Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nugɔmesela Wɔa Nu le Sidzedze Me’

‘Nugɔmesela Wɔa Nu le Sidzedze Me’

‘Nugɔmesela Wɔa Nu le Sidzedze Me’

MƆFIAFIA si tso Mawu ƒe Nya, Biblia me la ‘vena wu sika kple sika nyuitɔ geɖe.’ (Psalmo 19:8-11) Nukatae? Elabena “nunyala [Yehowa] ƒe nufiame la, agbevudo wònye, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” (Lododowo 13:14) Menye ɖeko aɖaŋuɖoɖo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me ŋudɔwɔwɔ ana míaƒe agbe nanyo ɖe edzi ko o, ke akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na mɔ̃ siwo agblẽ nu le míaƒe agbe ŋu hã. Eyata aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míadi sidzedze tso Ŋɔŋlɔawo me ahawɔ nusi míesrɔ̃na la ŋudɔ!

Abe alesi wòdze le Lododowo 13:15-25 ene la, blema Israel-fia Salomo ɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe mía ŋu míawɔ sidzedze ŋudɔ be míanɔ agbe didi si nyo wu. * Ezã lododo siwo le tẽ tsɔ fia alesi Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒe nu nadze amewo ŋu, awɔ nuteƒe le míaƒe subɔsubɔdɔa me, nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe amehehe ŋu, ahatia míaƒe zɔhɛwo nunyatɔe. Ebu alesi nunya le eme be míagblẽ domenyinu aɖe ɖi na mía viwo kple alesi míahe woe le lɔlɔ̃ me hã ŋu.

Nugɔmesese Nyuitɔ Naa Wokpɔa Ŋudzedze Ðe Ame Ŋu

Salomo gblɔ be: “Gɔmesese nyui hea ŋudzedzekpɔkpɔ vɛ; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ kplɔa wo dea gbegblẽ me.” (Lododowo 13:15) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya si wozã na “gɔmesese,” alo nugɔmesese nyuitɔ le gbe gbãtɔa me “fia ŋutete si le ame si be wòase nu gɔme nyuie, wòabu nuwo ŋu nyuie, ahawɔ nukpɔsusu siwo me nunya le ŋudɔ.” Enɔa bɔbɔe na amesi si nɔnɔme siawo le be amewo nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu.

Bu alesi apostolo Paulo wɔ nugɔmesese ŋudɔe le ehati Kristotɔ Filemon gome esime wònɔ Filemon ƒe kluvi Onesimo, si va zu Kristotɔ, si si dzo le egbɔ la trɔm ɖo ɖee ŋu kpɔ. Paulo xlɔ̃ nu Filemon be wòaxɔ Onesimo kple tufafa, abe alesi ko wòaxɔ apostolo la ŋutɔ ene. Le nyateƒe me la, Paulo gblɔ be ne Onesimo nyi nane ƒe fe le Filemon ŋu, yeaxee nɛ. Ẽ, Paulo ate ŋu azã ŋusẽ si nɔ esi azii ɖe Filemon dzi be wòawɔ nusi sɔ hafi. Gake apostolo la tiae be yeakpɔ nyaa gbɔ ŋuɖɔɖotɔe le lɔlɔ̃ me. To esia wɔwɔ me la, Paulo ka ɖe edzi be Filemon awɔ nu kpli ye aduadu, eye be esia aʋãe wòawɔ nu geɖe wu esi yebia tso esi be wòawɔ. Ðe mele be míawo hã míawɔ nu kple haxɔsetɔwo le mɔ ma ke nu oa?—Filemon 8-21.

Gake ame mawɔnuteƒewo ƒe mɔ le glidzaglidza. Le gɔmesese ka nu? Agbalẽnyala aɖe gblɔ be nya sia si wozã le afisia fia “ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbenɔnɔ tagbɔsesẽtɔe. . . . Amesi ɖo tame kplikpaa be yeawɔ nu gbegblẽ, si ƒe tagbɔ sẽ eye metsɔa ɖeke le aɖaŋu nyui si amewo ɖona nɛ me o la ɖo ta gbegblẽ me.”

Salomo yi edzi be: “Nugɔmesela wɔa nu ɖe nunya me; ke bometsila tsɔa bometsitsi doa bobloe.” (Lododowo 13:16) Menye ayemenuwɔlae nugɔmesela sia nye o. Le afisia la, wotsɔ nugɔmesese do ƒome kple sidzedze eye eku ɖe amesi wɔa nu nunyatɔe, amesi bua nuwo ŋu nyuie hafi wɔa wo, la ŋuti. Ne woɖe ɖeklemi le nugɔmesela ŋu alo dzui kura gɔ̃ hã la, ekpɔa eƒe nuyiwo dzi. Edoa gbe ɖa hedzea agbagba be yeatse gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kua ale be yemagakpɔ dziku wòagbɔ eme o. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nunyala meɖea mɔ ame bubu alo nɔnɔme si me wòle kpɔa ŋusẽ ɖe edzi o. Ke boŋ eɖua eɖokui dzi eye wòƒoa asa na dzre siwo amesiwo doa dziku kabakaba wɔna edziedzi ne wodze agɔ le wo dzi la.

Nugɔmesela wɔa sidzedze hã ŋudɔ le nyametsotsowo wɔwɔ me. Enyae be nusiwo me nunya le wɔwɔ medona tsoa nususugblɔ dzro ko, nuwɔwɔ ɖe seselelãme nu, alo nusi ame geɖe le wɔwɔm la wɔwɔ me o. Eyata edia ɣeyiɣi daa nɔnɔme si me wòle la kpɔ. Ebua nyawo katã ŋu hekpɔa nyametsotso siwo wòate ŋu awɔ. Azɔ ewɔa numekuku le Ŋɔŋlɔawo me hekpɔnɛ ɖa be Biblia me se alo gɔmeɖose kawo ŋudɔe yeawɔ le nɔnɔme sia me hã. Amesia ƒe mɔ nɔa dzɔdzɔe ɣesiaɣi.—Lododowo 3:5, 6.

“Duxɔla Nyateƒe Daa Gbe le Ame Ŋu”

Wotsɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe gbedasiwo de mí Yehowa Ðasefowo si. Lododo si kplɔe ɖo me nyawo kpena ɖe mía ŋu míewɔa nuteƒe le míaƒe dɔdasia wɔwɔ me. Egblɔ be: “Duxɔla vɔ̃ɖi gena ɖe dzɔgbevɔ̃e me; ke duxɔla nyateƒe daa gbe le ame ŋu.”Lododowo 13:17.

Nusi dzi wote gbe ɖo le afisiae nye nɔnɔme si le duxɔlaa si. Ke ne duxɔlaa tsɔ susu vɔ̃ tro gbedasia alo trɔ eme nyawo ɖe? Ðe womadrɔ̃ fɔbuʋɔnui oa? Bu nyagblɔɖila Elisa ƒe subɔvi Gexazi, amesi tsɔ ŋukeklẽ va gblɔ aʋatso gbedasi aɖe na Siria-ʋafia Naeman ŋu kpɔ. Anyidɔ si woda na Naeman la trɔ va Gexazi dzi. (Fiawo II, 5:20-27) Ke ne amesi wodɔ la mewɔ nuteƒe o eye wòdzudzɔ gbedasia gbɔgblɔ kura ya ɖe? Biblia gblɔ be: “[Ne] mèƒo nu hexlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi la le eƒe zɔzɔme ŋuti o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodada ta, ke [nye Yehowa] mabia eƒe ʋu tso asiwò me.”—Xezekiel 33:8.

Gake duxɔla wɔnuteƒe daa gbe le ye ŋutɔ ɖokui kple amesiwo ɖoa toe la ŋu. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.” (Timoteo I, 4:16) Bu gbe si Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ nuteƒewɔwɔtɔe dana ŋu kpɔ. Eʋã dzidzɔdzɔetɔwo eye wòkplɔa wo yia nyateƒe si naa ablɔɖe ame la gbɔ. (Yohanes 8:32) Ne amewo meɖo to gbedasia o hã la, duxɔla wɔnuteƒe la ‘aɖe eƒe agbe.’ (Xezekiel 33:9) Migana míagblẽ dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã la wɔwɔ ɖi gbeɖe o. (Korintotɔwo I, 9:16) Eye mina míakpɔ nyuie ɣesiaɣi be ‘míaɖe gbeƒã nya la,’ míagatɔ tsii gbeɖe alo adi be míagblɔe le mɔ si avivi amewo nu wu si aɖe eƒe vevienyenye dzi akpɔtɔ o.—Timoteo II, 4:2.

‘Woade Bubu Amesi Bu Mokaname Ŋu’

Ðe wòle be nugɔmesela nana aɖaŋu nyui aɖe si woɖo nɛ la nave dɔme nɛa? Lododowo 13:18 gblɔ be: “Ahedada kple ŋukpe ava amesi gbe amehehe la dzi; ke amesi bu mokaname la, woade bubu eŋu.” Nunya anɔ eme be míaxɔ mokaka si míebia hafi o kura gɔ̃ hã. Aɖaŋuɖoɖo nyui ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔ ne míekpɔe be míehiãe o gɔ̃ hã. Aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ate ŋu ana míavo tso dzigbãnyawo me eye akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na afɔku. Ðekematsɔmatsɔ le eme ana míaɖu ŋukpe.

Kafukafu si míedze na sese doa ŋusẽ mí hedea dzi ƒo na mí vavã. Gake ehiã be míanɔ mɔ kpɔm na mokaname ahaxɔe hã. De ŋugble le lɛta eve siwo Paulo ŋlɔ na Timoteo ŋu kpɔ. Togbɔ be lɛtawo kafu Timoteo le eƒe nuteƒewɔwɔ ta hã la, aɖaŋuɖoɖo geɖe le eme nɛ. Paulo xlɔ̃ nu ɖekakpui sia dɔmenyotɔe tso léle ɖe xɔse kple dzitsinya nyui ŋu, nuwɔwɔ kple amewo le hamea me, mawusosroɖa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe nɔnɔmewo tutuɖo, nufiafia ame bubuwo, tsitretsitsi ɖe xɔsegbegbe ŋu, kpakple eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋuti. Anyo be sɔhɛ siwo le hamea me nadi aɖaŋuɖoɖo tso amesiwo kpɔ nuteƒe wu la gbɔ eye woaxɔ wo faa.

‘Zɔ Kple Nunyalawo’

Fia nyanu la gblɔ be: “Ne ame ƒe didi va me la, evivia luʋɔ nu; ke vɔ̃tsitsri enye ŋunyɔ na bometsilawo.” (Lododowo 13:19) Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso gɔmesese si le lododo sia ŋu be: “Ne ame ɖo taɖodzinu aɖe gbɔ alo eƒe didi aɖe va eme nɛ la, dzidzeme aɖe yɔa ame bliboa katã me. . . Esi wònye ame ƒe didi dzi wɔwɔe nye nusi dzɔa dzi na ame wu tae wòle be vɔ̃tsitsri nanye ŋunyɔ na bometsilawo ɖo. Nu gbegblẽwo wɔwɔ koe ana woƒe didiwo nava eme, eye ne wodzudzɔ vɔ̃wɔwɔ la, ekema woxɔ dzidzɔ si ado tso woƒe didiwo dzi wɔwɔ me na wo la le wo si tegbee.” Eyata aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míana didi nyuiwo nanɔ mía me!

Aleke gbegbee míaƒe zɔhɛwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu, nusiwo míelɔ̃na kple nusiwo míelɔ̃na o dzi enye esi! Salomo gblɔ nyateƒenya matrɔmatrɔ aɖe esi wògblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Nyateƒee, amesiwo míedea ha kpli, to modzakaɖeɖe, Internet, kple nusiwo míexlẽna dzi, gɔ̃ hã kpɔa ŋusẽ ɖe amesiwo míenye kple amesiwo míava zu dzi. Aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míatia amesiwo míedea ha kplii nunyatɔe!

‘Gblẽ Domenyinu aɖe Ði’

Israel-fia la gblɔ be: “Dzɔgbevɔ̃e tia nuvɔ̃wɔlawo yome; ke etsɔa nyui tua fe na ame dzɔdzɔewo.” (Lododowo 13:21) Teƒeɖoɖo le agbagbadzedze be woanɔ dzɔdzɔe me, elabena Yehowa léa be na ame dzɔdzɔewo. (Psalmo 37:25) Gake ele be míanyae be “azãgbe kple nuɖiɖeame” vaa mí katã mía dzi. (Nyagblɔla 9:11) Ðe míate ŋu awɔ nane atsɔ adzra ɖo ɖe nudzɔdzɔ siwo míele mɔ kpɔm na o ŋua?

Salomo gblɔ be: “Viwo ƒe viwo nyia dɔmenyotɔ ƒe dome.” (Lododowo 13:22a) Domenyinu xɔasi ka gbegbee nye esi dzilawo gblẽna ɖi na wo viwo ne wokpe ɖe wo ŋu wodze si Yehowa hetu ƒomedodo nyui ɖo kple eyama! Gake ɖe nunya manɔ eme hã be míawɔ ɖoɖowo, ne anya wɔ, ɖe ƒomea ƒe dedienɔnɔ le ŋutilã me ŋu ne eva dzɔ be dzilawo dometɔ ɖeka ku kpata oa? Le teƒe geɖe la, ƒomea ƒe tawo ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe nugblẽfexeɖoɖo kple domenyinumagbalẽ ŋu, eye woate ŋu adzra ga aɖe ɖo da ɖi hena zazã le etsɔme.

Nya kae woate ŋu agblɔ tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe domenyinyi ŋu? Salomo yi edzi gblɔ be: “Wodzraa nuvɔ̃wɔla ƒe nuwo ɖo na ame dzɔdzɔe.” (Lododowo 13:22b) Tsɔ kpe ɖe viɖe siwo li fifia ŋu la, esia ava eme ne Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo be yeawɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ,” la dzi. (Petro II, 3:13) Ɣemaɣi la, woaɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.”—Psalmo 37:11.

Nugɔmesela wɔa sidzedze ŋudɔ ne nu sue aɖe koe le esi hã. Lododowo 13:23 gblɔ be: “Agble yeye me nu naa nuɖuɖu ame dahewo fũ; ke ame aɖewo tsrɔ̃na to woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me.” Dɔwɔwɔ kutrikukutɔe kple Mawu ƒe yayra wɔe be nusi le sue ŋutɔ la va sɔa gbɔ ŋutɔ. Gake ne dzɔdzɔenyenye ŋudɔwɔwɔ meli o la, nuŋumabumabu nyuie ate ŋu ana kesinɔnuwo dome nagblẽ.

‘Tso Ðe Tohehe Nɛ Ŋu Bla’

Amegbetɔ madeblibowo hiã amehehe, eye wohiãe tso ɖevime ke. Israel-fia la gblɔ be: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.”Lododowo 13:24.

Ameƒoti nye ŋusẽ ƒe dzesi. Le Lododowo 13:24 la, wozãe tsɔ fia dzilanyenye ƒe ŋusẽ. Le nusi ŋu wòku ɖo le afisia gome la, ameƒoti la zazã mefia be woaƒo ɖevi kokoko o. Ke boŋ efia ame ɖɔɖɔɖo, le go ɖesiaɖe me. Le go aɖe me la, mokaka na ɖevi dɔmenyotɔe ɖeɖe dzaa asu be wòaɖɔ eƒe nɔnɔme manyomanyo aɖe ɖo. Ðewohĩ ahiã be woagbe nya na ɖevi bubu aɖe ya vevie. Lododowo 17:10 gblɔ be “Nyaheɖeameŋu dea tame na nugɔmeselawo wu [be woaƒo] bometsilawo zi alafa.”

Ele be dzilawo nahe to na wo viwo ɣesiaɣi le lɔlɔ̃ kple nunya me be wòaɖe vi na ɖeviawo. Dzila si lɔ̃a via meŋea aɖaba ƒua eƒe vodada dzi o. Ðe ema teƒe la, edia vodadaawo ale be wòaɖe wo ɖa hafi woava ƒo ke ɖe to ɖe ɖevia me. Ke hã, dzila lɔ̃amewo wɔa Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

Ke ne dzila aɖe wɔa vi na viawo alo meɖɔa wo ɖo alesi dze o ɖe? Ðe viawo aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae emegbe ɖe alesi wòwɔ vi na woe taa? Kura o! (Lododowo 29:21) Biblia gblɔ be: “Ðevi tsibodome dea ŋukpe mo na dadaa.” (Lododowo 29:15) Dzilawo ƒe ŋusẽ ŋudɔ mawɔmawɔ le wo viwo gome ɖenɛ fiana be wometsɔ ɖeke le wo me o alo be womelɔ̃ wo o. Gake ŋusẽ ŋudɔwɔwɔ dɔmenyotɔe kple moveviɖoɖo ɖenɛ fiana be wotsɔ ɖe le eme na wo lɔlɔ̃tɔe.

Ame dzɔdzɔe dzeaɖaŋu si wɔa sidzedze ŋudɔ la akpɔ yayra. Salomo ka ɖe edzi na mí be: “Nu le ame dzɔdzɔe si wòaɖu aɖi ƒo; ke dɔkoe le ame vɔ̃ɖi ƒe ƒodo wɔm.” (Lododowo 13:25) Yehowa nya nusi nyo na mí le agbe ƒe nɔnɔme ɖesiaɖe me—le míaƒe ƒomenyawo, mía kple amewo dome ƒomedodo, míaƒe subɔsubɔdɔa, alo ne wole to hem na mí me. Eye ne míewɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nya la me dzi nunyatɔe la, míazɔ agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake dzi godoo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Ne wole ɖeklemi ɖem le nugɔmesela ŋu la, ekpɔa eƒe aɖe dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Fiaɖuƒegbeƒãɖela wɔnuteƒe wɔa nu nyui geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Togbɔ be kafukafunyawo sese dea dzi ƒo na mí hã la, ele be míalɔ̃ axɔ ɖɔɖɔɖo hã

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzila si lɔ̃a via meŋea aɖaba ƒua eƒe vodadawo dzi o