Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dziɖuɖu Nyuitɔ Didi

Dziɖuɖu Nyuitɔ Didi

Dziɖuɖu Nyuitɔ Didi

“Alesi xexeme dukɔwo ƒe tenɔnɔ ɖe wo nɔewo ƒe kpekpeɖeŋu dzi le dzidzim ɖe edzii la wɔe be kuxi siwo tsiana ɖe wo nɔewo nu, siwo gbɔ dukɔ ɖekaɖekawo mate ŋu akpɔ le wo ɖokui si azɔ o la, va bɔ le xexeame katã. Nuwɔwɔ aduadu kple ame nɔewo le xexeame katã dzi koe míate ŋu ato akpɔ ameƒomea ƒe afɔku kple gbetɔame siwo nu le sesẽm ɖe edzi la gbɔ.”—Ghulam Umar, Pakistantɔwo ƒe dunyahenyawo ŋutinunyala.

NUWƆNA siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu bɔ ɖe xexeame egbea. Togbɔ be ŋutilãmenuwo do agbogbo hã la, ame geɖewo kpea fu hafi kpɔa nusi woaɖu kple nusi woado. Togbɔ be míele ɣeyiɣi sia si me wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo le eletrikmɔ̃ɖaŋununya me le ŋutinya me hã la, ame geɖewo kpea fu ŋutɔ hafi kpɔa dɔwɔɖui si woate ŋu awɔ ɣeyiɣi didi. Togbɔ be edze abe ablɔɖe si me ameƒomea le egbea de ŋgɔ ŋutɔ hã la, ame miliɔn geɖewo tsi dzodzodzoe, womele dedie o, eye kakaɖedzi hã mele wo si o. Ðewohĩ mɔnukpɔkpɔ nyoameŋuwo ƒo xlã mí, gake nufitifitiwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ siwo bɔ ɖe afisiafi wɔe be mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe.

Kuxi siwo me tom ameƒomea le la nu sẽ ale gbegbe be dukɔ ɖeka alo dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe gɔ̃ hã mate ŋu akpɔ wo gbɔ o. Eyata kuxiawo teƒekpɔla geɖewo ƒo nya ta be hafi ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava xexeame ŋutɔŋutɔ la, ke ɖeko wòle be dukɔwo katã naƒo ƒu awɔ ɖeka ahanɔ dziɖuɖu ɖeka ko te hafi. Le kpɔɖeŋu me, Albert Einstein, lɔ̃ ɖe susu sia dzi xoxoxo va yi. Le ƒe 1946 me la, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Meka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be, ame akpa gãtɔ siwo le xexeame adi vevie be yewoanɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ me . . . Ŋutifafa si dim ameƒomea le vevie la ate ŋu ava to xexemedziɖuɖu ɖeka aɖe si woaɖo anyi ko dzi.”

Ƒe blaatɔ̃e nye esia va yi, ke hã, womete ŋu kpɔ nudidi vevi sia gbɔ o. Esi Paris, France, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde nɔ kuxi siwo yi edzi le ƒe alafa 21 lia me yɔm la, egblɔ be: “Ehiã be woaɖo dukɔwo dome dziɖuɖu aɖe si si ŋutete anɔ be wòato eƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo, dukplɔɖoɖowo, kple dukplɔsewo dzi akpɔ ameƒomea ƒe kuxi si nye gbevovodolawo ƒe wo nɔewo wuwu le dukɔ ɖeka me gbɔ enumake le xexeame ƒe akpa sia akpa. Ehiã be mí katã míalɔ̃ ɖe susu sia dzi be Anyigba la nye dukɔ ɖeka tso fifia dzi yi.” Ameka alo nuka sie ŋutetea le be wòahe nɔnɔme sia vɛ ale be ameƒomea nanɔ ŋutifafa me le etsɔme?

Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo Ate Akpɔ Kuxia Gbɔa?

Ame geɖewo da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔ dzi be eyae ahe ŋutifafa ava xexea mee. Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo nye dziɖuɖu aɖe si ate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ ava xexeamea? Ðikeke mele eme o be míesea dunyahehe me ŋugbedodo gbogbo siwo ʋãa ame henaa mɔkpɔkpɔ ame. Le kpɔɖeŋu me, le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe 2000 ƒe “Ƒe Akpe Ðeka ƒe Ŋugbedodo” me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpea do ŋugbe wɔdɔɖeamedzi sia be: “Míawɔ nusianu si míate ŋui be míana míaƒe amewo navo tso aʋawɔwɔ, eɖanye le dukɔmeviʋa loo alo dukɔ aɖe kple bubu ƒe aʋawɔwɔ o, siwo na ame miliɔn 5 kple edzivɔwo ku la, si me.” Amewo kple habɔbɔ geɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu hekafui ŋutɔ ɖe eƒe ŋugbedodo sia ta, eye esia wɔe hã be wòxɔ Nobel Ŋutifafa ƒe Nunana la le ƒe 2001 me. Le esia ta la, esi Norwaytɔwo ƒe Nobel Nunana ƒe Kɔmiti nɔ bubu dem Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu la, egblɔ be, “Dukɔ Ƒoƒuawo dzi koe míate ŋu ato be ŋutifafa kple nuwɔwɔ ɖekae nanɔ xexeame.”

Togbɔ be amewo kpɔ mɔ na Dukɔ Ƒoƒuawo, si woɖo le ƒe 1945 me, hã la, ɖe wòwɔ nu abe dziɖuɖu si ate ŋu ahe ŋutifafa vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa la ava xexeamea? Ao, elabena dukɔ siwo ƒo ƒu la dometɔ ɖesiaɖe dia eɖokui tɔ hedoa woawo ɖeɖe ko ƒe nukpɔsusuwo ɖe ŋgɔ si wɔe be agbagba siwo katã dzem wònɔ la dome gblẽ. Nyadzɔdzɔgbalẽ ŋlɔla aɖe ɖe alesi amewo susuna tso Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu gblɔ ale: “Xexeamenɔlawo ƒe nukpɔsusuwo ɖegblɔha aɖe koe Dukɔ Ƒoƒuawo nye” eye be “nya siwo ŋu amewo hea nya le ƒe gbogbo aɖewo koe eƒe ɖoɖowo nye, eye kuxiawo dometɔ ʋẽ aɖewo gbɔ koe wokpɔ, nenye be wokpɔ ɖe gbɔe nye ma.” Nyabiasea gakpɔtɔ li kokoko be: Ðe dukɔ siwo le xexeame ate ŋu ava wɔ ɖeka ŋutɔŋutɔ gbaɖegbea?

Biblia ɖee fia be eteƒe madidi hafi míakpɔ ɖekawɔwɔ ma teƒe o. Aleke esia adzɔe? Eye dziɖuɖu kae ahee vɛ? Be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Einstein lɔ̃ ɖe edzi be míehiã na xexemedziɖuɖu aɖe

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Einstein: U.S. National Archives photo