Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyuiwɔwɔ na Amewo Le Hiãɣiwo

Nyuiwɔwɔ na Amewo Le Hiãɣiwo

Nyuiwɔwɔ na Amewo Le Hiãɣiwo

APOSTOLO PAULO xlɔ̃ nu be: “Mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã le vevie dom nu le wɔwɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi le woƒe agbe me me, wole nyui wɔm na amesiame, vevietɔ na woƒe haxɔsetɔwo. Wowɔa esia zi geɖe le hiãɣiwo. Mina míade ŋugblẽ le esia ƒe kpɔɖeŋu siwo dzɔ nyitsɔ laa le dukɔ etɔ̃ me ŋu kpɔ.

Le December 2002 me la, yali sesẽ aɖe si ɖe abla kilometa 300 le gaƒoƒo ɖeka me, ƒo le Guam. Aƒe geɖewo gbã, ɖewo ya mu kura. Hame siwo le nutoa me wɔ ɖoɖo kaba yi va kpe ɖe ƒome siwo nye Ðasefowo, siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le vevie wu la ŋu. Alɔdzedɔwɔƒe si le Guam ɖo nunanawo ɖa heɖo dɔwɔlawo hã ɖa be woava dzra aƒe siwo gbã la ɖo, eye Hawaii ƒe alɔdzedɔwɔƒea hã na kpekpeɖeŋu. Le kwasiɖa ʋe aɖewo ko megbe la, atikpalawo ƒe ƒuƒoƒo si tso Hawaii va be yewoakpe asi ɖe xɔwo gbugbɔgatudɔa ŋu, eye nutoame nɔvi aɖewo xɔ mɔkeke le dɔ me ale be woate ŋu ado alɔ dɔa. Xɔtudɔ si wowɔ aduadu kple dzidzɔ la nye ɖaseɖiɖi na nutoame tɔwo katã.

Le Mandalay, Myanmar, ƒe duwo dometɔ ɖeka me la, dzo dze teƒe aɖe si te ɖe Fiaɖuƒe Akpata ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si megatsɔa dzo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o kple eƒe ƒomea ƒe aƒe te ɖe afisi dzoa dze ŋu. Esi ya ƒo dzoa ɖo ta eƒe aƒea gbɔ ta la, eƒu du yi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me ɖabia be woaxɔ na ye. Ɣemaɣi la, wogbugbɔ akpata la nɔ tutum, eyata nɔvi geɖewo nɔ afima. Woƒe mo wɔ yaa esi nɔvinyɔnua va afima elabena womenya gbeɖe be ele nutoa me o. Nɔviawo wɔ kaba yi va kpe ɖe ƒomea ŋu le woƒe nunɔamesiwo fɔfɔ yi dedienɔƒe aɖee me. Esi srɔ̃ŋutsua, si menye Ðasefo o, se dzobibia ŋkɔ la, eƒu du yi aƒea me, eye wòkpɔe be nɔviawo le kpekpem ɖe yeƒe ƒomea ŋu. Nusi wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi hedo dzidzɔ nɛ ale gbegbe, eƒe dzi hã dze eme elabena fiafiwo te ŋu fiaa amewo ƒe nunɔamesiwo le nɔnɔme siawo me zi geɖe. Nɔviwo ƒe dɔmenyowɔwɔ sia wɔ dɔ ɖe nɔvinyɔnua kple viaŋutsu dzi ale gbegbe be wogate hadede kple Kristo-hamea, eye fifia ya la, wole kpekpeawo katã dem.

Le subɔsubɔƒe si va yi me la, kuɖiɖi kple agblemenu ƒe mawɔmawɔ nyuie na be dɔ to le Mozambique. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima la wɔ ɖoɖo kpata na nuɖuɖu amesiwo hiã tu. Womaa nuɖuɖua le Fiaɖuƒe Akpatawo me, eye wowɔa esia ɣeaɖewoɣi le hame ƒe kpekpeawo wɔwɔ vɔ megbe. Nɔvinyɔnu aɖe si nye dzilaɖekɛ gblɔ be: “Melé blanui hafi va kpekpea me, nyemenya nusi mana vinyewo woaɖu ne míetrɔ gbɔ va aƒeme o.” Kpekpeɖeŋu si me lɔlɔ̃ le, si nɔviawo ɖe fia la de dzi ƒo nɛ enumake. Egblɔ be: “Ðeko wònɔ nam abe tsitretsitsie ene!”

Ðasefowo hã wɔa “nu nyui” le gbɔgbɔ me gome to akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ ƒe gbedasi si le Biblia me la gbɔgblɔ na amewo me. Woxɔ nya sia dzi se abe alesi nunyala la hã xɔ edzi see ene be: “Ke amesi ɖoa tom [mawumenunya] la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.”—Lododowo 1:33.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

1, 2. Nuɖuɖu mama na amesiwo hiã tu le Mozambique

3, 4. Yali si ƒo le Guam, si gbã aƒe geɖewo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ðevi, miame: Andrea Booher/FEMA News Photo; nyɔnu, dzime: AP Photo/Pacific Daily News, Masako Watanabe