Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyuie Míawɔ Na Amewo Loo Alo Vɔ̃ Koe Mele Be Míawɔ Wo o?

Nyuie Míawɔ Na Amewo Loo Alo Vɔ̃ Koe Mele Be Míawɔ Wo o?

Nyuie Míawɔ Na Amewo Loo Alo Vɔ̃ Koe Mele Be Míawɔ Wo o?

“NUSI mèdi be woawɔ ɖe ye ŋu o la, wò hã mègawɔe ɖe amewo ŋu o.” Wogblɔ be Chinatɔwo ƒe nufiala kple xexemenunyala xɔŋkɔ Confucius ye gblɔ agbenɔnɔ ŋuti se sia. Togbɔ be anye ƒe 2,500 enye esia si wògblɔ nya sia hã la, ame geɖe gakpɔtɔ lé eme ɖe asi egbea kokoko be, ne ame aɖe menya wɔ vɔ̃ ɖe ame bubuwo ŋu o ko la, ke enye ame dzɔdzɔe.

Ele eme baa be, agbenɔnɔ ŋuti se si Confucius gblɔ la nye nyateƒe vaseɖe afi aɖe. Biblia ya gblɔ nya bubu ku ɖe amegbetɔwo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo ŋu. Gakpe ɖe nusi woate ŋu ayɔ be nuvɔ̃ ŋutɔŋutɔ, si nye nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe ame haviwo ŋu, ŋu la, Biblia gblɔ nuvɔ̃ si nye nusi wòle be ame nawɔ hafi mewɔe o ŋu nya ɖi. Kristotɔ nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.” (Yakobo 4:17) Le esi teƒe be Yesu Kristo nagblɔ na Kristotɔwo be woagawɔ vɔ̃ ɖe amewo ŋu o ko la, eɖo aɖaŋu sia boŋ be: “Nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.”—Mateo 7:12.

Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoe nye be, ameƒomea katã nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu abe alesi woadi be woawɔ nu ɖe yewo ŋui ene. Eɖo kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le ɖetsɔtsɔ le eme na ame bubuwo ƒe nyonyo me la ɖi, le nɔnɔme si me wòwɔ amegbetɔwo ɖo me: “Eye Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” (Mose I, 1:27) Esia ɖee fia be lɔlɔ̃ si le Mawu si na amegbetɔwo wɔe be wòtsɔ nɔnɔme tɔxɛ si nye dzitsinya, si ne wona hehee nyuie la, akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nu ɖe amewo ŋu abe alesi ko woadii be woawɔe ɖe yewo ŋui ene, na wo.

Ame geɖewo kpea fu egbea yakatsyɔ le ame gblẽkuwo kple ɖokuitɔdilawo ƒe nuwɔnawo ta kpekpeɖeŋu aɖeke maxɔmaxɔe. Eme kɔ ƒaa be nyuiwɔwɔ bia nu geɖe wu vɔ̃ alo nu vevi mawɔmawɔ ame bubuwo ko, ke boŋ ebia hã be woanyo dɔme na amewo ahakpe ɖe wo ŋu. Le esia ta la, Yehowa Ðasefowo lɔ̃na faa ɖea afɔ vevi aɖewo be woakpe ɖe amewo ŋu be woanya mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le Mawu ƒe Nya la me. Ne woyi ɖe woƒe aƒelikawo gbɔ la, wotsɔa lɔlɔ̃ gblɔa Biblia me nyanyuia na wo, si nye nusi wodina be ame bubuwo nawɔ na yewo la wɔwɔ na wo.