Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Tɔsisiwo Neƒu Akpe”

“Tɔsisiwo Neƒu Akpe”

Yehowa Ƒe Nuwɔwɔwo Ƒe Atsyɔ̃

“Tɔsisiwo Neƒu Akpe”

DA ŊKU ɖe anyigba ƒe nɔnɔmetata aɖe dzi kpɔ ko, eye àde dzesii be le teƒe akpa gãtɔ la, fli gɔdɔgɔdɔ̃e aɖewo to anyigba ƒe teƒeteƒewo. Fli siawo to tagbawo, gbedadaƒowo, kple gbewo me. Woto baliwo, agado globowo, kple avewo dome. (Xabakuk 3:9) Tɔsisi, siwo na amegbetɔwo le agbe ŋue míele nu ƒom tsoe. Tɔsisi siawo ɖoa kpe edzi be nunya kple ŋusẽ le anyigba Wɔla, Yehowa si. Ne míele wo kpɔm la, míesena le mía ɖokui me abe hakpalaa ene, amesi dzi ha be: “Tɔsisiwo neƒu akpe, towo katã netso aseye le Yehowa ŋku me.”​—Psalmo 98:8, 9. *

Woƒoa nu tsoa tɔsisiwo ŋu le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me. Biblia ƒo nu tso tɔsisi gã ene aɖewo siwo dze tso tɔsisi aɖe si do tso Eden me ŋu. (Mose I, 2:10-14) Fiaɖuƒe gbãtɔ siwo to ŋkuʋuʋu vɛ dometɔ ɖeka nɔ Tigris kple Frat tɔsisiwo ƒe bali wɔnuwo me le Titina Ɣedzeƒe. Hwang-tɔsisi si le China, Ganges kple Indus tɔsisi siwo le anyiehe Asia, kple Nil-tɔsisi si le Egipte la na ameƒomea wɔ ŋgɔyiyi vevi aɖewo.

Eyata mewɔ nuku o be tɔsisiwo ƒe ŋusẽ, alesi tsia mevɔna o, kple alesi wonya kpɔnae la wɔa nuku na amewo ɣesiaɣi. Nil-tɔsisi si le Egipte la sina dea teƒe siwo didi abe kilometa 6,670 ene. Tɔsisi si lolo wue nye Amazon si le Anyiehe Amerika. Togbɔ be tɔsisi aɖewo ƒe lolome wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ hã la, bubu aɖewo hã nya kpɔna ale gbegbe, abe Tone-tɔsisi sue si le Japan si sina kabakaba ŋutɔ la ene.

Nukae nana tɔwo sina? Ne míagblɔe kpuie la, nuheŋusẽe. Nuheŋusẽe wɔnɛ be tsi si le anyigba ƒe teƒe siwo kɔ la sina yia teƒe siwo ɖi abu. Ɣeaɖewoɣi la, esia gbɔe tsitsetse gãwo tsona. Biblia ɖɔ ŋusẽ kple gãnyenye sia esime wògblɔ be: “Tɔsisiwo, Yehowa, tɔsisiwo dze agbo; tɔsisiwo le gbe ɖem.”—Psalmo 93:3.

Yehowa bia mawuvɔ̃la Hiob be: ‘Amekae nana tsi gãwo dzana?’ (Hiob 38:25) Ẽ, afikae tsi gbogboawo katã tsona? Ŋuɖoɖoa le alesi tsi wɔna dzanae si me nudzɔdzɔ vovovowo yia edzi le la me. Ŋusẽ si tsoa ɣe kple nuheŋusẽ gbɔ la wɔnɛ míekpɔa tsi le anyigba dzi ɣesiaɣi. Ne tsia mie le anyigba dzi la, ekema eyia ya me. Mlɔeba la, efana heblana zua alilikpowo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, alilikpo la trɔna zua sno alo tsidzadza gbugbɔna dzana ɖe anyigba dzi. Tsia ƒe akpa gãtɔ tsia atsiaƒuwo, tawo, kple tɔsisiwo me, ɖewo hã zua tsikpe gãwo kple suewo, eye akpa aɖe hã yia tome.

Biblia gblɔ tso tsidzadzamɔnu wɔnuku sia ŋu be: “Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afisi tɔwo sina yina la, afima woyina ɖaa.” (Nyagblɔla 1:7) Yehowa, Mawu si ƒe nunya kple belélename seɖoƒe meli na o la koe ate ŋu ana tsidzadzamɔnu sia nate ŋu anɔ anyi. Nukae aɖaŋudɔ sia gblɔ na mí tso amesi ƒomevi Mawu nye ŋu? Enye Mawu si si nunya deto le eye wòtsɔa ɖe le eme na ame.—Psalmo 104:13-15, 24, 25; Lododowo 3:19, 20.

Togbɔ be tɔsisiwo lolo eye wosɔ gbɔ hã la, tsi nyui siwo wozãna le xexeame la ƒe sue aɖe koe tsoa wo me. Ke hã, wole vevie ŋutɔ na agbenɔnɔ. Agbalẽ si nye Water gblɔ be: “Ne ɖe amegbetɔwo mekpɔa tsi zãna o eye ne menye ɖe wokpɔ ŋusẽ ɖe tsi dzi vaseɖe afi aɖe o la, anye ne womate ŋu akpɔ woƒe agbemenuhiahiã suetɔ kekeake alo esiwo le vevie wu la gbeɖe o. Alesi amegbetɔwo wɔ nu ɖe nyateƒenya sia nu la wɔ akpa vevi aɖe le ŋkuʋuʋu ƒe ŋutinya me.”

Ƒe akpe geɖewoe nye esia si amegbetɔ le tɔsisi me tsi nom hele ezãm le tsi dem eƒe abɔwo. Nukuwo nyona le anyigba nyui siwo le tɔsisi geɖewo to la dzi ŋutɔ. Se alesi woɖe susu sia gblɔe le yayra aɖe si Yehowa subɔlawo kpɔna mee ɖa: “Oo, Yakob, wò agbadɔwo dze ani loo! Israel, wò nɔƒewo nyo loo! Ele abe alesi tɔʋu mlo ɖe nu le bali me ene; aloeti, siwo Yehowa do ene, eye wòɖi seder le tɔ to.” (Mose IV, 24:5, 6) Tɔsisiwo kee naa lãwo abe kpakpaxe kple amegãxi siwo kpɔm nèle le afisia la nɔa agbe. Le nyateƒe me la, zi alesi míesrɔ̃ nu geɖe wu tso tɔsisiwo ŋui la, zi nenemae wòʋãa mí be míada akpe na Yehowae.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 3 Kpɔ 2004 Calendar of Jehovah’s Witnesses, May/June.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 8]

Iguaçú Tsitsetse, si le Argentina kple Brazil ƒe liƒo dzi la le tsitsetse siwo keke wu le xexeame la dome. Eƒe kekeme wu kilometa etɔ̃. Tsitsetse suesue siwo ade 300 kloe ye ƒo ƒu wɔ tsitsetse gã sia si le avetsu dzeani aɖe me la. Tsi si ƒe kekeme kple goglome ade meta 10,000 lae tsoa tsitsetseawo me kɔna ɖe anyi sɛkɛnd ɖesiaɖe le tsidzaŋɔli.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Tone-tɔsisi, Japan