Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wòle Be Nànɔ Sɔlemeha aɖe Mea?

Ðe Wòle Be Nànɔ Sɔlemeha aɖe Mea?

Ðe Wòle Be Nànɔ Sɔlemeha aɖe Mea?

‘MEHIÃ be manɔ sɔlemeha aɖe me alo anɔ sɔleme dem edziedzi kokoko hafi axɔ Mawu dzi se o!’ Nenemae ame geɖe sena le wo ɖokui me ku ɖe sɔlemeha aɖe alo subɔsubɔha ɖesiaɖe me nɔnɔ ŋu. Le nyateƒe me la, ame aɖewo gblɔna be ne yewo do yi ɖale dzɔdzɔmenuwo kpɔm la, yewo sena le yewo ɖokui me be yewo te ɖe Mawu ŋu wu ne yewo yi subɔsubɔ wɔna aɖe wɔƒe le sɔleme. Egbea la, ame geɖe bunɛ be mehiã be ame nanɔ subɔsubɔ ƒuƒoƒo alo habɔbɔ aɖe me hafi axɔ Mawu dzi ase o.

Gake menye nenemae ame bubuwo ya bunɛ o. Woʋlia nya be sɔlemeha aɖe me nɔnɔ kple sɔlemedede nye nusiwo hiã, be ele vevie gɔ̃ hã, hafi ame ƒe nu nanyo Mawu ŋu. Eyata nya si nye be ɖee wòhiã tututu be woanɔ subɔsubɔha aɖe me hãa la yi ŋgɔ wu eŋutinya vovovowo nyanya alo nusɔsrɔ̃ tso eŋu le suku ko. Aleke kee wòɖale o, esi wònye be elɔ mía kple Mawu dome ƒomedodo ɖe eme ta la, ɖe susu manɔ eme be míadi alesi Mawu bua nya la ŋui oa? Ekema nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe Nya, Biblia, me le nya sia ŋu?

Alesi Mawu Wɔ Nu Kple Amewo le Blema

Anye ƒe 4,400 enye si va yi la, tsi gã dziŋɔ aɖe ɖe anyigba bliboa. Nudzɔdzɔ sia nye esi womate ŋu aŋlɔ be bɔbɔe o, eye eŋutinya le amewo si le woƒe blemaŋutinya gbãtɔwo me le xexeame katã. Togbɔ be woŋlɔ wo vovovoe hã la, woɖi wo nɔewo le go geɖe me, si ƒe ɖee nye nyateƒe si wònye be amegbetɔ ʋɛ aɖewo kple lã aɖewo koe tsi agbe.

Amesiwo tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me la ƒe tae nyo be woke ɖe bebeƒe aɖe ŋu le tsɔtsrɔ̃a mea? Biblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be menye aleae wòdzɔe o. Edze ƒãa be Mawu megblɔ Tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu nya na ame ɖesiaɖe tẽ o. Ke boŋ, egblɔe na Noa, amesi hã xlɔ̃ nu eŋɔlimetɔwo le Tsiɖɔɖɔ si gbɔna ŋu.—Mose I, 6:13-16; Petro II, 2:5.

Be woatsi agbe la bia be woanɔ ƒuƒoƒo wɔɖeka sia me eye wòbia be woalɔ̃ faa awɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia si wòna Noa dzi. Menye ɖee lã siwo nɔ aɖakaa me, le Tsiɖɔɖɔa me, gɔ̃ hã sa ɖe aga tso ƒuƒoƒo sia gbɔ hafi tsi agbe o. Ðe wona nufiamewo Noa tẽ be wòawɔ ɖoɖo siwo sɔ hena lãwo takpɔkpɔ.—Mose I, 6:17–7:8.

Ƒe alafa geɖe megbe la, Noa ƒe dzidzimevi siwo dzɔ tso Sem me la va nɔ aboyo me le Egipte. Ke hã, Mawu ɖo tame be yeana ablɔɖe wo ahakplɔ wo ava anyigba si ƒe ŋugbe yedo na wo tɔgbui Abraham la dzi. Menye ame ɖekaɖekawoe wogblɔ esia hã na o, ke boŋ amesiwo wotia be woanye woƒe ŋgɔnɔlawo—Mose kple nɔviaŋutsu, Aron—lae wogblɔe na gbã. (Mose II, 3:7-10; 4:27-31) Esi wòɖe amesiwo nye kluviwo tsã la tso Egipte abe ƒuƒoƒo ene la, wotsɔ Mawu ƒe Sea na wo le Sinai-toa gbɔ eye wotrɔ zu Israel-dukɔa.—Mose II, 19:1-6.

Esi Israel-vi ɖekaɖekawo de ha kple ƒuƒoƒo si Mawu ɖo hewɔ ɖe ƒuƒoƒo sia ŋgɔnɔlawo ƒe mɔfiafia dzi ko hafie wote ŋu kpɔ ɖeɖe. Wowɔ ɖoɖowo gɔ̃ hã na Egiptetɔ ɖekaɖekawo be woade ha kple ƒuƒoƒo sia si dze ƒãa be Mawu le megbe na la. Esi Israel-viwo dzo le Egipte la, amesiawo dzo kpli wo, si wɔe be wova dze na Mawu ƒe yayrawo xɔxɔ.—Mose II, 12:37, 38.

Emegbe, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme henɔ amewo nu ƒom ƒu be woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Togbɔ be etrɔ susu ɖe amewo ŋu ɖekaɖeka lɔlɔ̃tɔe ɖe woƒe hiahiãwo nu hã la, ewɔ nu kpli wo abe ƒuƒoƒo ene. Yesu gblɔ na apostolo wɔnuteƒe 11 la bena: “Miawo la miedo dzi nɔ anyi kplim le nye tetekpɔwo me; eye nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” (Luka 22:28, 29) Emegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi ɖe nusrɔ̃lawo dzi esime woƒo ƒu ɖekae.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4.

Kpɔɖeŋu sia na wòdze ƒãa be Mawu wɔ nu kple eƒe amewo le blema abe ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu ene. Le nyateƒe me la, ɖe Mawu zã ame ʋɛ siwo Wòwɔ nu kpli ɖekaɖekae tẽ—Noa, Mose, Yesu, kple bubuawo—la tsɔ ƒo nui na ƒuƒoƒo si me ɖekawɔwɔ nyui le la. Susu aɖeke meli si ta míabu be Mawu awɔ nu kple esubɔlawo bubui egbea o. Ke hã, esia fɔ biabia bubu ɖe te: Ðee subɔsubɔha ɖesiaɖe ko me nɔnɔ sua? Míadzro biabia vevi sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Mawu wɔ nu kple eƒe amewo abe ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu ene tso blema ke