Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èkpɔa Dzidzɔ Ðe “Yehowa Ƒe Se La” Ŋua?

Èkpɔa Dzidzɔ Ðe “Yehowa Ƒe Se La” Ŋua?

Èkpɔa Dzidzɔ Ðe “Yehowa Ƒe Se La” Ŋua?

“Dzidzɔtɔe nye amesi . . . [kpɔa] dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu.”—PSALMO 1:1, 2, NW.

1. Nukatae mí Yehowa subɔlawo míekpɔa dzidzɔ?

YEHOWA kpena ɖe mí esubɔla wɔnuteƒewo ŋu heyraa mí. Ele eme be míedzea ŋgɔ tetekpɔ geɖe. Ke hã, míekpɔa dzidzɔ akuakua hã. Esia mewɔ nuku o, elabena ‘dzidzɔ Mawu’ la subɔmee míele, eye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea naa míekpɔa dzidzɔ. (Timoteo I, 1:11; Galatiatɔwo 5:22) Dzidzɔe nye nɔnɔme si nɔa ame me ne ele mɔ kpɔm na nu nyui aɖe alo ne nu ma su esi. Eye mía Fofo si le dziƒo la naa nunana nyuiwo mí vavã. (Yakobo 1:17) Eyata mewɔ nuku o be dzi dzɔa mí!

2. Psalmo kawo mee míadzro?

2 Woƒo nu tso dzidzɔ ŋu zi geɖe le Psalmowo ƒe agbalẽa me. Le kpɔɖeŋu me, woƒo nu tso eŋu le Psalmo 1 kple 2. Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo gblɔ be Israel-fia Dawid ye ŋlɔ psalmo evelia. (Dɔwɔwɔwo 4:25, 26) Psalmo gbãtɔ si ŋlɔla ŋkɔ womeyɔ o la dze eƒe ha si tso gbɔgbɔ me la gɔme kple nya siawo be: “[Dzidzɔtɔe nye, NW] amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o.” (Psalmo 1:1) Mina míakpɔ alesi Psalmo 1 kple 2 na mí susu siwo ta míakpɔ dzidzɔe ɖa le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me.

Nusi gbɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona

3. Le Psalmo 1:1 ƒe nya nu la, susu siwo ta mawuvɔ̃la kpɔa dzidzɔ ɖo dometɔ aɖewo ɖe?

3 Psalmo 1 ɖe nusitae mawuvɔ̃la kpɔa dzidzɔ ɖo me. Esi hakpala la nɔ susu siwo tae wòkpɔa dzidzɔ ɖo gblɔm la, edzi ha be: “[Dzidzɔtɔe nye, NW] amesi mezɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu o, amesi metsia tsitre ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ dzi o, eye menɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me o.”—Psalmo 1:1.

4. Agbe nyui kae Zaxarya kple Elisabet nɔ?

4 Be míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la, ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi. Zaxarya kple Elisabet, amesiwo kpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ su yewo si yewova dzi Yohanes Amenyrɔɖetsimela la “[nye] ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoawo katã nu mo makamakae.” (Luka 1:5, 6) Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne míewɔ nu nenema ke eye míeɖoe kplikpaa gbe be ‘míazɔ le ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu’ alo ana woƒe nuxlɔ̃ame siwo me mawuvɔvɔ̃ aɖeke medzena le o la nafia mɔ mí o.

5. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na “nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ”?

5 Ne míegbe ame vɔ̃ɖiwo ƒe tamesusuwo la, ekema ‘míatsi tre ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ dzi’ o. Le nyateƒe me la, esia fia be womakpɔ mí le afisiwo wolɔ̃a nɔnɔ o—agbegbegblẽnɔnɔ ƒe modzakaɖeƒewo alo teƒe siwo ŋu womeƒoa nu nyui le o. Ke ne edzro mí be míawɔ ɖeka kple nuvɔ̃wɔlawo le agbenɔnɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me ya ɖe? Ekema mina míado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be míawɔ nu wòasɔ kple apostolo Paulo ƒe nyawo be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?” (Korintotɔwo II, 6:14) Ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu eye míenye “amesiwo dza le woƒe dzi me” la, ekema míatsri nuvɔ̃wɔlawo ƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ eye tamesusu kple didi dzadzɛwo anɔ mía si, hekpe ɖe “xɔse, si me alakpa aɖeke mele o” ŋu.—Mateo 5:8; Timoteo I, 1:5.

6. Nukatae wòle be míakpɔ nyuie le fewuɖulawo ŋu?

6 Be míadze Yehowa ŋu la, ‘mele be míanɔ fewuɖulawo ƒe ha me kura o.’ Ame aɖewo ɖua fewu le Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ŋu, gake le “ŋkeke mamlɛ” siawo me la, ame aɖewo siwo nye Kristotɔwo tsã gake va zu xɔsegbelawo la ɖua fewu le mía ŋu vlodoametɔe. Apostolo Petro xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be: “Lɔlɔ̃tɔwo, . . . Minya esia gbã bena, le ŋkeke mamlɛawo dzi la fewuɖulawo lava kple fewuɖuɖu, amesiwo zɔna le woawo ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo nu, eye woagblɔ bena: Afika eƒe vava la ƒe ŋugbedodo la le? Elabena tso esime fofoawo dɔ alɔ̃ la, nuwo katã nɔ anyi nenema tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la me.” (Petro II, 3:1-4) Ne ‘míenɔa anyi ɖe fewuɖulawo ƒe ha me’ gbeɖe o la, ekema míaƒo asa na afɔku si ava wo dzi godoo la.—Lododowo 1:22-27.

7. Nukatae wòle be míawɔ ɖe nya siwo le Psalmo 1:1 la dzii?

7 Ne míewɔ ɖe nya siwo le Psalmo 1 dzi o la, mawusubɔsubɔ ŋuti nyateƒe siwo su mía si to Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ dzi la ate ŋu abu. Le nyateƒe me la, míaƒe agbenɔnɔ ava vlo wu kura. Ðewohĩ toɖoɖo ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋuɖoɖoe anye afɔɖeɖe gbãtɔ si ana míaƒe mawusubɔsubɔ me nagblẽ. Azɔ ɖewohĩ míava nɔ ha dem kple wo edziedzi. Mlɔeba la, míate ŋu ava zu xɔsegbela mawɔnuteƒe fewuɖulawo. Ðikeke mele eme o be xɔlɔ̃dzedze ame vɔ̃ɖiwo ate ŋu aƒã mawumavɔmavɔ̃ ƒe nɔnɔme ɖe mía me eye ate ŋu agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa Mawu dome la me. (Korintotɔwo I, 15:33; Yakobo 4:4) Migana míaɖe mɔ esia nadzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o!

8. Nukae akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ mawusubɔsubɔnyawo ŋu?

8 Gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu míaƒe susu nanɔ mawusubɔsubɔnyawo ŋu eye míatsri hadede kple ame vɔ̃ɖiwo. Paulo ŋlɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Apostolo la de dzi ƒo na no mí be míasusu nusiwo nye nyateƒe, siwo dzea bubu, le dzɔdzɔe, le dzadzɛ, siwo dze na lɔlɔ̃, siwo dze na gbɔgblɔ, siwo dze ame, eye wodze kafukafu la ŋuti. (Filipitɔwo 4:6-8) Mina míawɔ nu wòasɔ kple Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa eye míagaɖi gbɔ mía ɖokui ava nɔ abe ame vɔ̃ɖiwo ene o.

9. Togbɔ be míetsria nuwɔna vɔ̃ɖiwo hã la, aleke míedzea agbagba be míakpe ɖe ameƒomeviwo katã ŋui?

9 Togbɔ be míetsria nuwɔna vɔ̃ɖiwo hã la, míeɖia ɖase na amewo ŋuɖɔɖotɔe, abe alesi apostolo Paulo ƒo nu na Roma-mɔmefia Felike tso “dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu nyui kpakple ʋɔnudɔdrɔ̃, si le vava ge la” ŋuti ene. (Dɔwɔwɔwo 24:24, 25; Kolosetɔwo 4:6) Míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na ameƒomeviwo katã, eye míewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe. Míeka ɖe edzi be ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ la ava zu xɔsetɔwo ahakpɔ dzidzɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 13:48.

Ekpɔa Dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe Se la Ŋu

10. Ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm la, nukae akpe ɖe mía ŋu be nyawo natsi míaƒe susu kple dzi me?

10 Hakpala la yi edzi gblɔ tso dzidzɔme la ŋu be: “Ekpɔa dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.” (Psalmo 1:2) Esi míenye Mawu subɔlawo ta la, ‘míekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu.’ Ne míele ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm hele ŋugble dem la, míate ŋu axlẽ nua ‘kple gbe blewu,’ ahana nyawo naɖi míase ne anya wɔ. Ne míele Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe xlẽm eye míewɔe alea la, akpe ɖe mía ŋu nyawo natsi míaƒe susu kple dzi me eteƒe nadidi.

11. Nukatae wòle be míaxlẽ Biblia “zã kple keli”?

11 “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dea dzi ƒo na mí be míaxlẽ Biblia gbesiagbe. (Mateo 24:45) Esi míedi vevie be míanya gbedasi si le Yehowa si na ameƒomea ta la, anyo be míaxlẽ Biblia “zã kple keli”—ẽ, míaxlẽe ne míetsi zãdomadɔalɔ̃e le susu aɖe ta kura gɔ̃ hã. Petro xlɔ̃ nu mí be: “Abe vidzĩewo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xɔxɔ la.” (Petro I, 2:1, 2) Èkpɔa dzidzɔ le Biblia xexlẽ me gbesiagbe kple le ŋugbledede le Mawu ƒe Nyaa kpakple eƒe tameɖoɖowo ŋu le zã mea? Hakpala la wɔe nenema.—Psalmo 63:7.

12. Ne míekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu la, ekema nukae míawɔ?

12 Dzidzɔ si míakpɔ tegbee la nɔ te ɖe dzidzɔ si míakpɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu dzi. Sea de blibo hele dzɔdzɔe, eye teƒeɖoɖo gã aɖe le edzi wɔwɔ me. (Psalmo 19:8-12) Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ be: “Amesi kpɔ se blibo, si nye ablɔɖese la me, eye wònɔ edzi la, eya menye nyasela, si ŋlɔa nu be o, ke boŋ dɔ ƒe wɔla, eye woayra eyama le eƒe nuwɔwɔ me.” (Yakobo 1:25) Ne míekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu vavã la, ŋkeke aɖeke mava yi si míade ŋugble le mawusubɔsubɔnyawo ŋu o. Le nyateƒe me la, míadi vevie be ‘míadzro Mawu ƒe nu goglowo me’ eye be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me.—Korintotɔwo I, 2:10-13; Mateo 6:33.

Ele abe Ati Ene

13-15. Gɔmesese ka nue míate ŋu aɖi ati si wodo ɖe tɔʋu si me tsi gbogbo aɖe le to le?

13 Esi hakpala la nɔ nu ƒom tso ame dzɔdzɔe ŋu yi ŋgɔe la, egblɔ be: “Eyama ɖi ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wòwɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!” (Psalmo 1:3) Yehowa subɔla doa go kuxiwo le agbe me abe ame madeblibo bubuwo ke ene. (Hiob 14:1) Míate ŋu akpe fu le yometiti alo tetekpɔ bubuwo me le míaƒe xɔse ta. (Mateo 5:10-12) Gake Mawu kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le tetekpɔ siawo me dzidzedzetɔe, abe alesi ko yaƒoƒo siwo nu sẽ gɔ̃ hã mete ŋu mua ati si ƒo ke ɖe to sesĩe o la ene.

14 Tsimadzamadza alo kuɖiɖi menaa ati si wodo ɖe tɔʋu si me tsi mevɔna le o to la lũa xe o. Ne mawuvɔ̃lawoe míenye la, ekema míaƒe ŋusẽ tsoa Yehowa Mawu—Amesi ƒe ŋusẽ mevɔna gbeɖe o la—gbɔ. Paulo di kpekpeɖeŋu tso Mawu gbɔ eye ete ŋu gblɔ be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le [Yehowa], amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Ne Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ye fiaa mɔ mí hedoa ŋusẽ mí la, ekema ŋusẽ mavɔ le mía ŋu, si ana míado kpo kutsetse alo adzudzɔ Mawu subɔsubɔ o. Míetsea ku le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me eye míetsea gbɔgbɔa ƒe ku la hã.—Yeremya 17:7, 8; Galatiatɔwo 5:22, 23.

15 Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ƒe mɔnu aɖe zãmee hakpala la nɔ esi wòzã Hebrigbe me nya aɖe si gɔme woɖe be “ɖi.” Ele nu eve siwo to vovo, togbɔ be nɔnɔme tɔxɛ ɖeka aɖe le wo ŋu hã, la tsɔm le sɔsɔm kple wo nɔewo. Amegbetɔwo to vovo na atiwo, gake anɔ eme be ati si wodo ɖe tɔʋu si me tsi gbogbo aɖe le to la ƒe amadede ɖo ŋku edzi na hakpala la be nu dzea edzi na amesiwo “[kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu” le mawusubɔsubɔ gome. Ne míekpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe se la ŋu la, ekema míaƒe ŋkekewo anɔ abe ati tɔwo ene. Le nyateƒe me la, míate ŋu anɔ agbe tegbee.—Yohanes 17:3.

16. Nukatae ‘nusianu si míewɔna la dzea edzi,’ eye alekee?

16 Ne míewɔa nu dzɔdzɔe la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi le tetekpɔwo kple fukpekpewo me. Míekpɔa dzidzɔ eye míetsea ku le Mawu subɔsubɔ me. (Mateo 13:23; Luka 8:15) ‘Nusianu si míewɔna la dzea edzi’ elabena míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Esi wònye eƒe tameɖoɖowo kpɔa dzidzedze ɣesiaɣi eye míekpɔa dzidzɔ le eƒe sededewo dzi wɔwɔ me ta la, míekpɔa dzidzedze le mawusubɔsubɔ me. (Mose I, 39:23; Yosua 1:7, 8; Yesaya 55:11) Esia nye nyateƒe ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom kura gɔ̃ hã.—Psalmo 112:1-3; Yohane III, 2.

Ewɔa abe Ðe Ame Vɔ̃ɖiwo Kpɔa Dzidzedze Ene

17, 18. (a) Nukae hakpala la tsɔ ame vɔ̃ɖiwo sɔ kplii? (b) Ne nu dze edzi na ame vɔ̃ɖiwo le ŋutilã me gɔ̃ hã la, nukatae dedienɔnɔ mavɔ aɖeke meli na wo o?

17 Aleke gbegbe ame vɔ̃ɖiwo ƒe nɔnɔme to vovo na ame dzɔdzɔewo tɔ enye esi! Awɔ abe ɖe ame vɔ̃ɖiwo le dzidzedze kpɔm le ŋutilã me ene hena ɣeyiɣi aɖe, gake womekpɔa dzidzedze le mawusubɔsubɔ gome o. Esia dze le nya siwo hakpala la gagblɔ yi edzi me, be: “Ame vɔ̃ɖiwo ya mele alea o, ke boŋ wole abe tsro, si ya lɔna ɖe nu ene. Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo manɔ te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.” (Psalmo 1:4, 5) De dzesii be hakpala la gblɔ be “ame vɔ̃ɖiwo ya mele alea o.” Nusi gblɔm wòle enye be ame vɔ̃ɖiwo mele abe mawuvɔ̃lawo, amesiwo wòtsɔ sɔ kple ati tseku, siwo nɔa anyi ɣeyiɣi didi, ene o.

18 Ne nu dze edzi na ame vɔ̃ɖiwo le ŋutilã me gɔ̃ hã la, dedienɔnɔ mavɔ aɖeke meli na wo o. (Psalmo 37:16; 73:3, 12) Wole abe kesinɔtɔ mabutame si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋu aɖe me esi ame aɖe biae be wòatso nya me na yewo le domenyinu mama ƒe nyaa aɖe ŋu la ene. Yesu gblɔ na amesiwo nɔ eteƒe la be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” Yesu ɖe nya sia me esi wòwɔ kpɔɖeŋu aɖe hegblɔ be kesinɔtɔ aɖe ƒe agble wɔ nu geɖe ale gbegbe be eɖoe be yeamu yeƒe avawo ahatu esiwo lolo wu ale be yeate ŋu aƒo yeƒe nu nyuiawo katã nu ƒu. Emegbe ŋutsua ɖoe be yeaɖu nu, ano nu, ahakpɔ dzidzɔ. Gake Mawu gblɔ nɛ be: “Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?” Be Yesu nagate gbe ɖe eƒe nyaa dzi la, egblɔ kpee be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.”—Luka 12:13-21.

19, 20. (a) Ƒo nu tso alesi woɖea tsro le nuku ŋu hegbɔnɛ le blema ŋu. (b) Nukatae wotsɔ ame vɔ̃ɖiwo sɔ kple tsro?

19 Ame vɔ̃ɖiwo ‘menye kesinɔtɔwo le Mawu gbɔ’ o. Eyata womanɔ dedie ahali ke o, abe tsro si nɔa nuku ŋu la ene. Le blema la, ne woxa nuku vɔ la, wotsɔnɛ yia lugbɔƒe, si nye teƒe gbadza aɖe si le kpo dzi zi geɖe. Le afima la, lãwo hea luƒotasiaɖam siwo gɔme kpe ɖaɖɛwo alo gaɖuwo le la toa nukua dzi ale be kua nado le tsroawo me. Le ema megbe la, wotsɔa lugbɔnu lɔa nukua, gbea kple tsroa siaa dona ɖe dzi ne ya le ƒoƒom. (Yesaya 30:24) Kuawo duduna ɖe lugbɔƒea, gake ya ƒoa gbe siwo le nukua ŋu la dzona yia akpa ɖeka heƒoa tsroa hã dzonae. (Rut 3:2) Ne wokɔ nukua ɖe sranui me heɖe kpekui kple nusiwo katã mehiã o ɖa le eme vɔ la, ekema wodzranɛ ɖo alo tunɛ. (Luka 22:31) Gake tsroawo ya megali o.

20 Abe alesi ko nukua duduna ɖe anyigba eye wokpɔa eta evɔ ya ƒoa tsroa ya dzonae ene la, nenema kee ame dzɔdzɔewo anɔ anyi evɔ woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ya ɖa. Le nyateƒe me la, dzi dzɔa mí be ame vɔ̃ɖi mawo nu ayi tegbee. Ne woɖe wo ɖa vɔ la, woayra amesiwo kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu geɖe. Le nyateƒe me la, toɖolawo axɔ Mawu ƒe nunana si nye agbe mavɔ la mlɔeba.—Mateo 25:34-46; Romatɔwo 6:23.

“Ame Dzɔdzɔewo ƒe Mɔ” si dzi Yayra Le

21. Aleke Yehowa ‘nyaa ame dzɔdzɔewo ƒe mɔe’?

21 Wotsɔ nya siawo wu psalmo gbãtɔa nu: “Yehowa nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ buna gbidi.” (Psalmo 1:6) Aleke Mawu “nya ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ”? Le nyateƒe me la, ne míewɔa nu dzɔdzɔe la, ekema míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la ade dzesi míaƒe mawuvɔvɔ̃gbenɔnɔ, eye abu mí be míenye ye subɔla siwo ŋu yekpɔa ŋudzedze ɖo. Eyata míate ŋu atsɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ada ɖe eyama dzi ahaka ɖe edzi be eléa be na mí eye ele be míawɔe hã.—Xezekiel 34:11; Petro I, 5:6, 7.

22, 23. Nukae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo kple ame dzɔdzɔewo dzi?

22 “Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔ” anɔ anyi tegbee, gake ame vɔ̃ɖi siwo gbe tɔtrɔ wɔwɔ la abu gbidi elabena Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu wo. Eye woƒe “mɔ,” alo woƒe agbenɔnɔ, hã nu ayi kpli wo. Míate ŋu aka ɖe Dawid ƒe nya siawo me vava dzi, be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:10, 11, 29.

23 Aleke gbegbe dzi adzɔ míi enye esi ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míanɔ agbe le paradisonyigba dzi esime ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o! Ɣemaɣi la, ame fafawo kple ame dzɔdzɔewo akpɔ ŋutifafa vavãtɔ elabena woakpɔ dzidzɔ ɖe “Yehowa ƒe se la” ŋu ɣesiaɣi. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be woawɔ ‘Yehowa ƒe tameɖoɖo la’ dzi. (Psalmo 2:7a) Nyati si kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nusi tameɖoɖo ma nye kple nusi wòfia na mía kple ameƒomea katã.

Aleke nàɖo wo ŋui?

• nukatae mawuvɔ̃la kpɔa dzidzɔ?

• nukae ɖee fia be míekpɔa dzidzɔ ɖe yehowa ƒe se la ŋu?

• aleke ame ate ŋu anɔ abe ati si wode tsii nyuie ene?

• aleke ame dzɔdzɔe ƒe mɔ to vovo na ame vɔ̃ɖi tɔe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu míatsri hadede kple ame vɔ̃ɖiwo

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Nukatae ame dzɔdzɔe le abe ati ene?