Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Enelia Me

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Enelia Me

Yehowa ƒe Nya la Le Agbe

Nya Vevi Siwo Tso Mose ƒe Agbalẽ Enelia Me

ESI Israel-viwo ʋu tso Egipte la, woɖo wo dukɔe. Le esia megbe kpuie la, anye ne woɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi hafi, gake meva eme nenema o. Ke boŋ eva hiã be woatsa tsaglãla le “gbe gã dziŋɔ ma dzi” ƒe blaene aɖewo. (Mose V, 8:15) Nukatae? Blemaŋutinya si woŋlɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Enelia me gblɔ nusi dzɔ na mí. Ele be wòana míakpɔe be ehiã be míaɖo to Yehowa Mawu ahade bubu eteƒenɔlawo ŋu.

Mose ƒe Agbalẽ Enelia si Mose ŋlɔ le gbeadzi kple le Moab-tagba la ƒo nu tso ƒe 38 kple ɣleti 9—tso ƒe 1512 D.M.Ŋ. vaseɖe 1473 D.M.Ŋ.—me nudzɔdzɔwo ŋu. (Mose IV, 1:1; Mose V, 1:3) Esime woxlẽ Isreal-viwo zi gbãtɔ hegaxlẽ wo ake le ƒe 38 megbe mee woɖe Mose ƒe agbalẽ enelia (Mose IV) ƒe Eŋlisigbe me ŋkɔ “Numbers” tsoe. (Ta 1-4, 26) Nuŋlɔɖia ma ɖe akpa etɔ̃ me. Akpa gbãtɔ gblɔ nusiwo dzɔ le Sinai-toa gbɔ. Evelia ku ɖe nusiwo yi edzi esime Israel nɔ tsaglãla tsam le gbeadzi ŋu. Eye akpa mamlɛa ƒo nu tso nusiwo dzɔ le Moab-tagba ŋu. Ne èle nuŋlɔɖi sia xlẽm la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Nukawo fiamee nudzɔdzɔ siawo lem? Ðe gɔmeɖose aɖewo le agbalẽ sia me si ate ŋu akpe ɖe ŋunye egbea?’

LE SINAI-TO LA GBƆ

(Mose IV, 1:1–10:10)

Esime Israel-viwo gakpɔtɔ nɔ Sinai-toa gbɔe woxlẽ wo zi gbãtɔ. Ŋutsu siwo xɔ tso ƒe 20 heyii, siwo ŋuti Lewi-viwo mekpe ɖo o, la ƒe xexlẽme nɔ 603,550. Edze ƒã be asrafowo tiatia tae wòxlẽ ameawo ɖo. Asaɖa bliboa, si me nyɔnuwo, ɖeviwo, kple Lewi-viawo nɔ la, anɔ ame miliɔn etɔ̃ kple edzivɔwo.

Le ameawo xexlẽa megbe la, wona ɖoɖo si nu woazɔ mɔa ɖo, Lewi-viwo ƒe dɔdasiwo kple subɔsubɔ le avɔgbadɔ me, dɔnɔwo ɖeɖeɖeaga, kple ŋuʋaʋã ŋuti sewo kpakple Nasiretɔwo ƒe ŋugbedodowo ŋuti mɔfiame veviwo Israel-viawo. Vɔ siwo amegãwo sa esime wokɔ vɔsamlekpuia ŋu la ŋuti nyatakakawo le ta 7 lia me, eye ta 9 lia ƒo nu tso Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu ŋu. Wona mɔfiafia ameha la le ɖoɖo si nu woaƒu asaɖa anyi kple alesi woazɔe ŋu.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

2:1, 2—Nukawoe nye “dzesi” siwo gbɔ wòle be Israel-vi siwo woma ɖe hatsotso etɔ̃ me la naƒu asaɖa anyi ɖo le gbeadzi? Biblia meɖɔ alesi dzesi siawo le o. Ke hã, womebu wo be wonye dzesi kɔkɔewo alo subɔ wo o. Dzesiwo koe wonye—akpe ɖe ame ŋu wòanya enɔƒe le asaɖaa me.

5:27—Nukae srɔ̃nyɔnu wɔ ahasi ƒe ‘ali si aklẽ’ la fia? Nyagbe si wozã le afisia be “ali” la fia vidzinuwo. (Mose I, 46:26) Be ‘wòaklẽ’ la fia be vidzinuawo ƒe alé bu, ale be fu maganya fɔ o.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

6:1-7. Wobia tso Nasiretɔwo si be woatsri nusiwo me wein le kple ahamuamewo katã, si bia be woagbe nu le wo ɖokui gbɔ. Ele be woana woƒe ɖawo nato legbee—wòanye ɖokuibɔbɔ na Yehowa ƒe dzesi, abe alesi ko wobia tso nyɔnuwo si be woabɔbɔ na wo srɔ̃ŋutsuwo alo fofowo ene. Ele be Nasiretɔwo nanɔ dzadzɛ to wo ɖokuiwo tete ɖa le ame kuku ŋu, ne eganye ƒometɔ kplikplikpli aɖe hã, me. Amesiwo subɔna ɣeyiɣiawo katã ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana to nugbegbe le wo ɖokuiwo gbɔ kple wo ɖokuibɔbɔ na Yehowa kple eƒe ɖoɖo me. Dɔdasi aɖewo abia be woayi dukɔ siwo gbɔ didi me, si ate ŋu ana wòasesẽ alo womate ŋu agbɔ va aƒe ne ƒometɔ kplikplikpli aɖe ku o.

8:25, 26. Be woate ŋu akpɔ Lewi-viwo ƒe dɔdasiwo gbɔ nyuie, kpakple le tsitsi ta la, wode se na ame tsitsiwo be woaɖe asi le subɔsubɔdɔ sesẽwo wɔwɔ ŋu. Ke hã, woate ŋu alɔ̃ faa akpe ɖe Lewi-vi bubuwo ŋu. Togbɔ be dzudzɔxɔxɔ aɖeke mele Fiaɖuƒegbeƒãɖelanyenye ŋu egbea o hã la, nusɔsrɔ̃ vevi aɖe le gɔmeɖose sia me. Ne tsitsi wɔe be Kristotɔ aɖe mate ŋu atsɔ agba aɖewo o la, ate ŋu aƒo eɖokui ɖe subɔsubɔ si ƒomevi wòate ŋu awɔ la me.

TSAGLÃLATSATSA LE GBEADZI

(Mose IV, 10:11–21:35)

Esi alilikpo si do ɖe avɔgbadɔ dzi ho mlɔeba la, Israel-viawo dze mɔ aɖe si akplɔ wo aɖado ɖe Moab-tagba wòaxɔ ƒe 38 kple ɣleti ɖeka alo eve la zɔzɔ gɔme. Anyo ŋutɔ be nàkpɔ teƒe siwo woto le anyigbatata, si le ‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’ ƒe agbalẽ gbadzaa, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 9 lia dzi.

Esi wodze mɔ ɖo ta Kades, le Paran-gbedzi la, woli liʋiliʋi zi etɔ̃ ya teti. Yehowa tsi gbãtɔ nu esime wòna dzo fiã ameawo dometɔ aɖewo. Emegbe Israel-viawo fa avi bia be woana lã yewo, eye Yehowa na tegli wo. Liʋiliʋi si Miryam kple Aron li le Mose ŋu na Miryam dze anyi hena ɣeyiɣi aɖe.

Esi woƒu asaɖa anyi ɖe Kades la, Mose dɔ ŋutsu 12 ɖa be woaɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi. Wotrɔ gbɔ le ŋkeke 40 megbe. Esi dukɔa xɔ ŋkutsala ewoawo ƒe nyatakaka gbegblẽawo dzi se la, wodi be yewoaƒu kpe Mose, Aron, kple ŋkutsala wɔnuteƒe Yosua kple Kaleb. Yehowa ɖoe be yeatsɔ dɔvɔ̃ atsrɔ̃ dukɔae, gake Mose ɖe kuku ɖe wo nu, eye Mawu gblɔ be woazu tsaglãlatsalawo le gbeadzi ƒe 40 sɔŋ—vaseɖe esime amesiwo woxlẽ la naku.

Yehowa na se bubuwo kpee. Korax kple ame bubuwo dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu, gake wotsɔ dzo tsrɔ̃ aglãdzelawo loo alo anyigba ke nu mi wo. Le ŋufɔke la, ha bliboa li liʋiliʋi le Mose kple Aron ŋu. Nusi do tso emee nye be ame 14,700 ku le fuwɔame si Yehowa he va wo dzii me. Esi Mawu di be woanya amesi yetia be wòanye nunɔlagã la, ena Aron ƒe atikplɔ ƒo se. Emegbe Yehowa gana sewo kpee ku ɖe Lewi-viwo ƒe dɔwɔwɔwo kple dukɔa ŋu kɔkɔ ŋu. Nyinɔ dzẽ la ƒe afi zazã nye kpɔɖeŋu na alesi woava kɔ amewo ŋu to Yesu ƒe vɔsaa dzie.—Hebritɔwo 9:13, 14.

Israel-viawo gbugbɔ trɔ yi ɖe Kades, afisi Miryam ku le. Ameha la gali liʋiliʋi le Mose kple Aron ŋu ake. Ðe nukata? Ðe tsimanɔanyi ta. Esi Mose kple Aron mekɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu esime wona tsi do nukutɔe o ta la, Ŋugbedodonyigbaa dzi yiyi to wo ŋu. Israel gadze mɔ tso Kades, eye Aron ku le Hor-to gbɔ. Esi Israel-viawo nɔ Edom xa tom la, ɖeɖi te wo ŋu eye woto nyatoƒoe le Mawu kple Mose ŋu. Yehowa ɖo da vɔ̃ɖiwo ɖe wo dome tsɔ he to na woe. Mose gaɖe kuku ɖe wo nu ake, eye Mawu gblɔ nɛ be wòawɔ akɔblida aku ɖe ati ŋu ale be amesiwo da ɖu nakpɔe ne woahaya. Da la tsi tre ɖi na Yesu Kristo si woklã ɖe ati ŋu ɖe míaƒe viɖe mavɔ ta. (Yohanes 3:14, 15) Israel ɖu Amori-fia siwo nye Sixon kple Og dzi hexɔ woƒe anyigbawo.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

12:1—Nukatae Miryam kple Aron li liʋiliʋi le Mose ŋu? Anye be susu si koŋ tae woli liʋiliʋia ɖoe nye Miryam ƒe didi be ɖoƒe gã nasu ye si. Esi Mose srɔ̃, Zipora, yi ɖawɔ ɖeka kplii le gbeadzi la, Miryam anya vɔ̃ be womagabu ye be yenye nyɔnuwo ŋgɔnɔla le asaɖaa me o.—Mose II, 18:1-5.

12:9-11—Nukatae wònye be Miryam ɖeka koe dze anyi la? Anɔ eme be eyae dze liʋiliʋia gɔme heƒoe ɖe Aron nu be wòakpe ɖe ye ŋu. Aron ɖe nɔnɔme nyui fia to eƒe nugbegblẽa me ʋuʋu me.

21:14, 15—Nukae nye agbalẽ si woyɔ le afisia? Ŋɔŋlɔawo yɔ agbalẽ vovovo siwo me Biblia ŋlɔlawo yɔ nyawo tsoe. (Yosua 10:12, 13; Fiawo I, 11:41; 14:19, 29) “Yehowa ƒe aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ” la nye esiawo dometɔ ɖeka. Aʋa siwo Yehowa ƒe amewo wɔ la ŋuti nuŋlɔɖiwoe le eme.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

11:27-29. Mose ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ku ɖe alesi wòle be míawɔ nui ne mɔnukpɔkpɔwo su ame si le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ me ŋu. Le esi Mose nadi kafukafu na eɖokui teƒe la, edzɔ dzi nɛ boŋ be Eldad kple Medad te nyagbɔgblɔɖi.

12:2, 9, 10; 16:1-3, 12-14, 31-35, 41, 46-50. Yehowa kpɔa mɔ be ye subɔlawo nade bubu ŋusẽ si Mawu na amewo ŋu.

14:24. Nu vevi aɖe si akpe ɖe ame ŋu be wòagbe xexeame ƒe nyaƒoɖeamenu be woawɔ nugbegblẽe nye be wòatu “gbɔgbɔ bubu,” alo tamesusu bubu, ɖo. Ele be wòanye esi to vovo tso xexeame tɔ gbɔ.

15:37-41. Susu si tae Israel-viwo de gbo tɔxɛ woƒe awuwo nu enye be wòaɖo ŋku edzi na wo be wonye dukɔ si woɖo anyi koŋ ɖe tadedeagu na Mawu kple toɖoɖo eƒe sededewo ta. Ðe mele be míawo hã míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu ahato vovo tso xexeame gbɔ oa?

LE MOAB-TAGBA

(Mose IV, 22:1–36:13)

Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Moab-tagba la, dzidzi ƒo Moabitɔwo. Eyata Moab-fia Balak yi ɖabia tso Bileam si be wòaƒo fi ade Israel-viawo. Gake Yehowa zi Bileam dzi be wòyra wo boŋ. Wozã Moab kple Midian nyɔnuwo tsɔ ble Israel ŋutsuwo nu de agbegbegblẽnɔnɔ kple trɔ̃subɔsubɔ me. Esia wɔe be Yehowa tsrɔ̃ nugbegblẽwɔla 24,000. Mlɔeba la, fuwɔamea wu enu esime Pinehas ʋa ŋu ɖe Yehowa nu.

Amewo xexlẽ zi evelia ɖee fia be amesiwo woxlẽ zi gbãtɔ la dometɔ aɖeke meganɔ agbe o, negbe Yosua kple Kaleb ko. Woɖo Yosua be wòaxɔ ɖe Mose teƒe. Israel-viwo xɔ vɔsa vovovowo ŋuti ɖoɖowo kple atamkakawo ŋuti mɔfiamewo. Israel-viawo hã bia hlɔ̃ Midiantɔwo. Ruben, Gad, kple Manase ƒe toa ƒe afã yi ɖanɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe kpa dzi. Wona mɔfiamewo Israel ku ɖe Yordan la tsotso kple anyigbaa xɔxɔ ŋu. Wofia alesi woama anyigbae la wo tsitotsito. Ðeko woadzidze nu ɖe anyigbaa dzi hafi. Lewi-viwo xɔ du 48, eye esiawo dometɔ ade anye sitsoƒeduwo.

Ŋɔŋlɔawo me Biabiawo Ŋuɖoɖo:

22:20-22—Nukatae Yehowa do dziku ɖe Bileam ŋu vevie? Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Bileam be megaƒo fi de Israel-viwo o. (Mose IV, 22:12) Gake, nyagblɔɖila la dze Balak ƒe amewo yome be yeava ƒo fi ade Israel. Bileam di be yeadze Moab-fia ŋu eye yeaxɔ teƒeɖoɖo aɖe tso egbɔ. (Petro II, 2:15, 16; Yuda 11) Esi wozi Bileam dzi be wòayra Israel ɖe fiƒoƒo dee teƒe la, edi be yeƒe nu nanyo fiaa ŋu esime wòdo susua ɖa be woazã nyɔnu Baal subɔlawo atsɔ able Israel ŋutsuwo nui. (Mose IV, 31:15, 16) Eyata Bileam ƒe ŋubiabiã gbegblẽ la tae Mawu do dziku ɖe nyagblɔɖilaa ŋu vevie ɖo.

30:6-8—Ðe ŋutsu Kristotɔ ate ŋu agblẽ srɔ̃a ƒe adzɔgbeɖeɖewo mea? Le adzɔgbeɖeɖe ƒe nyawo me la, Yehowa wɔa nu kple esubɔlawo ɖekaɖekae. Le kpɔɖeŋu me, adzɔgbeɖeɖe na Yehowa nye nusi ame ŋutɔ wɔna. (Galatiatɔwo 6:5) Srɔ̃ŋutsu mekpɔ mɔ agblẽ adzɔgbeɖeɖe sia me o. Ke hã, ele be srɔ̃nyɔnu naƒo asa na adzɔgbe si mesɔ ɖe Mawu ƒe Nya alo nusiwo nye srɔ̃a tɔ gome nu o la ɖeɖe.

Nusɔsrɔ̃ Siwo Le Eme na Mí:

25:11. Dzo tsɔtsɔ ɖe Yehowa ƒe tadedeagu ŋu ƒe kpɔɖeŋu kae nye si Pinehas ɖo na mí! Ðe mele be didi be hamea nanɔ kɔkɔe naʋã mí be míaka agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu aɖe si ŋutinya míese la ta na Kristotɔ hamemegãwoa?

35:9-29. Nyateƒe si wònye be ele be amesi meɖoe wu ame o nasi adzo le aƒeme ayi ɖe sitsoƒedu aɖe me vaseɖe ɣeaɖeɣi la fia mí be agbe nye nu kɔkɔe eye be ele be míade bubu eŋu.

35:33. Amesiwo kɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu ɖi tsɔ gblẽ kɔ ɖo na anyigba la ƒe ʋuwo kɔkɔɖi ko dzie woato alé avu anyigba la. Aleke esia sɔe nye si be Yehowa atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo hafi atrɔ anyigbaa wòazu paradiso!—Lododowo 2:21, 22; Daniel 2:44.

Mawu ƒe Nya Sẽa Ŋu

Ele be míade bubu Yehowa kple amesiwo wòtia ɖo agbanɔamedzinɔƒewo le eƒe amewo dome la ŋu. Mose ƒe Agbalẽ Enelia na nyateƒenya sia me gakɔ ɖe edzi. Nusɔsrɔ̃ vevi kae nye esi wònye na mí be míana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea me egbea!

Nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ Enelia me ɖe alesi amesiwo ɖea ŋu ɖi le woƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu ate ŋu adze nugbegblẽwɔwɔwo, abe liʋiliʋilili, agbegbegblẽnɔnɔ, kple trɔ̃subɔsubɔ ene, me bɔbɔe la fia. Woate ŋu azã kpɔɖeŋu kple nusɔsrɔ̃ siwo le Biblia-gbalẽ sia me le miaƒe nuhiahiãwo ƒe dɔdasi si wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo ƒe Subɔsubɔ Kpekpea me la wɔwɔ me. Nyateƒee wònye be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu” le míaƒe agbe me vavã.—Hebritɔwo 4:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Yehowa to alilikpo wɔnuku aɖe si do ɖe avɔgbadɔa dzi fia alesi wòle be Israel-viwo naƒu asaɖa anyi ahazɔ mɔe la wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Edze be míaɖo to Yehowa eye ekpɔa mɔ be míade bubu ye teƒenɔlawo ŋu