Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae Aseyetsoƒe ƒe ɖoɖo si ŋu woƒo nu tsoe le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia, ta 25 lia, nye kpɔɖeŋu na?

Mose ƒe Sea bia be “le ƒe adrelia me la anyigba la nagbɔ ɖe me.” Wode se na Israel-viwo ku ɖe ƒe ma ŋu be: “Màƒã nu ɖe wò agble me o, eye màɖe wò weinkawo ŋu hã o. Màŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye màxa weintsetse le weinka, siwo ŋu meɖe o la dzi o; ke boŋ anyigba la nagbɔ ɖe me le ƒe la me.” (Mose III, 25:4, 5) Eyata ƒe adrelia ɖesiaɖe nyea gbɔɖemeƒe alo Sabat na anyigba la. Eye ƒe 50 lia ɖesiaɖe si kplɔ Sabat-ƒe adrelia ɖo nyea Aseyetsoƒe. Nukae dzɔna le ƒe ma me?

Yehowa gblɔ na Israel to Mose dzi be: “Miakɔ ƒe blaatɔ̃lia ŋu, eye miaɖe gbe ƒã ablɔɖe le anyigba la dzi na anyigbadzitɔwo katã; aseyetsoƒe wòanye na mi, eye amesiame nagaxɔ eƒe nuwo, eye amesiame nagagbugbɔ ayi eƒe ƒometɔwo gbɔ. Ƒe blaatɔ̃lia nanye aseyetsoƒe na mi, miaƒã nu o, eye miaŋe nusiwo mie ɖe flu me o, eye miaxa weintsetse le weinka, siwo ŋu mieɖe o la dzi o.” (Mose III, 25:10, 11) Aseyetsoƒea nyea Sabat-ƒe eve si tre ɖe enu na anyigba la. Gake enyea ablɔɖe na edzinɔlawo hã. Woɖea asi le Yudatɔ siwo wowɔ kluvii ŋu. Ne nɔnɔmeawo zi ame aɖe dzi wòdzra domenyinu aɖe la, wogbugbɔnɛ naa eƒe ƒometɔwo. Aseyetsoƒea nyea nuwo gbugbɔgaɖɔɖo kple ablɔɖe na blema Israel. Nuka ƒe kpɔɖeŋue wònye na Kristotɔwo?

Ame gbãtɔ Adam ƒe aglãdzedze he ameƒomea de nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye me. Yesu Kristo ƒe tafevɔsa lae nye Mawu ƒe ɖoɖo hena ameƒomea ɖeɖe tso nuvɔ̃ ƒe kluvinyenye me. * (Mateo 20:28; Yohanes 3:16; Yohanes I, 2:1, 2) Ɣekaɣie wona ablɔɖe Kristotɔwo tso nuvɔ̃ ƒe se la me? Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom na Kristotɔ amesiaminawo la, egblɔ be: “Elabena gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la [xɔ mi] tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.” (Romatɔwo 8:2) Ne wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na amesiwo si dziƒo mɔkpɔkpɔ le la, ekema wonaa ablɔɖe sia wo. Togbɔ be ŋutilã madeblibo le wo si hã la, Mawu tsoa afia na wo be wole dzɔdzɔe eye exɔa wo be wonye yeƒe gbɔgbɔmeviwo. (Romatɔwo 3:24; 8:16, 17) Le amesiaminawo katã gome la, Kristotɔwo ƒe Aseyetsoƒea dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi.

Ke “alẽ bubuwo,” siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe mavɔ le anyigba dzi ya ɖe? (Yohanes 10:16) Le alẽ bubuawo gome la, Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua anye gbugbɔgaɖoanyi kple ablɔɖe ɣeyiɣi na wo. Le Ƒe Akpe Ðeka ƒe Aseyetsoƒe sia me la, Yesu awɔ eƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋudɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo eye wòaɖe nuvɔ̃ me tsonuwo ɖa. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Kaka Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka dziɖuɖua nawu enu la, ameƒomea ade blibo eye wòavo keŋkeŋ tso nuvɔ̃ kple ku si dome wonyi la si me. (Romatɔwo 8:21) Ne esia va eme ko la, ekema Kristotɔwo ƒe Aseyetsoƒea awu enu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Le nyateƒe me la, wodɔ Yesu ɖa ‘be wòaɖe gbeƒã ablɔɖe na gatɔwo.’ (Yesaya 61:1-7; Luka 4:16-21) Eɖe gbeƒã ablɔɖekpɔkpɔ tso mawusubɔsubɔ ƒe kluvinyenye me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ƒe Akpe Ðeka ƒe Aseyetsoƒea​—gbugbɔgaɖoanyi kple ablɔɖe ƒe ɣeyiɣie wòanye na ‘alẽ bubuawo’