Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Medo Le Tomegaxɔ Doblukɔwo Me Yi Switzerland Towo Dzi

Medo Le Tomegaxɔ Doblukɔwo Me Yi Switzerland Towo Dzi

Agbemeŋutinya

Medo Le Tomegaxɔ Doblukɔwo Me Yi Switzerland Towo Dzi

ABE ALESI LOTHAR WALTHER GBLƆE ENE

Le ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ zazã le “East Germany” ƒe Kɔmiunist tomegaxɔ siwo me do blukɔ me megbe la, menɔ tsɔtsɔm nam be mayi ava se vivi le ablɔɖe dodzidzɔname si nɔ gota kple kadodo si me dzidzɔ le me kple nye ƒomea o.

GAKE nyemenɔ mɔ kpɔm be vinyeŋutsuvi, Johannes, si xɔ ƒe ade la, makɔ ŋkume ɖem ne ekpɔm o. Ƒe etɔ̃e nye ma si megakpɔ fofoa kpɔ o. Amedzro aɖe koe menye nɛ.

To vovo na vinyeŋutsu la, nye ya mese vivi le hadede lɔlɔ̃tɔe kple dzinyelawo me. Tomefafa nɔ míaƒe aƒe si le Chemnitz, Germany, afisi wodzim ɖo le ƒe 1928 me la me. Fofonye gblɔa alesi wòtsri mawusubɔsubɔe tẽ mesena. Eɖo ŋku edzi be le Xexemeʋa I wɔɣi la, “Kristotɔ” asrafo siwo nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo la di “Kristmas ƒe dzɔgbenyui” na wo nɔewo le December 25 dzi ko gadze wo nɔewo wuwu gɔme le ŋufɔke. Ebu mawusubɔsubɔ be eya mee wowɔa alakpanu vloetɔwo ŋutɔŋutɔ le.

Xɔse Xɔ ɖe Alakpanuwɔwɔ Teƒe

Dzidzɔtɔe la, mɔkpɔkpɔ mebu ɖem abe eya ene o. Mexɔ ƒe 17 esime Xexemeʋa II ke, ema wɔe be womete ŋu zi dzinye akpasesẽtɔe be mava zu asrafo o. Ke hã, nyabiabiawo abe, ‘Nukatae wole amewo wum alea gbegbe ɖo? Ameka dzie mate ŋu aka ɖo? Afikae makpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ le?’ ene nɔ fu ɖem nam vevie. Soviettɔwo va xɔ East Germany, si nye teƒe si míenɔ. Gɔmeɖose siwo nɔ Kɔmiunist dziɖuɖua si ku ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, tasɔsɔ, ɖekawɔwɔ, kple anyinɔnɔ ɖekae le ŋutifafa me la do dzidzɔ na amesiwo ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le la vevie. Eteƒe madidi hafi mɔkpɔkpɔ nabu ɖe ame vavã siawo dometɔ geɖe keŋkeŋ o—fifia ya, manye subɔsubɔhawo gbɔe wòatso o, ke boŋ dunyahehee.

Esime menɔ ŋuɖoɖo vavãwo dim vevie na nyabiase siawo mee danyegãwo dometɔ ɖeka, si nye Yehowa Ðasefo, ɖo dze nam tso eƒe dzixɔse ŋu. Etsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe nam si ʋãm be maxlẽ Mateo ta 24 la katã—zi gbãtɔ. Alesi agbalẽa na numeɖeɖe siwo me kɔ eye susu le wo me, hede dzesi míaƒe ŋkekea be enye “xexeame ƒe nuwuwu” eye wòɖe nusi gbɔ ameƒomea ƒe kuxiwo tso me la wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.—Mateo 24:3; Nyaɖeɖefia 12:9.

Eteƒe medidi hafi megaxɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ bubuwo kpee o, eye esi menɔ wo xlẽm moveviɖoɖotɔe la, mekpɔe dzesii keŋ be meke ɖe nyateƒe si menɔ didim vevie la ŋu. Dzi dzɔm be manya be woɖo Yesu Kristo fiae le dziƒo le ƒe 1914 me, eye be eteƒe madidi o, aɖe nusiwo katã medzea Mawu ŋu o la ɖa, ale be wòahe yayra vɛ na ameƒomea me tɔ toɖolawo. Nu bubu si do dzɔdzɔ nam vevie nye alesi tafea ŋutinya me va kɔ nam nyuie. Ekpe ɖe ŋunye be mate ɖe Yehowa Mawu ŋu le gbedodoɖa tso dzi me me, ahabia tsɔtsɔkee. Amekpekpe lɔlɔ̃tɔe si woŋlɔ ɖe Yakobo 4:8 me be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu” la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Togbɔ be xɔse si ŋu meke ɖo na dzi nɔ dzɔyem ɖaa hã la, dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu melɔ̃na ɖe nya siwo megblɔna na wo dzi le gɔmedzedzea me o. Gake esia mewɔe be didi si nɔ menye ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe wɔna le Chemnitz la ŋu nu tsi o. Ewɔ nuku nam esi dzinyelawo kple nɔvinyenyɔnu de kpekpea kplim zi gbãtɔ! Ƒe 1945/46 ƒe vuvɔŋɔli mee wode kpekpea kplim. Emegbe esi woɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo aɖe ɖe Harthau, si nye teƒe si míenɔ la, míaƒe ƒomea te kpekpeawo dede edziedzi.

‘Ðevi Koe Menye’

Biblia ƒe nyateƒe veviawo sɔsrɔ̃ kple hadede kple Yehowa ƒe amewo edziedzi wɔe be metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa, eye mexɔ nyɔnyrɔ le May 25, 1946, dzi. Nusi na nye dzi dze eme ŋutɔe nye alesi ƒomea me tɔwo hã wɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ mee, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame etɔ̃a katã va zu Ðasefo wɔnuteƒewo. Nɔvinyenyɔnua gakpɔtɔ le vevie dom nu le hame siwo le Chemnitz dometɔ ɖeka me. Dzinyelawo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime danye ku le ƒe 1965 me, eye fofonye hã ku le ƒe 1986 me.

Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ ɣleti ade megbe la, medze mɔɖela vevi ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Esiae nye nye agbemesubɔsubɔdɔ si metia be mawɔ “vovoɣi li alo vovoɣi meli o,” la gɔmedzeɣi. (Timoteo II, 4:2) Eteƒe medidi hafi subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ yeyewo ʋu nam o. Wohiã ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo le Germany ƒe ɣedzeƒe nuto aɖe si sa ɖe aga me. Mía kple nɔviŋutsu aɖe míede asi agbalẽ te na dɔ sia wɔwɔ, gake mese le ɖokuinye me be nuteƒekpɔkpɔ mesu asinye o eye be nyemetsi na dɔ gã sia wɔwɔ o. Esi wònye be ƒe 18 pɛ koe mexɔ ɣemaɣi ta la, mese le ɖokuinye me abe alesi Yeremya hã se le eɖokui me ene be: “Oo, . . . Yehowa, kpɔ ɖa, nyemate ŋu aƒo nu o, elabena nyemetsi o.” (Yeremya 1:6) Togbɔ be menɔ esusum nenema hã la, hamemegãwo bui lɔlɔ̃tɔe be yewoana míatee akpɔ. Eyata woɖo mí ɖe Belzig, si nye du sue aɖe si le Brandenburg dugã la me.

Gbeƒãɖeɖe le anyigbamama ma me sesẽ ŋutɔ, ke hã ena hehe nyui aɖem. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nyɔnu dɔdzikpɔlagã xɔŋkɔ geɖewo xɔ Fiaɖuƒegbedasia heva zu Yehowa Ðasefowo. Gake woƒe kɔƒedua me kɔnyinyi veviwo kple nusiwo wovɔ̃na na la tsi tre ɖe woƒe Ðasefonyenye ŋu. Katoliko kple Protestant osɔfowo siaa tsi tre ɖe mía ŋu vevie eye wogblɔ alakpanya vɔ̃ɖiwo ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Gake ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe mɔfiame kple takpɔkpɔ ŋu kpe ɖe mía ŋu míete ŋu kpe ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖewo ŋu be wote ŋu xɔ nyateƒea.

Tsitretsiɖeŋu ƒe Dzesiwo Te Dzedze

Yayrawo kple nɔnɔme sesẽ siwo nyemekpɔ mɔ na o la va dzinye le ƒe 1948 me. Gbã la, woɖom ɖe Rudolstadt, Thuringia, be mava zu mɔɖela le afima. Meva dze si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒewo le afima eye mese vivi le hadede kpli wo me. Yayra dodzidzɔname vevi bubu ha va le ƒe ma ke ƒe July me. Meɖe Erika Ullmann, amesi nye nɔvinyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒe bibi aɖe, si menya, tso esime mete kpekpeawo dede le Chemnitz hamea me. Mía kple evea míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ɖekae le Harthau, si nye du si me metso. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Erika mete ŋu gayi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi o le eƒe lãmegbegblẽ kple susu bubu aɖewo ta.

Ɣeyiɣi mawo nye sesẽtɔwo na Yehowa ƒe amewo. Dɔwɔƒe si kpɔa Dɔwɔnyawo gbɔ le Chemnitz te fli ɖe nye nuɖuɖuƒlegbalẽvi me kple susua be ema nawɔe be maɖe asi le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ahadi ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ awɔ. Hamemegãwo zã flitete ɖe nye gbalẽvia me tsɔ bia be Dukɔa naɖe mɔ ɖe míaƒe dɔa ŋu. Wogbe, eye le June 23, ƒe 1950 dzi la, woka ga aɖe nam be maxe loo alo be mayi mɔ̃ ŋkeke 30. Míebia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃, gake ʋɔnudrɔƒe kɔkɔtɔ gbe eye wodem mɔ̃.

Tsitretsiɖeŋu kple fukpekpe sesẽ gbogbo siwo le ŋgɔ na mí ƒe dzesi sue aɖe koe nye ema. Mede ɣleti ɖeka gɔ̃ hã tso ɣemaɣi o, le September 1950 me la, le ameŋugblenya siwo wokaka tso mía ŋu to nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo dzi vɔ megbe la, Kɔmiunist dziɖuɖua ɖo asi míaƒe subɔsubɔdɔa dzi. Esi míele dzidzim ɖe edzi kabakaba eye míedea akpa aɖeke dzi o ta la, wotsɔ megbeŋkɔ na mí be, Ɣetoɖoƒe ƒe ŋkutsalawo ƒe habɔbɔ vɔ̃ɖi siwo le “dɔ fitifiti aɖe wɔm” abe subɔsubɔha aɖe wonye ene. Gbesigbe woɖo asi míaƒe dɔa dzi la, srɔ̃nye dzi mía viŋutsuvi Johannes le aƒeme esime menɔ gaxɔ me. Dukɔa ƒe Dedienɔnɔ dzikpɔlawo ge ɖe míaƒe aƒea me be woadi nusi woatsɔ aɖo kpe nutsotso siwo wotsɔ ɖe mía ŋu la dzi, togbɔ be vixelawo melɔ̃ na wo be woage ɖe eme o hã. Le nyateƒe me la, womekpɔ naneke o. Gake wote ŋu dze agbagba tra ame aɖe ɖe míaƒe hamea me be woanɔ mía dem asi na wo me. Esia wɔe be wolé hamemegãwo katã, tsɔ kpe ɖe ŋunye, le October, ƒe 1953 me.

Le Tomegaxɔ Doblukɔ la Me

Esi wotso afia na mí be míanɔ game hena ƒe vovovo, siwo nye tso ƒe etɔ̃ yi ƒe ade, vɔ megbe la, wokplɔ mí yi ɖakpe ɖe mía nɔviwo ŋu le Osterstein Mɔ̃ ƒe tomegaxɔ nyɔŋu me, le Zwickau. Togbɔ be teƒea nɔ abe aʋlime ene hã la, dzidzɔ gã aɖe wònye na mí be míabɔ ha kple nɔvi siwo tsi le gbɔgbɔ me. Ablɔɖe si me míenɔ o mefia be gbɔgbɔmenuɖuɖu ya masu mía si o. Togbɔ be dziɖuɖua ɖi gbɔ Gbetakpɔxɔ eye wòxe mɔ ɖe enu hã la, etoa mɔ aɖe nu gena ɖe gakpɔa ƒe gaxɔ siwo me míenɔ me! To mɔ ka nu?

Nɔvi gamenɔla aɖewo yi ɖawɔa dɔ le akameƒewo, afisi wodoa go Ðasefo siwo tso dua me vana le, eye amesiawo tsɔa magazineawo na wo. Ekema nɔviawo ɣlaa magazineawo tsɔ gena ɖe gakpɔa me le adzame eye wotoa ayedzedze ŋuɖɔɖotɔe dzi dzea agbagba be gbɔgbɔmenuɖuɖu sia si hiã mí vevie ŋutɔ naɖo mí katã gbɔ. Yehowa ƒe mɔfiafia kple ametakpɔkpɔ le mɔ sia nu do dzidzɔ hede dzi ƒo nam ŋutɔ!

Le ƒe 1954 ƒe nuwuwu la, woɖe mí yi ɖe Torgau fuwɔamegaxɔ vɔ̃ɖia me. Ðasefo siwo nɔ afima la xɔ mí kple dzidzɔ. Do ŋgɔ na míaƒe yiyi la, wonɔa nusiwo woxlẽ le Gbetakpɔxɔ xoxoawo me wòtsi susu me na wo la gblɔm edziedzi tsɔ nɔa ŋusẽ dom woƒe gbɔgbɔmemenyenyee. Aleke gbɔgbɔmenuɖuɖu yeye dzro wo vevie nye esi! Míaƒe agbanɔamedzie wòzu ɣemaɣi be míagblɔ nu vevi siwo míesrɔ̃ le Zwickau na wo. Gake aleke míate ŋu awɔ esiae esi wogbe na mí be míagaɖo dze kple mía nɔewo le dɔwɔɣi o? Nɔviawo ɖo alesi míate ŋu awɔ esia ŋuti ɖaŋu ʋɛ aɖewo na mí, eye Yehowa kpɔ mía ta ŋutɔ le mɔ ɖedzesi sia nu. Esia fia alesi Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede moveviɖoɖotɔe le vevie ne míele ablɔɖe me eye mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi be míasrɔ̃e la mí.

Nyametsotso Veviwo Wɔɣi

Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu wɔe be míenɔ te sesĩe. Ewɔ nuku na mí ŋutɔ be woɖe ga mía dometɔ aɖewo le ƒe 1956 ƒe nuwuwu. Nyemate ŋu aɖɔ dzidzɔ si gbegbe míekpɔ esi woɖe asi le mía ŋu la o! Ɣemaɣi la, vinyeŋutsuvia xɔ ƒe ade, eye dzidzɔ manyagblɔe wònye nam be magawɔ ɖeka kple srɔ̃nye ahakpe asi ɖe mía via nyinyi ŋu. Johannes bum amedzroe vaseɖe ɣeaɖeɣi, gake eteƒe medidi o, kadodo si me lɔlɔ̃ le la ɖo nye kpakplii dome.

Yehowa Ðasefo siwo le East Germany nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Alesi yometitia nu nɔ sesẽm ɖe edzi ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ kple akpaɖekedzimademade ŋu wɔe be míetsi dzodzodzoe ɣeawokatãɣi—afɔku, dzimaɖitsitsi kple ɖeɖiteameŋu va xɔ míaƒe agbe me. Eyata eva hiã be mía kple Erika míalé ŋku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu nyuie gbedodoɖatɔe, eye míebui be ahiã be míaʋu ayi teƒe aɖe si ƒe nɔnɔmewo ade mía dzi, ale be nu nagati kɔ na mí o. Míedi be míasubɔ Yehowa le ablɔɖe me ahaminya gbɔgbɔ me taɖodzinuwo.

Le ƒe 1957 ƒe kele me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaʋu ayi Stuttgart, West Germany. Womeɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le afima ya o, si na be míete ŋu de ha kple mía nɔviwo faa le afima. Woƒe alɔdodo mí lɔlɔ̃tɔe la wu gbɔgblɔ. Míenɔ Hedelfingen hame ma me ƒe adre sɔŋ. Ƒe mawo mee mía viŋutsua dze suku gɔme, eye wòwɔ ŋgɔyiyi nyuiwo. Le September 1962 me la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be made Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku le Wiesbaden. Wode dzi ƒo nam le sukua me be maʋu kple ƒomea aɖasubɔ le teƒe si wohiã Biblia fiala siwo se Germangbe le. Germany kple Switzerland ƒe akpa aɖewo nɔ nuto sia me.

Le Switzerland Towo Dzi

Le susu ma ta la, míeʋu yi Switzerland le ƒe 1963 me. Wobia tso mía si be míanɔ Brunnen, si nɔ Lucerne-ta dzeani si Switzerland-towo ƒo xlãe la to. Ðeko wònɔ na mí abe ke paradiso mee míele ene. Le du ma me la, eva hiã be míase Germany ƒe gbetagbe si wodona, asrɔ̃ alesi wonɔa agbee, kple alesi wosusua nuwo ŋui, la nyuie. Ke hã, míese vivi le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le ŋutifafalɔ̃la siawo dome me. Míenɔ Brunnen ƒe 14. Afimae mía viŋutsua tsi le.

Le ƒe 1977 me, esi wòsusɔ vie maxɔ ƒe 50 la, wokpe mí be míava subɔ le Switzerland ƒe alɔdzedɔwɔƒea le Thun. Míebui mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖee, eye míelɔ ɖe edzi kple dzidzɔ gã aɖe. Ƒe asieke ye mía kple srɔ̃nye míetsɔ wɔ Betel subɔsubɔdɔa eye míebunɛ kokoko be enye dɔdasi tɔxɛ aɖe le míaƒe Kristotɔnyenye kple mía ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ me. Míese vivi hã le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple gbeƒãɖela siwo nɔ Thun kple eƒe golɔgoewo me, eye míekpɔa Yehowa ƒe “nukunuwɔwɔwo,” si nye Bernese-to gã siwo tame sno xa ɖo la ɣeawokatãɣi.—Psalmo 9:2.

Míegaʋu Ake

Míegaʋu ake le ƒe 1986 ƒe gɔmedzedze me. Wobia tso mía si be míava nye mɔɖela veviwo le anyigbamama gã aɖe si wode asi na Buchs Hamea le Switzerland ƒe ɣedzeƒe gome la me. Eva hiã ake be míasrɔ̃ afimatɔwo ƒe agbenɔnɔ. Gake didi be míasubɔ Yehowa le teƒe ɖesiaɖe si woahiã na mí le la ʋa mí be míewɔ dɔdasi yeye sia kple ŋkubiã eye wòyra mí geɖe hã. Ɣeaɖewoɣi la, mexɔna ɖe dzikpɔlamɔzɔlawo teƒe, srãa hamewo kpɔna hedea dzi ƒo na wo. Ƒe wuienyi sɔŋ va yi, eye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname geɖewo su mía si le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le nuto sia me me. Hame si nɔ Buchs la tsi, eye míekpɔa dzidzɔ le kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata dzeani si ŋu wokɔ ƒe atɔ̃e nye esia la me.

Yehowa kpɔ mía ta le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Míezã míaƒe agbenɔŋkekewo ƒe akpa gãtɔ tsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, ke hã naneke mehiã mí gbeɖe o. Dzi dzɔa mí eye míaƒe dzi dzea eme be míakpɔ mía viŋutsua, srɔ̃a, kple wo viwo, kpakple wo viwo ƒe ƒomewo be wole Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Ne míebu ɣeyiɣi siwo va yi ŋu la, míekpɔnɛ be, nyateƒee, míesubɔ Yehowa “vovoɣi li alo vovoɣi meli o.” Kristotɔ ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ kutrikukutɔe ɖem tso Kɔmiunist dziɖuɖua ƒe tomegaxɔ doblukɔwo me yi Switzerland-to dzeaniwo dzii. Mete ɖe mía kple nye ƒomea dzi kpɔ be míezã míaƒe agbe le mɔ sia nu o.

[Aɖaka si le axa 28]

“Fu Eve Kpelawo” Nɔ Te Sesĩe le Tetekpɔwo Me

Le German Democratic Republic (GDR), si wogayɔna be East Germany, ƒe dziɖuɣi la, wotɔ ŋku Yehowa Ðasefowo hewɔ funyafunya wo vevie. Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be wokplɔ Ðasefo siwo wu 5,000 yi dɔsesẽwɔsaɖawo kple gaxɔwo me le woƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa kple akpaɖekedzimademade ta.—Yesaya 2:4.

Woɖɔ Ðasefo siawo dometɔ aɖewo be “fu eve kpelawo.” Ne mede ɖeke o la, wode wo dometɔ 325 lɔƒo Nazi fuwɔamesaɖawo kple gaxɔwo me. Emegbe le ƒe 1950-awo me la, Stasi, si nye GDR Dukɔa ƒe Adzamekpovitɔwo ƒe Dɔwɔha, ti amesiawo yome ake hede wo gaxɔ me. Wozã gakpɔ aɖewo zi eve gɔ̃ hã—Nazi zã gakpɔ siawo gbã, eye emegbe Stasi hã va zã wo.

Le ƒe ewo gbãtɔ, si nye tso ƒe 1950 yi 1961, siwo me yometitia nu sẽ ŋutɔ le, me la, Ðasefo siwo ƒe xexlẽmee nye 60—ŋutsuwo kple nyɔnuwo—ku le gaxɔ me le funyafunyawɔame, nunyuimakpɔɖu, dɔléle, kple tsitsi ta. Wotso afia na Ðasefo 12 be woanɔ game vaseɖe woƒe kugbe, gake wova ɖe ƒe siawo dzi kpɔtɔ emegbe va ɖo ƒe 15.

Ne èyi tsã Stasi ƒe dɔwɔƒegã si le Berlin egbea la, àkpɔ nutatawo kple ameawo ŋutinya siwo ana nànya alesi dziɖuɖua ti Yehowa Ðasefowo yome ƒe 40 sɔŋ le East Germany. Fotoawo kple ameawo ŋutinya ɖo kpe Ðasefo mawo siwo wɔ nuteƒe le tetekpɔ sesẽwo me ƒe dzinɔameƒo kple gbɔgbɔmeŋusẽ dzi.

[Anyigbatata si le axa 24, 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

EAST GERMANY

Rudolstadt

Belzig

Torgau

Chemnitz

Zwickau

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Osterstein Mɔ, si Le Zwickau

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Fotosammlung des Stadtarchiv Zwickau, Deutschland

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple srɔ̃nye, Erika