Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Woɖo Ʋu Yi Kipro”

“Woɖo Ʋu Yi Kipro”

“Woɖo Ʋu Yi Kipro”

ALEAE Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa dze nusiwo teƒe dutanyanyuigblɔla Kristotɔ siwo nye Paulo, Barnaba, Yohanes Marko kpɔ esi woyi Kipro le ƒe 47 M.Ŋ. me lɔƒo la ŋuti nuŋlɔɖia gɔmee. (Dɔwɔwɔwo 13:4) Kipro nye du si xɔ ŋkɔ ŋutɔ ɣemaɣi le Mediterranea ɣedzeƒe nutowo me abe alesi wòle egbea hãe ene.

Ƒukpoa biã ŋu na Romatɔwo, si wɔe be wova dze edzi hete fiaɖuɖu ɖe edzi le ƒe 58 D.M.Ŋ. Gake nu ɖedzesi aɖewo dzɔ le Kipro do ŋgɔ na ɣeyiɣi sia. Do ŋgɔ la, Foiniketɔwo, Helatɔwo, Asiriatɔwo, Persiatɔwo, kple Egiptetɔwo va ɖu fia ɖe ƒukpoa dzi. Atitsogaʋawɔlawo, ɣetoɖoƒe Germanytɔwo, kple Italytɔwo va ɖu ƒukpoa dzi le Titinaɣeyiɣiwo me, eye emegbe Turkeytɔwo hã va. Le ƒe 1914 me la, Britaintɔwo va ɖu ƒukpoa dzi vaseɖe esime woxɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1960 me.

Fifia la, modzakaɖetsaɖiɖi wɔnawoe nye gakpɔmɔnu vevitɔ le afima, gake le Paulo ƒe ŋkekea me la, dzɔdzɔmekesinɔnu gbogbo aɖewo nɔ Kipro, eye Romatɔwo ha nusiawo tsɔ va do woƒe ganyawo ɖe ŋgɔe. Wokpɔ akɔbli le ƒukpoa dzi esi amewo nya te edzi nɔnɔ ko, eye wobui be le Romatɔwo ƒe ƒukpoa dziɖuɖu ƒe nuwuɣi la, woku akɔbli tɔn 250,000 le afima. Gake dɔwɔƒe si kua akɔbli la zã avenyigba la ƒe akpa gãa aɖe hena akɔblia loló. Wotsrɔ̃ ave siwo nɔ ƒukpoa dzi dometɔ akpa gãtɔ hafi Paulo yi afima.

Romatɔwo Va Ðu Kipro Dzi

Encyclopædia Britannica gblɔ be, Julius Caesar tsɔ Kipro de Egipte ƒe dzikpɔkpɔ te eye le eya megbe la, Mark Antony hã gatsɔe de Egipte te ake. Gake le Augusto ƒe dziɖuɣi la, Kipro va yi ɖe Roma te eye—abe alesi Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ŋlɔla, Luka, gblɔe tututu ene la—dziɖula aɖe, si ɖu dzi le Romatɔwo ƒe kpɔkplɔ te tẽe va ɖu Kipro dzi. Sergio Paulo ye nɔ dzi ɖum esime Paulo ɖe gbeƒã le afima.—Dɔwɔwɔwo 13:7.

Pax Romana, si nye dukɔwo dome ŋutifafa ɖoɖo aɖe si Romatɔwo wɔ, de tomenukuƒewo kple dɔwɔƒewo keke ɖe nu ƒe dzie ƒo le Kipro, si wɔe be dzidziɖedzi ɖedzesiwo va le woƒe asitsanyawo me. Wokpɔ ga bubuwo hã tso Romatɔwo ƒe asrafowo kple tsaɖila gbogbo siwo vaa ƒukpoa dzi be woade bubu Afrodito, mawu si kpɔa ƒukpoa ta, la ŋu gbɔ. Le susu sia ta la, wodo mɔ yeyewo, tu melidzeƒewo, hetu dutoƒoxɔ gã siwo wodo atsyã na. Wokpɔtɔ nɔ Helagbe dom le dziɖuɖudɔwɔƒewo, eye ame geɖewo subɔa Afrodito, Apolo, kple Zeus—tsɔ kpe ɖe Roma fiagã ŋu. Nu dze edzi na ameawo ŋutɔ eye wose vivi le hadome kple dekɔnu wɔnawo me.

Nɔnɔme sia mee Paulo to esime wònɔ mɔ zɔm le Kipro henɔ nu fiam amewo tso Kristo ŋu. Gake wogblɔ Kristotɔnyenye ŋutinyawo le Kipro do ŋgɔ na Paulo ƒe afima yiyi. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me nuŋlɔɖi gblɔ na mí be, le Kristotɔwo ƒe xɔsetakukula gbãtɔ, Stefano, ƒe ku megbe la, Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ aɖewo si yi Kipro. (Dɔwɔwɔwo 11:19) Kipro nye Barnaba, Paulo ƒe zɔhɛ la, ƒe dedu me, eye esi wònya ƒukpoa dzi nyuie ta la, ɖikeke mele eme o be kpeɖeŋutɔ nyuie aɖee wònye na Paulo le gbeƒãɖeɖedɔ sia me.—Dɔwɔwɔwo 4:36; 13:2.

Paulo ƒe Toƒewo Medzodzro

Mele bɔbɔe be míagbugbɔ ato Paulo ƒe mɔzɔzɔ le Kipro la katã me tsitotsito o. Gake blematomenukulawo ya nya nu tso mɔdodo nyuie siwo nɔ ƒukpoa dzi esime Romatɔwo nɔ edzi ɖum la ŋu. Gake le alesi ƒukpoa ƒe anyigba ƒe nɔnɔme le ta la, mɔ gã siwo le dua me egbea gɔ̃ hã dometɔ akpa gãtɔ to teƒe siwo tututu wodo blema mɔ, siwo anɔ eme be woawo dzie dutanyanyuigblɔlawo zɔ, la to.

Paulo, Barnaba, kple Yohanes Marko zɔ ƒudzimɔ tso Seleukia yi ɖe Salami melidzeƒea. Nukatae wozɔ mɔa yi Salami, evɔ wònye fiadua kple melidzeƒegã la le Pafo hafi? Esi wònye Salami nɔ dua ƒe ɣedzeƒeƒuta, si didi kilometa 200 ko tso Seleukia, tae. Salami ye nye ƒukpoa ƒe fiadu le Romatɔwo ƒe dziɖuɣi, eye togbɔ be wova wɔ Pafo fiadue emegbe hã la, Salami kpɔtɔ nye ƒukpoa ƒe du si me dekɔnuwo, sukudede, kple asitsanyawo yia edzi le wu. Yudatɔwo sɔ gbɔ ɖe Salami, si wɔe be dutanyanyuigblɔlawo te “mawunya la [gbɔgblɔ] fia le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo me.”—Dɔwɔwɔwo 13:5.

Egbea la, Salami zu aƒedo keŋkeŋ. Ke hã, nusiwo tomenukulawo kpɔ la ɖo kpe alesi dugã sia xɔ ŋkɔe le blema eye kesinɔnuwo bɔ ɖe eme la dzi. Asi gã si le afima, si nye teƒe si wowɔa dunyahehe kple mawusubɔsubɔ me wɔnawo le, anya nye Romatɔwo ƒe dutoƒo teƒe xɔŋkɔ gãtɔ kekeake si wotu kpɔ le Mediterranea nutowo me. Nusiwo ŋu woke ɖo le anyiglãgowo si wòzu, tso keke Kaisaro Augusto ƒe dziɖuɣi ke, me la ɖe alesi woɖo blema-tsyɔ na anyigba, kamedeƒewo, tsileƒe deŋgɔwo, bɔlƒoƒe kple fefewɔƒe, yɔdo siwo wodo atsyã tɔxɛwo na, kple fefewɔƒe gã aɖe si me ame 15,000 ate ŋu anɔ la fia! Zeus ƒe gbedoxɔ gã nyadri si hã zu anyiglãgowo la tsɔ ɖe egbɔ.

Gake Zeus mete ŋu kpɔ dua ta tso anyigbaʋuʋu si gblẽ nu le eŋu la me o. Anyigba si ʋuʋu sesĩe ŋutɔ le ƒe 15 D.M.Ŋ. me la gbã Salami keŋkeŋ, gake Augusto gbugbɔe tso emegbe. Anyigbaʋuʋu aɖe gatsrɔ̃ dua ake le ƒe 77 M.Ŋ. me, ke hã wogagbugbɔe tso. Le ƒe alafa enelia me la, anyigba si ʋuʋu kplɔ wo nɔewo ɖo tsrɔ̃ Salami dua keŋkeŋ eye womegate ŋu tsoe wòde alesi wònɔ tsã la nu o. Le Titinaɣeyiɣiwo me la, atsiaƒu me kpekuiwo va xe eƒe melidzeƒea keŋkeŋ si wɔe be womegazãnɛ kura o.

Womegblɔ nya aɖeke ku ɖe alesi Salamitɔwo xɔ Paulo ƒe gbeƒãɖeɖeae ŋu o. Ke hã, eva hiã be Paulo naɖe gbeƒã na du bubu me tɔwo hã. Esi dutanyanyuigblɔlawo nɔ dzodzom le Salami la, mɔ etɔ̃ koŋue nɔ anyi woate ŋu ato: ɖeka ɖo ta dziehe ƒuta eye wòyi ɖato Kyrenia-togbaka dzi; bubu to Mesaoria-tagba ƒe ɣetoɖoƒe gome yi ɖato ƒukpoa ƒe titina lɔƒo, eye etɔ̃lia to anyiehe ƒuta gome.

Wogblɔ be Paulo to mɔ etɔ̃lia. Mɔa to agbledenyigba wɔnu aɖe si dzi ke dzĩ tɔxɛ aɖewo le la dzi. Le kilometa 50 aɖewo ƒe mɔzɔzɔ megbe la, mɔa yi ɖado ɖe Larnaca dugã la gbɔ, hafi dze ɖe anyieheɣetoɖoƒe heɖo ta nutotroeawo me.

“Woto Ƒukpo Blibo la Me”

Eteƒe medidi hafi mɔdodogã la yi ɖado ɖe blema Ledra dugã la me o. Dugã si le anyigba ma dzi egbea nye Nicosia, si nye ƒukpoa ƒe fiadu fifia. Nusiwo katã aɖe blema fiadua ƒe anyinɔnɔ afia la bu. Gake le ƒe alafa 16 lia me la, mɔ xaxɛ aɖe si dzi ame geɖe tona, si wona ŋkɔe be Ledra, la to Italytɔwo ƒe gli siwo ƒo xlã Nicosia dua ƒe titina. Míenya ne Paulo zɔ mɔ yi Ledra ya o. Biblia ɖeko wògblɔ na mí be ‘woto ƒukpo blibo la me.’ (Dɔwɔwɔwo 13:6) The Wycliffe Historical Geography of Bible Lands gblɔ be, “anɔ eme be nya sia le fiafiam be woto nuto siwo me Yudatɔwo nɔ le Kipro la katã kloe me.”

Nyateƒee be Paulo di vevie be yeaɖo ame geɖe alesi nu yeate ŋui gbɔ kple nyanyuiea le Kipro. Eyata anya to mɔ si le Ledra ƒe anyiehe gome yi Amathus kple Kourion—siwo nye dugã eve siwo me amewo nɔ agbɔ sɔm ɖo la me.

Wotso Kourion ɖe kpo aɖe si kɔkɔ wu atsiaƒua eye wòyi ɖatɔ ɖe ƒua ta la dzi. Anyigbaʋuʋu si tsrɔ̃ Salami le ƒe 77 M.Ŋ. me kee tsrɔ̃ Hela kple Roma du gã xɔŋkɔ sia hã. Gbedoxɔ aɖe si ŋu wokɔ na Apolo le keke ƒe 100 M.Ŋ. me la ƒe anyiglãgowo le afima. Nukpɔla 6,000 te ŋu nɔa lãmesẽfefewɔƒea. Nu dzeani siwo amewo ta ɖe woa ŋutɔwo ƒe aƒewo me gɔ̃ hã ate ŋu ana woakpɔ alesi gbegbe Kouriontɔwo ɖu agbee.

Mɔzɔzɔ Yi Pafo

Tso Kourion la, mɔ dzeani la yi edzi to ɣetoɖoƒe gome yi ɖato du si me wodea weingble le, eye wònɔ kpo kɔm vivivi va ɖo teƒe aɖe si mɔa xa enumake heɖi abu ɖo ta ƒuta siwo dzi kpekuiwo sɔ gbɔ ɖo. Helatɔwo ƒe xotutu fia be, teƒe sia tututue atsiaƒua dzi mawunɔ Afrodito ɖo.

Afrodito ye nye Helatɔwo ƒe mawu siwo katã nɔ Kipro la dometɔ si ƒe ŋkɔ ɖi wu, eye wonɔ esubɔsubɔ dzi vevie va ɖo ƒe alafa evelia M.Ŋ. me. Teƒe si wosubɔa Afrodito le koŋue nye Pafo. Le ada ɖesiaɖe me la, woɖua azã kpeɖi aɖe nɛ le afima. Mɔzɔlawo tsoa Asia Sue, Egipte, Hela, kple keke Persia ke va Pafo hena azã la ɖuɖu. Esi Ptolemiawo va nɔ Kipro dzi ɖum la, wofia Faraowo subɔsubɔ Kiprotɔwo.

Pafo ye Romatɔwo ɖo wònye Kipro ƒe fiadu kple dziɖulawo nɔƒe, eye wònye du si me wotsoa akɔbli gakuwo le. Anyigba si ʋuʋu le ƒe 15 D.M.Ŋ. me lae tsrɔ̃e, eye abe alesi wònɔ le Salami gomee ene la, Augusto na ga be woagbugbɔ dugã la atso. Tomenukukuwo ɖe agbeɖuɖu nu siwo nɔ Pafo le ƒe alafa gbãtɔ me fia—mɔdodo gãwo, amewo ŋutɔ ƒe aƒe siwo wodo atsyã tɔxɛwo na, suku siwo wosrɔ̃a haƒoƒo le, kamedeƒewo, kple fefewɔƒewo.

Pafo siae Paulo, Barnaba, kple Yohanes Marko de, eye afisia dziɖula Sergio Paulo—“ŋutsu nyanu aɖe”—‘di vevie bena, yease mawunya la’ le togbɔ be afakala Elima tsi tre ɖe mawunya la ŋu vevie hã. “Kuvia ɖo [Dziɖula la] le [Yehowa] ƒe nufiafia ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 13:6-12.

Esi dutanyanyuigblɔlawo wu woƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Kipro vɔ la, woyi woƒe dɔa dzi le Asia Sue. Dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔ gbãtɔ si Paulo zɔ la nye esi ɖe dzesi ŋutɔ le Kristotɔnyenye vavãtɔ la kaka me. Agbalẽ si nye St. Paul’s Journeys in the Greek Orient yɔe be “Kristotɔwo ƒe nyanyuikakadɔ kpakple . . . Paulo ƒe mawunyadɔgbededɔa ƒe gɔmedzedze.” Egblɔ kpee be: “Esi woate ŋu azɔ ƒudzimɔ tso Kipro ayi Siria, Asia Sue, kple Hela ta la, anɔ eme be eya koe nye du si sɔ nyuie wu be woadze mawunyadɔgbededɔa gɔme tsoe.” Gake dutanyanyuigblɔdɔa ƒe gɔmedzedze koe nye ema. Ƒe alafa blaevee nye esia si Kristotɔwo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kpɔtɔ le edzi yim, eye woate ŋu agblɔe le nyateƒe me be Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia de “anyigba ƒe seƒe ke” ŋutɔŋutɔ.—Dɔwɔwɔwo 1:8.

[Anyigbatata siwo le axa 20]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

KIPRO

NICOSIA (Ledra)

Pafo

Kourion

Amathus

Salami

Larnaca

KYRENIA-TOWO

MESAORIA GBEDZI

TROODOS-TOWO

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Esi gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Paulo fũ la, egbã ŋku na afakala Elima le Pafo