Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Gbedodoɖa Ate Ŋu Atrɔ Alesi Nya aɖe Ava Nɔa?

Ðe Wò Gbedodoɖa Ate Ŋu Atrɔ Alesi Nya aɖe Ava Nɔa?

Ðe Wò Gbedodoɖa Ate Ŋu Atrɔ Alesi Nya aɖe Ava Nɔa?

MÍA dometɔ kae medo go nɔnɔme sesẽ aɖe si ŋu mate ŋu awɔ naneke le o kpɔ o? Biblia fia be apostolo Paulo nyae be gbedodoɖa ate ŋu atrɔ nɔnɔme sesẽ ma tɔgbe me tsonu.

Esime wode Paulo gaxɔ me madzemadzee le Roma la, ebia tso ehati xɔsetɔwo si be woado gbe ɖa ɖe ye ta, hegblɔ kpee be: “Mele nu xlɔ̃m mi geɖe wu bena, miawɔ esia, bene woagatsɔm ana mi kaba.” (Hebritɔwo 13:18, 19) Ɣebubuɣi la, Paulo gblɔ kakaɖedzitɔe be Mawu aɖo to gbe siwo wodo ɖa ɖe ye ta la, be woaɖe asi le ye ŋu kaba. (Filemon 22) Woɖe asi le Paulo ŋu ema megbe kpuie eye wòva yi eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi.

Gake le nyateƒe me la, ɖe gbedodoɖa ate ŋu atrɔ kuxiwo me tsonuwoa? Ðewohĩ ate ŋui. Ke hã, ɖo ŋku edzi be gbedodoɖa menye subɔsubɔkɔnu dzro aɖe ko o. Enye dzeɖoɖo ŋutɔŋutɔ kple mía Fofo ŋusẽtɔ lɔ̃ame si le dziƒo la. Ele be míagblɔ nusiwo míehiã ŋutɔŋutɔ la na Yehowa faa le míaƒe gbedodoɖawo me, gake emegbe míalala dzigbɔɖitɔe akpɔ alesi wòaɖo wo ŋui.

Mawu maɖo míaƒe gbedodoɖa ɖesiaɖe ŋu tẽ o, alo maɖo eŋu alesi míedi alo le ɣeyiɣi si míedi me ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, Paulo do gbe ɖa edziedzi ku ɖe ‘ŋu si nɔ eƒe ŋutilã me’ ŋu. Nuka kee Paulo ƒe kuxia ɖanye o, Mawu meɖee ɖa nɛ o, ke boŋ efa akɔ nɛ kple ŋusẽdoamenya siawo be: “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”—Korintotɔwo II, 12:7-9.

Kakaɖedzi nenɔ míawo hã si be nenye be Mawu meɖe kuxi aɖe ɖa na mí o kura gɔ̃ hã la, ate ŋu ‘ana gododo le tetekpɔ me hã nakpe ɖe eŋuti, bene míate ŋu atsɔe.’ (Korintotɔwo I, 10:13) Eteƒe madidi o, Mawu aɖe ameƒomea ƒe fukpekpewo katã ɖa. Hafi ɣeyiɣi ma naɖo la, tɔtrɔ ɖe ‘Gbedodoɖa sela’ ŋu ate ŋu ana nusi ado tso kuxi aɖe me natrɔ.—Psalmo 65:3.