Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

‘Miheyi Ðawɔ Nusrɔ̃lawo’

“Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.”​—Mateo 28:18, 19.

1, 2. (a) Dɔ kae Yesu de asi na eyomedzelawo? (b) Se si Yesu de la ŋuti biabia kawo mee míadzro?

ƑE 33 M.Ŋ. ƒe adame ŋkeke aɖe dzie, eye Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo kpe ta ɖe to aɖe dzi le Galilea. Esusɔ vie woƒe Aƒetɔ si wofɔ ɖe tsi tre la nadzo ayi dziƒo, gake gbã la, nya vevi aɖe le esi wòdi be yeagblɔ na wo. Dɔ aɖe nɔ Yesu si na wo. Dɔ kae? Aleke eƒe nusrɔ̃lawo xɔe? Eye aleke dɔ ma ka míawo hã egbeae?

2 Woŋlɔ nya si Yesu gblɔ la ɖe Mateo 28:18-20 be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” Yesu ƒo nu tso “ŋusẽ katã,” “dukɔwo katã,” “nusiwo katã,” kple “ŋkekeawo katã” ŋu. Eƒe sedede si me nya vevi ene mawo le la fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te, siwo míate ŋu abia kpokploe le nya siwo nye nukatae? afikae? nukae? kple ɣekaɣie? me. Mina míadzro biabia siawo me ɖekaɖeka. *

‘Wotsɔ Ŋusẽ Katã Nam’

3. Nukatae wòle be míawɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe sededea dzi?

3 Gbã la, nukatae wòle be míawɔ ɖe nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe sededea dzi ɖo? Yesu gblɔ be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam. [Eyaŋuti, NW] miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Nya si nye “eyaŋuti” ɖe susu vevi si tae wòle be míawɔ ɖe sedede sia dzi la fia. Eyae nye be “ŋusẽ katã” le Yesu, amesi de sea, si. Aleke gbegbee eƒe ŋusẽa de ŋgɔe?

4. (a) Aleke gbegbee Yesu ƒe ŋusẽa de ŋgɔe? (b) Aleke wòle be alesi míese Yesu ƒe ŋusẽa gɔmee nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míebua nusrɔ̃lawɔwɔ ƒe sededeae dzi?

4 Yesu kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe hamea dzi, eye tso ƒe 1914 me la, wona ŋusẽe ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo yeyee la dzi. (Kolosetɔwo 1:13; Nyaɖeɖefia 11:15) Eyae nye mawudɔlagã la, si fia be eyae le mawudɔla miliɔn alafa geɖe siwo le dziƒo la nu. (Tesalonikatɔwo I, 4:16; Petro I, 3:22; Nyaɖeɖefia 19:14-16) Fofoa na ŋusẽe be wòatsrɔ̃ “amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã” si tsi tre ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu la ɖa. (Korintotɔwo I, 15:24-26; Efesotɔwo 1:20-23) Menye ame gbagbewo ko dzie Yesu kpɔ ŋusẽ ɖo o. Enye ‘ʋɔnudrɔ̃la hã ɖe agbagbeawo kple kukuawo dzi’ eye Mawu na ŋusẽe be wòafɔ amesiwo dɔ alɔ̃ ɖe ku me la ɖe tsitre. (Dɔwɔwɔwo 10:42; Yohanes 5:26-28) Ele be woabu se si Amesi wona ŋusẽ gã siae de la nu vevii nyateƒe. Eyata míetsɔa bubu kple lɔlɔ̃nu faa wɔna ɖe se si Kristo de be ‘miheyi ɖawɔ nusrɔ̃lawo’ la dzi.

5. (a) Aleke Petro wɔ ɖe Yesu ƒe nyawo dzie? (b) Yayra kae Petro ƒe wɔwɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiame dzi he vɛ?

5 Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa gɔmedzedze la, eto mɔ ɖedzesi aɖe nu fia eƒe nusrɔ̃lawo be lɔlɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ le ye si kple wɔwɔ ɖe yeƒe sededewo dzi hea yayrawo vɛ. Egblɔ na Petro, amesi nye lãɖela, ɣeaɖeɣi be: “Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã.” Petro ka ɖe edzi be lãwo meho o, eyata egblɔ na Yesu be: “Amegã, míedze agbagba zã blibo la katã, eye míekpɔ naneke o.” Gake Petro gblɔ kpee ɖokuibɔbɔtɔe be: “Gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo.” Esi Petro wɔ ɖe Kristo ƒe sededea dzi la, eɖe “lã geɖe ŋutɔ.” Esia wɔ dɔ ɖe Petro dzi ale gbegbe be ‘wòdze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu gblɔ bena: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nuvɔ̃mee menye.”’ Gake Yesu ɖo eŋu be: ‘Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la ànɔ amewo ɖem agbagbee.’ (Luke 5:1-10; Matthew 4:18) Nukae míesrɔ̃ tso nuŋlɔɖi sia me?

6. (a) Nukae lãɖeɖe wɔnuku la ŋuti nuŋlɔɖia fia ku ɖe toɖoɖo si ƒomevi Yesu biana la ŋu? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesue?

6 Esi Petro kple Andrea ɖe lã gbogbo sia megbee Yesu de dɔ asi na wòa kple apostolo bubuwo be ‘woazu ameɖelawo,’ ke menye do ŋgɔ na nudzɔdzɔ siae o. (Marko 1:16, 17) Edze ƒã be Yesu mebia be woawɔ se dzi dzro ko o. Ena kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le, siwo tae wòle be woaɖo to ye ɖo, la ŋutsuawo. Abe alesi ko wɔwɔ ɖe Yesu ƒe se be woaɖi woƒe ɖɔwo la dzi na wòɖe lã gbogbo aɖewo ene la, nenema kee wɔwɔ ɖe Yesu ƒe se be ‘woaɖe amewo’ dzi aɖe vi gbogbowoe. Apostoloawo tsɔ xɔse blibo wɔ ɖe edzi. Nuŋlɔɖia wu enu be: ‘Woku ʋuawo va ƒo ɖe go, wogblẽ nuwo katã ɖi, eye wodze eyome.’ (Luka 5:11) Egbea, esi míele dzi dem ƒo na amewo be woakpɔ gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me la, míele Yesu srɔ̃m. Menye ɖeko míebiana tsoa amewo si be woawɔ nusi míegblɔ o, ke boŋ míenaa Kristo ƒe sededea dzi wɔwɔ ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu kakaɖedzi le la wo.

Kpeɖodzi Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le Kple Nukpɔsusu Nyuiwo

7, 8. (a) Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu siwo ta míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒea hewɔa nusrɔ̃lawo la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Ŋɔŋlɔ ka koŋue ʋãa wò be nàyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

7 Esi míelɔ̃ ɖe edzi be ŋusẽ le Kristo si ta la, míekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Ðe ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu bubu siwo tae míewɔa dɔ ma ɖo la li míate ŋu agblɔ na amesiwo míadi be woage ɖe dɔ nyuiwo wɔwɔ mea? De ŋugblẽ le nya siwo Ðasefo nuteƒewɔla geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me gblɔ ŋu kpɔ, eye nàde dzesi alesi ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la ɖo kpe woƒe nyawo dzi.

8 Roy, exɔ nyɔnyrɔ le 1951 me: “Esi meɖe adzɔgbe na Yehowa la, medo ŋugbe nɛ be masubɔe ɣesiaɣi. Medi be mawɔ ɖe edzi.” (Psalmo 50:14; Mateo 5:37) Heather, exɔ nyɔnyrɔ le 1962 me: “Ne mebu nusiwo katã Yehowa wɔ nam ŋu la, medi be maɖe nye ŋudzedzekpɔkpɔ afiae to esubɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe me.” (Psalmo 9:2, 10-12; Kolosetɔwo 3:15) Hannelore, exɔ nyɔnyrɔ le 1954 me: “Ɣesiaɣi si míanɔ gbeadzi la, mawudɔlawo daa megbe na mí—mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye!” (Dɔwɔwɔwo 10:30-33; Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Honor, exɔ nyɔnyrɔ le 1969 me: “Ne Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa ɖo la, nyemedi be nye nutoa me tɔ aɖeke natsɔ nya ɖe Yehowa kple eƒe Ðasefowo ŋu be womewɔ woƒe dɔ o ahagblɔ be ‘Nyemese nya aɖeke do ŋgɔ o.’” (Xezekiel 2:5; 3:17-19; Romatɔwo 10:16, 18) Claudio, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1974 me: “Ne míele gbeƒã ɖem la, ‘Mawu nɔa mía kpɔm’ eye ‘Kristo nɔa mía ŋu.’ Kpɔe ɖa ko! Ne míele gbeadzi la, mía Xɔlɔ̃ vevitɔwo kekeake nɔa mía ŋu.”—Korintotɔwo II, 2:17. *

9. (a) Nukae nusi teƒe Petro kple apostolo bubuwo kpɔ le lãɖeɖe me ŋuti nuŋlɔɖia ɖe fia le nukpɔsusu nyui tsɔtsɔ aɖo to Kristoe ŋu? (b) Nukae nye nukpɔsusu nyui si woatsɔ aɖo to Mawu kple Kristoe egbea, eye nukatae?

9 Lã gbogbo si woɖe ŋuti nuŋlɔɖi la hã ɖe alesi wòle vevie be nukpɔsusu nyui—si nye lɔlɔ̃—nanɔ ame si ɖe toɖoɖo Kristo ŋu fia. Esime Petro gblɔ be, ‘Dzo le gbɔnye, elabena nuvɔ̃mee menye’ la, Yesu medzo alo bu fɔ Petro ɖe nuvɔ̃ aɖeke ta o. (Luka 5:8) Yesu mebu fɔ Petro ɖe kukuɖeɖe nɛ be wòadzo le ye gbɔ gɔ̃ hã ta o. Ke boŋ Yesu ɖo eŋu tufafatɔe be: “Megavɔ̃ o!” Vɔvɔ̃ dzro anye nukpɔsusu gbegblẽ si tae ame aɖo to Kristo ɖo. Ðe eteƒe la, Yesu gblɔ na Petro be woa kple eƒe zɔhɛwo azu ame ɖela veviwo. Egbea, míawo hã míezãa ŋɔdzidoname alo seselelãme gbegblẽ si ƒomeviwo nye fɔɖiɖi kple ŋukpe tsɔ ƒo nɛ ɖe amewo nu be woaɖo to Kristo o. Toɖoɖo tso luʋɔ blibo me le lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple Kristo ta la koe doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Mateo 22:37.

‘Miwɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Ne Woanye Nusrɔ̃lawo’

10. (a) Yesu ƒe sededea me nya kae da agba gã aɖe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi? (b) Aleke nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzii?

10 Biabia evelia si fɔ ɖe te ku ɖe Yesu ƒe sededea ŋu enye, Afikae woawɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔ sia le? Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Do ŋgɔ na Yesu ƒe subɔsubɔdɔa la, woxɔa dukɔwo me tɔwo ne wova Yehowa subɔ ge le Israel. (Fiawo I, 8:41-43) Dzɔdzɔme Yudatɔwoe Yesu ŋutɔ ɖe gbeƒã na koŋ, gake egblɔ na eyomedzelawo azɔ be woayi dukɔwo me tɔwo gbɔ. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, “ta” sue aɖe—si nye dzɔdzɔme Yudatɔwo—ko mee eƒe nusrɔ̃lawo nɔ lãa ɖem alo nɔ gbeƒã ɖem le, gake alɔ amegbetɔƒomea ƒe “atsiaƒu” bliboa ɖe eme kpuie. Togbɔ be dɔ sia da agba ɖe nusrɔ̃lawo dzi hã la, wowɔ ɖe Yesu ƒe nufiamea dzi enumake. Le ƒe si mede 30 o me le Yesu ƒe ku megbe la, apostolo Paulo te ŋu ŋlɔ bena woɖe gbeƒã nyanyuia na “nuwɔwɔwo katã le dziƒo te,” ke menye na Yudatɔwo ɖeɖeko o.—Kolosetɔwo 1:23.

11. Aleke ‘lãɖeƒewo’ keke ɖe enui tso ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me kee?

11 Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, wova de dzesii be wole gbeƒã ɖem le nuto gbogbo aɖewo me. Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, anyigba ʋɛ aɖewo dzi koe wonɔ ‘lãwo ɖem’ le. Ke hã, Kristo yomedzela siwo nɔ anyi ɣemaɣi la srɔ̃ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu hetsɔ didi vevi keke nuto siwo me wonɔ gbeƒã ɖem la le ɖe enu. (Romatɔwo 15:20) Le ƒe 1930-awo ƒe gɔmedzedze la, wonɔ nusrɔ̃lawo wɔm le dukɔ alafa ɖeka lɔƒo me. Egbea, míeƒe ‘lãɖeƒewo’ keke ɖe enu ɖo dukɔ 235 me.—Marko 13:10.

‘Tso Gbegbɔgblɔwo Katã Me’

12. Kuxi kae nyagblɔɖi si le Zaxarya 8:23 fɔ ɖe te?

12 Menye dukɔwo katã me yiyi aɖawɔ nusrɔ̃lawo ɖeɖekoe nye kuxi o ke boŋ gbegbɔgblɔ hãe. Yehowa to nyagblɔɖila Zaxarya dzi gblɔe ɖi be: ‘Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.’ (Zaxarya 8:23) Le nyagblɔɖi sia ƒe mevava gãtɔ me la, “Yuda-ŋutsu” la tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina susɔeawo, eye “ŋutsu ewo” la tsitre ɖi na “ameha gã” la. * (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Galatiatɔwo 6:16) Woakpɔ Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo nye ameha gã sia le dukɔ geɖewo me, eye abe alesi Zaxarya gblɔe ene la, woanɔ gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo dom. Ðe Mawu ƒe amewo ƒe egbeŋkekeawo me ŋutinya ɖe nusrɔ̃lanyenye ƒe akpa ma fia? Ẽ, eɖee fia.

13. (a) Nukawoe le dzɔdzɔm le Mawu ƒe ame siwo li egbea la dome le gbegbɔgblɔ gome? (b) Alekee dɔla wɔnuteƒe ƒe ha la kpɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si le hiahiãm le gbegbɔgblɔ bubuwo me la gbɔe? (De aɖaka si nye “Ŋkunɔwo ƒe Agbalẽwo” me nyawo eme.)

13 Le ƒe 1950 me la, Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã la dometɔ 3 lɔƒo le 5 ɖesiaɖe me ƒe degbee nye Eŋlisigbe. Kaka ƒe 1980 naɖo la, 2 lɔƒo le 5 ɖesiaɖe mee wònye degbe na, eye egbea la, Ðasefo 1 pɛ le 5 ɖesiaɖe mee Eŋlisi nye degbe na. Alekee dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela kpɔ gbegbɔgblɔ ƒe kuxi sia gbɔe? To gbɔgbɔmenuɖuɖua nana ɖe gbegbɔgblɔ geɖe siwo le dzidzim ɖe edzi la me. (Mateo 24:45) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1950 me la, wotaa míaƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ 90 me, gake egbea la, xexlẽme sia dzi ɖe edzi ɖo 400 lɔƒo. Ðe alesi woɖo susu gbegbɔgblɔ vovovo dolawo ƒe ƒuƒoƒowo ŋu alea ɖe via? Ẽ! Le mama dedie nu la, ame 5,000 lɔƒo ‘tsoa gbegbɔgblɔwo katã’ me zua Kristo ƒe nusrɔ̃lawo le ƒea ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe me! (Nyaɖeɖefia 7:9) Eye dzidziɖedzia le dzi yim. Le dukɔ aɖewo me la, ‘ɖɔawo’ le lã gbogbo aɖewo ɖem!—Luka 5:6; Yohanes 21:6.

Subɔsubɔdɔ Ðe Vi Aɖe​—Àte Ŋu Akpɔ Gome le Emea?

14. Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe anyigbamama me tɔ siwo doa dutagbe la ŋui? (De aɖaka si nye “Tokunɔgbe Kple Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ” me nyawo eme.)

14 Le Ɣetoɖoƒedukɔ geɖe me la, ‘gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe’ dolawo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe va le hiahiãm geɖe wu le ame ŋutɔ ƒe dedu me le dukɔ bubu me tɔ geɖewo ƒe ʋuʋu va ta. (Nyaɖeɖefia 14:6) Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe anyigbamama me tɔ siwo medoa mía degbewo o la ŋui? (Timoteo I, 2:4) Míagblɔe be, míate ŋu azã lãɖemɔnu si sɔ. Tsɔ agbalẽ siwo le amesiawo degbe me na wo. Ne anya wɔ la, wɔ ɖoɖo be Ðasefo aɖe si se wo degbea nayi wo gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 22:2) Ðoɖo siawo wɔwɔ le bɔbɔe fifia, esi wònye Ðasefo geɖe srɔ̃ gbe bubu aɖe kpe ɖe wode gbe ŋu ale be woate ŋu akpe ɖe dutatɔwo ŋu ne woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ta. Nyatakakawo fia be kpekpeɖeŋu nana le mɔ sia nu nyea nuteƒekpɔkpɔ ɖe vi aɖe.

15, 16. (a) Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be yayra le kpekpe ɖe amesiwo doa dutagbe ŋu me? (b) Subɔsubɔ le dutagbedolawo dome ŋuti biabia kawo ŋue míate ŋu abu?

15 Se kpɔɖeŋu eve siwo tso Netherlands, afisi wowɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo le gbegbɔgblɔ 34 me, ɖa. Ðasefo atsu kple asi aɖe lɔ̃ faa be yewoaɖa wɔ nusrɔ̃lawo le Polandgbe dola siwo ʋu va la dome. Woƒe agbagbadzedze na woxɔ wo ale gbegbe be srɔ̃ŋutsua va see le eɖokui me be ele be yeaɖe eƒe dɔwɔwɔ dzi akpɔtɔ ale be wòate ŋu akpɔ ŋkeke ɖeka akpe ɖe esiwo wòtsɔna srɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔwoe ŋu. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, atsu kple asi la nɔ Biblia srɔ̃m kple ame 20 le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Wogblɔ be: “Míaƒe subɔsubɔdɔa naa míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ.” Dzi dzɔna nusrɔ̃lawɔlawo koŋ ne Biblia ƒe nyateƒea wɔ dɔ ɖe amesiwo see le woa ŋutɔwo degbe me dzi ale be woɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gblɔ. Le kpɔɖeŋu me, le kpekpe aɖe si wowɔ le Vietnamgbe me me la, ame tsitsi aɖe tso tsitre hebia be woana yeaƒo nu. Etsɔ aɖatsi gblɔ na Ðasefoawo be: “Akpe na mí ɖe agbagba siwo dzem míele be yewoasrɔ̃ mía degbe sesẽ la ta. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mesrɔ̃ nu wɔnuku geɖe le Biblia me le nye amegãkuɣi.”

16 Eyata, mewɔ nuku be amesiwo subɔna le dutagbe hamewo me la sena le wo ɖokui me be woyra yewo ŋutɔ o. Srɔ̃tɔ aɖe, siwo tso Britain, gblɔ be: “Le ƒe 40 siwo míetsɔ wɔ Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔae me la, subɔsubɔdɔa wɔwɔ le dutagbedolawo dome nye esi me míekpɔ dzidzɔ le wu.” Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu ale be nàte ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔ dedzoameme sia mea? Ne ègakpɔtɔ le suku dem la, ɖe nàte ŋu asrɔ̃ dutagbe aɖe atsɔ adzra ɖo ɖe subɔsubɔdɔ sia ƒomevi wɔwɔ ŋua? Esia wɔwɔ ate ŋu aʋu agbenɔnɔ ɖɔʋu aɖe si me yɔ fũ kple yayrawo la ƒe mɔ na ame. (Lododowo 10:22) Nukatae màdzro esia me kple dziwòlawo o?

Míaƒe Mɔnuawo Tɔtrɔ Vovovoe

17. Aleke míate ŋu awɔ aɖo ame geɖe gbɔe le míaƒe hamea ƒe anyigbamama me?

17 Eme kɔ be nɔnɔmeawo meɖea mɔ na mía dometɔ akpa gãtɔ be míaɖi míaƒe “ɖɔwo” ɖe dutagbedolawo dome o. Gake, ɖewohĩ míate ŋu aɖo ame geɖe gbɔ le míaƒe hamea ƒe anyigbamama me wu tsã. Le mɔ ka nu? To míaƒe mɔnuawo, menye míaƒe gbedasia o, tɔtrɔ vovovoe dzi. Le nuto geɖe me la, amesiwo nɔa aƒe siwo me womate ŋu atso age ɖo ko o me la le dzidzim ɖe edzi. Ame bubu geɖewo menɔa aƒeme ne míele míaƒe aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔm o. Eyata ahiã be míaɖi míaƒe “ɖɔwo” le ɣeyiɣi bubuwo me kple le teƒe vovovowo. Le esia wɔwɔ me la, míesrɔ̃a Yesu. Edi mɔnuwo tsɔ ƒo nu kple amewo le nɔnɔme vovovowo me.—Mateo 9:9; Luka 19:1-10; Yohanes 4:6-15.

18. Aleke ɖaseɖiɖi mɔnu vovovowo zazã ɖe vii? (De aɖaka si nye “Dɔwɔlawo Wɔwɔ Nusrɔ̃lawoe” me nyawo eme.)

18 Le xexeame ƒe akpa aɖewo la, ɖaseɖiɖi le afisiafi si woate ŋu akpɔ amewo le nye mɔ vevi aɖe si dzi woato awɔ nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawɔla bibiwo ɖo susu ɖaseɖiɖi le teƒe vovovowo ŋu. Tsɔ kpe ɖe gomekpɔkpɔ le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me ŋu la, gbeƒãɖelawo ɖia ɖase fifia le yameʋudzeƒewo, le ɔfiswo, le fiasewo me, le ʋutɔɖoƒewo, le ʋuɖoƒewo, le ablɔwo dzi, le tsaɖibɔwo me, le ƒutawo, kple teƒe bubuwo. Teƒe siawoe woke ɖe Ðasefo yeye siwo xɔ nyɔnyrɔ le Hawaii la dometɔ geɖe ŋu le. Asitɔtrɔ le miaƒe mɔnuwo ŋu vovovoe kpena ɖe mía ŋu be míewɔa se si Yesu de be míayi aɖawɔ nusrɔ̃lawo la dzi bliboe.—Korintotɔwo I, 9:22, 23.

19. Yesu ƒe dɔdasia ƒe akpa kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Menye nusitae kple afisi miawɔ dɔ si Yesu de asi be woawɔ nusrɔ̃lawo le la koe dɔa lɔ ɖe eme o, ke elɔ nusi míaɖe gbeƒãe kple ɣeyiɣi si míayi edzi ase ɖo hã ɖe eme. Míadzro Yesu ƒe dɔdasia ƒe akpa eve siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 2 Míadzro biabia eve gbãtɔawo me le nyati sia me. Míadzro biabia eve mamlɛawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 12 Ne èdi nyagblɔɖi sia ƒe mevava ŋuti nyatakaka bubuwo la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, May 15, 2001, axa 12, kple Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã, Babla 2, axa 408, siwo Yehowa Ðasefowo ta.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Susu kple taɖodzinu kawo tae míewɔa Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa ɖo?

• Afikae Yehowa subɔla siwo li egbea wɔ dɔ si Yesu de asi be woawɔ dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe la ɖoe?

• Akeke míate ŋu atrɔ míaƒe ‘lãɖemɔnuwo’ vovovoe, eye nukatae wòle be míawɔe ɖo?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Ŋkunɔwo ƒe Agbalẽwo

Albert nye hamemegã Kristotɔ kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le United States. Etsi ŋku. Ŋkunɔwo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo zazã kpena ɖe eŋu le eƒe subɔsubɔ kple subɔsubɔdɔ si dzi wòkpɔna la wɔwɔ nyuie me. Aleke wòle eƒe hamea me dɔdasiwo wɔmee?

James, si nye dzikpɔla zimenɔla gblɔ be: “Subɔsubɔdɔdzikpɔla bibi aɖeke menɔ míaƒe hamea me si bi de Albert nu o.” Albert nye ŋkunɔ 5,000 lɔƒo siwo le United States, amesiwo xɔa Biblia srɔ̃gbalẽ siwo wotana ɖe Eŋlisigbe kple Spaingbe me na ŋkunɔwo le ƒe siwo va yi me, la dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, tso ƒe 1912 me la, dɔla wɔnuteƒe ƒe ha la ta agbalẽ hamehame alafa ɖeka kple edzivɔwo na ŋkunɔwo. To mɔnu yeye siwo li egbea dzi la, Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽtamɔ̃wo taa ŋkunɔwo ƒe agbalẽ miliɔn geɖe ƒe sia ƒe ɖe gbegbɔgblɔ ewo kple edzivɔwo me eye womaa wo le dukɔ siwo wu 70 me. Ðe nènya ame aɖe si Biblia srɔ̃gbalẽ si wota na ŋkunɔwo ate ŋu aɖe vi naa?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

Tokunɔgbe Kple Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ

Ðasefo akpe geɖe siwo le xexeame, siwo me sɔhɛ veviedonula geɖe le, srɔ̃ tokunɔgbe be woakpe ɖe tokunɔwo ŋu ne woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Esia wɔe be, le Brazil ɖeɖe la, wona nyɔnyrɔ tokunɔ 63 nyitsɔ laa le ƒe ɖeka aɖe ko me eye Ðasefo siwo nye tokunɔwo le afima la dometɔ 35 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo. Le xexeame godoo la, tokunɔgbe hame kple ƒuƒoƒo siwo wu 1,200 ye li. Le anyigbatata nu la, tokunɔgbedolawo ƒe nutome sue ɖeka si le Russia lae nye nutome sue gãtɔ kekeake le xexeame katã eye ekpe Russia bliboa ɖo!

[Aɖaka si le axa 12]

Dɔwɔlawo Wɔwɔ Nusrɔ̃lawoe

Esime Ðasefo aɖe si le Hawaii nɔ dɔwɔlawo gbɔ yim le ɔfis siwo wowɔa dɔ le la, edo go ʋudɔwɔƒe aɖe ƒe amegã. Togbɔ be vovo menɔ ŋutsua ŋu o hã la, elɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia miniti 30 kwasiɖa sia Kwasiɖa le yeƒe ɔfis. Kuɖa ŋdi ɖesiaɖe la, egblɔna na eƒe dɔwɔlawo be woaxɔ gbe le amesiwo aƒo ka na ye la nu, ale be wòɖoa susu nusɔsrɔ̃a ŋu. Ðasefo bubu si le Hawaii srɔ̃a Biblia kple afɔkpadzraɖola aɖe zi ɖeka le kwasiɖa me. Wosrɔ̃a nua le dɔwɔƒea. Ne ame aɖe tsɔ dɔ vɛ la, Ðasefoa naa mɔe. Ne amea dzo la, woyia nusɔsrɔ̃a dzi.

Nusi na woke ɖe dɔwɔƒea ƒe amegã kple afɔkpadzraɖola siaa ŋu enye be Ðasefoawo ɖoe yi ɖaɖi “ɖɔwo” ɖe teƒe vovovowo. Ðe nàte ŋu abu teƒe aɖewo ŋu le wò hamea ƒe anyigbamama me si nàte ŋu ake ɖe amesiwo kpɔkpɔ le aƒeme sesẽ ŋu lea?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ðe nàte ŋu asubɔ le dutagbedolawo domea?