Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe!

Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe!

Nuwɔwɔwo Ðea Gbeƒã Mawu Ƒe Ŋutikɔkɔe!

“Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.”​—PSALMO 19:2.

1, 2. (a) Nukatae amegbetɔwo mate ŋu akpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume o? (b) Aleke amegã xoxo 24-awo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawui?

“MÀTE ŊU akpɔ nye ŋku me o, elabena ame aɖeke makpɔm aganɔ agbe o.” (Mose II, 33:20) Aleae Yehowa xlɔ̃ nu Mose. Le esi amegbetɔwo nye kewɔ dzro ko ta la, womate ŋu akpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ŋkume kple ŋkume aganɔ agbe o. Gake le ŋutega aɖe me la, wona apostolo Yohanes kpɔ Yehowa le Eƒe ŋutikɔkɔe fiazikpui dzi le atsyɔ̃ɖoɖo gã aɖe me.—Nyaɖeɖefia 4:1-3.

2 Esi gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo mele abe amegbetɔwo ene o ta la, wote ŋu kpɔa Yehowa ŋkume kple ŋkume. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo dometɔ aɖewoe nye “amegã xoxo blave vɔ ene” siwo Yohanes kpɔ le eƒe dziƒoŋutega me, amesiwo le tsitre ɖi na ame 144,000-awo. (Nyaɖeɖefia 4:4; 14:1-3) Aleke wowɔa nui ne wokpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔea? Le Nyaɖeɖefia 4:11 ƒe nya nu la, woɖea gbeƒã gblɔna be: “Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”

Nusita ‘Taflatsedodo’ Meli O

3, 4. (a) Nukatae Mawu dzixɔxɔse nye nusi sɔ le dzɔdzɔmeŋutinya me? (b) Le go aɖewo me la, nuka gbɔe wòtso be amewo gbea Mawu dzixɔxɔse?

3 Ðe wòʋa wò be nàtsɔ ŋutikɔkɔe na Mawua? Ame akpa gãtɔ medi be yewoatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu o, eye ame aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be meli o. Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋutinunyala aɖe ŋlɔ bena: “Mawue nye amesi de nu nyawo me hetrɔ asi le xexeame godoo ŋu be wòaɖe vi na mía? . . . Dzidzɔnya gã aɖee nye ema ya. Nublanuitɔe la, nye ya nyemexɔ nukpɔsusu ma dzi se o, ameblenyae. . . . Nukpɔsusu si nye Mawue wɔ xexeame godoo me mekɔ tututu o.”

4 Seɖoƒe li na dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekuku—nusiwo amegbetɔwo ate ŋu akpɔ ahasrɔ̃ nu tso wo ŋu ko dzie numekukua nɔa te ɖo. Ne míagblɔe bubui la, enye nufiafia alo nususuwɔ dzro aɖe ko. Esi ‘Mawu nye Gbɔgbɔ’ ta la, womate ŋu ato dzɔdzɔmeŋutinunya dzi asrɔ̃ nu tso eŋu tsitotsito o. (Yohanes 4:24) Eyata susu mele eme be woanɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya dzi agbe Mawu dzixɔxɔse o. Vincent Wigglesworth, si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala le Cambridge Yunivɛsiti, gblɔ be “xɔse dzie” dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekukuwɔwɔ “nɔa te ɖo.” Le mɔ ka nu? “Dzɔdzɔmeŋutinunya me numekukua nɔa te ɖe xɔse sẽŋu be dzɔdzɔmenudzɔdzɔwo katã wɔ ɖeka kple ‘dzɔdzɔmesewo’ la dzi.” Eyata ne ame aɖe gbe Mawu dzixɔxɔse la, ɖe menye dzixɔse aɖee ma wòtsɔ le bubu ɖɔlimee oa? Le go aɖewo me la, edzena abe mawudzimaxɔse nyea eɖoɖo koŋ agbe nyateƒea ene. Hakpala la ŋlɔ bena: “Ame vɔ̃ɖi [‘ƒe dada na be mewɔa numekuku o; eƒe tamesusu katãe nye be: Mawu aɖeke meli o,’ NW].”—Psalmo 10:4.

5. Nukatae taflatsedodo aɖeke mele mawudzimaxɔse ŋu o?

5 Gake mawudzixɔse menye xɔse gbɔlo o, elabena Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti kpeɖodzi gbogbowo li. (Hebritɔwo 1:1) Ɣletiviŋutinunyala Allan Sandage gblɔ be: “Esesẽ nam be maxɔe ase be alesi nuwo [xexeame nuwo] le ɖoɖo nui nye nusi dzɔ tso zitɔtɔ manɔɖoɖonu aɖe me. Ame aɖe kokokoe anya wɔ wo ɖe ɖoɖo nu. Le gonye me la, womate ŋu ase Mawu gɔme o, gake eyae trɔ asi le nuwo ƒe anyinɔnɔ manyatalenu sia ŋu.” Apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo le Roma be “tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo [dzimaxɔsetɔwo] si o.” (Romatɔwo 1:20) “Tso xexemewɔwɔ dzi la”—vevietɔ tso amegbetɔ siwo ate ŋu akpɔ Mawu ƒe anyinɔnɔ adze sii wɔɣi ke la—kpeɖodzi li be Wɔla aɖe si si ŋusẽ triakɔ le, eye wònye Mawu si dze be míatsɔ mía ɖokui ana, la li. Eyata taflatsedodo aɖeke mele amesiwo gbea ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu la si o. Gake kpeɖodzi kae nuwɔwɔ ɖe fia?

Xexeame Ðea Gbeƒã Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe

6, 7. (a) Aleke dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fiae? (b) Taɖodzinu ka tae dziƒowo da ‘dzidzekawo’ ɖo?

6 Psalmo 19:2 ɖo biabia ma ŋu be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” Dawid kpɔe dze sii be ɣletiviwo kple ɣletinyigba siwo klẽna toa “dziŋgɔli,” alo yamenuto me, na kpeɖodzi si ŋu nyaʋiʋli aɖeke mele o be ŋutikɔkɔe Mawu aɖe li. Eyi edzi be: “Ŋkeke dea gbe asi na ŋkeke, eye [zã sia zã ɖea sidzedze ɖe go, NW].” (Psalmo 19:3) Dziƒowo ɖea Mawu ƒe nunya kple nuwɔŋusẽ fiana zã kple keli. Ðeko wòle abe gbe siwo le Mawu kafum ye le ‘ɖiɖim’ tso dziƒowo ene.

7 Gake ebia ŋugbledede deto hafi woadze sii be dziƒowo le Mawu kafum. “Womesea woƒe gbe kple nuƒoƒo ƒe ɖiɖi aɖeke o, NW.” Ke hã, ɖase si ɖim nuwɔwɔwo le le ɖoɖoezizi me nyea kpeɖodzi sẽŋu. “Woƒe dzidzeka de anyigba blibo la dzi, eye woƒe nuƒoƒo de xexeame ƒe mlɔenu ke.” (Psalmo 19:4, 5) Ðeko wòle abe ɖee dziƒowo da ‘dzidzekawo’ heto wo dzi na be woƒe kafukafu si ƒe ɖiɖi womesena o ɖo anyigba la ƒe akpa sia akpa ene.

8, 9. Nukawoe nye ɣea ŋuti nyateƒe ɖedzesi aɖewo?

8 Azɔ Dawid gaƒo nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnuku bubu ŋu be: “Etsɔ wo [dziŋgɔliawo] wɔ agbadɔ na ɣe. Ɣe doa go tsoa eƒe xɔ me abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene, ekpɔa dzidzɔ abe kalẽtɔ ene, be yealé eƒe mɔ. Edzena ɖe dziƒo ƒe mlɔenu, eye wòtrɔna va eƒe mlɔenu, naneke meɣlana ɖe eƒe dzoxɔxɔ o.”—Psalmo 19:5-7.

9 Ne wotsɔ ɣea sɔ kple ɣletivi bubu aɖewo la, eƒe lolome megogo wo kura o. Ke hã, ɣea lolo sasasã wu ɣletinyigba siwo ƒoa xlãe. Nyatakaka aɖe gblɔ be anyigba la ƒe kpekpeme ƒe teƒe 330,000 lɔƒoe ade [ɣea] ƒe kpekpeme nu. Ɣea ɖeɖe ƒe kpekpeme xɔ míaƒe ɣletinyigba siwo katã ƒoa xlã ɣea tsɔ kpe ɖe ɣea ŋutɔ ƒe kpekpeme ƒokpli ŋu katã kloe! Ɣea ƒe nuheŋusẽ lae lé míaƒe anyigba si le adzɔge kilometa miliɔn 150 tso ɣea gbɔ la ɖe enɔƒe wònɔa xlã ƒom ɣea eye metrana yia adzɔge loo alo tena vaa ɣea gbɔ wu didime ma o. Ɣea ƒe dzoxɔxɔ ƒe kakɛ sue aɖe, si anɔ abe ɖeka le biliɔn eve me ene, koe ɖoa míaƒe ɣletinyigba la dzi, eye dzoxɔxɔ ma tututue hiã na anyigba la hafi wòate ŋu alé míaƒe agbe ɖe te.

10. (a) Aleke ɣea gena ɖe eƒe “agbadɔ” me gadonae? (b) Aleke ɣea nɔa du dzi abe “kalẽtɔ” ene?

10 Hakpala la ƒo nu tso ɣea ŋu le kpɔɖeŋu mɔ nu be ele abe “kalẽtɔ” si nɔa du dzi le ŋkeke me ɖoa ta dziŋgɔli ƒe mlɔenu eye wòtrɔna vaa eƒe mlɔenu hegena ɖe eƒe “agbadɔ” me le zã ene. Ne ɣea le to ɖom le dziŋgɔli ƒe mlɔenu afisi wòbuna ɖe eme le la, edzena abe “agbadɔ” aɖe mee wòge ɖo heyina ɖiɖi ge ɖe eme ene. Le ŋdi la, ‘edoa go tsoa eƒe atsyɔ̃xɔ me enumake henɔa keklẽm abe ŋugbetɔsrɔ̃ ene.’ Esi Dawid nye alẽkplɔla ta la, enya alesi vuvɔ nu sẽnae le zã me. (Mose I, 31:40) Eɖo ŋku alesi ɣea ƒe keklẽ naa dzo ɖoa lãme nɛ enumake kple alesi woklẽna ɖe nuto si ƒo xlãe dzii la dzi. Edze ƒã be nu metia kɔ na ɣea le eƒe ‘mɔzɔzɔ’ tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe me o, ke boŋ ele abe “kalẽtɔ” si su te na eƒe gbesiagbe mɔzɔzɔa ene.

Ɣletivi Triakɔwo Kple Ɣletivihatsotsowo

11, 12. (a) Nukae ɖe dzesi le alesi Biblia tsɔ ɣletiviwo sɔ kple ƒutake la ŋu? (b) Aleke gbegbe xexeame godoo anya loloe?

11 Ɣletivi akpe ʋɛ aɖewo koe Dawid te ŋu tsɔ ŋku gbɔlo kpɔ. Gake numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa gblɔ be, ɣletivi agbɔsɔsɔ si nu woate ŋu atsɔ didiƒenukpɔmɔ̃ akpɔe le yamenuto gbahoo la mee nye sestiliɔn 70—xexlẽme si nye zero 22 sɔŋ si akplɔ xexlẽdzesi adrẽ ɖo! Yehowa ɖee fia be ɣletiviwo mele xexlẽme me o esime wòtsɔ woƒe agbɔsɔsɔme sɔ kple “ƒutake.”—Mose I, 22:17.

12 Ƒe geɖewoe nye sia si ɣletiviŋununyalawo de dzesi nane si woɖɔ be “yamenukeklẽ hatsotso suesuesue siwo le flukpɛ.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bui be “nukeklẽ flukpɛ” siawo nye nu siwo le míaƒe Masa (Milky Way) ɣletivihatsotsoa me ƒe akpa aɖe. Le ƒe 1924 me la, wokpɔe be Andromeda, si nye nukeklẽ flukpɛ siawo ƒe hatsotso si te ɖe mía ŋu wu, la ŋutɔ nye ɣletivihatsotso aɖe, si le teƒe si didi ʋĩ ale gbegbe be axɔ ƒe miliɔn eve sɔŋ hafi eƒe keklẽ naɖo míaƒe Masa ɣletivihatsotsoa gbɔ! * Fifia dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ɣletivihatsotso biliɔn nanewoe li, eye ɣletivi alo dzinuvi akpe—ɣeaɖewoɣi biliɔn—nanewoe le hatsotsoawo dometɔ ɖesiaɖe me. Gake Yehowa “ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Psalmo 147:4.

13. (a) Nukae ɖe dzesi le ɣletivihatsotsowo ŋu? (b) Aleke wòdze ƒãe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya ‘dziƒo ƒe sewo’ o?

13 Yehowa bia Hiob be: “Wòe saa [ɣletivihatsotso si ɖi] atifieŋuwo ƒe ka, alo wòe ɖea ka [ɣletivihatsotso si ɖi] avũ kple avũtɔa?” (Hiob 38:31) Ɣletivihatsotso enye ɣletiviwo ƒe ƒuƒoƒo si ɖi nɔnɔme tɔxɛ aɖe. Togbɔ be ele eme baa be ɣletivi ɖesiaɖe ate ŋu anɔ adzɔge ʋĩ tso wo nɔewo gbɔ hã la, afisi wole na wo nɔewo ne míekpɔ wo tso anyigba dzi la kpɔtɔ le nenema tututu. Esi ɣletiviawo dzena le wo nɔƒe tututu ɣesiaɣi ta la, wonyea “mɔfianu siwo kpena ɖe ame ŋu le ƒudzimɔzɔzɔ me, wofiaa mɔ dzinudzidelawo ne wole dzinudzideʋuwo kum, eye wònana be wote ŋu dea dzesi ɣletiviwo.” (The Encyclopedia Americana) Ke hã, ame aɖeke mese ‘ka siwo’ léa ɣletivihatsotsoawo ƒoa ƒui la gɔme keŋkeŋ o. Nyateƒee, va de asi na egbea gɔ̃ hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo nya si wobia le Hiob 38:33 be: ‘Ènya dziƒo ƒe sewoa?’ la ŋu o.

14. Mɔ ka nue alesi kekeli mãnae la gɔmesese nye dɔ le?

14 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mate ŋu aɖo nya bubu aɖe si wobia Hiob be: “Mɔ ka kekeli mãna tona?” la ŋu o. (Hiob 38:24) Agbalẽŋlɔla aɖe yɔ kekeli ŋuti numekuku sia be “egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya me biabia vevi aɖe.” Le go bubu me la, Hela-xexemenunyala aɖewo susui be amegbetɔ ƒe ŋku dzie kekeli klẽna tsona. Medidi boo o la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bui be nu wuwlui suesuesue aɖewoe ƒo ƒu wɔ kekeli. Ame bubuwo bui be kekeli zɔna abe ƒutsotsoe ene. Egbea la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be kekeli nye nu wuwlui suesuesue siwo zɔna abe ƒutsotsoe ene. Ke hã, womekpɔ se nusi tututu kekeli nye kple mɔ si nu ‘wòmãa eɖokui me le,’ la gɔme keŋkeŋ haɖe o.

15. Abe Dawid ene la, aleke wòle be míase le mía ɖokui mee ne míede ŋugble le dziƒowo ŋu?

15 Ŋugbledede le nusiawo katã ŋu ʋaa mí míesena le mía ɖokui me abe hakpala Dawid ene, amesi gblɔ be: “Ne mekpɔ wò dziƒowo, siwo nye wò asinudɔwɔwɔ, ɣleti kple ɣletiviwo, siwo nèwɔ la, nuka nye amegbetɔ, be nèɖoa ŋku edzi, kple amegbetɔvi, be nèléa ŋku ɖe eŋu?”—Psalmo 8:4, 5).

Anyigba la Kple Edzinuwɔwɔwo Kafua Yehowa

16, 17. Aleke nuwɔwɔ siwo le “tɔ goglowo” me kafua Yehowae?

16 Psalmo 148 yɔ mɔ bubu siwo dzi nuwɔwɔwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le. Kpukpui 7 lia xlẽ be: “Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi bosowo kple tɔ goglowo katã.” Nyateƒee, “tɔ goglowo” yɔ fũ kple nuwɔnuku geɖe siwo na Mawu ƒe nunya kple ŋusẽ dze ƒã. Ƒumelã klitsu si woyɔna be blue whale ƒe kpekpeme le mamadedie nue nye tɔn 120—si ade atiglinyi 30 ƒokpli ƒe kpekpeme nu! Eƒe dzi ɖeɖe dzaa ƒe kpekpeme wu kilogram 450 eye ete ŋu yɔa ʋu kilogram 6,400 toa ʋuka siwo katã le eƒe lãme me. Ðe ƒumelã klitsu siawo zɔna segesege blewu le tsia mea? Kura o. Europa Ƒumelã Gãwo Tsɔtsrɔ̃ le Vome Takpɔha ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be, ƒumelã gã klitsu siawo “zɔa mɔ toa atsiaƒu gãwo me” le ablaɖeɖe wɔnuku aɖe me. Yamenyatakakaxɔɖoɖamɔ̃ ɖee fia be “lãklitsu siawo dometɔ aɖe zɔ mɔ wu kilometa 16,000 le ɣleti 10 me.”

17 Ƒumelã si nye bosogblolui ƒomevi aɖe doa ɖi yia ƒu gɔme ʋĩ meta 45, gake wode dzesii be bosogblolui ƒomevi aɖe te ŋu do ɖi yi to ʋĩ meta 547, si nye bosogbloluiwo ƒe ɖidodo si ƒo ɖesiaɖe ta! Aleke bosogblolui sia wɔ te ŋu tsi agbe le ɖidodo yi atsiaƒu gɔme ʋĩ nenema gbegbe me? Ne ele ɖi dom la, eƒe dzi ƒe tsotsome ƒe tsɔtsɔme ɖiɖina, eye ʋua ƒe sisi le lãme nɛ trɔna yina eƒe dzi, dzitodzito, kple ahɔhɔ̃a boŋ me. Azɔ hã, tsi ƒomevi aɖe le eƒe lãmekawo me si léa ya si nye oxygen ɖi si doa ŋusẽe. Gake ƒumelã siwo nye nyo ƒomevi aɖewo kple boso ƒomevi aɖewo te ŋu doa ɖi le atsiaƒu me yia to ʋĩ sasasã wu ema. Discover magazine gblɔ be: “Le esi woazã ŋusẽ atsɔ ato tsia ƒe ŋusẽ mee teƒe la, wonaa tsia ƒe ŋusẽ gbɔdzɔna woƒe dzitodzitowo womiana keŋkeŋ.” Woléa ya si nye oxygen si wohiã la ƒe akpa gãtɔ ɖi ɖe woƒe lãmekawo me. Eme kɔ ƒã be nuwɔwɔ siawo nye ɖaseɖiɖi si dze gaglã le Mawu ŋusẽkatãtɔ aɖe ƒe nunya ŋu!

18. Aleke atsiaƒumetsi ɖea Yehowa ƒe nunya fianae?

18 Atsiaƒua ŋutɔ gɔ̃ hã ɖea Yehowa ƒe nunya fiana. Scientific American gblɔ be: “Tso atsiaƒu ŋgɔ yi to ʋĩ abe meta 100 ene ƒe tsi gege toŋ toŋ ɖesiaɖe me yɔ fũ kple numiemie suesuesue makpɔkpleŋku akpe nanewo.” Numiemie suesuewo ƒe “avedodo makpɔkpleŋku” sia ɖea ya si nye carbon dioxide tɔn biliɔn gbogbo aɖewo ɖa si naa míekpɔa ya nyui gbɔna. Numiemie makpɔkpleŋku siawoe naa oxygen-ya nyui si míegbɔna le xexeame la katã ƒe afã kple edzivɔwo.

19. Aleke dzo kple sno wɔa Yehowa ƒe tameɖoɖo dzii?

19 Psalmo 148:8 gblɔ be: “Mi dzo kple dzikpe, sno kple adzudzɔ kpakple ahom, si wɔa eƒe gbe dzi.” Nyateƒee, Yehowa zãa dzɔdzɔmeŋusẽ siwo me agbe mele o hã tsɔ naa eƒe tameɖoɖowo vaa emee. De ŋugble le dzo ŋu kpɔ. Ƒe aɖewoe nye si va yi la, wobunɛ be nu koe dzo gblẽna. Fifia numekulawo xɔe se be dzo wɔa akpa vevi aɖe le nugbagbewo kple wo nɔƒewo léle ɖe te me, heɖea ati kukuwo ɖa, nana numiemiewo doa agbogbo, trɔa asi le nusiwo naa nukuwo wɔna nyuie ŋu, eye wòléa dzobibi gãwo ƒe nugbegblẽ nu. Sno hã nye nu vevi aɖe, edea tsi anyigba hena wòwɔa nu, enaa tɔsisiwo memiena o, eye wòkpɔa nukuwo kple lãwo ta tso yame ƒe nɔnɔme ƒe nugbegblẽ le wo ŋu me.

20. Aleke towo kple atiwo ɖea vi na ameƒomeae?

20 Wogblɔ le Psalmo 148:9 be: “Mi towo kple togbɛwo katã, ati tsekuwo kple sedertiwo katã.” To nyadriwo ɖia ɖase le Yehowa ƒe ŋusẽ gã ŋu. (Psalmo 65:7) Gake wonye ŋudɔwɔnu nyui aɖe hã. Nyatakaka aɖe si tso Anyigba ƒe Nɔnɔme Ŋuti Nusrɔ̃ƒe si le Bern, Switzerland, gblɔ be: “Tɔsisi gãwo katã dzɔ tso towo me. Ameƒomea me tɔ afã kple edzivɔ ƒe agbe nɔ te ɖe tsi nyui siwo xana ɖe to kɔkɔwo me dzi . . . ‘Tsikpo’ siawo wɔa akpa vevi aɖe le amegbetɔƒomea ƒe dedienɔnɔ me.” Atiwo gɔ̃ hã hea ŋutikɔkɔe vɛ na wo Wɔla. Nyatakaka aɖe si tso Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Nutome Ŋuti Ðoɖowɔha gbɔ gblɔ be atiwo “le vevie na amesiwo le dukɔwo katã me ƒe dedienɔnɔ . . . Ati ƒomevi geɖewo ŋudɔwɔwɔ hea ga gbogbo vɛ le esi wokpɔa xɔtutiwo, atikutsetsewo, newo, atimitsi alo aŋe kple nulétsi tsoa wo me ta. Le xexeame godoo la, atiwoe ame biliɔn 2 sɔŋ zãna abe dzodonu ene eye eya ke mee wokpɔa woƒe ami tsonae.”

21. Ƒo nu tso alesi aŋgba ƒe wɔwɔme ɖe aɖaŋuwɔwɔ fiae ŋu.

21 Nɔnɔme nyui si me wowɔ ati ɖo la ɖo kpe wɔla nyanu aɖe ƒe anyinɔnɔ dzi. De ŋugble le aŋgba dzro ko ŋu kpɔ. Aŋgba dzi zrɔ̃na heklẽna vie si naa be meyrɔna alo ƒuna kaba o. Le zɔzrɔ̃eƒe sia gɔme tututu le aŋgba falɛa me la, wotsɔ aŋgbamenukui gbogbo si woyɔna be chloroplast-wo ɖo atsyɔ̃ nɛ. Tsi lãlɛ aɖe nɔa aŋgbamenukui siawo me si woyɔna be chlorophyll, si xɔa ɣea ƒe dzoxɔxɔ. Aŋgbawoe “trɔa asi le numiemiewo ƒe nuɖuɖu ŋu” to nuɖuɖuwɔmɔnu aɖe si woyɔna be photosynthesis dzi. Numiemie lɔa tsi tso tome toa eƒe kewo me eye tsi sia toa atia me yia aŋgbawo me, to “atitometsiyɔyɔ” mɔnu wɔnuku aɖe dzi. Do suesue akpe nanewo le aŋgbamenukuiawo hã te siwo kena hetuna, si na wote ŋu xɔa ya si nye carbon dioxide toa doawo me. Ɣea ƒe keklẽ nana dzoxɔxɔ si hiã si wɔnɛ be tsi kple carbon dioxide tsakana ɖekae hezua goma, alo carbohydrates. Esiae nyea nuɖuɖu na atia alo numiemie bliboa. Gake ɖoɖoezizi mee “nuɖuɖuwɔwɔdɔ” sia yia edzi le aŋgbawo me le, eye ɖoɖo bliboa dzeani ale gbegbe. Le esi teƒe be wòagblẽ ya si míegbɔna la, eɖea oxygen si nye ya nyui boŋ ɖe go!

22, 23. (a) Ŋutete wɔnuku kawoe le xe aɖewo kple anyigbadzilã aɖewo si? (b) Biabia bubu kawo ŋue wòhiã be míade ŋugble le?

22 Psalmo 148:10 gblɔ be: “Mi gbemelãwo kple aƒemelãwo katã kpakple xevi dzodzoewo.” Anyigbadzilã kple xe dzodzoewo ɖea ŋutete wɔnukuwo fiana. Ƒudzixe ƒomevi aɖe te ŋu dzona nukutɔe yia didiƒe ʋĩ (ete ŋu dzo de didiƒe si nye kilometa 40,000 le ŋkeke 90 ko me kpɔ). Ʋlẽ ƒomevi aɖe dzo tso Dziehe Amerika yi keke Anyiehe Amerika ke, ezɔ mɔa gaƒoƒo 80 matɔmatɔe. Kposɔ dzrana tsi ɖo ɖe eƒe dɔmenuwo me, ke menye eƒe dzimekpo me abe alesi wogblɔna ene o, si wɔnɛ be wòte ŋu zɔa mɔ ɣeyiɣi didi eye megbɔdzɔna kaba le tsikɔwuame ta o. Eyata mewɔ nuku o be, mɔ̃ɖaŋudɔwɔlawo léa ŋku ɖe alesi lãwo ƒe wɔwɔme le ŋu hezãa mɔnu mawo le mɔ̃wo kple nu vovovowo wɔwɔ me. Agbalẽŋlɔla Gail Cleere, gblɔ be: “Ne èdi be yeawɔ nane si awɔ dɔ nyuie . . . si magblẽ nu le nutoame ƒe nɔnɔme ŋu o la, ake ɖe eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋu le dzɔdzɔme nu siwo li xoxo dometɔ aɖe me godoo.”

23 Nyateƒee, nuwɔwɔwo ɖea gbeƒã Mawu ƒe ŋutikɔkɔe vavã! Tso dziƒonuto si me yɔ fũ kple ɣletiviwo dzi va ɖo numiemiewo kple lãwo dzi la, wo dometɔ ɖesiaɖe kafua wo Wɔla le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Ke aleke wòle le amegbetɔwo gome? Aleke míawɔ ɖeka kple dzɔdzɔmenuwɔwɔwo le Mawu kafukafu mee?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 12 Keklẽ ɖea abla kilometa 300,000 le sɛkɛnd ɖeka me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae taflatsedodo aɖeke mele amesiwo gbe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse si o?

• Aleke ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo kafua Mawui?

• Aleke ƒumelãwo kple anyigbadzilãwo ɖo kpe Wɔla lɔ̃ame aɖe ƒe anyinɔnɔ dzii?

• Aleke dzɔdzɔmeŋusẽ siwo me agbe mele o wɔa Yehowa ƒe tameɖoɖo dzii?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ɣletivi agbɔsɔsɔ si nu woate ŋu atsɔ mɔ̃ akpɔe nye sestiliɔn 70!

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Frank Zullo

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Bosogblolui ƒomevi aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Sno kakɛ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

snowcrystals.net

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ƒudzixe ƒomevi aɖe