Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawue Nana Míekpea Fua?

Mawue Nana Míekpea Fua?

Mawue Nana Míekpea Fua?

ESI susumedɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze Marion ƒe vinyɔnuvi tsitsitɔ dzi la, Marion wɔ nusi mía dometɔ geɖe awɔ. * Edo gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Marion gblɔ be: “Nyemete ŋu ɖo ŋku ɣeyiɣi bubu aɖeke dzi si mese le ɖokuinye me be mɔkpɔkpɔ bu ɖem eye metsi akogo nenema gbegbe kpɔ wu esia o.” Emegbe la, vianyɔnuvia ƒe dɔa nyrã nɛ vevie, eye Marion te nazãbubu ɖe Mawu ŋu. Ebia be: “Nukatae nusia le dzɔdzɔm ɖo?” Mete ŋu se susu si tae Mawu lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme na ame la agblẽ ye ɖi nenema gbegbe ɖo gɔme o.

Nusi dzɔ ɖe Marion dzi la bɔ. Le xexeame godoo la, ame geɖewo se le wo ɖokui me be Mawu gblẽ yewo ɖi le hiãɣiwo. Lisa, amesi ƒe mamayɔvi wowu, gblɔ be: “Megabiaa nyawo ku ɖe ‘nusitae MAWU ɖea mɔ nugbegblẽwo dzɔna’ ɖo la ŋu kokoko. Menye be ɖee nyemegaxɔ Mawu dzi se kura o, gake nye xɔse me gbɔdzɔ.” Nenema kee nyɔnu aɖe, si kple viaŋutsuvi dzi afɔku manyatalenu aɖe dzɔ ɖo, gblɔ be: “Mawu mefa akɔ aɖeke nam le nusi dzɔ ɖe dzinye me o. Nyemekpɔ nublanuikpɔkpɔ ƒe dzesi aɖeke o.” Egblɔ kpee be: “Nyematsɔe ake Mawu akpɔ gbeɖe o.”

Ame bubuwo doa dɔmedzoe ɖe Mawu ŋu ne wokpɔ nusiwo le dzɔdzɔm le xexeame. Wokpɔa alesi hiãkame kple dɔwuame le fu ɖem na amewoe, sitsoƒedila siwo ƒo dzi ɖe le, alesi AIDS na be ɖevi gbogbo aɖewo va zu tsyɔ̃eviwo, kple alesi dɔléle bubuwo dze ame miliɔn geɖewo dzie la teƒe. Ne afɔku siawo kple esiwo sɔ kpli wo le dzɔdzɔm la, ame geɖe bua fɔ Mawu ɖe alesi wòdze abe ɖee mele naneke wɔm tso nɔnɔmea ŋu o ene ta.

Gake nyateƒea enye be, mele be woabu fɔ Mawu ɖe kuxi siwo me tom amegbetɔƒomea le la ta o. Le nyateƒe me la, eteƒe madidi o, Mawu aɖe fukpekpe siwo katã wohe va amegbetɔƒomea dzi la ɖa keŋkeŋ. Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo be nàkpɔe be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔwo.