Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kapadokia​—Afisi Amewo ƒe Aƒewo Nye Agado Siwo Ya Kple Tsi Ðe

Kapadokia​—Afisi Amewo ƒe Aƒewo Nye Agado Siwo Ya Kple Tsi Ðe

Kapadokia​—Afisi Amewo ƒe Aƒewo Nye Agado Siwo Ya Kple Tsi Ðe

APOSTOLO PETRO ƒo nu tso Kapadokia ŋu. Amesiwo wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me na la dometɔ aɖewoe nye “amedzro, siwo ka hlẽ ɖe . . . Kapadokia.” (Petro I, 1:1) Dukɔ ka ƒomevie nye Kapadokia? Nukatae dua me tɔwo le aƒe siwo nye agado me? Aleke wɔ hafi dua me tɔwo va nya nu tso Kristotɔnyenye ŋu?

Britaintɔ tsaɖila W. F. Ainsworth si yi Kapadokia le ƒe 1840-awo me la gblɔ be: “Ðeko míeva do ɖe kpe siwo te le kotoe eye wo tame le tsũe kpakple sɔti gbogbo aɖewo dome le vome.” Teƒe sia gawɔa nuku na amedzro siwo ɖia tsa yia Turkey nuto si me wole la kokoko. “Kpetata” siwo mimi ɖe wo nɔewo ŋu abe asrafowoe le fli me ene bɔ ɖe Kapadokia baliwo me. Wo dometɔ aɖewo lolo abe nusi me dzudzɔ dona tona le dɔwɔƒe gãwo ƒe xɔ tame ene hekɔ meta 30 alo esi wu nenema yi yame ʋĩ. Bubuwo ɖi akpɔnɔvivi aɖe si le abe fuɖe ene si me wokana ice-cream denɛ, ɖewo le abe kpememe kɔkɔ siwo tame le tsũe ene, eye bubuwo le abe hlo ene.

Aleke gbegbee ɣe ƒe keklẽ ɖe kpetata siawo dzi si na wodzena le amadede vovovowo me le ŋkekea me nya kpɔna ŋutɔ enye esi! Fɔŋli la, wonɔa hẽ. Ŋdɔ me la, wonɔa abe nyiɖu si fu kpii ene, eye ne ɣe le to ɖom la, woklẽna abe amadede hẽ kple aŋutiɖiɖi tsaka ene. Nukae na “kpe siwo te le kotoe eye wo tame le tsũe abe fuɖe ene kpakple sɔti gbogbo” siawo va dzɔ? Eye nukatae nuto ma me tɔwo tso aƒewo ɖe wo me?

Ya Kple Tsie Ðe Wo

Kapadokia-dua le Anatolia-ƒukpoa ƒe titina, si le Asia kple Europa ƒe liƒo dzi. Ne menye dzoto eve siwo le nuto ma mee o la, anye ne kponyigba gã gbadza aɖee wòanye. Ƒe akpe geɖewoe nye esi va yi la, dzoto sesẽ siwo wó la lɔ kpe ƒomevi eve kaka ɖe afima katã—kpe sesẽ yibɔ kple anyikpe masẽmasẽ aɖe si nye dzofi babla.

Esi tɔsisi, tsidzadza, kple yaƒoƒo nɔ anyikpe masẽmasẽa nyim vivivi ta la, agado gãwo va ʋu ɖe teƒea. Mlɔeba la, kpe siwo ma agadoawo ɖa tso wo nɔewo gbɔ va nɔ nyinyim vivivi eye kpetata siwo te le kotoe eye wo tame le tsũe siwo ƒomevi mele xexeame ƒe akpa bubu aɖeke o va bɔ ɖe dua me. Kpe siawo dometɔ aɖewo ƒe nɔnɔme ɖi nu si me anyiwo ɖana ɖo, alo anyigba. Dua me tɔwo ɖe mɔ ɖe anyikpe masẽmasẽawo me wòzu xɔ na wo eye ne ƒome aɖe me tɔwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, wogaɖea mɔ ɖe anyikpe bubuwo me. Wokpɔe be xɔ siawo me fana le dzomeŋɔli eye wo me xɔa dzo le vuvɔŋɔli.

Agbenɔnɔ le Afisi Ameƒomevi Vovovowo Va Doa Go Le

Ne menye ɖe Kapadokia nye afisi ameƒomevi vovovowo va doa go le o la, anye ne kadodo aɖeke manɔ woa kple ame bubuwo dome o. Asitsamɔ xɔŋkɔ si nye Silk Road (Seda Mɔ) si didi kilometa 6,500 si le Roma Fiaɖuƒea kple China dome la va to Kapadokia. Tsɔ kpe ɖe asitsalawo ŋu la, Persia, Hela, kple Roma ʋakɔwo zɔa mɔ ma. Mɔzɔla siawo va kple subɔsubɔha vovovowo.

Kaka ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. naɖo la, Yudatɔ aɖewo va nɔ Kapadokia. Eye Yudatɔ siwo tso nuto siawo me nɔ Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. me. Wova Pentekoste-ŋkekenyuia ɖuƒe. Eyata apostolo Petro ɖe gbeƒã na Yudatɔ siwo tso Kapadokia esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe anyi vɔ megbe. (Dɔwɔwɔwo 2:1-9) Edze ƒã be wo dometɔ aɖewo xɔ eƒe gbedasia eye wotrɔ yi aƒe kple woƒe dzixɔse yeyeawo. Eyatae Petro yɔ Kapadokia Kristotɔwo ŋkɔ le eƒe lɛta gbãtɔa me.

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunya va kpɔ ŋusẽ ɖe Kapadokia Kristotɔwo dzi. Kapadokiatɔwo ƒe subɔsubɔha ŋgɔnɔla xɔŋkɔ etɔ̃ aɖewo kura gɔ̃ hã ʋli Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ta vevie le ƒe 300 M.Ŋ. me. Woawoe nye Gregory si tso Nazianzus, Basil Gãtɔ, kple nɔvia Gregory si tso Nyssa.

Basil Gãtɔ de saɖagagbenɔnɔ ƒe dzi ƒo hã na amewo. Kapadokiatɔwo ƒe aƒe siwo nye agado tsɛwo wɔe be eƒe dzidede ƒo be woanɔ saɖagagbe dze edzi na wo. Esi saɖagaxɔmenɔlawo va nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la, woɖe mɔ ɖe anyikpe siwo lolo wu me wozu sɔlemexɔwo. Kaka ƒe 1200 naɖo la, wotu sɔlemexɔ abe alafa etɔ̃ ene ɖe kpeawo tome. Wo dometɔ aɖewo li vaseɖe egbea.

Togbɔ be womegale sɔlemexɔawo kple saɖagaxɔawo zãm egbea o hã la, tɔtrɔ gobi aɖeke meva nutoa me tɔwo ƒe agbenɔnɔ me o. Amewo gale agado geɖe me kokoko. Alesi Kapadokia dua me tɔwo dze agbagba trɔ asi le agado mawo ŋue wozu aƒe la kpɔkpɔ wɔa nuku na ame geɖe siwo ɖia tsa yia afima.

[Anyigbatata si le axa 24, 25]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

KAPADOKIA

CHINA (Cathay)