Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Kristo Bu Gãnyenyee Tutuɖo

Alesi Kristo Bu Gãnyenyee Tutuɖo

Alesi Kristo Bu Gãnyenyee Tutuɖo

“Amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla.”—MATEO 20:26.

1. Aleke xexeame bua gãnyenyee?

WOLI Farao Amenhotep III ƒe kpememe aɖe si kɔkɔ meta 18 la, ɖe afisi gogo blema Egipte-dugã Thebes (si nye Karnak egbea), si le adzɔge tso Cairo dugã la gbɔ le anyiehe anɔ kilometa 500. Amegbetɔ kpɔnɛ be yele sue ŋutɔ ne etsɔ eɖokui sɔ kple kpememe gã nyadri ma. Ŋkuɖodzikpe sia, si ɖikeke mele eme o be wowɔ kple susu be woatsɔ ade bubu gã dziɖula ma ŋu la, nye dzesi na alesi xexeame bua gãnyenyee—si ana ame nadze ame ŋkuta ŋusẽtɔ gã aɖee ale gbegbe be wòana ame bubuwo nakpɔ wo ɖokui be yewomele ɖeke me o.

2. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na eyomedzelawo, eye nya kawoe wòhia be míabia mía ɖokuiwo?

2 Tsɔ gãnyenye ŋuti nukpɔsusu sia sɔ kple nusi Yesu Kristo fia le gãnyenye ŋu kpɔ. Togbɔ be Yesue nye eyomedzelawo ƒe “Aƒetɔ kple nufiala” hã la, efia wo be gãnyenye vana toa ame bubuwo subɔsubɔ me. Le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, eklɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo tsɔ wɔ nusi fiam wònɔ ƒe kpɔɖeŋu be woase egɔme. Ðokuibɔbɔ ɖeɖe fia ka gbegbee nye si! (Yohanes 13:4, 5, 14) Be nàsubɔ alo be woasubɔ wò—kae doa dzidzɔ na wò wu? Ðe Yesu ƒe kpɔɖeŋua nyɔ didi aɖe ɖe mewò be nàbɔbɔ ɖokuiwò abe alesi wòbɔbɔ eɖokuii enea? Ekema nà míadzro alesi Kristo buna gãnyenyee, si to vovo na alesi xexeame bunɛe, la me.

Tsri Alesi Xexeame Buna Gãnyenyee

3. Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖe bubu didi na ame ɖokui tso amewo gbɔ madzemadzee me tsonu vɔ̃wo fia?

3 Biblia me kpɔɖeŋu geɖewo li siwo ɖee fia be xexeame ƒe nukpɔsusu ku ɖe gãnyenye ŋu kplɔa ame dea afɔku me. Bu ŋusẽtɔ Haman, amesi nye fiaŋume xɔŋkɔ le Persiatɔwo ƒe fiasã me le Ester kple Mardoxai ŋɔli la, ŋu kpɔ. Haman ƒe didi vevie be woade bubu ye ŋu he ŋukpe kple ku vɛ nɛ. (Ester 3:5; 6:10-12; 7:9, 10) Ke dadala Nebukadnezar, si wona wòzu tsukunɔ le ɣeyiɣi si me eƒe ŋkɔ nyɔ le eƒe dziɖuɣi, la hã ɖe? Eƒe gãnyenye ŋuti nukpɔsusu totro la dze le eƒe nya siawo me be: “Ðe menye esia nye Babel gã, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?” (Daniel 4:27) Dadala bubu hãe nye Herodes Agripa I, amesi lɔ̃ xɔ bubu si medzena o la na eɖokui le esi teƒe be wòatsɔe ana Mawu hafi. “Ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.” (Dɔwɔwɔwo 12:21-23) Esi amesiawo katã mete ŋu se alesi Yehowa bua gãnyenyee gɔme o ye he ŋukpedodo kple anyidzedze vɛ na wo.

4. Amekae le megbe na xexeame ƒe dadagbɔgbɔ la?

4 Naneke megblẽ le didi be míanɔ agbe le mɔ si ahe ŋkɔ nyui kple bubu vɛ na mí nu ŋu o. Gake Abosam nɔa te ɖe didi sia dzi nana dadagbɔgbɔ ɖoa mía me, si nyea eya ŋutɔ ƒe ɖoƒegãdidi ƒe nɔnɔme ɖeɖe fia. (Mateo 4:8, 9) Mègaŋlɔ be gbeɖe o be eyae nye “xexe sia me mawu,” eye edi vevie be yeado yeƒe susuwo ɖe ŋgɔ le anyigba dzi. (Korintotɔwo II, 4:4; Efesotɔwo 2:2; Nyaɖeɖefia 12:9) Esi Kristotɔwo nya amesi le susu mawo dom ɖe ŋgɔ ta la, wotsria xexeame ƒe nukpɔsusu le gãnyenye ŋu.

5. Ðe dzidzedzekpɔkpɔ, ameŋkutanyenye, kple kesinɔtɔnyenye nye nusiwo hea agbenɔnɔ si me dzidzeme mavɔ le vɛa? Ðe eme.

5 Susu siwo Abosam le dodom ɖe ŋgɔ dometɔ aɖee nye be ame nabui be ŋkɔxɔxɔ le xexeame, amewo ƒe bubu dede ame ŋu, kple kesinɔtɔ gã zuzu ye hea agbenɔnɔ si me dzidzɔ le vɛ. Nyateƒeea? Ðe dzidzedzekpɔkpɔ, ameŋkutanyenye, kple kesinɔtɔnyenye nye nusiwo ŋu kakaɖedzi adodoe le be woahe agbenɔnɔ si me dzidzeme mavɔ le vɛ godooa? Biblia xlɔ̃ nu mí be míagana nukpɔsusu ma naflu mí o. Nunyala Fia Salomo ŋlɔ bena: “Mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã ɖe dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wònye ɖe amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wònye.” (Nyagblɔla 4:4) Ame geɖe siwo wɔ nusianu si woate ŋui be yewoazu kesinɔtɔ xɔŋkɔwo le xexeame alɔ̃ ɖe Biblia me aɖaŋuɖoɖo ma si tso gbɔgbɔ me la ƒe nyateƒenyenye dzi. Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye ŋutsu aɖe si to yamenutomeyimɔ̃ si tsɔ amegbetɔ yi dzinu dzii ƒe aɖaŋu vɛ hexɔ ŋgɔ le ewɔwɔ kple edodokpɔ me. Egblɔ be: “Mewɔ dɔ sesĩe alesi mate ŋui hekpɔ dzidzedze le nusi mete ŋu wɔ la me alesi dze. Ke hã, enye dagbadagba ɖe yame, alo tofloko si mete ŋu he dzidzɔ mavɔ kple susu ƒe akɔdzeanyi aɖeke ve nam o.” * Alesi xexeame buna gãnyenyee, eɖanye le dɔwɔnyawo, kamedefefewo, alo modzakaɖeɖe me o, mehea dzidzeme mavɔ si ŋu kakaɖedzi le vɛ o.

Gãnyenye Vana Toa Subɔsubɔ Lɔlɔ̃tɔe Me

6. Nukae fia be gãnyenye ƒe nukpɔsusu manyomanyo nɔ Yakobo kple Yohanes si?

6 Nane dzɔ le Yesu ƒe agbe me si ɖe nusi gãnyenye vavãtɔ lɔ ɖe eme la fia. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ zɔm yina Yerusalem hena ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yesu nyruiyɔvi eve, siwo nye Yakobo kple Yohanes, ɖe gãnyenye ƒe nukpɔsusu manyomanyo aɖe fia. Woto wo dada dzi bia tso Yesu si be: ‘Wòana bena, yewoabɔbɔ nɔ anyi, ɖe eƒe nuɖusi me kple eƒe mia me le eƒe fiaɖuƒe la me.’ (Mateo 20:21) Yudatɔwo bua anyinɔnɔ ɖe amegã aɖe ƒe ɖusime alo miame be enye bubu gã dede ame ŋu. (Fiawo I, 2:19) Yakobo kple Yohanes tsɔ ɖoƒegãdidi tee kpɔ be yewoƒe asi nasu bubunɔƒe kɔkɔtɔwo kekeake dzi. Wodi be ŋusẽnɔƒe siawo nava zu yewo tɔ. Yesu nya woƒe tameɖoɖoa eye wòzã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖɔ gãnyenye ŋuti nukpɔsusu manyomanyo si nɔ wo si la ɖoe.

7. Nukae Yesu gblɔ be woawɔ be Kristotɔwo ƒe gãnyenye vavãtɔ nasu ame sii?

7 Yesu nya be le xexe sia si me dada bɔ ɖo me la, amesi wobu amegãe yekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi heɖea gbe na wo, eye kaka wòake nu ko la, wowɔa eƒe didiwo dzi enumake. Gake le Yesu yomedzelawo gome la, subɔsubɔ ɖokuibɔbɔtɔe dzie gãnyenye nɔa te ɖo. Yesu gblɔ be: “Amesi ke di bena, yeazu amegã le mia dome la, nanye miaƒe subɔla; eye amesi ke di bena, yeanye gbãtɔ le mia dome la, nanye miaƒe dɔla.”—Mateo 20:26, 27.

8. Nukae wòfia be woanye subɔla, eye nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

8 Helagbe me nya si gɔme woɖe be “subɔla” le Biblia me la fia amesi kua kutri madzudzɔmadzudzɔe le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me. Yesu nɔ nu vevi aɖe fiam eƒe nusrɔ̃lawo be: Gbeɖeɖe na amewo be woawɔ nu mewɔa ame gãe o; ke boŋ ame bubuwo subɔsubɔ le lɔlɔ̃ me ye wɔa ame gãe. Bia ɖokuiwò se be: ‘Ne nyee nye Yakobo alo Yohanes la, anye ne aleke mawɔ nui? Ðe mase egɔme le nyateƒe me be gãnyenye vavãtɔ vana toa ame bubuwo subɔsubɔ si wotu ɖe lɔlɔ̃ dzi mea?’—Korintotɔwo I, 13:3.

9. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi le nuwɔwɔ kple amewo me?

9 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be menye xexeame ƒe dzidzenu le gãnyenye ŋue woatsɔ adzidze gãnyenye si ƒe kpɔɖeŋu Kristo ɖo ɖi la o. Kristo meɖu aƒetɔ ɖe amesiwo wòsubɔ la dzi kpɔ loo alo na wose le wo ɖokui me be womele ɖeke me o. Ameƒomevi ɖesiaɖe—ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo, kesinɔtɔwo, ame dahewo, kple amegãwo, kpakple nuvɔ̃wɔla xɔŋkɔwo siaa—ɖea dzi ɖi faa le egbɔ. (Marko 10:13-16; Luka 7:37-50) Zi geɖe la, amewo megbɔa dzi ɖi na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo o. Yesu ya mewɔna nenema o. Togbɔ be eƒe nusrɔ̃lawo wɔa nusi me susu mele o eye wohea dzre ɣeaɖewoɣi hã la, efiaa nu wo le dzigbɔɖi me, tsɔ ɖenɛ fiaa wo be yebɔbɔa ye ɖokui eye yeƒe dɔme fa nyateƒe.— Zaxarya 9:9; Mateo 11:29; Luka 22:24-27.

10. Aleke Yesu ƒe agbenɔnɔ bliboa katã ɖe kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu ɖokuitɔmadimadii fiae?

10 Ðokuitɔmadimadi ƒe kpɔɖeŋu si Mawu ƒe Vi deŋgɔ sia ɖo ɖi la ɖe nusi tututu gãnyenye nye la fia. Yesu meva anyigbaa dzi be woasubɔ ye o, ke boŋ be yeasubɔ amewo, eye wòda ‘dɔléle ƒomeviwo katã’ hena gbɔdzɔe amesiwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la. Togbɔ be ɖeɖi te eŋu eye wòhiã be wòagbɔ ɖe eme hã la, etsɔa ame bubuwo ƒe nuhiãhiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɖoa ŋgɔ na etɔ, eye wòtsɔa eɖokui ɖoa anyi hefaa akɔ na wo. (Marko 1:32-34; 6:30-34; Yohanes 11:11, 17, 33) Lɔlɔ̃ si le esi ʋãe wòkpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me, hezɔ mɔ kilometa alafa geɖewo to mɔ siwo dzi ʋuʋudedi le dzi ɖaɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia. (Marko 1:38, 39) Ðikeke mele eme o be, Yesu bu ame bubuwo subɔsubɔ nu vevii.

Srɔ̃ Kristo ƒe Ðokuibɔbɔ

11. Nɔnɔme kawoe wodi tso nɔviŋutsu siwo woɖo be woasubɔ abe dzikpɔlawo ene le hamea me la si?

11 Le ƒe 1800-wo ƒe nuwuwu la, wote gbe ɖe nɔnɔme nyuitɔ si wòle be Kristotɔ dzikpɔlawo natu ɖo dzi esime wonɔ ŋutsuwo tiam be woanye Habɔbɔa teƒenɔla mɔzɔla siwo akpɔ Mawu ƒe amewo ƒe nuhiãhiãwo gbɔ. Le Zion’s Watch Tower, September 1, 1894, ƒe Eŋlisigbe me tataa ƒe nya nu la, amesiwo dim wonɔ enye ŋutsu siwo “fa tu—siwo mado wo ɖokui ɖe dzi o . . . , woanye ɖokuibɔbɔla siwo makafu wo ɖokui o, ke boŋ woakafu Kristo—amesiwo mado woa ŋutɔwo ƒe sidzedze ɖe ŋgɔ o, ke boŋ woatsɔ ŋusẽ agblɔ eƒe Nya la egɔme nanya se bɔbɔe.” Eme kɔ ƒã be, mele be Kristotɔ vavãwo nadi ɖoƒe kple susu be woaɖi kɔ na woa ŋutɔwo ƒe nudzodzro alo be yewoaxɔ ŋkɔ, akpɔ ŋusẽ, ahaɖu ame bubuwo dzi o. Dzikpɔla si bɔbɔa eɖokui ɖoa ŋku edzi be yeƒe agbanɔamedziwo nye “dɔwɔwɔ nyui,” ke menye ɖoƒe kɔkɔ didi be wòaxɔ kafukafu na eɖokui o. (Timoteo I, 3:1, 2) Ele be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo katã nawɔ wotɔ si nu be woasubɔ ame bubuwo ɖokuibɔbɔtɔe eye woaxɔ ŋgɔ le subɔsubɔ kɔkɔe me, atsɔ aɖo kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo be woasrɔ̃.—Korintotɔwo I, 9:19; Galatiatɔwo 5:13; Timoteo II, 4:5.

12. Nya kawoe wòle be amesiwo le subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo minyam le hamea me nabia wo ɖokui?

12 Ahiã be nɔviŋutsu ɖesiaɖe si le subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo minyam nabia eɖokui se be: ‘Ðe medina mɔnukpɔkpɔ siwo ana masubɔ ame bubuwoa, alo ɖe medina be amewo nasubɔm? Ðe melɔ̃na be mawɔ kpekpeɖeŋudɔ si madze ame bubuwo nakpɔ enumake oa?’ Le kpɔɖeŋu me nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe alɔ̃ faa be yeaƒo nuƒowo le Kristo-hamea me gake malɔ̃ be yeana kpekpeɖeŋu ame tsitsiwo o. Akpɔ dzidzɔ ɖe hadede kple nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ŋu gake madi be yeakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Anyo be nɔviŋutsu ɖekakpui sia nabia eɖokui be: ‘Mawu subɔsubɔ ƒe akpa si nana wodea dzesi ame henaa wokafua ame koŋ ŋue nye ŋku lea? Ðe mele nu wɔm be maɖe dzesi le amewo domea?’ Le nyateƒe me la, kafukafu didi na ame ɖokui menye Kristo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ o.—Yohanes 5:41.

13. (a) Aleke dzikpɔla ƒe ɖokuibɔbɔ kpɔɖeŋu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzii? (b) Nukatae woate ŋu agblɔ be ɖokuibɔbɔ, alo tufafa, menye nɔnɔme si ne Kristotɔ aɖe lɔ̃ hafi wòatu ɖo o?

13 Ne míeku kutri le Kristo ƒe ɖokuibɔbɔ sɔsrɔ̃ me la, aʋã mí be míasubɔ ame bubuwo. Bu alɔdzedɔwɔƒewo dzikpɔla aɖe, si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe ƒe dɔwɔnawo me tom la, ƒe kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Togbɔ be vovo menɔ dzikpɔla sia ŋu kura o eye wòle be wòakpɔ agbanɔamedzi gbogbo aɖewo gbɔ hã la, ekpe ɖe nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si agbalẽblamɔ̃ aɖe nɔ fu ɖem na la ŋu wòkpɔ ta nɛ. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Nye nu ku! Egblɔ nam be ye hã yewɔ dɔ le mɔ̃ ma tɔgbe ŋu kpɔ esime yenye ɖekakpui nɔ dɔ wɔm le Betel, eye wòɖo ŋku alesi gbegbe wòsesẽe be woatrɔ asi le mɔ̃a ŋu ɖe alesi tututu wowɔe be wòawɔ dɔe nu dzi. Ewɔ dɔ kplim le mɔ̃a ŋu ɣeyiɣi aɖe togbɔ be dɔ vevi geɖe nɔ elalam wòawɔ hã. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.” Nɔviŋutsu sia, si nye dzikpɔla fifia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe la, gaɖoa ŋku ɖokuibɔbɔ nuwɔna ma dzi. Negadzɔ gbeɖe be míase le mía ɖokui me be míekɔ akpa na dɔ tsɛwo wɔwɔ alo abu mía ɖokui ame veviwoe akpa na subɔvi ƒe dɔwo wɔwɔ o. Ke boŋ ele be míado ‘ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme.’ Esia menye nusi ne ame lɔ̃ hafi wòawɔ o. Enye ‘amenyenye yeye’ ƒe akpa aɖe si wòle be Kristotɔ nado.—Filipitɔwo 2:3; Kolosetɔwo 3:10, 12; Romatɔwo 12:16.

Alesi Woawɔ be Kristo ƒe Susu le Gãnyenye ŋu Nasu Amesi

14. Aleke ŋugbledede le mía kple Mawu kpakple mía hati amegbetɔwo dome ƒomedodowo ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu gãnyenye ŋuti nukpɔsusu nyui ɖoe?

14 Aleke míawɔ atu alesi Kristo buna gãnyenyee la ɖoe? Mɔ ɖekae nye to ŋugbledede le mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo ŋu dzi. Eƒe gãnyenye, ŋusẽ, kple nunya na eƒe sidzedze de ŋgɔ sasasã wu mí amegbetɔ maɖinuiwo tɔ. (Yesaya 40:22) Ŋugbledede le mía kple mía hati amegbetɔwo dome ƒomedodo ŋu hã kpena ɖe mía ŋu míetua ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ɖo. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abi ɖe nanewo wɔwɔ me wu ame bubuwo, gake woawo hã woate ŋu anya nanewo, siwo hiã vevie wu le agbe me la, wɔwɔ nyuie wu mí, alo nɔnɔme nyui aɖewo anɔ mía nɔvi Kristotɔwo si si manɔ mía si o. Le nyateƒe me la, ame geɖe siwo xɔ asi le Mawu ŋkume la, meɖea dzesi ale o le esi wofa tu henye ɖokuibɔbɔlawo ta.—Lododowo 3:34; Yakobo 4:6.

15. Aleke Mawu ƒe amewo ƒe nuteƒewɔwɔ meléle ɖe asi ɖee fia be susu aɖeke meli si ta ame aɖe nabu eɖokui gãe wu ame bubuwo o?

15 Yehowa Ðasefo siwo to tetekpɔwo me le woƒe xɔse ta la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si ɖe esia fia. Enuenu la, amesiwo xexeame abu ame tsɛwoe ye léa woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi le dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Ŋugbledede le kpɔɖeŋu mawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui eye wòana be ‘míabu mía ɖokui gã wu alesi dze o.’—Romatɔwo 12:3. *

16. Aleke hamea me tɔwo katã ate ŋu asrɔ̃ susu nyui si nɔ Kristo si le gãnyenye ŋu la tutuɖoe?

16 Ele be Kristotɔwo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, nadze agbagba atu alesi Kristo buna gãnyenyee ɖo. Le hamea me la, ele be woakpɔ dɔ geɖewo gbɔ. Mègagbe dɔdasi siwo adze abe dɔ tsɛwo ene la gbeɖe o. (Samuel I, 25:41; Fiawo II, 3:11) Dzilawo, ɖe míedea dzi ƒo na mía vi suewo kple ƒewuiviwo be woakpɔ dzidzɔ ɖe dɔdasi ɖesiaɖe si wona wo be woawɔ la ŋu, eɖanye le Fiaɖuƒe Akpataa me loo alo le takpekpe sue aɖe me, alo le takpekpe gã aɖe mea? Ðe wokpɔnɛ be mia ŋutɔwo mielɔ̃na wɔa dɔ siwo ŋu bubu mele boo oa? Nɔviŋutsu aɖe, si le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã, ɖo ŋku edzilawo ƒe kpɔɖeŋu dzi nyuie. Egblɔ be: “Alesi wotsɔa dzo ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me alo takpekpewɔƒe dzadzraɖodɔwo ŋui na medze sii be wobui nu vevii. Zi geɖe la, wotsɔa wo ɖokui nana faa wɔa dɔ siwo aɖe vi na hamea alo nɔviwo ƒe habɔbɔa, metsɔ le alesi dɔa adze abe dɔ tsɛe ene me o. Woƒe nɔnɔme sia kpe ɖe ŋunye melɔ̃na faa wɔa dɔdasi ɖesiaɖe ƒomevi le Betel afisia.”

17. Mɔ kawo nue nɔvinyɔnu ɖokuibɔbɔlawo ate ŋu anye yayra na hamea le?

17 Le ame bubuwo ƒe nyonyo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na ame ŋutɔ tɔ gome la, míekpɔ eƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe le Ester, amesi va zu fianyɔnu le Persia-fiaɖuƒea me le ƒe alafa 15 lia D.M.Ŋ. me la, gome. Togbɔ be enɔ fiasã me hã la, elɔ̃ faa be yeatsɔ yeƒe agbe aɖo anyi ɖe Mawu ƒe amewo ta le ɖekawɔwɔ me kple eƒe lɔlɔ̃nu. (Ester 1:5, 6; 4:14-16) Eɖanye aleke kee Kristotɔ nyɔnu siwo li egbea ƒe ganyawo le o, woate ŋu aɖe gbɔgbɔ si ɖi Ester tɔ la afia to dzidedeƒo na blanuilélawo, dɔnɔwo sasrã kpɔ, gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, kpakple nuwɔwɔ aduadu kple hamemegãwo me. Yayra ka gbegbee nye si nɔvinyɔnu ɖokuibɔbɔla siawo nye na hamea!

Yayra Siwo Tsoa Alesi Kristo Buna Gãnyenyee Tutuɖo Me

18. Viɖe kawoe míekpɔna tsoa alesi Kristo buna gãnyenyee la ɖeɖe fia me?

18 Àkpɔ viɖe geɖe ne èyi edzi ɖea alesi Kristo buna gãnyenyee la fiana. Ame bubuwo subɔsubɔ ɖokuitɔmadimaditɔe hea dzidzɔ vɛ na mia kpli wo siaa. Esi nèlɔ̃ faa hedo vevie nu le ame bubuwo subɔsubɔ me la, wò nu va léa dzi na wo. (Dɔwɔwɔwo 20:37) Vevietɔ wu la, Yehowa bua nusiwo míewɔna tsɔ doa hati Kristotɔwo ƒe nyonyo ɖe ŋgɔe abe kafukafuvɔsa si dzea eŋu la ene.—Filipitɔwo 2:17.

19. Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpa le alesi Kristo buna gãnyenyee la ŋu?

19 Ehiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nadzro eƒe dzime abia be: ‘Ðe maƒo nu tso alesi Kristo buna gãnyenyee la ŋu dzro koa, alo ɖe mado vevie nu aɖee fia le nuwɔna ŋutɔŋutɔ mea?’ Alesi Yehowa bua amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzii la dze ƒã. (Lododowo 16:5; Petro I, 5:5) Neva eme be míaƒe nuwɔnawo naɖee fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi Kristo buna gãnyenyee ɖeɖe fia ŋu, eɖanye le Kristo-hamea me, le míaƒe ƒomea me, alo le míaƒe gbesiagbe nuwɔwɔ kple mía hati amegbetɔwo me o—eye míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.—Korintotɔwo I, 10:31.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 1, 1982, axa 3-6, ƒe tanya si nye “Dzidzedzekpɔkpɔ Didi.”

^ mm. 15 Kpɔ 1992 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, ƒe axa 181-2, kple Gbetakpɔxɔ September 1, 1993, axa 27-31, hena kpɔɖeŋuwo.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae wòle be míatsri alesi xexeame buna gãnyenyee?

• Nukae Yesu gblɔ be eyae wɔa ame gãe?

• Aleke dzikpɔlawo ate ŋu asrɔ̃ Kristo ƒe ɖokuibɔbɔe?

• Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu alesi Kristo buna gãnyenyee la ɖo?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 17]

Amekae Bua Gãnyenye abe Alesi Kristo Bunɛe Ene?

Amesi dina be woasubɔ ye loo alo amesi lɔ̃na faa subɔa amewoe?

Amesi lɔ̃a nusiwo ana ame naɖe dzesi ko wɔwɔ loo alo amesi lɔ̃na faa wɔa dɔ tsɛwoe?

Amesi doa eɖokui ɖe dzi loo alo amesi doa ame bubuwo ɖe dzie?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Farao Amenhotep III ƒe kpememe gã nyadri aɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðe nènya nusi he Haman ƒe anyidzedze vɛa?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Ðe nèdia mɔnukpɔkpɔ siwo ana nàsubɔ ame bubuwoa?