Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu Ƒe Nukunuwo​—Wodzɔ Ŋutɔŋutɔa Alo Nyakpakpae?

Yesu Ƒe Nukunuwo​—Wodzɔ Ŋutɔŋutɔa Alo Nyakpakpae?

Yesu Ƒe Nukunuwo​—Wodzɔ Ŋutɔŋutɔa Alo Nyakpakpae?

“WOTSƆ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va [Yesu Kristo gbɔ]; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti.” (Mateo 8:16) “Esi [Yesu nyɔ] la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la bena: Zi ɖoɖoe, dze anyi! Tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gã aɖe zi.” (Marko 4:39) Aleke nèbua nya siawoe? Ðe nèxɔe se be woɖɔ nusiwo dzɔ le ŋutinya me ŋutɔŋutɔa, alo nèsusu be nyakpakpa siwo nye gli dzro aɖewo koe wonyea?

Ame geɖe kea ɖi le Yesu ƒe nukunuwo ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye ŋu vevie egbea. Esi míele ɣeyiɣi siwo me wozãa didiƒekpɔmɔ̃wo kple nusuekpɔmɔ̃wo, dea yamenutowo me, eye wote ŋu trɔa nugbagbewo ƒe agbedomenyiŋusẽ ta la, amewo megalɔ̃na xɔa nukunuwo kple Mawu ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ ŋuti nyatakakawo dzi sena o.

Ame aɖewo susuna be nukunuwo ŋuti nuŋlɔɖiwo nye nususugblɔwo alo nyakpakpawo ko. Le agbalẽ aɖe ŋlɔla si be yeku nu me tsitotsito tso amesi Yesu nye “ŋutɔŋutɔ” ŋu ƒe nya nu la, Kristo ƒe nukunuwo ŋutinyawo nye “boblodonya” siwo wotsɔ le Kristotɔnyenye kakamee dzro ko.

Ame aɖewo hã bua Yesu ƒe nukunuwo be wonye ameblenyawo sɔŋ. Ɣeaɖewoɣi la, wobua Yesu ŋutɔ be enye ameblela. Le Justin Martyr si nɔ anyi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me ƒe nya nu la, Yesu ŋuti ɖeklemiɖelawo “yɔe kura gɔ̃ hã be enye akunyawɔla

kple amewo blela.” Ame aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be Yesu “mewɔ nukunuwo abe Yudatɔ nyagblɔɖila o, ke abe akunyawɔla si wona hehee le trɔ̃subɔlawo ƒe gbedoxɔwo me ene boŋ.”

Nusi Womate Ŋu Awɔ O Me Ðeɖe

Awɔ na wò be ɖikeke mawo ɖe susu vevi si ta amewo melɔ̃na xɔa nukunuwo dzi sena o la me. Kpuie ko la, esesẽna na wo be woaxɔe ase be ŋusẽ siwo de ŋgɔ wu amegbetɔwo tɔ ate ŋu awɔ nukunuwo, alo kura gɔ̃ hã be womate ŋu adzɔ o. Ðekakpui aɖe si nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖikela gblɔ be: “Kpuie ko la, nukunuwo medzɔna o—evɔ.” Emegbe eyɔ ƒe alafa 18 lia me Scotlandtɔ xexemenunyala David Hume, ƒe nyawo, amesi ŋlɔ be: “Nukunu wɔwɔ nye dzɔdzɔmesewo dzi dada.”

Ke hã, anyo be ame geɖe nakpɔ nyuie le gbɔgblɔ kakaɖedzitɔe be nane mate ŋu adzɔ o ŋuti. The World Book Encyclopedia yɔ nukunu be enye “nudzɔdzɔ aɖe si me womate ŋu aɖe to dzɔdzɔmese siwo míenya dzi o.” Le numeɖeɖe ma nu la, efia be yamenutome yiyi, radio kadodomɔnuwo, kple yamenyatakakaxɔɖoɖamɔ ŋudɔwɔwɔ ate ŋu adze abe “nukunuwo” ene na ame akpa gãtɔ siwo nɔ anyi ƒe alafa ɖeka ko enye esi va yi. Le nyateƒe me la, nunya mele eme be woagblɔ kakaɖedzitɔe be nukunuwo mate ŋu adzɔ o le esi míate ŋu ato sidzedze si le mía si fifia dzi aɖe wo me o ta o.

Ne míedzro nukunu aɖewo siwo dzi Ŋɔŋlɔawo ɖo kpee be Yesu Kristoe wɔ wo me la, nuka ŋue míake ɖo? Ðe Yesu ƒe nukunuawo nye nu ŋutɔŋutɔ loo alo nyakpakpaa?