Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Efia Mí be Míade Bubu Yeƒe Subɔsubɔ Ŋu’

‘Efia Mí be Míade Bubu Yeƒe Subɔsubɔ Ŋu’

‘Efia Mí be Míade Bubu Yeƒe Subɔsubɔ Ŋu’

YEHOWA ÐASEFOWO dometɔ ɖeka si tso Rovigo-nutoa me le Italy va de dzesii be nu te ahɔhɔ̃ me na ye eye be yeƒe nɔnɔmea nye ŋkubiãnya. Esi wònɔ kɔdzi ɣeyiɣi didi aɖe hebia be woada dɔ na ye ʋumadomadoe vɔ megbe la, dɔnɔdzikpɔla siwo le nutoa me ƒe kansa dɔdaƒe na kpekpeɖeŋui le aƒeme.

Dɔnɔ sia si xɔ ƒe 36 ƒe xɔse sesẽ kple lɔlɔ̃ faa be yeawɔ nu aduadu kple ɖɔkta siwo wɔ dɔ nɛ la wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ hafi kansa la nawui la, dɔnɔdzikpɔla siwo na kpekpeɖeŋui dometɔ ɖeka ŋlɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ tso dɔnɔ sia si eya ŋutɔ yɔ be Angela ŋu ɖe dɔnɔdzikpɔlawo ƒe magazine aɖe me.

“Angela doa vivi ɖe ame ŋu eye wòdi vevie be yeanɔ agbe. Enya nu tso eƒe nɔnɔmea ŋu be yeƒe dɔlélea nu sẽ eye abe alesi mía dometɔ ɖesiaɖe adii ene la, ele egbɔkpɔnu, hayahaya, alo atike dim. . . . Mí dɔnɔdzikpɔlawo míeva nɔ enyam vivivi. Metsi tre ɖe míaƒe kpekpeɖeŋu ŋu o. Ke boŋ alesi Angela ɖea eƒe susu gblɔnae faa na egbɔkpɔkpɔ nɔ bɔbɔe. Edzɔa dzi na mí ne míeyina egbɔ kpɔ ge, elabena míenya be ɣeyiɣi si míanɔ egbɔ aɖe vi ŋutɔŋutɔ na mí kple eyama siaa. . . . Míede dzesii enumake be eƒe subɔsubɔ dzixɔse anye mɔxenu le asitɔtrɔ le eƒe dɔlélea ŋu me.” Emae nye dɔnɔdzikpɔlaa ƒe nukpɔsusu elabena esusui be ele be woado ʋu na Angela, gake melɔ̃ ɖe edzi o.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

“Esi lãmesẽnyawo gbɔkpɔla xɔhehewoe míenye ta la, míegblɔ na Angela be míelɔ̃ ɖe eƒe nyametsotsoa dzi o, gake ekpe ɖe mía ŋu míese alesi wòbua agbe ƒe vevienyenyee gɔme. Míese alesi eya kple eƒe ƒomea tsɔ eƒe subɔsubɔa nu vevii hã gɔme. Angela mena ta o. Meɖe mɔ dɔlélea ɖu edzi o. Dzideƒo le esi. Edi vevie be yeahaya, aʋli, ahayi edzi anɔ agbe. Eɖe eƒe tameɖoɖo kplikpaa kple eƒe xɔse fia. Tameɖoɖo kplikpaa aɖe le esi si menɔa míawo ya si zi geɖe o, eye xɔse sesẽ aɖe hã le esi si tɔgbe mele míawo ya si o. . . . Angela fia mí alesi wòle vevie be míade bubu eƒe subɔsubɔha ŋu, togbɔ be ema tsi tre ɖe atikewɔwɔ me dzidzenu siwo le mía si ŋu hã. . . . Míexɔe se be nusi Angela fia mí la xɔ asi ale gbegbe, elabena míedoa go ameƒomeviwo katã, nɔnɔme ƒomevi ɖesiaɖe, kple subɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe me tɔwo, eye míate ŋu asrɔ̃ nu tso amesiame si míedoa goe la gbɔ ahakpe ɖe eŋu le mɔ aɖe nu.”

Magazinea me nyatia he susu yi Italytɔ Dɔnɔdzikpɔlawo ƒe Agbenyuinɔnɔsewo, si dzi woda asi ɖo le ƒe 1999 me la dzi, esi gblɔ be: “Dɔnɔdzikpɔla la abu amesiame ƒe subɔsubɔ, agbenɔnɔ gɔmeɖose, dekɔnuwo, ameƒomevinyenye kple ŋutsu alo nyɔnu nyenye ŋu le eƒe nuwɔna kple dɔnɔa me.” Ɣeaɖewoɣi la, asesẽ na ɖɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo be woade bubu dɔnɔ aɖe ƒe dzixɔsewo ŋu, eyata amesiame kpɔa ŋudzedze ɖe wo dometɔ siwo dea bubu ame ŋu la ŋu.

Nyametsotso siwo Yehowa Ðasefowo wɔna ku ɖe woƒe lãmesẽ kple dɔdada nyawo ŋu la nyea esi ŋu wodea ŋugble le nyuie. Wodea ŋugble le nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ ŋu vevie, eye abe alesi Angela ƒe nya la ɖee fiae ene la, womenye zazɛ̃nyahelawo o. (Filipitɔwo 4:5) Le xexeame godoo la, ɖɔktawo kple lãmesẽnyawo gbɔkpɔla geɖe wu le lɔlɔ̃m faa be yewoade bubu dɔnɔ siwo nye Ðasefowo ƒe dzitsinya ŋu.