Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea?

Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea?

Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò le Viwòwo Hehe Mea?

SEƑOƑO si nya kpɔ ŋutɔe orchid nye, gake edodo ahalé be nɛ sesẽ. Be nàdoe alé be nɛ nyuie la, ele be nàkpɔ egbɔ be dzoxɔxɔ, kekeli, kple seƒoƒoze si me nàdoe ɖo la sɔ nɛ. Anyigba kple anyigbanyronu aɖewo menyo na orchid o, eye dɔléle kple nudzodzoewo gblẽa edome bɔbɔe. Eyata zi geɖe la, orchid menyona zi gbãtɔ si wodoe o.

Vihehe sesẽ hebia nu geɖe wu, eye wòhiã beléle tɔxɛ hã. Eyata zi geɖe la, dzilawo tɔtɔna le vihehe gome. Ame geɖe sena le wo ɖokui me be yewohiã kpekpeɖeŋu abe alesi orchid dola hiã eŋunyala ƒe aɖaŋuɖoɖo ene. Ðikeke mele eme o be dzila ɖesiaɖe di be yeakpɔ mɔfiame nyuitɔ kekeake. Afika woakpɔ mɔfiame ma le?

Togbɔ be Biblia menye vihegbalẽ o hã la, Wɔla la na eƒe gbɔgbɔ ʋã eŋlɔlawo woŋlɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe vihehe ŋu ɖe eme. Biblia te gbe ɖe nɔnɔme nyuiwo tutuɖo si dzi ame geɖe susuna be woŋe aɖaba ƒui la dzi. (Efesotɔwo 4:22-24) Le esia gome la, Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo na mɔfiame veviwo le hehenana si da sɔ ŋu. Ame geɖe ɖe vi tso aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ me xoxo metsɔ le ɣeyiɣi si me wonɔ agbe loo alo afisi wotso me o. Eyata Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàhe viwòwo dzidzedzetɔe.

Dzilawo ƒe Kpɔɖeŋu—Mɔfiame Nyuitɔ Kekeakee

“Wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbeƒã bena, womegafi fi o la, wòe fi fia? Wò amesi gblɔ bena womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia?”—Romatɔwo 2:21, 22.

Agbalẽsrɔ̃nyawo ƒe Habɔbɔ si le Seoul ƒe zimenɔla gblɔ be: “Kpɔɖeŋu ɖoɖo le nuƒoƒo kple nuwɔnawo mee nye vihemɔnu nyuitɔ kekeake.” Ne dzilawo meɖo kpɔɖeŋu nyui le nuƒoƒo kple agbenɔnɔ me o la, ne wona mɔfiame wo via le nane ŋu tẽ hã la, ɖevia akpɔe enumake be wonye alakpanuwɔlawo. Ŋusẽ manɔ dzilawo ƒe nyawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilawo di be yewoafia yewo via anukwareɖiɖi la, ke ele be woa ŋutɔwo nanye anukwareɖilawo. Ebɔ be ne dzilawo medi be yewoaxɔ telefon kaƒoƒo aɖe o la, woagblɔ na wo vi be negblɔ be: “Taflatse papa (alo dada) mele afisia o.” Ŋu akpe ɖevi si wona mɔfiame alea eye wòatɔtɔ. Mlɔeba la, ɖevia ate alakpadada ne eɖo xaxa me eye makpe ŋu nɛ o. Eyata ne dzilawo di tso dzi me be yewo viwo nanye anukwareɖilawo la, ele be woa ŋutɔwo naɖi anukware le nuƒoƒo kple nuwɔnawo me nenema ke.

Ðe nèdi be yeahe ye vi ale be bubu nadze le eƒe nuƒoƒo mea? Ke ele be nàɖo kpɔɖeŋu nyui. Viwò ate ŋu asrɔ̃ wò nuwɔnawo kaba. Sung-sik si si vi ene le gblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míetso nya me be míazã nya madzeto aɖeke o. Míedea bubu mía nɔewo ŋu eye míenyrana ne nane te ɖe mía dzi alo dzi ku mí gɔ̃ hã o. Kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo wɔa dɔ sasasã wu mɔfiame nana kple nu dzro ko. Edzɔ dzi na mí be mía viwo bua ame heƒoa nu bubutɔe ne wole nu ƒom kple amewo.” Biblia gblɔ le Galatiatɔwo 6:7 be: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” Ele be dzila siwo dina be agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo nanɔ yewo viwo si la ŋutɔ naɖee afia gbã be dzidzenu mawo nue yewonɔa agbe ɖo.

Dzeɖoɖomɔnu Nenɔ Ʋuʋu Ði

“Ku [Mawu ƒe sewo] ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:7.

Ame geɖe lɔ̃a dɔwɔwɔ le kpakpã megbe. Ne atsu kple asia dea dɔme la, egblẽa nu le ɖeviawo ŋu vevie. Ɣeyiɣi si dzilawo zãna ɖe wo viwo ŋu dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Ne dzilawo le aƒeme la, ele be woawɔ aƒemedɔ kple dɔ bubuwo, eyata anɔ eme be ɖeɖi ate wo ŋu ale gbegbe. Le nɔnɔme siawo me la, aleke nàwɔ anɔ dze ɖom kple viwòwo? Dzeɖoɖomɔnuwo ate ŋu aʋu ne mia kple viwòwo miewɔ aƒemedɔwo ɖekae. Ƒome ƒe ta aɖe ɖe woƒe television ɖa be wòakpɔ ɣeyiɣi geɖe woa kple viawo woanɔ dze ɖom. Egblɔ be: “Le gɔmedzedzea la ɖeviawo ƒe mo dzaka, gake esi míefea fefe siwo me wowɔa susu ŋudɔ le hedzroa agbalẽ siwo doa dzidzɔ na ame me ɖekae la, tɔtrɔa va ma wo.”

Ele vevie be dzeɖoɖo kple dzilawo nama ɖeviwo tso woƒe ɖevime ke. Ne menye nenema o la, ne woɖo woƒe ɖekakpui alo ɖetugbi me eye ɖewohĩ wodo go kuxiwo la, womabu wo dzilawo be wonye xɔlɔ̃ siwo woagblɔ woƒe nyawo na o. Aleke nàwɔ akpe ɖe wo ŋu woagblɔ woƒe dzimenyawo na wò? Lododowo 20:5 gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela [dunɛ].” Ne dzilawo zã nukpɔsusubiabiawo abe esia ene be “Nukae nèsusu?” la, woate ŋu ade dzi ƒo na wo viwo be woagblɔ woƒe susu kple woƒe seselelãmewo faa.

Nukae nàwɔ ne viwò wɔ nu gbegblẽ aɖe? Ɣemaɣie wòle be nàtsɔ ɖe le ɖevia me. Lé ɖokuiwò eye nàɖo to viwòa, ne ele nya aɖe gblɔm na wò. Vifofo aɖe gblɔ alesi wòwɔa nui le nɔnɔme ma tɔgbe me ale: “Ne ɖeviawo wɔ vodada la, medzea agbagba be magawɔ nu wòagbɔ eme o. Menɔa anyi ɖoa to nya si le wo si wodi be yewoagblɔ. Medzea agbagba sea nɔnɔmea gɔme. Ne dzi be yeakum la, melalana vie nye dzi fana.” Ne èɖu ɖokuiwò dzi heɖo to la, woaxɔ nuxlɔ̃ame si nàna la bɔbɔe.

Tohehe si Wotu Ðe Lɔlɔ̃ dzi Le Vevie

“Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

Be nu nyuiwo nado tso tohehe na viwòwo lɔlɔ̃tɔe me nɔ te ɖe alesi nèhee dzi. Ɣekaɣie dzilawo ate ŋu ‘ado dziku na wo viwo’? Ne tohehea nu sẽ wu vodadaa, alo ne wohe to na ɖeviwo ŋlɔmitɔe la, ɖeviwo atsi tre ɖe ame ŋu. Ele be woahe to le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi. (Lododowo 13:24) Ne èléa nyawo kpɔna kple viwòawo la, woakpɔe adze sii be esi nèlɔ̃ yewo tae nèhea to na yewo ɖo.—Lododowo 22:15; 29:19.

Le go bubu me la, enyo be ɖeviwo nakpe nu gbegblẽ siwo wowɔ me tsonuwo ŋuti fu. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖevia da vo ɖe ame aɖe ŋu la, àte ŋu azi ɖe edzi wòaɖe kuku na amea. Ne ɖevia da le ƒomea ƒe se dzi la, àte ŋu axɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le esi atsɔ aɖo kpe alesi wòle vevie be woawɔ se dzii la dzi nɛ.

Enyo be woana tohehe le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Nyagblɔla 8:11 ɖee fia be: “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.” Nenema kee ɖevi geɖe adi be yewoada vo akpɔe ɖa be woahe to na yewo hã. Eyata ne èdo ŋgɔ xlɔ̃ nu be ne ame aɖe wɔ nu gbegblẽ aɖe la yeahe to na nɛ ɖe eta la, wɔe nenema.

Modzakaɖeɖe Nyui Xɔ Asi

“Nukoɣi li; konyifaɣi li, eye ɣeɖuɣi li.”—Nyagblɔla 3:1, 4.

Vovoɣi kple modzakaɖeɖe si da sɔ le vevie na ɖevi si le tsitsim ƒe susu kple eƒe ŋutilã. Ne dzilawo ɖe modzaka kple wo viwo la, ƒomekadodowo me sẽna eye ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie. Modzakaɖeɖe kawo mee ƒomea me tɔwo katã ate ŋu akpɔ gome le ɖekae? Ne ègbɔ dzi ɖi bu nuwo ŋu la, àte ŋu akpɔ nu geɖe siwo miate ŋu awɔ. Miate ŋu akpɔ gome le kamedefefewo abe gasɔdodo, tenisbɔl, netbɔl, kple volleybɔl ƒoƒo ene me. Eye kpɔ alesi miakpɔ dzidzɔe ne mieƒo haƒonuwo ɖekae le susu me ɖa. Mɔzɔzɔ ɖekae ayi teƒe siwo medidi o aɖakpɔ dzɔdzɔmenuwo ɖa anye dzidzɔɣeyiɣi siwo dzi miaɖo ŋkui.

Le ɣeyiɣi mawo me la, dzilawo ate ŋu aƒã modzakaɖeɖe ŋuti susu siwo sɔ ɖe wo viwo me. Ŋutsu Kristotɔ aɖe si si vi etɔ̃ le gblɔ be: “Mekpɔa gome le vinyewo ƒe fefewo me ne anya wɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne wole kɔmpiuta dzi fefewo fem la, mebia alesi wofenɛ la wo. Ne woɖe eme nam dzidzɔtɔe la, mezãa mɔnukpɔkpɔa tsɔ ƒoa nu tso afɔku siwo le modzakaɖeɖe siwo menyo o la ŋu. Meva kpɔe be womeƒoa wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe manyomanyowo me o.” Ẽ, ɖeviwo mekpɔa television, videowo, sinimawo, kple Internet dzi fefe siwo me woɖea ŋutasẽnuwɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kpakple atike vɔ̃ɖiwo zazã madzemadzee le fũ le ƒome siwo me ƒomea me tɔwo katã lɔ̃a modzakaɖeɖe ɖekae me o.

Kpe Ðe Viwòwo Ŋu Woadze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

“Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Lododowo 13:20.

Vifofo Kristotɔ aɖe si he vi ene dzidzedzetɔe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ siwo woatia ƒe nya le vevie ale gbegbe. Xɔlɔ̃ gbegblẽ ɖeka si woadze ate ŋu agblẽ dɔ siwo katã nèwɔ dome.” Be wòakpe ɖe viawo ŋu woadze xɔ̃ nyuiwo la, ebiaa wo nunyatɔe be: Amekae nye xɔ̃wò vevi? Nukatae nèlɔ̃ eƒe nya? Nukae le eŋu si nèdi be yeasrɔ̃? Dzila bubu wɔa ɖoɖo viawo kplɔa wo xɔlɔ̃ veviwo vaa aƒemee. Ete ŋu léa ŋku ɖe wo ŋu henaa mɔfiame si sɔ viawo.

Ele vevie be miafia mia viwo be woate ŋu adze xɔ̃ ame tsitsiwo kple wo hatiwo siaa. Bum-sun si si viŋutsuvi etɔ̃ le gblɔ be: “Mekpe ɖe vinyewo ŋu wokpɔe be menye wo hatiwo ɖeɖekoe woadze xɔ̃e kokoko o, abe alesi wònɔ le Dawid kple Yonatan gomee ene le Biblia me. Le nyateƒe me la, mekpea Kristotɔ siwo ƒe ƒexɔxɔwo le vovovo wobɔa ha kple vinyewo. Esia wɔnɛ be ɖeviawo bɔa ha kple ame geɖe siwo menye wo hatiwo o. Hadede kple ame tsitsi nyuiwo naa mɔnukpɔkpɔ ɖeviawo be woasrɔ̃ nu geɖe.”

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzedze Le Vihehe Me

Le numekuku aɖe si wowɔ le United States ƒe nya nu la, dzila geɖe siwo ƒã nɔnɔme siwo nye ɖokuidziɖuɖu, ɖokuimamla, kple anukwareɖiɖi ɖe wo viwo me la mekpɔ dzidzedze fũ o. Nukatae wòsesẽ na wo? Vidada aɖe si wobia gbee le numekukua me gblɔ be: ‘Nublanuinya lae nye be mɔ ɖeka si dzi ko nàto akpɔ viwò tae nye be nàtui ɖe xɔ me eye nàgaɖe mɔ nɛ wòado go o.’ Nusi nɔ susu me nɛ enye be xexe si me ɖeviwo le tsitsim le fifia gblẽ wu tsã. Ðe wòanya wɔ be woahe vi le nɔnɔme sia me dzidzedzetɔe vavã?

Ne èbe yeado orchid seƒoƒo gake hele vɔvɔ̃m be ava gblẽ la, dzi aɖe le ƒowò. Gake ne orchid dodo ŋunyala va gbɔwò va ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na wò hegblɔ kakaɖedzitɔe be, “Àkpɔ dzidzedze ne èwɔe nenema” ɖe, aleke gbegbee wò dzi adze eme nye esi! Yehowa, amesi nye amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔme ŋuti Ŋusẽkatãtɔ la na aɖaŋuɖoɖo le mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato ahe vi la ŋu. Egblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Ne ètsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo he viwòwoe la, dzi adzɔ wò be viwòwo atsi azu ame ɖɔʋu, siwo bua ame ŋu, eye woƒe agbe nyo. Esia awɔe be amewo alɔ̃ woƒe nya, gake vevietɔ wu la, Yehowa, mía Fofo si le dziƒo, alɔ̃ wo.