Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Naa Gɔmesese Vavãtɔ Nɔa Agbe Ŋu?

Nukae Naa Gɔmesese Vavãtɔ Nɔa Agbe Ŋu?

Nukae Naa Gɔmesese Vavãtɔ Nɔa Agbe Ŋu?

ESI wobia Jesse, si xɔ ƒe 17 si le sekɛndrisuku dem be wòagblɔ gɔmesese si le agbe ŋu la, eɖo ŋu be: “Esi nèkpɔtɔ le agbe ko la, ele be naɖu agbe blibaa alesi nàte ŋui.” Gɔmesese bubu nɔ Suzie ya si. Egblɔ be: “Mexɔe se vevie be mɔ si nu ame ŋutɔ nɔ agbe ɖoe na gɔmesese vavãtɔ nɔa agbe ŋu nɛ.”

Èbu gɔmesese si tututu le agbe ŋu ŋu kpɔa? Ðe tameɖoɖo ɖeka kolia aɖe li na ameƒomea katãa? Alo nyateƒee Suzie to—be nusi mía dometɔ ɖesiaɖe awɔ dzi koe míato ase agbe gɔmea? Eɖanye ŋgɔyiyi ka kee míewɔ le mɔ̃ɖaŋununya me o, le ememe la, míedina vevie be míanya gɔmesese si tututu le agbe ŋu. Mía dometɔ akpa gãtɔ biana ɣeaɖewoɣi be: ‘Nukatae míele afisia ɖo?’

Wodze agbagba vevie be yewoazã egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya atsɔ aɖo nya sia ŋui. Ŋuɖoɖo kae wokpɔ? David P. Barash, si nye susu kple lãwo ŋuti nufialagã gblɔ be: “Susu vevi aɖeke mele nɔnɔmetɔtrɔ nukpɔsusua me si ana míase agbe gɔme o.” Nugbagbewo ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋutinunyalawo xɔe se be, taɖodzinu ɖekae le nusiwo me agbe le la si: be woanɔ agbe adzi viwo. Eyata Nufialagã Barash do susua ɖa be: “Le xexe gã sia si si taɖodzinu aɖeke mele o eye metsɔa ɖeke le eme na ame o me la, ekpo ɖe mí amegbetɔ ŋutɔwo gbɔ be míanɔ te ɖe ɖokuisi tiatiawɔblɔɖe dzi ana be gɔmesese nanɔ míaƒe agbe ŋu.”

Gɔmesese Kple Tameɖoɖo si le Agbe Ŋu Tsoƒe

Ðe wòfia be gɔmesese si le agbe ŋu la katã koe nye emaa—be mía dometɔ ɖesiaɖe nawɔ nusi dze eya ŋutɔ ŋu koa? Le esi teƒe be Biblia nagble mí ɖi taɖodzinu aɖeke manamanae le xexe si me tameɖoɖo alo gɔmesese aɖeke mele o me la, eɖee fia gbaɖegbe ke be susu aɖe tae míele afisia ɖo. Menye ɖeko míeva dzɔ ɖe afisia kpoyi o. Wogblɔ na mí be mía Wɔla la zã ƒe gbogbo aɖewo tsɔ wɔ anyigba hedzrae ɖo be amegbetɔ nava nɔ edzi. Naneke medzɔ le eɖokui si o. Ekpɔ egbɔ be nusianu si yewɔ la ‘nyo ŋutɔ.’ (Mose I, 1:31; Yesaya 45:18) Nukatae? Elabena tameɖoɖo le Mawu si na amegbetɔwo.

Ke hã, dzidzɔnyae wònye be míanya be Mawu meɖoa mía dometɔ aɖeke ƒe etsɔme dana ɖi, eɖanye to eya ŋutɔ ƒe asitɔtrɔ le nuwo ŋu loo alo to míaƒe lãmenugbagbeviwo ƒe dɔwɔna dzi, o. Togbɔ be míaƒe domenyinu nugbagbeviwo kpɔa ŋusẽ aɖewo ɖe mía dzi hã la, mía ŋutɔwo míete ŋu trɔ asi le míaƒe nuwɔnawo ƒe akpa gãtɔwo ŋu. Mía ŋutɔwoe tiaa alesi míanɔ agbee.

Togbɔ be mía dometɔ ɖesiaɖe tiaa nusi wòadi be yeatsɔ yeƒe agbe awɔe hã la, anye vodada be míaɖe Wɔla la ɖa le míaƒe nuwɔnawo me. Le nyateƒe me la, ame geɖe kpɔe dzesii be ƒomedodo aɖe me nɔnɔ kple Mawu ye nana wosea agbe kple tameɖoɖo si le eŋu la gɔme. Wote gbe ɖe kadodo vevi si le Mawu kple míaƒe tameɖoɖo si le agbe ŋu dome la dzi le Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nue nye “Enaa Wòvaa Eme” la me. (Mose II, 6:3; Psalmo 83:19) Efia be enaa nu ɖesiaɖe si ƒe ŋugbe wòdo la nɔa eme vam vivi eye ɣeawokatãɣi la, ewɔa nusianu si wòɖo be yeawɔ la dea goe ɣesiaɣi. (Mose II, 3:14; Yesaya 55:10, 11) De ŋugblẽ le gɔmesese vevi ma ŋu kpɔ ko. Gɔmesese si le ŋkɔ Yehowa ŋu la ana be mí katã míaka ɖe edzi be eya gbɔ koe tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ si nu metsina o la tso.

Lɔlɔ̃ ɖe edzi ko be Wɔla la li gɔ̃ hã kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu dzi. Linet, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Ne mekpɔ nuwɔnuku siwo katã Yehowa wɔ kple tameɖoɖo si le wo ŋu la, ena mesena le ɖokuinye me be, tameɖoɖo aɖe tae wowɔ nye hã ɖo.” Amber gblɔ kpee be: “Ne amewo gblɔ be ‘yewomenya ne Mawu li alo meli o’ la, enaa meɖoa ŋku edzi be nye ya menya be Eli. Nusiwo katã Yehowa wɔ ɖo kpe edzi be Eli.” (Romatɔwo 1:20) Ele eme baa be enyanya be Wɔla la li nye nyaa ƒe akpa aɖe, gake eƒe akpa bubu hãe nye be woatu ƒomedodo ɖɔʋu aɖe ɖo Kplii.

Xɔlɔ̃dzedze Mawu

Biblia agate ŋu akpe ɖe mía ŋu le go sia hã me. Eƒe ta gbãtɔawo na eme kɔ ƒãa be Yehowa Mawu nye Fofo lɔlɔ̃tɔ aɖe. Le kpɔɖeŋu me, mewɔ Adam kple Xawa heɣla amesi ƒomevi wònye la ɖe wo o. Ke boŋ eɖoa dze kpli wo edziedzi. Meɖe asi le wo ŋu ɖe Eden be woawo ŋutɔ nalé woƒe mɔ atsɔ le xexeame, le esime eya ŋutɔ le nu bubuwo gbɔ kpɔm, o. Ðe ema teƒe la, ena mɔfiame siwo le tẽ la wo ku ɖe alesi woanɔ agbee ŋu. Ede dɔ aɖe si me dzidzeme nɔ la wo si be woawɔ, eye wòwɔ ɖoɖo be woakpɔtɔ anɔ hehe si nam wònɔ wo la xɔm. (Mose I, 1:26-30; 2:7-9) Ðe menye nusiae nàkpɔ mɔ be dzila lɔ̃ame si tsɔa ɖe le eme nawɔ oa? Azɔ de ŋugblẽ le nusi esia fia la ŋu. Denielle gblɔ be: “Enyanya be Yehowae wɔ anyigba eye wòwɔ mí kple ŋutetea be míase vivi tso yeƒe nuwɔwɔwo me ɖee fiam be edi be míakpɔ dzidzɔ.”

Nusi gade ŋgɔ wu emae nye be, abe alesi wòle le fofo nyuie ɖesiaɖe gomee ene la, Yehowa di be ye viwo katã nanɔ ƒomedodo nyuie aɖe me kpli ye. Le susu ma ta la, Dɔwɔwɔwo 17:27 ka ɖe edzi na mí be: “Mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.” Nukae ɖedzesi le nya sia ŋu? Amber gblɔ be: “Yehowa nyanya na meka ɖe edzi be nyemetsi akogo kura o. Eɖanye nuka kee ɖadzɔ o, ame aɖe le asinye si ŋu matrɔ ɖo.” Gawu la, ne èva nya Yehowa la, àde dzesii be eƒe dɔme nyo, ele dzɔdzɔe, eye wònyo. Àte ŋu aka ɖe eyama dzi. Jeff gblɔ be: “Esi Yehowa va zu xɔnye vevi aɖe la, menyae be ame aɖeke meli si anɔ klalo akpe ɖe ŋunye ɣeawokatãɣi wu Eya o.”

Nublanuitɔe la, wogblɔ nya vlo geɖe ɖe Yehowa ŋu. Wogblɔ be eya gbɔe ameƒomea ƒe fukpekpewo kple agbe baɖa siwo yia edzi le subɔsubɔ me la tso. Wogblɔ be egbɔe amegbetɔƒomea ƒe ŋutasẽnuwɔna vɔ̃ɖitɔwo kekeake dometɔ aɖewo tso. Gake Mose V, 32:4, 5 gblɔ be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ. Wowɔ nu tovo ɖe eŋu, ŋukpenanu wonye, eye womenye viawo o.” Eyata enye míaƒe agbanɔamedzi be míade ŋugblẽ le nyateƒenyawo ŋu na mía ɖokui.—Mose V, 30:19, 20.

Mawu ƒe Tameɖoɖo Va Eme

Gake aleke kee míeɖatso nya mee o, naneke mate ŋu axe mɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba sia kple na ameƒomea mava eme o. Mele be míaŋlɔe be o be eyae nye Wɔla la. Ke nukae nye tameɖoɖo ma? Yesu Kristo ƒo nu tso eŋu le eƒe Todzimawunya me esi wògblɔ be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” Emegbe la, eɖee fia eƒe apostolo Yohanes be Mawu ɖoe kplikpa be ‘yeatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ (Mateo 5:5; Nyaɖeɖefia 11:18) Esi Yesu nɔ Mawu gbɔ le nuwo wɔɣi ta la, enyae be Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea me ke be amegbetɔƒome deblibo aɖe nanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. (Mose I, 1:26, 27; Yohanes 1:1-3) Mawu metrɔ o. (Maleaxi 3:6) Mawu do ŋugbe be: “Alesi mebu ɖe ta me la, nenema wòanɔ, eye alesi meɖo la, nenema wòava mee.”—Yesaya 14:24.

Le míaƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa do ŋgɔ ɖo amewo ƒe anyinɔnɔ ɖekae le ŋutifafa me gɔme anyi, menye ɖe ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi dzi abe alesi wòle le míaƒe egbe xexeame ene o, ke boŋ ɖe lɔlɔ̃ na Mawu kple na ame havi dzi. (Yohanes 13:35; Efesotɔwo 4:15, 16; Filipitɔwo 2:1-4) Lɔlɔ̃nu faa ƒe ƒuƒoƒo aɖe si me tɔwo tsɔ didi vevi le ŋgɔyiyi geɖe wɔm le woƒe dɔdasi—si nye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ava ŋuti nyanyui hafi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu naɖo—la wɔwɔ me. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Le dukɔ 230 kple edzivɔ me la, Kristotɔ siwo ƒe xexlẽme wu miliɔn ade le ta dem agu ɖekae xoxo le dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la me.

Nà Gɔmesese Nanɔ Wò Agbe Ŋu

Ne èdi be gɔmesese si deto wu nanɔ wò agbe ŋu la, taflatse ke nyae be ɖee Yehowa Mawu le kpewòm be nàva bɔ ha kple yeƒe amewo—eƒe “dukɔ dzɔdzɔe” la—fifia. (Yesaya 26:2) Gake ɖewohĩ anɔ wɔwɔm na wò evevee be: ‘Aleke Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia metɔwo nɔa agbee? Ðe mèdi be manɔ wo dome ŋutɔŋutɔa?’ Se nya siwo sɔhɛ aɖewo gblɔ ɖa:

Quentin: “Hamea nye takpɔnu nam le xexeame. Enyanya be Yehowa le akpa vevi aɖe wɔm le nye agbe me kpe ɖe ŋunye menyae be eli eye wòdi be makpɔ dzidzɔ.”

Jeff: “Hamea mee nye teƒe nyuitɔ si mate ŋu ayi axɔ dzideƒoname. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le afima, eye wodoa ŋusẽm hekafuam. Wova zu ƒonyemetɔwo nyateƒe.”

Linet: “Nyemate ŋu atsɔ dzi si dzɔam, ne mekpɔ ame aɖe wòxɔ Biblia me nyateƒea hetso nya me be yeasubɔ Yehowa la, asɔ kple ɖeke o. Esia naa nye dzi dzea eme ale gbegbe.”

Cody: “Yehowa manɔmee la, viɖe aɖeke manɔ nye agbe ŋu o. Manɔ nuwo katã tem kpɔ abe alesi ame geɖe le ewɔm ene, ahanɔ dagbadagbam be dzidzɔkpɔkpɔ dimee mele, evɔ masu asinye hã o. Ðe esia teƒe la, Yehowa na mɔnukpɔkpɔ gã siam si nye be manɔ ƒomedodo me kpli ye, emae wɔe be gɔmesese le nye agbe ŋu.”

Nukatae wò ŋutɔ màwɔ numekuku le esia ŋu o? Àva de dzesii be to tete ɖe Wɔla, Yehowa Mawu, ŋu la, gɔmesese ŋutɔŋutɔ ava su asiwò le agbe me.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ƒomedodo me nɔnɔ kple Mawu nana be gɔmesese va nɔa míaƒe agbe ŋu

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 29]

NASA photo