Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Mawu Gbagbe La Nafia Mɔ Wò

Na Mawu Gbagbe La Nafia Mɔ Wò

Na Mawu Gbagbe La Nafia Mɔ Wò

“[Mitrɔ ɖe] . . . Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ.”​—DƆWƆWƆWO 14:15.

1, 2. Nukatae wòsɔ be míalɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye “Mawu gbagbe la”?

ESI apostolo Paulo kple Barnaba da dɔ na ŋutsu aɖe le Listra vɔ megbe la, Paulo ka ɖe edzi na amesiwo kpɔ nusia teƒe be: “Míawo hã amegbetɔ, siwo nu vena la míenye abe miawo ke ene, eye míele nyanyui la gblɔm fia mi, bena miatrɔ atso nenem yakanu siawo gbɔ ava Mawu gbagbe, si wɔ dzi kple anyigba kple atsiaƒu kpakple nusiwo katã le wo me la gbɔ.”​—Dɔwɔwɔwo 14:15.

2 Aleke gbegbe wònye nyateƒee nye esi be menye legba si me agbe mele o ye Yehowa nye o, ke boŋ enye “Mawu gbagbe”! (Yeremya 10:10; Tesalonikatɔwo I, 1:9, 10) Menye ɖe Yehowa le agbe ko evɔ o, ke eyae nye míaƒe Agbedzɔtsoƒe hã. “Eya ŋutɔ na agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã amesiame.” (Dɔwɔwɔwo 17:25) Edi be míase vivi le agbe me fifia kple le etsɔme. Paulo gblɔ kpee be Mawu “medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eɖokui ŋuti o, le esime wòwɔa nyui, eye wòna tsidzadza mí tso dziƒo kple nuƒãɣiwo, eye wòtsɔ nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me fũ.”​—Dɔwɔwɔwo 14:17.

3. Nukatae míate ŋu aka ɖe mɔfiame si Mawu nana la dzi?

3 Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le míaƒe agbe me na susu si ta míaka ɖe eƒe mɔfiame dzi ɖo la mí. (Psalmo 147:8; Mateo 5:45) Ðewohĩ ame aɖewo agbe esia wɔwɔ ne wokpɔ mɔfiame aɖe le Biblia me si gɔme womese o alo si dze abe nu sesẽ ene na wo. Ke hã, edze ƒã be nunya le eme be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe mɔfiame ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Ne Israel-vi aɖe mese nusita wode se be woagaka asi nu kuku aɖeke ŋu o gɔme o hã la, sedede ma dzi wɔwɔ ɖea vi nɛ. Gbã la, eƒe toɖoɖo ana wòate ɖe Mawu gbagbe la ŋu wu; evelia, ana wòaƒo asa na dɔlélewo xɔxɔ.​—Mose III, 5:2; 11:24.

4, 5. (a) Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia la, mɔfiame kae Yehowa na le ʋu ŋu? (b) Aleke míewɔ nya be Mawu ƒe mɔfiame si ku ɖe ʋu ŋu la ka Kristotɔwo hã?

4 Nenema kee wòle le mɔfiame si Mawu na le ʋu ŋu gome. Egblɔ na Noa be mele be amegbetɔwo naɖu ʋu o. Eyome le Sea me la, Mawu ɖee fia be vɔsamlekpuia dzi koe woazã ʋu lehena nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke. Mawu to mɔfiame mawo dzi wɔ ɖoɖo ɖe nu vevitɔ kekeake si ŋu woazã ʋu ɖo ŋusi nye amewo ƒe agbe ɖeɖe to Yesu ƒe tafea dzi. (Hebritɔwo 9:14) Nyateƒee, Mawu bu míaƒe agbe kple nyonyo ŋu le eƒe mɔfiamea me. Esi Biblia ŋunyala Adam Clarke, si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me nɔ Mose I, 9:4 me dzrom la, eŋlɔ be: “Kristotɔ siwo le Ɣedzeƒenyigba dzi gawɔa se sia si wode [na Noa] la dzi pɛpɛpɛ kokoko . . . Se la tsi tre ɖe ʋuɖuɖu ŋu, elabena ehe susu yi ʋu si woakɔ ɖi hena xexeame ƒe nuvɔ̃ la dzi; eye le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa te la, mele be woaɖui o, elabena ele be woabui ɣesiaɣi be etsi tre ɖi na ʋu si wokɔ ɖe anyi hena nuvɔ̃wo keke.”

5 Anye be nyanyui vevi si ku ɖe Yesu ŋu koŋue agbalẽnyala sia wɔnɛ. Esia ku ɖe alesi Mawu dɔ Via be wòava ku ɖe mía ta, be wòakɔ eƒe ʋu ɖe anyi ale be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ la ŋu. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8, 9) Agbalẽnyala sia ƒe nyawo ku ɖe se si wova de na Kristo yomedzelawo emegbe be woatsri ʋu hã ŋu.

6. Mɔfiame kawoe wona Kristotɔwo le ʋu ŋu, eye nukatae?

6 Ènyae be se alafa geɖewoe Mawu tsɔ na Israel-viwo. Le Yesu ƒe ku megbe la, womegabia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woawɔ se mawo katã dzi o. (Romatɔwo 7:4, 6; Kolosetɔwo 2:13, 14, 17; Hebritɔwo 8:6, 13) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, nya aɖe va fɔ ɖe te ku ɖe se vevi ɖeka aɖe ŋusi nye aʋatsotso. Ðe wòle be amesiwo menye Yudatɔwo o siwo di be Kristo ƒe ʋu naɖe vi na yewo la nana woatso aʋa na wo, atsɔ aɖee afia be yewogale Sea te kokokoa? Le ƒe 49 M.Ŋ. me la, Kristotɔwo ƒe dziɖuha la kpɔ nya sia gbɔ. (Dɔwɔwɔwo, ta 15) Mawu ƒe gbɔgbɔa kpe ɖe apostoloawo kple ame tsitsiawo ŋu wokpɔe be Sea te koe aʋatsotso ƒe nudidia nɔ. Gake Mawu ƒe nudidi aɖewo gali siwo dzi wòle be Kristotɔwo nawɔ ɖo. Le lɛta aɖe si dziɖuha la ɖo ɖe hamewo me la, woŋlɔ be: “Enyo Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie.”—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

7. Aleke gbegbe wòle vevie be Kristotɔwo ‘natsri ʋui’?

7 Eyata eme kɔ ƒã be dziɖuha la bu ‘ʋu tsitsri’ be enye agbenyuinɔnɔ me dzidzenu si le vevie abe alesi wòle vevie be woatsri agbegbegblẽnɔnɔ alo trɔ̃subɔsubɔ ke ene. Esia fia be ŋkubiãnyae ʋu ƒe sededea nye. Kristotɔ siwo subɔa trɔ̃ alo nɔa agbegbegblẽ eye wometrɔ dzime o la “manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome” o; “woakpɔ wo tɔ gome le . . . ku evelia [me].” (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Nyaɖeɖefia 21:8; 22:15) De dzesi nusiawo siwo to vovo na wo nɔewo: Bubumademade Mawu ƒe mɔfiafia le ʋu si naa agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu ate ŋu ana ame naku tegbee. Bubudede Yesu ƒe vɔsa la ŋu ate ŋu ana ame nanɔ agbe tegbee.

8. Nukae ɖee fia be Kristotɔ gbãtɔwo bu mɔfiame si Mawu na le ʋu ŋu la nu vevii?

8 Aleke Kristotɔ gbãtɔwo se Mawu ƒe mɔfiafia ku ɖe ʋu ŋu gɔme hewɔ nu ɖe enui? Gbugbɔ ɖo ŋku Clarke ƒe nyawo dzi ake: “Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa te la, mele be woaɖui o, elabena ele be woabui ɣesiaɣi be etsi tre ɖi na ʋu si wokɔ ɖe anyi hena nuvɔ̃wo keke.” Ŋutinya ɖo kpe edzi be Kristotɔ gbãtɔwo tsɔ esia nya vevii. Tertullian ŋlɔ be: “Mikpɔ amesiwo tsɔa dzodzro vevie xɔa nuvlowɔla vɔ̃ɖiwo ƒe ʋu si le ɖuɖum bababa le fefewɔƒe . . . eye wotsɔnɛ dzonae be yewoatsɔe ada yewoƒe anyidzedɔe la ɖa.” Togbɔ be trɔ̃subɔlawo ɖua ʋu hã la, Tertullian gblɔ tso Kristotɔwo ya ŋu be “lãwo ƒe ʋu gɔ̃ hã mele [woƒe] nuɖuɖu me o . . . Le Kristotɔwo dodo kpɔ me la, mietsɔa ʋubli [alo agbodzomle] na wo be woaɖu. Evɔ mienya nyuie be enye nusi ŋu se meɖe mɔ le na wo o hafi.” Nyateƒee, togbɔ be wotsɔ ku do ŋɔdzi na Kristotɔwo hã la, womeɖu ʋu o. Mawu ƒe mɔfiafia dzi wɔwɔ nɔ vevie na wo.

9. Nukae ʋu tsitsri bia tsɔ kpe ɖe eɖuɖu alo enono gbegbe tẽ ŋu?

9 Ame aɖe ate ŋu asusu be ɖeko dziɖuha la nɔ fiafiam be mele be Kristotɔwo naɖu ʋua ŋutɔ alo anoe tẽ o eye mele be woaɖu lã tsiʋume alo nuɖuɖu si wotsɔ ʋu blui o. Ele eme ya be nu mae sea fia zi gbãtɔ si Mawu dee na Noa. Eye se si apostoloawo de la gblɔe tututu be Kristotɔwo ‘natsri lã tsiʋumewo.’ (Mose I, 9:3, 4; Dɔwɔwɔwo 21:25) Gake Kristotɔ gbãtɔwo nyae be efia nu geɖe wu ema ko. Ɣeaɖewoɣi la wozãa ʋu le atikewɔwɔ me. Tertullian gblɔ be trɔ̃subɔla aɖewo no ʋu si le ɖuɖum be wòada yewoƒe anyidzedɔ na yewo. Eye ɖewohĩ wozã ʋu le mɔ bubuwo nu tsɔ da dɔ aɖewo alo wosusui be ana ame nanɔ lãmesẽ me wu. Le esia ta, Kristotɔwo ƒe ʋu tsitsri bia hã be woagazãe le “atikewɔwɔ” ta o. Woléa tenɔnɔ ma me ɖe asi ne ema wɔwɔ ana woƒe agbe naɖo afɔku me gɔ̃ hã.

Ʋu Zazã abe Atike Ene

10. Mɔ siwo nu wole ʋu zãm le le atikewɔwɔ me egbea dometɔ aɖewo ɖe, eye nyabiabia kae esia fɔ ɖe te?

10 Ʋu zazã le atikewɔwɔ me va bɔ ŋutɔ egbea. Tsã la ʋu bliboae wodona na ame—woxɔa ʋua tso amesi nae gbɔ dzrana ɖo ɖi, eye wodonɛ na dɔnɔ, si ɖewohĩ xɔ abi le aʋagbedzi. Emegbe la, numekulawo va srɔ̃ alesi woaɖe ʋumenu aɖewo atso ʋua mee. Ʋumenuwo dodo na ame wɔe be atikewɔlawo ate ŋu ama ʋu bliboa ŋutɔ si wona la ɖe akpa vovovo me ado na dɔnɔ geɖe, ɖewohĩ woado ʋutsia na ame aɖe ahado ʋumenugbagbevi dzĩawo na ame bubu. Numekuku siwo woyi edzi wɔ na wokpɔe be woagate ŋu aɖe nu bubu aɖewo tso ʋumenu aɖe, abe ʋutsia ene, me agado na dɔnɔ bubu geɖewo. Wogale numekukuwo wɔm kokoko le go sia me, eye wogblɔ be wole kekem ɖe ʋumenu yeye siwo woate ŋu azã ŋu. Aleke wòle be Kristotɔ nawɔ nu ɖe nusiawo ŋui? Tsɔe be eɖoe kplikpaa be yemalɔ̃ woado ʋu na ye o, gake eƒe atikewɔlaa xlɔ̃ nui be wòalɔ̃ woado ʋumenu vevi aɖe, ɖewohĩ ʋumenugbagbevi dzĩ siwo woɖe tso ʋua me la nɛ. Alo ɖewohĩ wodi be woanae atike si me nane si woɖe tso ʋumenu ƒe akpa sue aɖe le la nɛ. Nyametsotso kae Mawu subɔla awɔ le nya siawo ŋu, esi wònyae be ʋu nye nu kɔkɔe eye be Kristo ƒe ʋu koe nye esi naa agbe ŋutɔŋutɔ?

11. Nukpɔsusu si sɔ kae le Ðasefowo si ɖe ʋu ŋu ɣeyiɣi didi aɖee nye esia?

11 Ƒe geɖee nye esia si Yehowa Ðasefowo na woƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu me kɔ nyuie. Le kpɔɖeŋu me, woŋlɔ nyati aɖe si wota ɖe The Journal of the American Medical Association (November 27, 1981; wogbugbɔ tae ɖe agbalẽ gbadza si nye How Can Blood Save Your Life? me, axa 27-9) me. * Nyatia yɔ nya tso Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia, kple Dɔwɔwɔwo ƒe Agbalẽa me. Nyatia gblɔ be: “Togbɔ be kpukpui siawo meƒo nu tso atikewɔwɔ ŋu tẽ o hã la, Ðasefowo bui be wotsi tre ɖe ʋu ŋutɔ, ʋumenugbagbevi dzĩwo [red blood cells alo cellules rouges] siwo woɖe tso ʋua me, kple ʋutsi [plasma] dodo, kpakple ʋumenugbagbevi ɣiwo [white blood cells alo cellules blanches] kple ʋumenugbagbevi gbabɛwo [platelets alo plaquettes] dodo na wo ŋu.” Atikewɔgbalẽ si nye Emergency Care, si wota le ƒe 2001 me, gblɔ le tanya si nye “Nusiwo le Ʋua Me” te be: “Nu geɖewoe le ʋua me: ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo kple ɣiwo, kpakple ʋumenugbagbevi gbabɛwo.” Eyata le ɖekawɔwɔ me kple nusiwo ŋu woke ɖo le atikewɔwɔ me gome la, Ðasefowo gbea ʋu ŋutɔ loo alo nu vevi ene siawo siwo le eme la dometɔ ɖesiaɖe dodo.

12. (a) Numeɖeɖe kae wona tso nu suesue siwo woɖena tsoa ʋumenu veviwo mee ŋu? (b) Afikae míate ŋu akpɔ nyatakaka geɖe wu le tso nya sia ŋu?

12 Nyati si ku ɖe atikewɔwɔ ŋu gblɔ yi edzi ale: “Mawusubɔsubɔ me nugɔmesese sia si le Ðasefowo si mena wotsri [nu bubu siwo wogaɖe tso ʋumenuwo me] keŋkeŋ o, abe ʋumenunyiame (albumin), ʋumenu siwo wua dɔlékuiwo (immunoglobulins), kple ʋumenu siwo nana ʋua blana ene; Ðasefo ɖesiaɖe atso nya me le eɖokui si ne alɔ̃ woado wo nɛ.” Tso ƒe 1981 me ke la, wogava le nu suesue bubu geɖe (siwo woɖe tso ʋumenu vevi ene siawo dometɔ ɖesiaɖe me) zãm le atikewɔwɔ me. Eyata Gbetakpɔxɔ, June 15, 2000 na nyatakaka aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu le nyati si me wodzro le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” me. Be ŋuɖoɖoa naɖe vi na ame miliɔn geɖe siwo xlẽa míaƒe agbalẽwo la, míegbugbɔe ta le magazine sia ƒe axa 29-31. Wona numeɖeɖe siwo me susu le le eme, gake àkpɔe be nusi wògblɔ la sɔ kple nya vevi siwo wogblɔ le ƒe 1981 me.

Akpa si Wò Dzitsinya Wɔna

13, 14. (a) Nukae nye dzitsinya, eye akpa kae wòwɔna le ʋu ƒe nya la me? (b) Mɔfiame kae Mawu na Israel-viwo le lãɖuɖu ŋu, gake nyabiabia kawoe ate ŋu afɔ ɖe te?

13 Nya siawo bia dzitsinya ŋudɔwɔwɔ. Nukatae? Kristotɔwo lɔ̃ ɖe edzi be ehiã be yewoawɔ Mawu ƒe mɔfiafia dzi, gake le nɔnɔme aɖewo me la, ele be ame ŋutɔ natso nya me eye afisiae dzitsinya ŋudɔwɔwɔ hiã le. Dzitsinyae nye ŋutete si wotsɔ dzi míi si na míedaa nyawo, siwo nyea agbenyuinɔnɔ nyawo zi geɖe, la kpɔna hewɔa nyametsotso le wo ŋu. (Romatɔwo 2:14, 15) Gake ènyae be míaƒe dzitsinyawo ƒe mɔfiafia le vovovo. * Biblia gblɔ be ‘dzitsinya siwo gbɔdzɔ’ lae le ame aɖewo si, si fia be ame bubuwo tɔ ya sẽ ŋu. (Korintotɔwo I, 8:12) Kristotɔwo ƒe ŋgɔyiyi le vovovo le nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu sɔsrɔ̃ me, le eƒe tamesusu nyanya me, kple le tamesusua ŋudɔ wɔwɔ le nyametsotso wɔwɔ me gome. Míate ŋu atsɔ Yudatɔwo kple alesi wobua lãɖuɖui awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu.

14 Biblia na eme kɔ be amesi ɖoa to Mawu la maɖu lã tsiʋume o. Se ma nɔ vevie ale gbegbe be le hiahiã kpata aɖe gɔ̃ hã ta esi Israel srafowo ɖu lã tsiʋume la, ema nye vodada alo nuvɔ̃ gã aɖe wowɔ. (Mose V, 12:15, 16; Samuel I, 14:31-35) Ke hã, nyabiabia aɖewo ate ŋu afɔ ɖe te kokoko. Ne Israel-vi aɖe wu alẽ aɖe la, ɣeyiɣi didi kae wòle be wòana ʋua naɖuɖu ɖe anyigba? Lãa ƒe vehloe wòle be wòatso be ʋua naɖuɖua? Ðe wòhiã be wòalé alẽa ƒe megbefɔwo ɖe dzi alo atsii ɖe yame be ʋua naɖuɖua? Hena ɣeyiɣi didi ka? Ke ne nyinɔ lolo aɖe wum wòle ɖe? Ne wòna ʋua ɖuɖu kɔ ɖe anyigba hã la, ɖe agate ŋu atsi lãa me kokoko. Ðe wòate ŋu aɖu lã sia? Amekae atso nya me le eŋu?

15. Aleke Yudatɔ aɖewo wɔa nu ɖe lãɖuɖu ŋu, gake mɔfiame kae Mawu na?

15 Wò ya bu eŋu kpɔ ko be Yudatɔ veviedonula aɖe dze ŋgɔ nya siawo. Ate ŋu asusui be asɔ na ye wu ne yetsri lã si wodzrana le asime la ƒeƒle, abe alesi ko Yudatɔ bubu aƒo asa na lã aɖe si ɖewohĩ wotsɔ eƒe akpa aɖe sa vɔ na trɔ̃ ɖuɖu ene. Ðewohĩ ne wozɔ ɖe ɖoɖo aɖe koŋ nu be lãa ƒe ʋu naɖuɖu ɖe anyi ko hafi Yudatɔ aɖewo alɔ̃ aɖui. * (Mateo 23:23, 24) Nukae nèsusu tso nuwɔwɔ le mɔ vovovo nu alea ŋu? Gawu la, esi wònye Mawu mebia nuwɔwɔ tɔxɛ aɖeke alea o ɖe, ɖe wòasɔ be Yudatɔwo naɖo biabia gbogbo aɖe ɖe rabiwo ƒe aɖaŋuɖotakpekpe aɖe be woagblɔ nyametsotso si yewoawɔ le nusiawo dometɔ ɖesiaɖe ŋu na yewoa? Togbɔ be ema va zu nusi wɔwɔ bɔ le Yuda-subɔsubɔ me hã la, enye dzidzɔ be míanyae be Yehowa megblɔ na tadeagula vavãwo be woawɔ ʋu ŋu nyametsotsowo le mɔ ma nu o. Mawu na mɔfiafia veviwo le lã siwo ŋu kɔ wuwu kple woƒe ʋu kɔkɔ ɖe anyigba ŋu, gake megagblɔ nya bubu aɖeke kpee o.—Yohanes 8:32.

16. Nukatae Kristotɔwo ƒe nukpɔsusu ate ŋu ato vovo tso nu suesue aɖe si woɖe le ʋumenu sue aɖe me ƒe abui dodo ŋu?

16 Abe alesi míegblɔe le memama 11 kple 12 lia me ene la, Yehowa Ðasefowo melɔ̃na wodoa ʋu ŋutɔ loo alo nu vevi ene siwo le eme—ʋutsi, ʋumenugbagbevi dzĩwo, ʋumenugbagbevi ɣiwo, kple ʋumenugbagbevi gbabɛwo—na wo o. Ke nu bubu siwo wogaɖe tso ʋumenu vevi aɖe me, abe atike si doa ŋusẽ dɔlélenutsiŋutete siwo me ʋumenu si wua aɖi kple dɔlékuiwo le, si wodona na ame be woatsɔ alé dɔléle nu alo atsi da ƒe aɖi nu ene ya ɖe? (Kpɔ axa 30, memama 4.) Ame aɖewo ƒo nya ta be ʋumenu suesue siawo meganye ʋu ŋutɔŋutɔ o eye be le esia ta womeku ɖe se si wode be ‘míatsri ʋu’ ŋu o. (Dɔwɔwɔwo 15:29; 21:25; axa 31, memama 1) Woawo ŋutɔe abu akɔnta tso nya sia ŋu. Ame bubuwo ƒe dzitsinya ʋã wo wogbe nusianu si woɖe tso ʋua me (eɖanye lã alo amegbetɔ tɔ o), ne eɖanye ʋumenu vevi aɖe ƒe akpa si le suesue ŋutɔ kura gɔ̃ hã. * Ame bubuwo hã ate ŋu alɔ̃ be woado ʋutsi me nunyiame [plasma protein] ƒe abui na yewo atsɔ alé dɔléle aɖe nu alo atsɔ atsi da ƒe aɖi nu, evɔ ɖewohĩ woagbe ʋumenu suesue bubuwo ya. Gawu la, nusiwo wogaɖena tsoa ʋumenu vevi eneawo me dometɔ aɖewo ƒe dɔwɔwɔ te ŋu sɔna kple ʋumenua ŋutɔ tɔ kloe eye wote ŋu wɔa agbeleléɖetedɔ ma ke si na be Kristotɔ akpa gãtɔ madi be yewoalɔ̃ axɔe o.

17. (a) Aleke dzitsinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nya siwo ku ɖe nu suesue bubu siwo wogaɖe tso ʋumenuwo me ŋu la gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Nukatae nyametsotso le nya sia ŋu nye ŋkubiãnya alea gbegbe?

17 Nusi Biblia gblɔ tso dzitsinya ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele nyametsotsowo wɔm le nusiawo ŋu. Afɔ gbãtɔ si míaɖee nye be míasrɔ̃ nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ ahadze agbagba be míamla míaƒe dzitsinya ɖe enu. Esia ana wò nyametsotsowo nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe mɔfiafia tsɔ wu be nàbia ame aɖe be wòagblɔ nusi wòle be nàwɔ la na wò. (Psalmo 25:4, 5) Le nu suesue siwo woɖe tso ʋumenuwo me xɔxɔ gome la, ame aɖewo bui be, ‘Dzitsinya ƒe nyae, eyata mele vevie nenema gbegbe o.’ Tamebubu ma mesɔ o. Dzitsinya ƒe nya si nane nye mefia be mele vevie o. Ate ŋu anye ŋkubiãnya ŋutɔ. Susu siwo tae dometɔ ɖekae nye be ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo ƒe dzitsinya to vovo na mía tɔ la dzi. Míekpɔ esia dze sii alea le aɖaŋu si Paulo ɖo ku ɖe lã si ɖewohĩ wotsɔ eƒe akpa aɖe sa vɔ na trɔ̃ aɖe hafi va dzra susɔea le asime ŋuti. Ele be Kristotɔ nakpɔ nyuie be ‘wòagade abi dzitsinya siwo gbɔdzɔ la ŋuti o.’ Ne eɖia ame aɖe nu la, ekema ate ŋu ‘agblẽ nu le nɔvia si ta Kristo ku ɖo la ŋuti’ eye ema ate ŋu ana wòawɔ nuvɔ̃ ɖe Kristo ŋu. Le esia ta, togbɔ be ame ŋutɔe atso nya me le nu suesue bubu siwo wogaɖe tso ʋumenuwo me xɔxɔ ŋu hã la, ele be míabu nyametsotso siwo míawɔ la ŋkubiãnyae vevie.—Korintotɔwo I, 8:8, 11-13; 10:25-31.

18. Aleke Kristotɔ ate ŋu aƒo asa na nana be eƒe dzitsinya naku atri le nyametsotso siwo ku ɖe ʋu ŋu gome?

18 Nu bubu aɖe si ku ɖe nya sia ŋu te gbe ɖe nyametsotso siwo míawɔ le ʋu ŋu ƒe ŋkubiãnya nyenye dzi. Eyae nye ŋusẽ si nyametsotso siawo ate ŋu akpɔ ɖe wò ŋutɔ dziwò. Ne lɔlɔ̃ be woado nu suesue siwo woɖe tso ʋumenuwo me na ye aɖe fu na wò dzitsinya si nètsɔ Biblia na hehee la, ekema mele be nàŋe aɖaba aƒu edzi o. Nenema kee mele be nàgbe wò dzitsinya ƒe gbe dzi wɔwɔ le esi ame aɖe gblɔ be: “Edodo megblẽ o; ame geɖe lɔ̃na wodonɛ na wo” ta o. Nenɔ susu me na wò be ame miliɔn geɖe meɖoa to woƒe dzitsinya ƒe gbe egbea o, eye esia na wòku atri, heɖea mɔ na wo wokaa aʋatso alo wɔa nu gbegblẽwo evɔ meɖea fu na wo o. Kristotɔwo ɖoe koŋ be yewoatsri nɔnɔme ma.—Samuel II, 24:10; Timoteo I, 4:1, 2.

19. Ne míele nyametsotso siwo ku ɖe ʋu ŋu wɔm la, nuka koŋue wòle be wòanɔ susu me na mí?

19 Ŋuɖoɖo si míegbugbɔ ta le axa 29-31 la gblɔ le eƒe nuwuwu lɔƒo be: “Ðe alesi amewo ƒe nukpɔsusuwo kple nyametsotso siwo wonɔ te ɖe dzitsinya dzi wɔ to vovoe la fia be nyaa mele vevie oa? Ao. Enye ŋkubiãnya.” Ele nenema vevietɔ elabena eku ɖe mia kple “Mawu gbagbe la” dome ƒomedodo ŋu. Ƒomedodo ma, si wotu ɖe Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖe anyi ƒe ameɖeɖe ŋusẽ dzi, koe ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Bu ʋu nu vevii le nusi Mawu to edzi le wɔwɔm—si nye amewo ƒe agbe ɖeɖe—la ta. Esɔ nyuie be Paulo ŋlɔ be: “Mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o. Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.”Efesotɔwo 2:12, 13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 13 Gbeɖeka Paulo kple Kristotɔ bubu ene aɖewo yi gbedoxɔ me be yewoakɔ yewo ɖokui ŋu le kɔnua nu. Sea meganɔ dɔ wɔm ɣemaɣi o, gake Paulo wɔ aɖaŋu si ame tsitsi siwo nɔ Yerusalem ɖo nɛ la dzi. (Dɔwɔwɔwo 21:23-25) Gake Kristotɔ aɖewo anya se le wo ɖokui me be yewomayi gbedoxɔa me loo alo ayi ɖoɖo ma dzi wɔ ge o. Dzitsinya vovovowoe nɔ amewo si ɣemaɣi eye nenema kee woto vovo egbea hã.

^ mm. 15 Encyclopaedia Judaica gblɔ se “sesẽ siwo me wogblɔ nusianu le tsitotsito” ku ɖe lã “si ɖuɖu sɔ” ŋu. Egblɔ miniti neni si wòle be woade ʋulãa tsi me, alesi woatsɔe ada ɖe kplɔ̃ dzi tsi natsyɔ le eme, dze si ƒomevi woadee, kple zi neni si wòle be woaklɔe le tsi fafɛ me.

^ mm. 16 Nu vevi siwo le abui aɖewo siwo wodona na amewo ƒe akpa gãtɔ me la menye esi woɖe tso ʋu me o. Gake le go aɖewo me la, woate ŋu ade ʋumenu suesue aɖe, abe ʋumenunyiame ene, wo me.—Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le Gbetakpɔxɔ, October 1, 1994 me.

Àte Ŋu Aɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔfiame si ku ɖe ʋu ŋu kae Mawu na Noa, Israel-viwo, kple Kristotɔwo?

• Nukae Yehowa Ðasefowo gbe keŋkeŋ le ʋu gome?

• Gɔmesese ka nue lɔlɔ̃ be woado nu suesue bubu siwo woɖe tso ʋumenuwo me na ame nye ame ŋutɔ ƒe dzitsinya ƒe nya, gake nukae mefia o?

• Ne míele nyametsotsowo wɔm la, nukatae wòle be ƒomedodo si le mía kple Mawu dome nanɔ susu me na mí vevie?

[Biabiawo]

[Nyaɖoɖo si le 22]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

TENƆNƆ VEVI KU ÐE ƲU ŊU

ƲU KPLE EMENU BLIBOA

▾ ▾

WOATSRII KEŊKEŊ Ʋumenugbagbevi dzĩwo Ʋumenugbagbevi ɣiwo

KRISTOTƆ ŊUTƆ ▾ ▾

ATSO NYA ME Nu bubu siwo Nu bubu siwo

wogaɖe tso wogaɖe tso

ʋumenugbagbevi ʋumenugbagbevi

dzĩwo me ɣiwo me

▾ ▾

WOATSRII KEŊKEŊ Ʋumenugbagbevi gbabɛwo Ʋutsi

KRISTOTƆ ŊUTƆ ▾ ▾

ATSO NYA ME Nu bubu siwo Nu bubu siwo

wogaɖe tso wogaɖe tso

ʋumenugbagbevi ʋutsi me

gbabɛwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Dziɖuha la ƒo nya ta be ele be Kristotɔwo ‘natsri ʋu’

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mègagbe toɖoɖo wò dzitsinya ne èdze ŋgɔ nyametsotso aɖe si ku ɖe nu suesue bubu siwo woɖe tso ʋumenuwo me ŋu la o