Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Si Me Dzidzeme Le Togbɔ Be Meto Nɔnɔme Gbãdzinamewo Me Hã

Agbe Si Me Dzidzeme Le Togbɔ Be Meto Nɔnɔme Gbãdzinamewo Me Hã

Agbemeŋutinya

Agbe Si Me Dzidzeme Le Togbɔ Be Meto Nɔnɔme Gbãdzinamewo Me Hã

ABE ALESI AUDREY HYDE GBLƆE ENE

Ne meɖo ŋku ƒe 63 kple edzivɔ siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa—siwo me mezã ƒe 59 le tsɔ wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã—dzi la, mate ŋu agblɔ be menɔ agbe si me dzidzeme le. Nyateƒee, eteƒekpɔkpɔ be kansa gblẽ nu le srɔ̃nyeŋutsu gbãtɔ ŋu vivivi hewui mlɔeba eye emegbe srɔ̃nyeŋutsu evelia hã kpe Alzheimer-dɔ, si nye tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu, ƒe fu nye nusi gbã dzi nam vevie. Gake mina magblɔ alesi mewɔ kpɔtɔ yi edzi le dzidzɔ kpɔm togbɔ be afɔku siawo ɖe kpe nam hã la na mi.

AGBLẼ aɖe si gogo du sue si nye Haxtun, si le Colorado ƒe dzieheɣedzeƒe ƒe gbadzaƒewo, si te ɖe Nebraska liƒoa ŋu, dzie menɔ tsi. Nyee nye Orille kple Nina Mock ƒe vi atɔ̃lia le vi ade siwo wodzi dome. Wodzi Russell, Wayne, Clara, kple Ardis le ƒe 1913 kple 1920 dome, eye wodzim le ƒe si kplɔe ɖo me. Emegbe wodzi Curtis, le ƒe 1925 me.

Le ƒe 1913 me la, Dada va zu Biblia Nusrɔ̃vi, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mí ƒomeametɔ mamlɛawo katã hã va zu Yehowa Ðasefowo.

Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ le Nuto Gbadza sia Me

Fofonye lɔ̃a ŋgɔyinuwo wɔwɔ. Eyata elektrik kaɖiwo nɔ míaƒe xɔawo katã me le agblea dzi, si nye nusi mebɔ ɣemaɣi kura o. Azɔ hã nusiwo míekpɔna tsoa agbleawo me—siwo nye mía ŋutɔwo ƒe koklowo ƒe aziwo, kple nyinotsi, notsi babla, kple notsi kpeke siwo míekpɔna tsoa mía ŋutɔwo ƒe nyinɔwo me—nyea nuɖuɖu na mí. Míezãa sɔwo le anyigbaa ŋɔŋlɔ kple edzobodzobo me eye míede strawberry kple anagotee kpakple lu kple bli gblewo.

Fofonye na hehe mí le esi wòdi vevie be míanye amesiwo doa vevie nu le dɔwɔwɔ me ta. Hafi madze suku gɔme la, wona hehem mewɔa dɔ le agbleawo dzi. Meɖo ŋku dzomeŋɔli aɖewo siwo mezãa kodzi tsɔ ŋlɔa nu le míaƒe abɔ me dzi. Mebiaa ɖokuinye be, ‘Ɣekaɣie mawu bokanamea nu?’ Medzea fifia vlevlevle, eye anyiwo tenam. Ɣeaɖewoɣi la, meléa blanui le esi mede dzesii be mehiã be sɔhɛ bubuwo ya nawɔ dɔ sesẽ nenema gbegbe abe míawo ene o ta. Gake le nyateƒe me la, ne meɖo ŋku nye ɖevimenɔɣi dzi la, medaa akpe be wofia alesi woawɔ dɔe mí.

Dɔdasiwo nɔ mí ɖeviawo katã si. Ardis te ŋu fiana nyinotsi le nyinɔawo ŋu nyuie wum, eyata nye dɔdasie nye be madzra kpo siwo me sɔawo nɔna la me ɖo woanɔ dzadzɛ, ahalɔ woƒe mĩwo aƒu gbe. Gake, míeɖea modzaka eye míefena hã. Mía kple Ardis míeƒoa bɔl le nutoa me bɔlƒoha aɖe me. Eye míeƒoa nɔƒe vovovowo.

Dziŋgɔli siwo me kɔna nyui le zã me nyakpɔna ŋutɔ le nuto gbadzaa sia me. Ɣletivi akpe naneawo na meɖo ŋku mía Wɔla, Yehowa Mawu, dzi. Esime menye ɖevi sue gɔ̃ hã la, mebua Psalmo 147:4 ŋu, afisi xlẽ be: “Eya, amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.” Zi geɖe le zã siawo siwo me dziŋgɔli me kɔna nyui me la, míaƒe avu, si ŋkɔe nye Judge, dana eƒe ta ɖe nye ata dzi hedoa evelia nam. Enuenu la, menɔa anyi ɖe míaƒe akpata me le ɣetrɔ me henɔa alesi lugbleawo dzi dama heléa dzi na ame eye ya nɔa ƒoƒom to wo me, si naa wodzena abe klosalo si dzi ɣe klɛ ɖo ene, la kpɔm.

Kpɔɖeŋu Nyui si Dada Ðo

Danye nye srɔ̃nyɔnu dovevienu si léa be na ame. Fofonye kpɔa egbɔ be yewɔ yeƒe akpa dzi abe ƒomea ƒe ta ene, eye Danye fia mí be míade bubu eŋu. Le ƒe 1939 me la, fofonye hã zu Yehowa Ðasefo. Míenya be mía Fofo lɔ̃ mí togbɔ be ena míewɔa dɔ sesẽ eye mewɔ vi na mí o hã. Zi geɖe le vuvɔŋɔli la, enaa míenɔa keke si sɔwo hena me eye wòdoa du na sɔawo. Míekpɔ dzidzɔ ɖe alesi snoa dzi nɔa keklẽmee la ŋu ale gbegbe!

Gake Danyee he mí be míalɔ̃ Mawu eye míade asixɔxɔ Biblia ŋu. Míesrɔ̃e be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa eye be eyae nye Agbedzɔtsoƒe. (Psalmo 36:10; 83:19) Míesrɔ̃e hã be ena mɔfiamewo mí, menye be wòatsɔ axe mɔ ɖe míaƒe dzidzɔ kpɔkpɔ nu o, ke boŋ be woaɖe vi na mí. (Yesaya 48:17) Danye tea gbe ɖe edzi na mí be dɔ vevi aɖe li wòle be míawɔ. Míesrɔ̃e be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.

Ɣesiaɣi si magbɔ tso suku va aƒeme le nye ɖevimenɔɣi mawo me, eye danye mele aƒea me o la, meyina ɖadinɛ. Ɣeaɖeɣi, esi mexɔ abe ƒe ade alo adre lɔƒo la, meke ɖe danye ŋu le teƒe si míedzra míaƒe agblenuwo ɖo la. Tete tsi gã aɖe te dzadza. Míenɔ nudzraɖoƒea ƒe dziƒoxɔ si me wotso gbe te ɖo, eye mebiae nenye be ɖe Mawu gale Tsiɖɔɖɔ bubu hem vɛ. Eka ɖe edzi nam be Mawu do ŋugbe be yemagatsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ anyigbae azɔ gbeɖe o. Meɖo ŋku zi geɖe siwo mesina va bena ɖe xɔtexɔa me ne ya sesẽwo le ƒoƒom le nutoame la hã dzi.

Hafi woava dzim gɔ̃ hã la, Danye kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ƒuƒoƒo aɖe kpea ta le míaƒe aƒe me, eye Kristo gbɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔae nɔ amesiawo katã si. Togbɔ be gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme nye nu sesẽ na Danye hã la, ena eƒe lɔlɔ̃ na Mawu ɖu vɔvɔ̃ si nɔ eme la dzi. Ewɔ nuteƒe vaseɖe eƒe kugbe, le November 24, 1969, dzi, esime wòxɔ ƒe 84. Medo dalĩ ɖe to me nɛ be, “Danye, èyina wò amenyanyɛwo gbɔ le dziƒo.” Aleke gbegbe dzidzɔm enye si be mete ŋu nɔ Danye gbɔ le eƒe kugbe hegblɔ kakaɖedzi si nɔ asinye ɖe mɔkpɔkpɔ ma ŋu nɛ! Egblɔ nam kple gbe blewu be, “Èlɔ̃m ŋutɔ loo.”

Míedze Gbeƒãɖeɖe Gɔme

Le ƒe 1933 me la, Russell zu gbesiagbe mɔɖela, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawoe. Ewɔ mɔɖeɖedɔa le Oklahoma kple Nebraska vaseɖe ƒe 1944 me, esime wokpee be wòava subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã (si woyɔna be Betel), le Brooklyn, New York. Nye hã medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le September 20, 1941, dzi, eye mesubɔ le teƒe vovovowo le Colorado, Kansas, kple Nebraska. Dzidzɔm le ƒe mawo siwo metsɔ wɔ mɔɖeɖedɔa me ŋutɔ, menye le esi mete ŋu kpe ɖe amewo ŋu wosrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ta ko o, ke le esi mesrɔ̃ alesi maɖo ŋu ɖe eŋu hã tae.

Le Russell ƒe mɔɖeɖedɔa gɔmedzeɣi lɔƒo la, Wayne, nɔ yunivɛsiti dem ɣemaɣi le United States ƒe dzieheɣedzeƒe ƒuta, le ŋutilãmedɔwɔɖui wɔwɔ ɣeyiɣi aɖe megbe. Emegbe wokpee be wòava wɔ dɔ le Betel. Ewɔ dɔ le Habɔbɔa ƒe Agble dzi hena ɣeyiɣi aɖe, le teƒe si gogo Ithaca, New York. Le afima la, wodea nuɖuɖugble hena agbledɔwɔlawo ƒe ƒome sue la kple Brooklyn Betel dɔwɔla siwo ade 200 la siaa dzi kpɔkpɔ. Wayne zã eƒe aɖaŋu kple nuteƒekpɔkpɔwo tsɔ wɔ Yehowa ƒe dɔae vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1988 me.

Nɔvinyenyɔnu Ardis ɖe James Kern, eye wodzi vi atɔ̃. Eku le ƒe 1997 me. Nɔvinyenyɔnu bubu, Clara, kpɔtɔ lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa vaseɖe egbea, eye le nye mɔkekexɔɣiwo la, meva srãnɛ kpɔna le eƒe aƒeme le Colorado. Mía nɔviŋutsu, Curtis, si nye dɔmlɔea, va Brooklyn Betel esi wònɔ ƒe 50 gogom. Ekua ʋu nɔa nuwo tsɔm yi Habɔbɔa ƒe Agblea dzi galɔa nuwo tsoa agblea dzi vanae. Meɖe srɔ̃ kpɔ o, eye eku le ƒe 1971 me.

Betel-subɔsubɔdɔ nye Nye Didi

Nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ tre Betel yiyi, eye nye hã medi vevie be masubɔ le afima. Meka ɖe edzi be woƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖoe na wova mia asim. Toɖoɖo danye ƒe nuƒoƒo tso Mawu ƒe habɔbɔa ƒe ŋutinya ŋu kple Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu, siwo le eme vam nye ŋutɔ mekpɔ kɔte na subɔsubɔ le Betel dzrom vevie. Meɖe adzɔgbe na Yehowa le gbedodoɖa me be ne ena mesubɔ le Betel la, nyemadzo akpɔ gbeɖe o negbe ɖe wòava hiã be madzo ava wɔ Kristotɔwo ƒe nudidi aɖe dzi ko hafi.

Meɖo Betel le June 20, 1945, dzi eye wode dɔ asi nam be manye aƒemedzraɖola. Medzrana xɔdɔme 13 me ɖo heɖona aba 26 gbesiagbe, eye meklɔa xɔdomemɔwo, atrakpuiwo, kple fesrewo ŋu hã. Dɔa sesẽ ŋutɔ. Gbesiagbe ne mele dɔ wɔm la, megblɔna na ɖokuinye be, ‘Nu tikɔ na wò vavã, gake Betel, si nye Mawu ƒe aƒemee nèle!’

Le nye Betel subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi la, nane dzɔ si ɖe fu nam vevie. Esi wònye kɔƒenutowo mee menɔ tsi ta la, nyemenya kura be mɔ̃ si wotsɔ kɔa nuɖuɖu kple nuɖugbawo liana dziƒoxɔ lae woyɔna be dumbwaiter o. Edzɔ gbeɖeka be woƒo ka nam le dɔwɔɣi hegblɔ nam be, “Taflatse, ɖiɖi dumbwaiter la ɖe anyi ɖo ɖe mí.” Enumake amesi ƒo kaa da telefon la ɖi, si na be nyemenya nusi tututu mawɔ o. Meɖo ŋku edzi enumake be nɔviŋutsu siwo le dzisasrãa ƒe xɔ siwo me medzrana ɖo me la dometɔ ɖeka nye waiter alo kplɔ̃ŋutisubɔla. Eyata meƒo ʋɔ nɛ hegblɔ nɛ be, “Wobe nàɖi va dzodoƒea.”

Mía Kple Nathan Knorr Míeɖe Mía Nɔewo

Tso keke ƒe 1920-awo me ke la, wobiana tsoa Betel-tɔ siwo di be yewoaɖe srɔ̃ la si be woaɖe asi le Betel-dɔa ŋu ava kpe asi ɖe Fiaɖuƒedɔa ŋu le teƒe bubuwo. Gake le ƒe 1950 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze me la, woɖe mɔ na ame aɖewo siwo subɔ le Betel eteƒe didi eye woɖe srɔ̃ la be woatsi anyi. Eyata esi Nathan H. Knorr, amesi nɔ ŋgɔ xɔm na xexeame katã ƒe Fiaɖuƒedɔa ɣemaɣi, va nɔ ɖe tsɔm le menye la, megblɔ le ta me be, ‘Le amesia ya gome la woana wòatsi anyi!’

Ŋgɔxɔxɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le xexeame katã ƒe agbanɔamedzi gbogboawo dze ŋgɔ Natan. Eyata ekɔ dɔme gblɔ alesi tututu nuwo le nam, eye wògblɔ nu geɖe siwo ta wòahiã be mabu nyaa ŋu nyuie hafi alɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeŋugbedodoa dzi nam. Le ŋkeke mawo me la, ezɔa mɔ enuenu ɖasrãa Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo kpɔ le xexeame godoo eye zi geɖe la, exɔa kwasiɖa geɖe hafi wòtrɔna gbɔna. Eyata eɖe eme nam be míava nɔ mía nɔewo gblẽm ɖi ɣeyiɣi didi enuenu.

Abe ɖetugbi ene la, enyea nye didi be maɖe srɔ̃ le adame eye maɖu nye srɔ̃ɖeɖe mɔkeke le Pasifik ƒukpowo dzi le Hawaii. Edzɔ be míeva ɖe mía nɔewo le vuvɔŋɔli, le January 31, 1953, dzi, eye míeɖu míaƒe srɔ̃ɖeɖe mɔkekea le Memleɖagbe ma ke ƒe ɣetrɔme kple eƒe ŋufɔke Kwasiɖagbe le New Jersey. Le Dzoɖagbe la, míedze dɔ gɔme. Mlɔeba le kwasiɖa ɖeka megbe la, míedzo va ɖu kwasiɖa ɖeka ƒe srɔ̃ɖeɖe mɔkeke.

Kpeɖeŋutɔ Veviedonula Aɖee

Nathan xɔ ƒe 18 esime woxɔe ɖe Betel le ƒe 1923 me. Exɔ hehe adodoe tso ame tsitsi kpɔnuteƒewo abe Joseph F. Rutherford, amesi xɔ ŋgɔ na Ðasefowo ƒe dɔa, kple agbalẽtatadɔ dzikpɔla Robert J. Martin, ene gbɔ. Esi Nɔviŋutsu Martin ku le September 1932, me la, Nathan va zu agbalẽtatadɔa dzikpɔla. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Rutherford kplɔ Nathan ɖe asi yi ɖasrã Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo kpɔ le Europa. Esi Nɔviŋutsu Rutherford dɔ alɔ̃ ɖe ku me le January 1942 me la, wotsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa dzi kpɔkpɔ de Nathan si.

Nathan lɔ̃a ŋgɔyinuwo wɔwɔ, hewɔa ɖoɖo doa ŋgɔ ɖe etsɔme ƒe dzidziɖedzi ŋu ɣesiaɣi. Ame aɖewo bua eƒe ɖoɖowɔwɔ doŋgɔ sia be mesɔ o, le esi wobui be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ ta. Le nyateƒe me la, nɔviŋutsu aɖe si kpɔ Nathan ƒe ɖoɖoawo biae be: “Nɔviŋutsu Knorr, nukae nye esi? Ðe mèxɔe se be nuwuwua gogo oa?” Eɖo eŋu be: “Mexɔe se be egogo, gake ne nuwuwua meva kaba abe alesi míekpɔ mɔe ene o la, míasu te na dɔa dzi yiyi.”

Taɖodzinu si koŋ nɔ susu me na Nathan vevie enye suku ɖoɖo na dutanyanyuigblɔlawo. Ale wɔ, le February 1, 1943, dzi la, wodze dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku gɔme le Habɔbɔa ƒe Agble gã la dzi, afisi nɔvinye Wayne nɔ dɔ wɔm le ɣemaɣi. Togbɔ be Biblia sɔsrɔ̃ ƒe hehexɔxɔ si me vovo mele kura o, si axɔ abe ɣleti atɔ̃ ene, ye sukua lɔ̃ ɖe me hã la, Nathan kpɔ egbɔ be wowɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe hã ŋu na sukuviawo. Le sukua ƒe klass gbãtɔawo me la, ewɔ ɖeka kpli wo le bɔlƒoƒo ƒe fefewo me, gake emegbe megakpɔa gome le eme o le vɔvɔ̃ na nuveviwɔame si ate ŋu ado kplamatse eƒe gomekpɔkpɔ le dzomeŋɔli nutome gã takpekpewo me ta. Ðe eteƒe la, etia be yeanye dzekula si atso nya me le fefea wɔɣiwo. Sukuviawo kpɔ dzidzɔ esi wòde sukuvi siwo tso duta dzi le fefea me vie.

Mɔzɔzɔ Kple Nathan

Mlɔeba, meva te mɔzɔzɔ kple Nathan yi duta. Nuteƒekpɔkpɔwo sese tso lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le alɔdzedɔwɔƒewo kple dutanyanyuigblɔlawo gbɔ do dzidzɔ nam ŋutɔ. Mekpɔ woƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna teƒe ŋutɔŋutɔ, eye meva nya nu tso alesi woƒe dɔa le kple nɔnɔme siwo me wotona le dukɔ siwo me woɖo wo ɖo me la ŋu. Ƒe geɖewoe nye sia la, mexɔa lɛta siwo me woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe sasrãkpɔ mawo ŋu le tsoa wo gbɔ.

Ne mede ŋugble tso mɔzɔzɔ mawo ŋu la, meɖoa ŋku nuteƒekpɔkpɔ geɖewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi míeyi Poland ɖasrã nɔviwo kpɔ la, nɔvinyɔnu eve nɔ dalĩ dom na wo nɔewo le gbɔnye. Mebia wo be, “Nukatae míele dalĩ dom?” Wodo taflatse, heɖe eme be dalĩdodo va ma yewo le mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nu le Poland esime woɣlaa nyalémɔ̃wo ɖe yewoƒe aƒewo me ta.

Nɔvinyɔnu Adach nye ame gbogbo siwo subɔ le ɣeyiɣi siwo me woxe mɔ ɖe dɔa nu le Poland la dometɔ ɖeka. Eƒe taɖawo ŋlɔ vie eye ɖaa ƒe ɖewo tsyɔ eƒe ŋgo nu. Gbeɖeka ekɔ eƒe taɖa siwo tsyɔ ŋgonu nɛ la dzi hetsɔ abikukuteƒe gã aɖe fiam, si nye abi aɖe si yometila aɖe de eŋu. Melulu esi mekpɔ nu wɔnublanui siwo me mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo do dzi le le ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe wo ŋu me ŋutɔ.

Teƒe evelia si nɔnɔ léa dzi nam kplɔ Betel ɖoe nye Hawaii. Meɖo ŋku takpekpe aɖe si míewɔ le afima le Hilo dugã la me le ƒe 1957 me la dzi. Enye nudzɔdzɔ si womaŋlɔ be o, eye vavalawo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu Ðasefo siwo katã le dukɔa me ƒe xexlẽme. Dudzikpɔlaa gɔ̃ hã de bubu tɔxɛ Nathan ŋu. Ame geɖewo va do gbe na mí, hetsɔ seƒoƒotsihewo ku kɔ na mí.

Takpekpe dodzidzɔname bubue nye esi wowɔ le Nuremberg, Germany, le ƒe 1955 me, eye wowɔe le teƒe si nye Hitler ƒe asrafowo ƒe takpeƒe tsã. Enye nusi le nyanya nyuie be Hitler ka atam be yeatsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo ɖa keŋkeŋ le Germany, gake kamedefefewɔƒe mae Yehowa Ðasefowo va ɖi anyi ɖo bibibi! Ðeko mefa aɖatsi blobloblo. Nuƒolanɔƒea lolo ŋutɔ eye wotsɔ avɔ gã si me wota sɔti gã 144 ɖo, si nye nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe, la xe nuƒolanɔƒea megbee. Menɔ nuƒolanɔƒea eye mete ŋu kpɔ ame gbogbo siwo wu 107,000 la katã godoo. Afisi vavalawo nɔ anyi se ɖo la didi tso ŋgɔgbea ale gbegbe be bebli hafi mete ŋu kpɔ amesiwo nɔ anyi ɖe megbezikpui mamlea dzi.

Míete ŋu kpɔ Germany nɔviawo ƒe nuteƒewɔwɔ kple ŋusẽdodo si woxɔ tso Yehowa gbɔ le woƒe yometiti si me woto le Nazi-dziɖuɣia me la le susu me. Eye edo ŋusẽ mía ŋutɔwo míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ nuteƒe ahalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi na Yehowa. Nathan ƒo takpekpea ƒe nuƒo mamlea, eye le nuƒoa ƒe nuwuwu la, edo hedenyuie na nyaselaawo. Enumake wo katã woxɔ edzi hedo woƒe takuviwo ɖe dzi nɔ wo ʋuʋum tsɔ do hedenyuie na mí. Takuviawo na wòdze abe seƒoƒowoe xɔ gbadzaƒea fũ ene.

Nu bubu si nyemaŋlɔ be o ye nye esi míeyi ɖasrã nɔviwo kpɔ le Portugal, le December 1974 me. Míenɔ nɔviwo dome le kpekpe gbãtɔ si Ðasefowo wɔ le Lisbon me le mɔɖeɖe ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le afima megbe. Woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu ƒe 50 sɔŋ! Togbɔ be Fiaɖuƒegbeƒãɖela 14,000 koe nɔ dukɔa me le ɣemaɣi hã la, amesiwo wu 46,000 ye va kpekpe eve siwo wowɔ la. Aɖatsi lolo ɖe ŋku dzi nam esi nɔviawo gblɔ be: “Míaganɔ bebem azɔ o. Ablɔɖe su mía si.”

Tso ŋkeke siwo me mete mɔzɔzɔ kple Nathan vaseɖe egbea la, meɖia vomeɖase—le yameʋuwo me, le nuɖuɖudzraƒewo—eye mekpɔa gome le ablɔdziɖaseɖiɖi me vevie. Metsɔa agbalẽwo ɖe asi ɣesiaɣi, si na menɔa dzadzraɖo ɖi. Ɣeaɖeɣi esi míenɔ yameʋu aɖe si tsi megbe lalam la, nyɔnu aɖe biam be afikae mewɔa dɔ le hã. Esia na meɖo dze na eya kple amesiwo nɔ afima siwo nɔ to ɖom. Betel-subɔsubɔdɔ kple nye gbeƒãɖeɖedɔa na menɔa dɔ dzi vevie si na mekpɔa dzidzɔ.

Dɔléle Kple Kaklãdzideƒoname

Le ƒe 1976 me la, kansa dɔléle ɖe fu na Nathan, eye mía kple Betel dɔwɔlawo míekpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe enu. Togbɔ be lãmegbegblẽa nu va nɔ sesẽm ɖe edzi hã la, míekpea nɔvi siwo tsoa alɔdzedɔwɔƒe vovovo le xexeame godoo, amesiwo va hehe xɔ ge le Brooklyn la, vaa míaƒe xɔmee. Meɖo ŋku nɔvi siwo va srã mí kpɔ siwo dometɔ aɖewo nye Don kple Earlene Steele, Lloyd kple Melba Barry, Douglas kple Mary Guest, Martin kple Gertrud Poetzinger, Pryce Hughes, kple ame bubu geɖewo dzi. Zi geɖe la, wogblɔa woƒe dukɔ me nuteƒekpɔkpɔ aɖewo na mí. Nuteƒekpɔkpɔ siwo ku ɖe mía nɔviwo ƒe tenɔnɔ sesĩe le mɔxexe ɖe dɔa nu me koŋue wɔa dɔ ɖe dzinye wu.

Esi Nathan kpɔ be yeɖo kudo nu vɔ la, eɖo aɖaŋu nyui aɖewo nam be wòakpe ɖe ŋunye manɔ te ɖe ahosinyenye nu. Egblɔ be: “Dzi dzɔ mí le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Menɔ na ame geɖewo alea o.” Nu ɖeka aɖe si na dzidzɔ nɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖea mee nye Nathan ƒe ameŋububu. Le kpɔɖeŋu me, ne míedo go ame vovovowo le míaƒe mɔzɔzɔawo me la, egblɔna nam be: “Audrey, ne ɣeaɖewoɣi nyemeɖe wo fia wò o la, ke ɖe meŋlɔ woƒe ŋkɔ be sia.” Edzɔ dzi nam be egblɔe nam do ŋgɔ.

Nathan ɖo ŋku edzi nam be: “Ne míeku la, ka kakaɖedzi ɖoa míaƒe kpɔkpɔa ŋu, eye magahiã be míakpe fu akpɔ o.” Emegbe exlɔ̃ num be: “Kpɔ ŋgɔ tẽ, elabena afimae wò teƒeɖoɖofetua le. Mègana ɣeyiɣi siwo va yi ŋu bubu naxɔ susume na wò o—togbɔ be màŋlɔ wo be o hã. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, wò nuxaxa dzi aɖe akpɔtɔ. Mègaxa nu vevie eye nàlé blanui o. Tso aseye be dzidzɔ kple yayra siawo su ye si. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àkpɔe be ŋkuɖoɖo nu lédzinamewo dzi ana nàkpɔ dzidzɔ. Ŋkuɖoɖo nu lédzinamewo dzi nye Mawu ƒe nunana.” Egblɔ kpee be: “Ƒo ɖokuiwò ɖe dɔ geɖe wɔwɔ me—dze agbagba nànɔ kpekpem ɖe amewo ŋu. Esia awɔe be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me.” Nathan gble anyigba ɖi le June 8, 1977, dzi.

Mía Kple Glenn Hyde Míeɖe Mía Nɔewo

Nathan gblɔ nam kpɔ be mate ŋu atsɔ ŋkuɖodzinu lédzinamewo anɔ akɔ fam na ɖokuinye loo alo mate ŋu atiae be madze agbe yeye gɔme. Eyata le ƒe 1978 me, esi meʋu yi Habɔbɔa ƒe Agble dzi le Wallkill, New York, la, meɖe Glenn Hyde, si nye ame dzeɖekɛ, si fatu, eye eƒe dɔme fa. Hafi wòava zu Ðasefo la, enye Ƒudzisrafo le esime United States kpe aʋa kple Japan.

Glenn wɔ dɔ le ƒugɔmeʋutsrɔ̃mɔ̃ me eye wode dɔ asi nɛ be wòawɔ dɔ le ƒugɔmeʋua ƒe mɔ̃ ŋu. Mɔ̃a ƒe dɔwɔwɔ ƒe ɖiɖi sesĩe atraɖii wɔe be Glenn megate ŋu sea nu nyuie o. Esi aʋaa ke la, eva zu dzotsidɔwɔla. Nusiwo teƒe wòkpɔ le aʋawɔɣiawo naa wonɔa drɔ̃e baɖawo kum hena ƒe geɖe. Esrɔ̃ Biblia me nyateƒea tso eƒe agbalẽŋlɔla, si ɖi vomeɖase nɛ, gbɔ.

Emegbe le ƒe 1968 me la, womia asi Glenn be wòava wɔ dɔ le Brooklyn anye dzotsidɔwɔla. Eye esi woƒle dzotsimɔ̃ na Habɔbɔa ƒe Agble dzi dɔwɔlawo la, woɖo Glenn ɖe afima le ƒe 1975 me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Alzheimer-dɔ, si nye tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu, va te fuɖeɖe nɛ. Glenn va ku le mía kplii ƒe srɔ̃ɖeɖe le ƒe ewo megbe.

Aleke mawɔ anɔ te ɖe nudzɔdzɔ sia nui? Nya siwo me nunya le si Nathan gblɔ nam do ŋgɔ esime wònya be yeɖo kudo nu la gafa akɔ nam ake. Meyi edzi nɔ nya siwo wòŋlɔ nam ku ɖe tenɔnɔ ɖe ahosinyenye nu la xlẽm. Metsɔa nya mawo ke faa akɔ na ame bubu siwo hã srɔ̃wo ku le wo gbɔ, eye woawo hã kpɔa akɔfafa tsoa Nathan ƒe nuxlɔ̃amea me. Nyateƒee, enyo be ame nakpɔ ŋgɔ tẽ abe alesi wòde dzi ƒo namee ene.

Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Xɔasi Aɖe

Nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo le Betel-ƒomea me koŋue na mekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. Vevietɔ, Esther Lopez, amesi wu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass etɔ̃lia nu le ƒe 1944 me. Woyɔe va Brooklyn le February 1950 me be wòava ɖe míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Spaingbe me. Zi geɖe ne Nathan zɔ mɔ la, Esther ye nyea nye zɔhɛ kplikplikpli. Eya hã le Habɔbɔa ƒe Agble dzi. Fifia ele eƒe ƒe 90-awo me, eye lãmegbegblẽ le fu ɖem nɛ vevie, eye wole be lém nɛ le míaƒe dɔnɔdzikpɔƒe.

Le nye ƒometɔwo ŋutɔŋutɔ gome la, Russell kple Clara koe gale agbe. Russell xɔ ƒe 90 kple edzivɔ eye ekpɔtɔ le subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le Brooklyn Betel. Enɔ ame gbãtɔ siwo woɖe mɔ na be woakpɔtɔ anɔ Betel le srɔ̃ɖeɖe megbe la dome. Le ƒe 1952 me la, woa kple Jean Larson, si hã nye Betel-ƒomea me tɔ, woɖe wo nɔewo. Wokpe Max, si nye Jean ƒe nɔviŋutsu va Betel le ƒe 1939 me eye wòxɔ ɖe Nathan teƒe henye agbalẽtatadɔ dzikpɔla le ƒe 1942 me. Max yi edzi tsɔ agbanɔamedzi geɖewo le Betel, tsɔ kpe ɖe asikpekpe ɖe beléle na srɔ̃a lɔlɔ̃a, Helen, si le ʋukamexexedɔ si nu sẽ ƒe fu kpem, ŋu hã ŋuti.

Ne meɖo ŋku ƒe 63 kple edzivɔ siwo metsɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm na Yehowae dzi la, mate ŋu agblɔ be menɔ agbe si me dzidzeme le vavã. Betel va zu aƒenyeme, eye mekpɔtɔ le subɔsubɔm le afisia kple dzi kpɔdzidzɔ. Meda akpe na dzinyelawo le alesi wotsɔ dɔnyuiwɔwɔ mlã míi kple le Yehowa subɔsubɔ ƒe didi si woƒã ɖe mía me la ta. Gake nusi koŋue naa dzidzeme ame le agbe mee nye míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔnuku la kple mɔkpɔkpɔ si nye agbenɔnɔ le paradisonyigba dzi kple nɔviŋutsuwo kpakple nɔvinyɔnuwo ahasubɔ mía Wɔla Gã, Mawu vavã ɖeka kolia, Yehowa, tegbetegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dzinyelawo le woƒe srɔ̃kpegbe le June 1912 me

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Tso miame yi ɖusime: Russell, Wayne, Clara, Ardis, nye, kple Curtis le ƒe 1927 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Nyee le tsitre ɖe Frances kple Barbara McNaught dome, esi menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le ƒe 1944 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Le Betel le ƒe 1951 me. Tso miame yi ɖusime: Nye, Esther Lopez, kple srɔ̃nye nɔvinyɔnu, Jean

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Nathan kple edzilawo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Nathan le ƒe 1955 me

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple Nathan le Hawaii

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nyeŋutsu evelia, Glenn