Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔha Kae Wòle Be Nàtia?

Subɔsubɔha Kae Wòle Be Nàtia?

Subɔsubɔha Kae Wòle Be Nàtia?

‘MƆ VOVOVO siwo ɖo ta teƒe ɖeka koe subɔsubɔha vovovoawo nye. Gake Mawu ɖeka pɛ koe li, alo menye nenemae oa?’ Aleae ame geɖe siwo bui be togbɔ be subɔsubɔha aɖe me nɔnɔ le vevie hã la, subɔsubɔha si me ame atia be yeanɔ la mele vevie o la sena le wo ɖokui me.

Ne èse nya sia teti la, adze abe susu le eme ene, le esi wònye nyateƒe be Mawu ɖeka, Ŋusẽkatãtɔ la, koe li ta. (Yesaya 44:6; Yohanes 17:3; Korintotɔwo I, 8:5, 6) Ke hã, míate ŋu aŋe aɖaba ƒu vovototo siwo dze kɔte le subɔsubɔ ƒuƒoƒo geɖe siwo gblɔna be yewosubɔa Mawu vavã la dome—alo alesi wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋui—dzi o. Woto vovo ŋutɔ le woƒe nuwɔnawo, woƒe dzixɔsewo, woƒe nufiafiawo, kple woƒe nudidiwo me. Vovototoawo lolo ale gbegbe be esesẽna na subɔsubɔha alo ƒuƒoƒo aɖe me tɔwo be woase bubuawo ƒe nufiafiawo alo dzixɔsewo gɔme loo alo axɔ wo dzi ase.

Gake Yesu ya gblɔ be: “Mawue nye Gbɔgbɔ, eye amesiwo le gbe dom ɖa nɛ la, ele be, woado gbe ɖa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:24) Ðe Mawu subɔsubɔ le nyateƒe me bia be nukpɔsusu gbogbo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu nanɔ anyi ku ɖe amesi Mawu nye, nusi eƒe tameɖoɖowo nye, kple alesi wòdi be woasubɔ yee ŋua? Ðe susu le eme be woabu be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la metsɔ le alesi míesubɔna yee me oa?

Kristotɔ Vavã Siwo Nɔ Anyi Ɣemaɣi Kple Esiwo Li Egbea

Nukpɔsusu vovovowo nɔa ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo si le nuwo ŋu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso Kristotɔ siwo nɔ Korinto ŋu la, egblɔ be: “Xloeƒemetɔwo ɖee fiam le mia ŋuti, nɔvinyewo bena, dzre le mia dome. Ke mele esia gblɔm bena, mia dome ɖesiaɖe gblɔna bena: Nye la, Paulo tɔ menye! Nye la, Apolo tɔ menye! Nye la, Kefa tɔ menye! Nye la, Kristotɔ menye!”—Korintotɔwo I, 1:11, 12.

Ðe Paulo bu masɔmasɔ siawo nu tsɛea? Ðe amesiame dze eya ŋutɔ ƒe mɔ ɖo ta xɔxɔ la gbɔa? Kura o! Paulo ɖo aɖaŋu be: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.”—Korintotɔwo I, 1:10.

Le nyateƒe me la, womate ŋu ato amewo dzi zizi me ana dzixɔsewo nawɔ ɖeka o. Ne amewo ŋutɔ wɔ numekuku le nyawo ŋu nyuie heɖo nyataƒoƒo ɖeka ma ke gbɔ eye woxɔ edzi se la ko dzie woate ŋu ato ahe xɔse ƒe ɖekawɔwɔa vɛ. Eyata, Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ le ame ɖokui si kple didi vevie be woatsɔ nusi srɔ̃m wole ade dɔwɔna me enye afɔ vevi siwo wòle be woaɖe be ɖekawɔwɔ si ƒe nya Paulo gblɔ la nanɔ wo dome. Ðe woate ŋu ake ɖe ɖekawɔwɔ ma ŋua? Abe alesi míekpɔe ene la, Mawu wɔ nu kple eƒe amewo abe ƒuƒoƒo ene tso gbaɖegbe ke. Ðe ƒuƒoƒo ma kpɔkpɔ le bɔbɔe egbea?

Viɖe Siwo Le Ha Vavãtɔ Me Nɔnɔ Me

Hakpala Dawid bia ɣeaɖeɣi be: “Yehowa, ameka adze wò agbadɔ me, eye ameka anɔ wò to kɔkɔe la dzi ma?” Biabia sia naa wobua tame nyateƒe. Dawid ɖo eŋu be: “Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.” (Psalmo 15:1, 2) Biblia gɔmesese vavãtɔ akpe ɖe ame ŋu be wòakpɔ subɔsubɔha si ɖoa Mawu ƒe nudidiwo gbɔ la adze sii. Eye to hadede kple ƒuƒoƒo ma me la, ame ate ŋu ade ha tuameɖowo kple amesiwo dea ta agu na Mawu le ɖekawɔwɔ me kple “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.”

Yehowa Ðasefowo ɖee fia be amewo ate ŋu awɔ ɖeka le dzixɔse kple nuwɔna me le xexeme mawɔɖeka si li egbea gɔ̃ hã me. Wonye amesiwo nye subɔsubɔha kple gbegbɔgblɔ geɖewo me tɔwo tsã. Ðasefo bubuwo nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikelawo alo mawudzimaxɔselawo tsã. Wo dometɔ bubu aɖewo hã mebua mawusubɔsubɔ ŋu fũ tsã o. Amesiawo siwo tso subɔsubɔha kple dekɔnu vovovowo me eye nukpɔsusu vovovowo le wo si la va le subɔsubɔ wɔɖeka aɖe si tɔgbe aɖeke megali woakpɔ le xexeame egbea o la me.

Nusi gbɔ ɖekawɔwɔ sia tso enye Mawu ƒe Nya, Biblia. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo dzea sii be yewomate ŋu aƒo nusi wòle be amewo nawɔ la ɖe wo nu o. Gake wokpɔa dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woade dzi ƒo na amewo ne woasrɔ̃ Biblia ale be woate ŋu atu tadedeagu si woatia la ŋuti nyametsotsoa ɖe gɔmeɖokpe sẽŋu ma dzi la ŋu. To mɔ sia nu la, ame geɖe ate ŋu akpɔ viɖe si tsoa tadedeagu na Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la me.

Egbea, afɔku si li be ŋusẽkpɔɖeamedzi kple ameblenu gbegblẽwo ate ŋu aɖu ame dzi la lolo ŋutɔ. Ele vevie be woatia zɔhɛ siwo dze. Biblia gblɔ be “ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya” eye be “habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33) Hadede kple Mawu subɔla vavãwo nyea ametakpɔkpɔ. Eyata Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Yayra kae nye si wònyena ne xɔlɔ̃ vavãwo, gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, kpe ɖe wo nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe be wowɔ nusi Mawu bia tso wo si!

Ottmar, lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Togbɔ be Katolikotɔwo ƒe ƒome mee wònyii le le Germany hã la, edzudzɔ sɔlemedede o. Eɖe eme be: “Ɣesiaɣi si meyi sɔleme la, ɖeko megbɔna vaa aƒeme ƒuƒlui abe alesi ko menɔ yi ene.” Ke hã, ekpɔtɔ xɔ Mawu dzi se. Emegbe woa kple Yehowa Ðasefowo do go eye wòva xɔe se be wonye Mawu subɔla vavãwo. Ekpɔe be ehiã be yeade ha kpli wo. Egblɔ azɔ be: “Esi wònye be mele vevie dom nu le xexeame katã ƒe habɔbɔ aɖe me ta la, nye susu kple dzi dze akɔ anyi. Wole kpekpem ɖe ŋunye vivivi be Biblia me sidzedze vavãtɔ nasu asinye ɖe edzi. Ema nye nu xɔasi ŋutɔ aɖe nam.”

Wole Amesiwo le Edim la Kpem

Amesiwo ƒe susuwo sɔ eye wole dɔ wɔm ɖekae la awu dɔ aɖe nu nyuie wu ame ɖekaɖeka siwo le dɔ wɔm le wo ɖokui si. Le kpɔɖeŋu me, nya si Yesu gblɔ na eyomedzelawo hafi dzo le wo gbɔe nye: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Alekee woate ŋu awɔ dɔ sia ade goe nyuie ne mɔfiafia alo habɔbɔ aɖeke meli o? Alekee ame aɖe ate ŋu awɔ ɖe Ŋɔŋlɔa ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi ne edi be yeasubɔ Mawu le ye ɖokui si?

Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã ma agbalẽ, agbalẽvi, agbalẽ gbadza 91,933,280 kple magazine 697,603,247 siwo wotsɔ srɔ̃a Bibliae, si na wotsɔ Mawu ƒe Nya la me gbedasia yi na ame miliɔn alafa geɖe le dukɔ 235 me. Kpeɖodzi ɖedzesi kae nye si be ƒuƒoƒo si wɔɖeka hele ɖoɖo nu nyuie ƒe agbagbadzedze wɔa dɔ wu ame ɖekaɖekawo ƒe kutrikuku le wo ɖokui si!

Tsɔ kpe ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama ŋu la, Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo ga aɖeke maxɔmaxɔe tsɔ kpena ɖe wo ŋu be woase nusi Mawu di tso wo si la gɔme nyuie wu. Le ƒe si va yi me la, wowɔ Biblia nusɔsrɔ̃ sia 5,726,509 le mama dedie nu kwasiɖa sia kwasiɖa kple amewo alo ƒuƒoƒowo. Biblia me nufiame sia kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be gɔmeɖokpe sẽŋu, si dzi woanɔ te ɖo awɔ tiatia le subɔsubɔnyawo me la, su wo si. Míele kpewòm be nasrɔ̃ Mawu ƒe nudidi siwo woŋlɔ ɖe Biblia me. Ekema àte ŋu awɔ wò tiatia.—Efesotɔwo 4:13; Filipitɔwo 1:9; Timoteo I, 6:20; Petro II, 3:18.

Ne èdi be yeadze Mawu ŋu la, subɔsubɔha si me nànɔ la le vevie—gake menye subɔsubɔ ƒuƒoƒo alo ha ɖesiaɖe ko o. Ehiã be nàtu subɔsubɔha si nàtia la ɖe Biblia me sidzedze vavãtɔ dzi, menye ɖe xɔsemeʋuʋu alo wobewobe siwo ŋu kpeɖodziwo mele o dzi o. (Lododowo 16:25) Nya nusiwo wodi tso subɔsubɔha vavãtɔ si. Tsɔ wo sɔ kple wò ŋutɔ wò dzixɔsewo. Ekema nɔ te ɖe edzi nawɔ tiatia.—Mose V, 30:19.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ðekawɔwɔ le Yehowa Ðasefowo dome le xexe si me ma me