Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Beléle Na Ame Tsitsiwo—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie

Beléle Na Ame Tsitsiwo—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie

Beléle Na Ame Tsitsiwo​—Kristotɔwo Ƒe Agbanɔamedzie

“Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã.”​—YESAYA 46:4.

1, 2. Aleke mía Fofo si le dziƒo ƒe belélename to vovo na dzila amegbetɔwo tɔe?

DZILA wɔnuteƒewo kpɔa wo viwo dzi le woƒe vidzĩmenɔɣi, ɖevimenɔɣi, kple le woƒe ƒewuiwo me. Ne sɔhɛ tsi zu ame tsitsi eye ƒome va le eya ŋutɔ si kura gɔ̃ hã la, dadaa kple fofoa yia edzi léa ŋku ɖe eŋu hekpena ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe.

2 Togbɔ be kpekpeɖeŋu si amegbetɔwo naa wo viwo va se ɖe afi aɖe ko hã la, mía Fofo si le dziƒo ya te ŋu léa ŋku ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu ɣesiaɣi hekpena ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Esi Yehowa nɔ nu ƒom na eƒe dukɔ tiatia si nɔ anyi le blema la, egblɔ be: “Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã.” (Yesaya 46:4) Aleke gbegbee nya siawo faa akɔ na Kristotɔ tsitsiwoe nye esi! Yehowa megblẽa amesiwo wɔa nuteƒe nɛ la ɖi o. Ke boŋ edo ŋugbe be yealé wo ɖe te, yeakpe ɖe wo ŋu, eye yeafia mɔ wo le woƒe agbe me katã, ne wotsi ku amegã gɔ̃ hã.—Psalmo 48:15.

3. Nuka mee míadzro le nyati sia me?

3 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe beléle na ame tsitsiwo lɔlɔ̃tɔe ƒe kpɔɖeŋua? (Efesotɔwo 5:1, 2) Mina míadzro mɔ siwo dzi viwo, hamemegãwo, kple Kristotɔ ɖekaɖekawo ate ŋu ato akpɔ míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me tɔ tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe me.

Míaƒe Agbanɔamedzi abe Viwo Ene

4. Agba kae le vi Kristotɔwo dzi le wo dzilawo gome?

4 “Bu fofowò kple dawò.” (Efesotɔwo 6:2; Mose II, 20:12) Apostolo Paulo yɔ nya mawo siwo le tẽ evɔ gɔmesese deto le wo ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖo ŋku agba si le viwo dzi le wo dzilawo gome dzi na wo. Gake aleke nya siawo ku ɖe beléle na ame tsitsiwo ŋui? Kpɔɖeŋu lédziname aɖe si woɖo ɖi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya sia ŋu.

5. (a) Nukae ɖee fia be Yosef meŋlɔ agba siwo le edzi le edzilawo gome la be o? (b) Nukae bubudede mía dzilawo ŋu fia, eye kpɔɖeŋu nyui kae Yosef ɖo ɖi le esia gome?

5 Ƒe 20 kple edzivɔ va yi esi Yosef megakpɔ fofoa Yakob, si nye blemafofo amegãɖeɖi la kpɔ o. Gake edze ƒã be lɔlɔ̃ ganɔ Yosef si na fofoa Yakob kple ƒome bliboa kokoko. Le nyateƒe me la, esi Yosef ɖe eɖokui fia nɔviawo vɔ la, ebia be: “Fofonye gale agbea?” (Mose I, 43:7, 27; 45:3) Dɔ to le Kanaan-nyigba dzi ɣemaɣi. Eyata Yosef gblɔ ɖo ɖe fofoa be: “Va gbɔnye, megahe ɖe megbe o! Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, àte ɖe ŋunye . . . Makpɔ dziwò le afima.” (Mose I, 45:9-11; 47:12) Ẽ, bubudede dzila tsitsiwo ŋu bia be woakpɔ wo ta ahakpɔ wo dzi ne woa ŋutɔwo mate ŋui o. (Samuel I, 22:1-4; Yohanes 19:25-27) Yosef xɔ agbanɔamedzi sia dzidzɔtɔe.

6. Aleke Yosef ɖe lɔlɔ̃ vavã si nɔ esi na fofoa fiae, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuae?

6 Yehowa yra Yosef wòva zu amesiwo si kesinɔnuwo le wu hekpɔ ŋusẽ wu le Egipte la dometɔ ɖeka. (Mose I, 41:40) Gake mebu eɖokui ame vevi akpa alo be yexaxa akpa na bubudede ye fofo si tsi xɔ ƒe 130 la ŋu o. Esi wòse be Yakob (alo Israel) gbɔna la, “Yosef na woɖɔ eƒe tasiaɖam ɖo, eye wòɖoe yi fofoa Israel kpe ge le Gosen. Esi wòkpɔe la, ekpla asi kɔ nɛ, eye wòfa avi ɖe eƒe kɔ dzi ʋuu.” (Mose I, 46:28, 29) Menye gotagome bubudede ame ŋu dzro aɖe koe dzaadoname sia nye o. Yosef lɔ̃ fofoa amegãɖeɖi la vevie eye ŋu mekpee be yeaɖe alesi yelɔ̃e afia o. Ne mía dzilawo zu ame tsitsiwo la, ɖe míawo hã míeɖea alesi míelɔ̃ woe fiana faa?

7. Nukatae Yakob di be woaɖi ye ɖe Kanaan?

7 Yakob ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa me sẽ vaseɖe eƒe agbenɔɣi ƒe nuwuwu. (Hebritɔwo 11:21) Esi Yakob xɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se ta la, ebia be woaɖi ye ɖe Kanaan. Yosef de bubu fofoa ŋu to nudidi sia dzi wɔwɔ me, togbɔ be ema wɔwɔ abia ga kple agbagbadzedze geɖe hã.—Mose I, 47:29-31; 50:7-14.

8. (a) Nuka koŋue ʋãa mí míeléa be na mía dzila tsitsiwo? (b) Nukae ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe wɔ ale be wòalé be na edzila tsitsiwo? (Kpɔ aɖaka si le axa 17.)

8 Nukae ʋã Yosef wòlé be na fofoa? Togbɔ be lɔlɔ̃ si Yosef ɖo nɛ kple sese le eɖokui me be yenyi fe le amesi dzi ye hekpɔ ye dzi ŋue nye nusiwo ʋãe dometɔ aɖewo hã la, ɖikekemanɔmee la, edi vevie be yeadze Yehowa ŋu hã. Nenema kee wòle be wòanɔ le míawo hã gome. Paulo ŋlɔ be: “Ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, woasrɔ̃ alesi woawɔ nusi adze Mawu ŋu la le woa ŋutɔwo ƒe aƒe me gbã, eye woaɖo teƒe na wo dzilawo [kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo, NW]; elabena esia nyo le Mawu ŋku me.” (Timoteo I, 5:4) Nyateƒee, lɔlɔ̃ na Yehowa kple evɔvɔ̃ bubutɔe aʋã mí be míalé be na mía dzila tsitsiwo, eɖanye kuxi kawoe míado goe le ewɔwɔ me o. *

Alesi Hamemegãwo Ðea Woƒe Ðetsɔleme Fianae

9. Amekae Yehowa ɖo be wòakplɔ alẽha, si me Kristotɔ tsitsiwo hã le, lae?

9 Le Yakob ƒe agbenɔnɔ didi la ƒe nuwuɣi la, egblɔ tso Yehowa ŋu be enye ‘Mawu, si nye kplɔlanye le nye agbe me ŋkekewo katã me va ɖo egbe.’ (Mose I, 48:15) Egbea, Yehowa kplɔa esubɔla siwo le anyigba dzi to dzikpɔla Kristotɔwo, alo hamemegãwo dzi, le Via Yesu Kristo, amesi nye “alẽkplɔla gã” la ƒe mɔfiafia te. (Petro I, 5:2-4) Aleke dzikpɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le beléle na alẽha la me tɔ tsitsiwo mee?

10. Nukae wowɔ tsɔ na ŋutilãmekpekpeɖeŋu Kristotɔ tsitsiwo? (Kpɔ aɖaka si le axa 19.)

10 Le Kristo-hamea ɖoɖo anyi megbe kpuie la, apostoloawo ɖo “ŋutsu adre, . . . [siwo yɔ] fũ kple gbɔgbɔ kɔkɔe kple nunya” be woakpɔ nuɖuɖu ‘mama gbesiagbe’ na Kristotɔ ahosi siwo hiã tu la dzi. (Dɔwɔwɔwo 6:1-6) Emegbe Paulo gblɔ na dzikpɔla Timoteo be wòaŋlɔ ahosi tsitsi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ƒe ŋkɔwo kpe ɖe amesiwo dzi woda asi ɖo be woaxɔ ŋutilãmekpekpeɖeŋu la tɔ ŋu. (Timoteo I, 5:3, 9, 10) Nenema kee hamea me dzikpɔla siwo li egbea hã lɔ̃na faa wɔa ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋunana Kristotɔ tsitsiwo ŋu ne ehiã. Gake nu geɖe wu hiã le beléle na nuteƒewɔla tsitsiwo me.

11. Nukae Yesu gblɔ le ahosi dahe si dzɔ nu sue aɖe la ŋu?

11 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa ƒe nuwuɣi lɔƒo la, enɔ anyi ɖe gbedoxɔa me gbeɖeka eye “ekpɔ alesi amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me.” Enumake elé ŋku ɖe ame aɖe ŋu nyuie wu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ahosi dahe aɖe va tsɔ lepta eve da ɖe eme, siwo ƒe home enye hoka eve.” Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ hegblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ahosi dahe sia ƒe nusi wòtsɔ da ɖe eme la, wu nusi ame siawo tsɔ da ɖe nudzɔɖaka la me; elabena wo katã wotsɔ woƒe agbɔsɔsɔ vivivo la ƒe ɖe da ɖe eme; ke eya la tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi na eƒe agbenɔnɔ la, da ɖe eme.” (Marko 12:41-44) Ga si ahosia dzɔ mesɔ gbɔ kura o, gake Yesu nya alesi gbegbe Fofoa si le dziƒo la kpɔa ŋudzedze ɖe nuteƒewɔwɔ tso luʋɔ blibo me ɖeɖe fia alea ŋui. Togbɔ be ahosi dahea tsi ŋutɔ hã la, Yesu tsɔ ɖe le nusi wòwɔ me.

12. Aleke hamemegãwo ate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe akpa si Kristotɔ tsitsiwo wɔna ŋui?

12 Abe Yesu ene la, Kristotɔ dzikpɔlawo tsɔa ɖe le nusiwo ame tsitsiwo wɔna tsɔ doa tadedeagu vavãtɔa ɖe ŋgɔe me. Ele be dzikpɔlawo nakafu ame tsitsiwo le woƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kple le kpekpewo me, le ŋusẽ nyui si wokpɔna ɖe hamea dzi, kple le woƒe dzidodo ta. Dzideƒonamenya siwo tso dzime gbɔgblɔ na ame tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woade dzesi ‘susu si ta woakpɔ dzidzɔ ɖo’ le woƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea me, eye esia awɔe be woaƒo asa na nusiwo woate ŋu awɔ tsɔtsɔ sɔ kple Kristotɔ bubuwo tɔ alo etsɔtsɔ asɔ kple nusiwo wote ŋu wɔna tsã, si ana dzi naɖe le wo ƒo.—Galatiatɔwo 6:4.

13. Aleke hamemegãwo ate ŋu ahe susu ayi ame tsitsiwo ƒe ŋutetewo kple nuteƒekpɔkpɔwo dzii?

13 Hamemegãwo ate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe akpa vevi si Kristotɔ tsitsiwo wɔna ŋu ne wohea susu yia woƒe nuteƒekpɔkpɔwo kple ŋutetewo dzi. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu azã ame tsitsi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le wɔwɔfiawo alo gbebiamewo me. Hamemegã aɖe gblɔ be: “Nyaselawo ɖoa to vevie ne mele gbe biam nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si he viawo le nyateƒea me.” Hamemegã siwo le hame bubu aɖe me ka nya ta be nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si tsi xɔ ƒe 71 la te ŋu kpe ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo ŋu be wogava le gome kpɔm edziedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Edea dzi ƒo na wo hã be woawɔ “nu vevitɔwo,” abe Biblia xexlẽ kple gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzodzro kple ŋugbledede le nusi woxlẽ ŋu ene.

14. Aleke hamemegãwo ƒe ha aɖe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe wo hati dzikpɔla tsitsi aɖe ŋui?

14 Hamemegãwo dea asixɔxɔ akpa si wo hati dzikpɔla tsitsiwo wɔna hã ŋu. Nyitsɔ laa la, wowɔ dɔ na José, amesi le eƒe ƒe 70-awo me henye hamemegã ƒe geɖe enye esia la. Esi wòhiã be ɣeyiɣi didi aɖe nava yi hafi wòahaya ta la, esusui be yeaɖe asi le dzikpɔla zimenɔla nyenye le hamea me ƒe agbanɔamedzia ŋu. José gblɔ be: “Alesi hamemegã bubuawo wɔ nui la wɔ nuku nam. Le esi woalɔ̃ ɖe nye susua dzi teƒe la, wobiam be kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ kae mehiã ale be mayi edzi atsɔ nye agbanɔamedziawo hã.” Hamemegã aɖe si metsi de José nu o kpe ɖe eŋu wòyi edzi le subɔsubɔm abe dzikpɔla zimenɔla ene dzidzɔtɔe, eye esia ɖe vi geɖe na hamea. Hamemegã bubu aɖe gblɔ be: “Nɔviawo kpɔa ŋudzedze ɖe hamemegãdɔ si José wɔna ŋu vevie. Wolɔ̃e eye wodea bubu eŋu le nuteƒekpɔkpɔ si su esi kple xɔse ƒe kpɔɖeŋu si wònye ta. Enye viɖe gã aɖe na míaƒe hamea.”

Beléle Na Mía Nɔewo

15. Nukatae wòle be Kristotɔwo katã natsɔ ɖe le ame tsitsi siwo le wo dome la ƒe nyonyo me?

15 Menye vi siwo dzilawo zu ame tsitsiwo kple subɔla siwo woɖo koe wòle na be woatsɔ ɖe le eme na ame tsitsiwo o. Paulo tsɔ Kristo-hamea sɔ kple amegbetɔ ƒe ŋutilã heŋlɔ be: “Mawu wɔ ŋutilã heɖoe teƒeteƒe, eye wòtsɔ bubu gã wu na suetɔ la, bene mamã aɖeke naganɔ ŋutilã me o, ke ŋutinuwo nalé be na wo nɔewo sɔsɔe boŋ.” (Korintotɔwo I, 12:24, 25) Gɔmeɖeɖe bubu xlẽ be: “Ele be [ŋutilã] la ƒe akpa vovovoawo katã nana beléle na wo nɔewo nanye nusi ŋu wo katã woléa ŋku ɖo.” (Knox) Be nuwo nazɔ nyuie le Kristo-hamea me la, ele be hamea me tɔ ɖesiaɖe natsi dzi ɖe haxɔsetɔ, siwo dome ame tsitsiwo hã le, ƒe nyonyo ŋu.—Galatiatɔwo 6:2.

16. Aleke míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia ame tsitsiwo ne míele Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

16 Kristotɔwo ƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí be míaɖe ɖetsɔleme afia ame tsitsiwo. (Filipitɔwo 2:4; Hebritɔwo 10:24, 25) Ðe míedia ɣeyiɣi ɖoa dze kple ame tsitsiwo le ɣeyiɣi siawo mea? Togbɔ be asɔ be míabia woƒe lãmesẽ ta se hã la, ɖe míagate ŋu “[atsɔ] gbɔgbɔ me nunana aɖe ana” wo, ɖewohĩ to nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo aɖe alo Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu aɖe gbɔgblɔ na wo dzia? Esi wònye ame tsitsi aɖewo magate ŋu azɔ ayi teƒe geɖe o ta la, anye dɔmenyonyo na wo ne míeyi wo gbɔ tsɔ wu be míanɔ mɔ kpɔm be woawo boŋ nava mía gbɔ. Ne womegate ŋu sea nu nyuie o la, ɖewohĩ ahiã be míaƒo nu na wo blewu ahagblɔ nyawo eme nakɔ. Eye ne míedi be ‘dzidedeƒo na ame nɔewo’ nayi edzi la, ele be míaɖo to nya siwo ame tsitsiwo agblɔ la vevie.—Romatɔwo 1:11, 12.

17. Aleke míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia Kristotɔ tsitsi siwo tsi teƒe ɖeka lae?

17 Ke ne ame tsitsi aɖewo mate ŋu ade Kristotɔwo ƒe kpekpe o ya ɖe? Yakobo 1:27 ɖee fia be míaƒe dɔe wònye be “[míakpɔ] tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me.” Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘woakpɔ eta’ ƒe gɔmesese ɖekae nye ‘woaɖakpɔ ame ɖa.’ (Dɔwɔwɔwo 15:36) Eye aleke gbegbee ame tsitsiwo kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe sasrãkpɔwo ŋu enye esi! Esi wode Paulo gaxɔ me le Roma le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo la, Paulo si zu ‘ame tsitsi’ la tsi akogo. Edi vevie be yeakpɔ yeƒe dɔwɔhati Timoteo eye wòŋlɔ be: “Do vevie be, nava gbɔnye kaba.” (Filemon 9; Timoteo II, 1:3, 4; 4:9) Togbɔ be womede ame tsitsi aɖewo gaxɔ me ŋutɔŋutɔ o hã la, lãmegbegblẽ wɔe be wotsi teƒe ɖeka. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ wole gbɔgblɔm be, ‘Meɖe kuku, midze agbagba ɖesiaɖe miava srãm kpɔ kpuie.’ Ðe míele wɔwɔm ɖe yɔyɔ sia dzia?

18. Viɖe kawoe ate ŋu ado tso ame tsitsiwo sasrãkpɔ me?

18 Mègabu viɖe si dona tsoa gbɔgbɔ me nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu tsitsi aɖe sasrãkpɔ me la nu tsɛe gbeɖe o. Esime Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Onesiforo nɔ Roma la, edze agbagba vevie di Paulo, ke ɖe eŋu, eye emegbe ‘ena eƒe dzi gbɔ ɖe eme enuenu.’ (Timoteo II, 1:16, 17) Nɔvinyɔnu tsitsi aɖe gblɔ be: “Edzɔa dzi nam be sɔhɛwo nanɔ gbɔnye. Nusi dzɔa dzi nam wue nye be wowɔa nu ɖe ŋunye abe woƒe ƒometɔ ene. Edea dzi ƒo nam ŋutɔ.” Kristotɔ tsitsi bubu aɖe gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ŋutɔ ne ame aɖe ɖo gbedonamegbalẽvi aɖe ɖem, yɔm le telefon dzi eye míeɖo dze miniti ʋɛ aɖewo ko, alo srãm kpɔ henɔ gbɔnye ɣeyiɣi kpui aɖe. Ðeko wònɔna abe ya fafɛ aɖee ƒom ɖem ene.”

Yehowa Ðoa Eteƒe Na Amesiwo Léa Be Na Ame

19. Yayra kawoe dona tsoa beléle na ame tsitsiwo me?

19 Yayra geɖee dona tsoa beléle na ame tsitsiwo me. Hadede kple ame tsitsiwo kpakple viɖekpɔkpɔ tso woƒe sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ me nye mɔnukpɔkpɔ si le etɔxɛ. Amesiwo léa be na ame kpɔa dzidzɔ si lolo wu si tsoa nunana me, eye wosena le wo ɖokui me be yewowɔ nusi Ŋɔŋlɔawo bia tso yewo si la, si wɔnɛ be woƒe dzi dzea eme. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Gawu la, amesiwo léa be na ame tsitsiwo la mevɔ̃na be woagblẽ yewo ɖi ne yewotsi o. Mawu ƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.”—Lododowo 11:25.

20, 21. Aleke Yehowa bua amesiwo léa be na ame tsitsiwoe, eye nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

20 Yehowa ɖoa eteƒe na vi mawuvɔ̃lawo, dzikpɔlawo, kple Kristotɔ bubu siwo kpɔa haxɔsetɔ tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ɖokuitɔmadimaditɔe. Nuwɔwɔ alea sɔ ɖe lododo sia me nyawo nu, be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” (Lododowo 19:17) Ne lɔlɔ̃ ʋã mí míeve wɔnamanɔŋutɔwo kple ame dahewo nu la, Mawu bua nunana sia be enye nugbana míedo na ye eye etsɔa yayrawo ɖoa eteƒe na mí. Eɖoa eteƒe na mí hã ne míetsɔ ɖe le eme lɔlɔ̃tɔe na haxɔsetɔ tsitsiwo, amesiwo dometɔ geɖe nye ‘ame dahewo le xexeame evɔ wonye kesinɔtɔwo le xɔse me.’—Yakobo 2:5.

21 Aleke gbegbee Mawu ɖoa eteƒe na mí geɖe enye esi! Agbe mavɔ nye teƒeɖoɖo siawo dometɔ ɖeka. Le Yehowa subɔla akpa gãtɔ gome la, ema anye agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi, afisi woaɖe nuvɔ̃ si dome míenyi ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ɖa le eye nuteƒewɔla tsitsiwo agakpɔ ŋusẽ si nɔ wo ŋu esi wonye sɔhɛwo la ake. (Nyaɖeɖefia 21:3-5) Esi míele yayra gbago ƒe ɣeyiɣi ma lalam la, neva eme be míayi edzi atsɔ Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi si le mía dzi be míalé be na ame tsitsiwo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Hena aɖaŋuɖoɖo nyuiwo le alesi woalé be na dzila tsitsiwo ŋu la, kpɔ Nyɔ!, April 8, 1994, axa 15-22 [Eŋlisigbe me tɔ, February 8, 1994, axa 3-10].

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Aleke viwo ate ŋu ade bubu wo dzila tsitsiwo ŋui?

• Aleke hamemegãwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana alẽha la me tɔ tsitsiwoe?

• Nukae hamea me tɔ ɖekaɖekawo ate ŋu awɔ atsɔ aɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme ŋutɔŋutɔ na ame tsitsiwo?

• Yayra kawoe dona tsoa beléle na Kristotɔ tsitsiwo me?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 17]

Esime Edzilawo Hiã Eƒe Kpekpeɖeŋu

Philip nye xɔtula lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla nɔ Liberia le ƒe 1999 me esime woɖo du ɖee be fofoa dze dɔ vevie. Esi wònya be ye nɔ ɖeɖe mate ŋu anɔ te ɖe nɔnɔmea nu o ta la, eɖoe be yeatrɔ yi aƒe ahawɔ ɖoɖo ɖe dɔdada na ye fofo ŋu.

Philip gblɔ be: “Tɔtrɔ yi aƒe menɔ bɔbɔe o, gake mese le ɖokuinye me be dzinyelawo nye nye agbanɔamedzi gbãtɔ.” Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, Kristotɔ haxɔsetɔ siwo le nutoa me kpe ɖe eŋu wòdi aƒe aɖe si nyo wu na edzilawo, afisi sɔ nyuie wu ɖe fofoa ƒe nuhiahiã tɔxɛawo nu.

Philip dada ate ŋu akpɔ fofoa ƒe lãmesẽkuxi sesẽawo gbɔ fifia nyuie wu. Nyitsɔ laa la, Philip lɔ̃ gaxɔ dɔdasi be wòava nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Macedonia.

[Aɖaka si le axa 19]

Womedo Kpo Eƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔkpɔ O

Esime Ada, Kristotɔ tsitsi si xɔ ƒe 85 si le Australia tsi teƒe ɖeka le lãmegbegblẽ ta la, hamemegãwo wɔ ɖoɖo kpe ɖe eŋu. Wowɔ ɖoɖo na haxɔsetɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ate ŋu anɔ kpekpeɖeŋu namee. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo kpɔa dzidzɔ be yewoawɔ dɔwo abe aƒea me dzadzraɖo, nunyanya, nuɖaɖa, kple dɔtsɔtsɔ ene nɛ.

Ƒe ewo kloe enye esia si wodze kpekpeɖeŋu ma nanae gɔme. Vaseɖe fifia la, hati Yehowa Ðasefo siwo wu 30 le asi kpem ɖe beléle na Ada ŋu. Woyi edzi le esrãm kpɔ, xlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽwo nɛ, gblɔa alesi hamea me tɔwo le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee nɛ, eye wodoa gbe ɖa kplii edziedzi.

Kristotɔ hamemegã aɖe si le nutoa me gblɔ be: “Amesiwo léa be na Ada la bui be enye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoakpe ɖe eŋu. Eƒe subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbo aɖewo ʋã ame geɖe, eye nya lae nye be womate ŋu ado kpo eƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ nɛ o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ðe míeɖea lɔlɔ̃ fiaa mía dzila tsitsiwo zi geɖea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Hamea me tɔwo katã ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia haxɔsetɔ tsitsiwo