Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gilead Sukunuwulawo Dze Mɔ Yi Nuŋeŋedɔa Wɔƒe Dzonɔamemetɔe!

Gilead Sukunuwulawo Dze Mɔ Yi Nuŋeŋedɔa Wɔƒe Dzonɔamemetɔe!

Gilead Sukunuwulawo Dze Mɔ Yi Nuŋeŋedɔa Wɔƒe Dzonɔamemetɔe!

“NUŊEŊE la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o. Eyaŋuti miɖe kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mateo 9:37, 38) Gɔmesese tɔxɛ aɖe nɔ nya mawo ŋu na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 116 lia nuwulawo esime wodzra ɖo dze mɔ yina woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ dɔdasiwo wɔ ge.

Le Memleɖa March 13, 2004 dzi la, amesiwo ƒe xexlẽmee nye 6,684 kpe ta le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe, si le Patterson, New York, kple le afisiwo wona wokpɔ sukunuwuwu wɔnawo le television dzi le, esime sukunuwulawo xɔ kaklã ɖaŋuɖoɖo kple dzideƒonamenyawo. Mí katã míate ŋu aɖe vi tso aɖaŋu siwo woɖo na wo me esime míele gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa wɔm dzonɔamemetɔe.

Le Theodore Jaracz, amesi nye Dziɖuhaa me tɔ kple Gilead sukua ƒe klass adrelia nuwula ƒe ŋgɔdonyawo me la, egblɔ Yesu ƒe nyawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19, 20) Aleke gbegbee nya mawo sɔe nye esi elabena wole sukuviawo ɖom ɖe dukɔ vovovo 20 me! Eɖo ŋku edzi na sukuviawo be mɔfiame si wona wo tso Mawu ƒe Nya la me na wozu dɔwɔla veviedonula siwo le dzadzraɖoɖi hena gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ vevitɔ kekeake wɔwɔ.—Mateo 5:16.

Alesi Woaŋe Nu Geɖe

Amesi ƒo nuƒo gbãtɔa le wɔnaa mee nye Robert Wallen, amesi wɔa akpa vevi aɖe le ɖoɖowɔwɔ ɖe Gilead Sukua ŋu me ƒe geɖee nye esia. Esime wòle nuƒo si ƒe tanyae nye “Veveseseɖeamenu ƒe Atsyɔ̃” ƒom la, egblɔ na sukunuwulaawo be: “Tokunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo gɔ̃ hã nyana ne wose veve ɖe wo nu.” Fu siwo kpem amewo nɔ la nɔ nyanya na Yesu nyuie eye wòɖe afɔ aɖewo tsɔ ɖe wo dzi kpɔtɔ na wo. (Mateo 9:36) Mɔnukpɔkpɔ geɖe asu sukuviawo si be woawɔ nu nenema ke—le gbeƒãɖeɖedɔa me, le hamea me, le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me, kple le woa ŋutɔwo ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ me. Nuƒolaa xlɔ̃ nu wo be: “Ne miele amewo subɔm la, mina amenuveve ƒe atsyɔ̃ la nadze woakpɔ. Nɔnɔme nyuitɔ kekeake si anɔ mia si koe nye nusi hiã le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe me nɔnɔ me gbesiagbe. Eyata miɖoe kplikpaa be amenuveve nanye awu miado.”—Kolosetɔwo 3:12.

Gerrit Lösch, Dziɖuhaa me tɔ si nye Gilead sukua ƒe klass 41 lia nuwulae ƒo nuƒo si kplɔe ɖo, si ƒe tanyae nye, “Xɔxɔ ƒe Gbeƒãɖelawo.” (Yesaya 52:7) Be amewo natsi agbe le fifi nuɖoanyia tsrɔ̃ɣi la, ele be Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze vavã nasu wo si, woaɖe gbeƒã woƒe xɔsea le gaglãgbe, ahaxɔ nyɔnyrɔ. (Romatɔwo 10:10; Timoteo II, 3:15; Petro I, 3:21) Ke hã, susu vevi si ta woɖea gbeƒã xɔxɔ la menye amegbetɔwo xɔxɔ ɖe agbe o, ke boŋ be woakafu Mawu. Eyata Nɔviŋutsu Lösch xlɔ̃ nu amesiwo ava zu dutanyanyuigblɔlawo la be: “Mitsɔ Fiaɖuƒegbedasia yi anyigba ƒe mlɔenuwo ke, eye minye xɔxɔ ƒe gbeƒãɖela veviedonulawo be wòanye kafukafu na Yehowa.”—Romatɔwo 10:18.

Gilead nufiala Lawrence Bowen bia biabia sia be: “Aleke Nènana Gbɔgbɔmekekeli la Klẽnae?” Eyɔ nya tso Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 6:22 eye wòde dzi ƒo na sukunuwulawo be wogato ŋku ‘gã’ o be woate ŋu ana “gbɔgbɔmenumekɔkɔ si su wo si naklẽ atsɔ akɔ Yehowa ŋu eye wòaɖe vi na wo hati amegbetɔwo.” Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu deblibo tso eƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi ke to alesi wòna eƒe susu nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu me. Yesu de ŋugble le nu wɔnuku siwo Fofoa fiae do ŋgɔ le dziƒo ŋu eye esia kpe ɖe eŋu wòdo dzi le Satana ƒe tetekpɔ siwo wòdo goe le gbeadzi me. (Mateo 3:16; 4:1-11) Yesu ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le dɔdasi si Mawu nae be wòawɔ me. Nenema kee hafi dutanyanyuigblɔlaawo ate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo le ŋgɔ nu la, ele be woayi woƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ dzi ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.

Mark Noumair, Gilead nufiala kple Gilead sukua ƒe klass 77 lia nuwulae ƒo nuƒo siawo ƒe mamlɛtɔ si ƒe tanyae nye “Míele Asiwò Me.” (Yosua 9:25) Ede dzi ƒo na sukuviawo be woasrɔ̃ blema Gibeontɔwo ƒe nɔnɔme. Togbɔ be “Gibeon-du la lolo . . . eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo” hã la, womedi be yewoƒe ŋkɔ nanyɔ alo kpɔ mɔ be yewoawɔ nuwo abe alesi yewodii ene o. (Yosua 10:2) Wolɔ̃ faa zu “nakefɔlawo kple tɔmedelawo” na Lewi-viwo tsɔ do alɔ Yehowa ƒe subɔsubɔa. (Yosua 9:27) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, sukunuwulawo gblɔ na Yosua Gãtɔ, Yesu Kristo be, “Míele Asiwò Me.” Esi woadze woƒe dɔdasiwo gɔme le duta fifia ta la, ele be woalɔ̃ awɔ dɔ sia dɔ si Yosua Gãtɔa ana wo be woawɔ.

Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo

Wallace Liverance, Gilead sukua ƒe klass 61 lia nuwula si nye nufialawo dometɔ ɖekae wɔ numedzodzro aɖe kple sukuviawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si ƒe tanya nye, ‘Miɖe Ŋɔŋlɔawo Me.’ Sukuviawo gblɔ nusiwo teƒe wokpɔ le gbeadzi le woƒe sukudeɣia eye wowɔ woƒe wɔwɔfiawo. Eme kɔ ƒã be alesi wosrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo tsitotsito le woƒe ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔɣia la de dzi gbɔ na wo eye wòʋã wo be woafia nusiwo wosrɔ̃ la ame bubuwo. (Luka 24:32) Le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔɣia la sukuviawo dometɔ ɖeka te ŋu fia nusiwo srɔ̃m wònɔ la nɔviaŋutsu. Esia de dzi ƒo nɛ be wòdi hame si le wo gbɔ eye wòdze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme. Edze hezu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ fifia.

Richard Ashe kple John Gibbard bia gbe ame geɖe siwo nye Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo hena ƒe geɖe, amesiwo dome dzikpɔla mɔzɔla aɖewo siwo nɔ hehe tɔxɛ aɖe xɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒea nɔ, kplɔ nuteƒekpɔkpɔawo ɖo. Wonye Gilead Sukuvi gbãtɔwo dometɔ aɖewo. Wo dometɔ ɖeka ɖo ŋku edzi be Nɔviŋutsu Knorr gblɔ le woƒe klass kpɔ le sukudeɣia be: “Miasrɔ̃ nu geɖe le Gilead. Gake ne esia na mieva zu dadalawo la, ke míeɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ o. Míedi be miazu dɔmenyotɔwo.” Nɔviŋutsu mɔzɔlaawo xlɔ̃ nu sukuviawo be woatsɔ ɖe le amewo kple woƒe nuhiahiãwo me, awɔ nu ɖe amewo ŋu abe alesi Kristo wɔe ene, eye woalɔ̃ axɔ dɔdasi ɖesiaɖe si woana wo la ɖokuibɔbɔtɔe. Ðikekemanɔmee la, nuxlɔ̃ame siawo dzi wɔwɔ akpe ɖe dutanyanyuigblɔla yeyeawo ŋu be woawɔ dɔ geɖe le woƒe dɔdasiawo me.

Midze Mɔ Ðawɔ Nuŋeŋedɔa Dzonɔamemetɔe!

Mɔnukpɔkpɔ su nyaselawo si be woaɖo to Stephen Lett, Dziɖuhaa me tɔ bubu ƒe nyawo. Eyae ƒo ɖoɖowɔɖia ƒe nuƒo vevitɔ si ƒe tanyae nye “Midze Mɔ Ðawɔ Nuŋeŋedɔa Dzonɔamemetɔe!” (Mateo 9:38) Le nuŋeɣi ŋutɔŋutɔ la, ɣeyiɣi si wotsɔa ŋea nukuawo mesɔa gbɔ o. Eva hiãna be nuŋelawo nawɔ dɔ kutrikukutɔe. Aleke gbegbee kutrikuku hiã wue enye esi le nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu! Le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔ gãa me la, amewo ƒe agbee ɖo afɔku me. (Mateo 13:39) Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na sukuviawo be ‘woagawɔ kuvia le woƒe dɔa ŋu o’ eye ‘woaxɔ dzo le gbɔgbɔ me ahawɔ kluvidɔ na Yehowa’ le nuŋeŋedɔ sia si womagawɔ akpɔ o la me. (Romatɔwo 12:11) Nuƒolaa yɔ Yesu ƒe nya siawo be: “Miwu miaƒe ŋkuwo dzi, eye miakpɔ agblewo dzi ɖa bena, woƒu xoxo, eye wonyo na ŋeŋe.” (Yohanes 4:35) Emegbe exlɔ̃ nu sukuviawo be woaɖe dzonɔameme afia le nuŋeŋedɔa wɔwɔ me to agbagba ɖesiaɖe dzedze ayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi si sɔ na wo me kple le afisiwo woakpɔ wo le ahawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ aɖi vomeɖase. Ne wodi mɔnukpɔkpɔwo la, anɔ bɔbɔe be woaɖi ɖase nyuie. Yehowa nye Mawu si wɔa nu dzonɔamemetɔe, eye wòdi tso mí katã si be míasrɔ̃ ye ahawɔ dɔ kutrikukutɔe le gbɔgbɔmenuŋeŋedɔa me.—Fiawo II, 19:31; Yohanes 5:17.

Nɔviŋutsu Jaracz, amesi kpɔ ɖoɖoa dzie he wɔnaawo va nuwuwu, eye wòxlẽ alɔdzedɔwɔƒe gbogbo aɖewo ƒe gbedoname na vavalawo hema sukuviawo ƒe ɖaseɖigbalẽwo na wo. Sukuviawo dometɔ ɖeka xlẽ klass la ƒe lɛta si wotsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto fia ɖe hehe si woxɔ ŋu fia. Edze ƒã be klass 116 lia ƒe sukunuwuwu wɔnaa na vavalawo katã ɖoe kplikpaa wu be yewoadze mɔ aɖawɔ nuŋeŋedɔa dzonɔamemetɔe.

[Aɖaka si le axa 25]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 20

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 46

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 34.2

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 17.2

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 13.9

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 116 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Ceansu, R.; Sparks, T.; Piña, C.; Turner, P.; Cheney, L. (2) Suardy, M.; Sjöqvist, Å.; Amadori, L.; Smith, N.; Jordan, A.; Boissonneault, L. (3) Matlock, J.; Ruiz, C.; Dular, L.; Vigneron, M.; Henry, K. (4) Sjöqvist, H.; Laux, J.; Ruzzo, J.; Gustafsson, K.; Boissonneault, R.; Jordan, M. (5) Henry, D.; Turner, D.; Kirwin, S.; Florit, K.; Ceansu, S. (6) Amadori, S.; Cheney, J.; Ross, R.; Nelson, J.; Ruiz, J.; Vigneron, M. (7) Florit, J.; Matlock, D.; Ross, B.; Laux, C.; Ruzzo, T.; Dular, D.; Kirwin, N. (8) Gustafsson, A.; Nelson, D.; Suardy, W.; Piña, M.; Smith, C.; Sparks, T.