Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Esi menye amee Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye o ɖe, aleke míate ŋu ado dziku nɛ?

Apostolo Pauloe ŋlɔ be: “Migawɔ nusi ave Mawu ƒe [gbɔgbɔ] kɔkɔe la o.” (Efesotɔwo 4:30) Ame aɖewo nɔa te ɖe nya siawo dzi susuna be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye. Gake “xɔnuvi nuteƒewɔla” la ƒe agbalẽwo tsɔ Ŋɔŋlɔawo kple blema nudzɔdzɔwo ɖo kpe edzi zi geɖe be Kristotɔ gbãtɔwo mebu gbɔgbɔ kɔkɔea be enye ame loo alo be ele tasɔsɔ me kple Dziƒoʋĩtɔ la abe nusi woyɔna be Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖee wònye ene o. * (Luka 12:42) Eyata Paulo menɔ nu ƒom tso Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be enye ame o.

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea enye eƒe dɔwɔŋusẽ. (Mose I, 1:2) Wogblɔe ɖi be Yesu atsɔ “gbɔgbɔ kɔkɔe” ana nyɔnyrɔ amewo abe alesi Yohanes hã tsɔ tsi na nyɔnyrɔe ene. (Luka 3:16) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, “gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ” nusrɔ̃la siwo anɔ 120 la fũ—edze ƒã be menye amee yɔ wo o. (Dɔwɔwɔwo 1:5, 8; 2:4, 33) Dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ va su amesiamina mawo si eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo wowɔ nuteƒe. (Romatɔwo 8:14-17; Korintotɔwo II, 1:22) Gbɔgbɔ kɔkɔea na wotse mawusosroɖa ƒe ku eye wotsri “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” siwo nye nuvɔ̃ si ate ŋu ana be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.—Galatiatɔwo 5:19-25.

Ne Mawu subɔla siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ lee míenye la, ke wometsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na mí o. Ke hã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzi abe dziƒoyilawo ke ene. Eyata míawo hã míate ŋu ado dziku na gbɔgbɔ kɔkɔea. Le mɔ ka nu?

Ne míegbe toɖoɖo Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo siwo woŋlɔ le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, ɖeko wòana míava nɔ nusiwo ana míaɖoe awɔ nuvɔ̃ ɖe gbɔgbɔa ŋu wɔm, eye Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o; mlɔeba la, ana míatsrɔ̃. (Mateo 12:31, 32) Ðewohĩ míanɔ nuvɔ̃ gã wɔm haɖe ya o, gake míate ŋu ava dze nugbegblẽwɔwɔ ƒe mɔ si ana míava wɔ nu atsi tre ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia ŋu mlɔeba la dzi. Le nɔnɔme mawo me la, míava nɔ dziku dom na gbɔgbɔ kɔkɔea.

Ekema aleke míawɔ aƒo asa na dzikudodo na Mawu ƒe gbɔgbɔa? Ele vevie be míaɖu míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo dzi. Le apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo, ƒe ta 4 lia me la, eƒo nu tso nusiwo akplɔ ame ade aʋatsokaka, dzikudodo helĩhelĩ, kuviawɔwɔ, kple nya vlo gbɔgblɔ me tsitsri ŋu. Ne míedo ‘amenyenye yeye la’ hafi gatrɔ yi nuwɔna mawo gbɔ la, ke nukae nye ma wɔm míele? Ðeko míanɔ tsitre tsim ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me la ŋu. Nuwɔwɔ alea afia be míele dziku dom na gbɔgbɔ kɔkɔea.

Le Efesotɔwo, ta 5 lia me la, míexlẽ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si tsi tre ɖe matrewɔwɔ ƒe nudzodzro makɔmakɔwo ŋu. Apostolo la xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be woatsri ŋukpenanuwɔwɔ kple yakanyawo gbɔgblɔ hã. Ne míedi be míado dziku na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea o la, ke ele be nya sia nanɔ susu me na mí ne míele modzakaɖeɖewo tiam. Nukatae míatsɔ ɖe le nusiawo me anɔ nu ƒom tso wo ŋu, anɔ nu xlẽm tso wo ŋu, eye anɔ wo kpɔm le television dzi kple teƒe bubuwo?

Azɔ hã, míate ŋu ado dziku na gbɔgbɔ kɔkɔea le mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, esi Yehowa ƒe gbɔgbɔae tua ɖekawɔwɔ ɖo ta la, bu nusi wòafia ŋu kpɔ be míanɔ ameŋunya gbegblẽwo gblɔm alo anɔ mama dem hamea me. Ðe ema mafia be míele tsitre tsim ɖe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ mía dome la ŋu oa? Le gɔmesese aɖe nu la, ɖeko míanɔ dziku dom na gbɔgbɔ kɔkɔea abe amesiwo de mama Korinto-hamea me ene. (Korintotɔwo I, 1:10; 3:1-4, 16, 17) Míanɔ dziku hã dom na gbɔgbɔ kɔkɔea ne míeɖonɛ koŋ gbea bubudede ŋutsu siwo wotsɔ gbɔgbɔa ɖo le hamea me ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:28; Yuda 8.

Eyata eme kɔ ƒã be nunya le eme be míatsɔ nusi míenya be eyae nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia siwo dze le Biblia kple Kristo-hamea ƒe nufiafia me adzro míaƒe tamebubu kple nuwɔnawo me akpɔ. Azɔ mina míanɔ ‘gbe dom ɖa le gbɔgbɔ kɔkɔe la me,’ aɖe mɔ wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi ahawɔ ɖe nusi Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ dzi ɣesiaɣi. (Yuda 20) Neva eme be míaɖoe kplikpaa be míagawɔ naneke si ave gbɔgbɔa o ke boŋ míana wòafia mɔ mí ɣeawokatãɣi bene wòanye bubu na Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la.

Yesu Kristo tsɔ alesi wòasesẽ na kesinɔtɔ be wòayi ɖe Fiaɖuƒea mee sɔ kple kposɔ si le agbagba dzem be yeato abi ƒe vò me. Kposɔ kple nutɔabui ŋutɔŋutɔe Yesu wɔnɛa?

Ŋɔŋlɔ etɔ̃ siwo me nya siawo dze le la dometɔ eve sɔ kple wo nɔeawo kloe. Le Mateo ƒe nuŋlɔɖia me la, Yesu gblɔ be: “Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la mee.” (Mateo 19:24) Nenema kee Marko 10:25 hã xlẽ be: “Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato abi ƒe vo me, wu alesi kesinɔtɔwo nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.”

Numekugbalẽ aɖewo gblɔ be “abi ƒe vò” la nye agbo sue aɖe si nɔ Yerusalem ƒe agbo gãwo dometɔ ɖeka me. Ne wotu agbo gãtɔa le zã me la, ekema woate ŋu aʋu suetɔa. Woxɔe se be kposɔ ate ŋu ato enu. Nusiae nɔ susu me na Yesua?

Edze ƒã be menye eyae o. Anɔ eme be nutɔabui ƒe nya gblɔm Yesu nɔ. Esi wònye nutɔabui siwo wotsɔ ƒu alo gakpo wɔ le blema nɔ nuto ma me ta la, abɔ ɖe aƒe ɖesiaɖe me godoo. Luka 18:25 na be ɖikeke aɖeke megale Yesu ƒe nyawo ŋu o elabena eyɔ eƒe nyawo hegblɔ be: “Ele bɔbɔe na kposɔ be, wòato [nutɔabui alo tɔnui] ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe mawufiaɖuƒe la mee.”

Nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla geɖewo lɔ̃ ɖe alesi New World Translation zã nya “nutɔabui” alo tɔnui la dzi. Helagbe me nya (rha·phisʹ) si gɔme woɖe le Mateo 19:24 kple Marko 10:25 be ‘abi’ la tso Helagbe me dɔwɔnya si gɔmee nye be “woatɔ nu” me. Eye Helagbe me nya (be·loʹne) si dze le Luka 18:25 fia nutɔabui ŋutɔŋutɔ si wozãna tsɔ tɔa ame si wowɔ dɔ na le kɔdzi. Vine’s Expository Dictionary of Old and New Testament Words gblɔ be: “Edze ƒã be egbeŋkekeawo mee wozã ‘abi ƒe vò’ tsɔ fia agbo sueawoe; kpeɖodzi aɖeke meli be wozãe nenema le blema o. Nusi fiam Aƒetɔ la le le nya sia mee nye nane siwo wɔwɔ asesẽ na amewo, eye mehiã be woadze agbagba aɖiɖi kuxia ƒe nu sesẽ nyenye dzi akpɔtɔ agblɔ be abui si ŋu nya wògblɔ la to vovo tso esi wozãna ɖaa gbɔ o.”—1981, Babla 3, axa 106.

Ame aɖewo gblɔ be anyo be woazã “ka” ɖe “kposɔ” teƒe. Helagbe me nya (kaʹmi·los) si gɔme woɖe be ka kple (kaʹme·los) si gɔme woɖe be kposɔ ɖi wo nɔewo ŋutɔ. Gake de dzesii be Helagbe me nya si gɔme woɖe be “kposɔ” ke menye esi gɔme woɖe be “ka” o ye dze le Mateo 19:24 le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake siwo li vaseɖe egbea me le Mateo ƒe Nyanyuia me (Sinaitic, Vatican No. 1209, kple Alexandrine). Woka nya ta be Mateo ŋlɔ eƒe Nyanyuia ɖe Hebrigbe me gbã eye eya ŋutɔe anya ɖe egɔme ɖe Helagbe me emegbe. Enya nusi tututu Yesu gblɔ eyata ezã nya si sɔ.

Eyata nutɔabui kple kposɔ ŋutɔŋutɔe Yesu wɔnɛ. Ezã nusiawo tsɔ nɔ kpe ɖom nane si manya wɔ o dzi. Gake ɖe Yesu nɔ fiafiam be kesinɔtɔ aɖeke mate ŋu ayi Fiaɖuƒea me akpɔ gbeɖe oa? Ao, elabena mele be woase Yesu ƒe nya la gɔme abe alesi tututu wògblɔe ene o. Ðeko Yesu nɔ ami ɖem ɖe eƒe nyaa tsɔ nɔ fiafiam be, abe alesi kposɔ ŋutɔŋutɔ mate ŋu ato nutɔabui alo tɔnui ƒe vo me gbeɖe o ene la, nenema kee kesinɔtɔ hã mate ŋu age ɖe Fiaɖuƒea mee o ne eyi edzi lé ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu eye metsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me o.—Luka 13:24; Timoteo I, 6:17-19.

Esi ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe gbe mɔnukpɔkpɔ gã si nye Yesu yomedzelanyenye vɔ megbe teti koe Yesu gblɔ nya sia. (Luka 18:18-24) Ne kesinɔtɔ aɖe ɖo lɔlɔ̃ na eƒe nunɔamesiwo wu gbɔgbɔmenuwo la, mate ŋu akpɔ mɔ be yeakpɔ agbe mavɔ le Fiaɖuƒea me o. Gake kesinɔtɔ aɖewo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 27:57; Luka 19:2, 9) Eyata kesinɔtɔ si tsɔa ɖe le eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me vevie eye wòdia kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ la ate ŋu akpɔ xɔxɔ si tso Mawu gbɔ.—Mateo 5:3; 19:16-26.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?, si Yehowa Ðasefowo ta.