔna ɖe agbanɔamedzi si le wo dzi be ‘woaɖe gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe’ la dzi. Ne Kristotɔ tsitsie nènye la, wò nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ate ŋu aɖee afia amewo be ‘Yehowae nye wò Agakpe, si ŋu fɔɖiɖi aɖeke mele o.’ (Psalmo 92:16) Deti ɖia ɖase tso Ewɔla ƒe nɔnɔme siwo ƒo ɖesiaɖe ta la ŋu numaƒomaƒoe. Gake Yehowa na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wò ya be nàƒo nu aɖi ɖase le ye ŋu na amesiwo le tadedeagu vavãtɔa me vam fifia. (Mose V, 32:7; Psalmo 71:17, 18; Yoel 1:2, 3) Nukatae esia le vevie?

16. Biblia me kpɔɖeŋu kae ɖe alesi wòle vevie be ‘woaɖe gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe’ fia?

16 Esime Israel kplɔla Yosua ‘tsi hexɔ ƒe geɖe’ la, “[eyɔ] Israel blibo la, woƒe ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo” heɖo ŋku alesi Mawu wɔ nu kpli wo le dzɔdzɔenyenye mee la dzi na wo. Egblɔ be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.” (Yosua 23:1, 2, 14) Nya siawo do ŋusẽ ameawo woyi edzi wɔ nuteƒe vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Gake le Yosua ƒe ku megbe la, “dzidzime bubu va dzɔ . . . , amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o. Tete Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:8-11.

17. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu le egbeŋkekeawo me?

17 Menye Mawu subɔla tsitsi siwo li egbea ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋuti kpeɖodzinya siwo wogblɔna míesena ye na Kristo-hamea li ke o. Ke hã, ne míese nya tso amesiwo kpɔ “nu gã” siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo le ŋkeke mamlɛ siawo me nu la, enaa míaƒe eyama kple eƒe ŋugbedodowo dzixɔxɔse me gasẽna ɖe edzi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:7; Petro II, 1:16-19) Ne ƒe gbogbo aɖee nye esia si nèle ha dem kple Yehowa ƒe habɔbɔa la, ekema àɖo ŋku ɣeyiɣi si me Fiaɖuƒegbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi le miaƒe nutoa alo dukɔa me alo ɣeyiɣi si me wotsi tre ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie la dzi. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, èva kpɔe be Yehowa ɖe mɔxenu aɖewo ɖa ‘hedo tsɔtsɔe’ Fiaɖuƒedɔa. (Yesaya 54:17; 60:22) Ède dzesi alesi wokɔ Biblia me nyateƒeawo mee ɖe edzi eye nèkpɔ alesi wokɔ Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna la ŋu vivivii. (Lododowo 4:18; Yesaya 60:17) Ðe nèdina be yeatu ame bubuwo ɖo to nuteƒekpɔkpɔ siwo su asiwò ku ɖe Yehowa ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu la gbɔgblɔ na wo mea? Aleke gbegbe esia aʋã Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔwo ahado ŋusẽ woe nye esi!

18. (a) Wɔ viɖe si nɔa anyi ɖaa si dona tso ‘gbɔgblɔ na amewo be Yehowa le dzɔdzɔe’ me ƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke wò ŋutɔ nèkpɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ teƒee?

18 Ke ɣeyiɣi siwo me Yehowa lé be na wò hefia mɔ wò le wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ me ya ɖe? (Psalmo 37:25; Mateo 6:33; Petro I, 5:7) Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si ŋkɔe nye Martha dea dzi ƒo na amewo kple nya siawo be: “Eɖanye nuka kee dzɔ o, megagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe o. Alé wò ɖe te.” Aɖaŋuɖoɖo sia ɖe vi ŋutɔ na Tolmina, amesiwo Martha srɔ̃ Biblia kplii dometɔ ɖeka, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze. Tolmina gblɔ be: “Esi srɔ̃nye ku la, dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe, gake nya mawo na meɖoe be nyemada kpekpe ɖeka teti aƒu o. Eye le nyateƒe me la, Yehowa do ŋusẽm be meyi edzi.” Tolmina ɖo aɖaŋu ma ke na ame geɖe siwo wòsrɔ̃a Biblia kplii le ƒe geɖe siwo va yi me. Nyateƒee, ne èdea dzi ƒo na amewo hegblɔa Yehowa ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ fiana la, àte ŋu atu haxɔsetɔ geɖe ƒe xɔse ɖo.

Yehowa Dea Asixɔxɔ Nuteƒewɔla Tsitsiwo Ŋu

19, 20. (a) Aleke Yehowa bua esubɔla tsitsiwo ƒe dɔwɔnawoe? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Egbexexe sia si me tɔwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o la mebua ame tsitsiwo ŋu boo o. (Timoteo II, 3:1, 2) Ne woɖo ŋku wo dzi hã la, zi geɖe la, nusiwo wowɔ va yi tae—amesi wonye tsã, ke menye amesi wonye fifia o. Gake Biblia ya gblɔ be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu ɖoa ŋku dɔ siwo miewɔ nuteƒewɔwɔtɔe va yi la dzi. Gake egadea asixɔxɔ nusi miegakpɔtɔ le wɔwɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me hã ŋu. Ẽ, ebua nuteƒewɔla tsitsiwo be wotsea ku, wole lãmesẽ me le gbɔgbɔ me, eye wonye Kristotɔ sẽŋuwo—woƒe anyinɔnɔ ɖoa kpe eƒe ŋusẽ dzi.—Filipitɔwo 4:13.

20 Ðe nèbua ame tsitsi siwo le míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me la abe alesi Yehowa bua woe enea? Ne nenemae la, ekema aʋã wò be nàlɔ̃ wo. (Yohanes I, 3:18) Nyati si kplɔe ɖo adzro mɔ ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo dzi míato aɖe lɔlɔ̃ sia afia le woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo me la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Ayedeku akpe ɖeka te ŋu nɔa ta ɖeka ŋu eye eƒe kpekpeme ate ŋu ade kilogram 8 alo esi wu ema. Agbalẽŋlɔla aɖe bu akɔnta be “[ayedeti] tseku ɖesiaɖe ate ŋu ana edola nakpɔ ayede si ƒe kpekpeme ade tɔn eve alo etɔ̃ hafi ayedea naku.”

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Aleke ame tsitsiwo ‘tsea kui’?

• Nukatae gbɔgbɔmeŋusẽ si le Kristotɔ tsitsiwo ŋu la nye viɖenu gã aɖe?

• Aleke ame tsitsiwo ate ŋu ‘aɖe gbeƒãe be Yehowa le dzɔdzɔe’?

• Aleke Yehowa léa be na esubɔla tsitsiwoe?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 13]

Alesi Wowɔ Kpɔtɔ Li Ke Sesĩe le Xɔse Me

Nukae kpe ɖe Kristotɔ tsitsiwo ŋu wokpɔtɔ li ke le xɔse me hesẽ ŋu le gbɔgbɔ me? Nya siwo wo dometɔ aɖewo gblɔe nye esi:

“Ŋɔŋlɔ siwo he susu yi ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzi xexlẽ le vevie ŋutɔ. Megbugbɔ gblɔa Psalmo 23 kple 91 lia me nyawo ɖe tame le zã geɖewo me.”​—Olive, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1930 me.

“Mekpɔa egbɔ be mesea nyɔnyrɔxɔxɔnuƒo si woƒona ɣesiaɣi heɖoa to vevie, abe nye ŋutɔ nye nyɔnyrɔxɔxɔnuƒoe wònye ene. Ŋkuɖoɖo nye adzɔgbeɖeɖe dzi ɣesiaɣi nye afɔɖeɖe vevi aɖe si naa meyia edzi wɔa nuteƒe.”​—Harry, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

“Gbedodoɖa gbesiagbe le vevie—Yehowa biabia ɣesiaɣi be wòakpe ɖe ye ŋu, akpɔ ye ta, ahayra ye, kple ‘ŋkuléle ɖe eŋu le míaƒe mɔwo katã dzi.’” (Lododowo 3:5, 6)​—Antônio, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1951 me.

“Amesiwo le Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia ƒe nuteƒekpɔkpɔwo sese doa ŋusẽ tame si meɖo be mayi edzi aku ɖe eŋu ahawɔ nuteƒe nɛ.”​—Joan, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1954 me.

“Ele vevie be nàgabu ɖokuiwò ŋu akpa o. Mawu ƒe amenuveve si míedzena hafi o la tae nusianu si anya le mía si la li ɖo. Nuwo ŋu bubu alea kpena ɖe mía ŋu míaƒe ŋku nɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu si míehiã be míado dzi vaseɖe nuwuwu tsoƒe vavã la ŋu.”​—Arlene, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1954 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ame tsitsiwo tsea Fiaɖuƒea ƒe ku xɔasiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ame tsitsiwo ƒe gbɔgbɔmeŋusẽ nye viɖenu xɔasi aɖe