Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ƒe Ŋusẽ Lé Mí Ðe Te

Yehowa Ƒe Ŋusẽ Lé Mí Ðe Te

Agbemeŋutinya

Yehowa Ƒe Ŋusẽ Lé Mí Ðe Te

ABE ALESI ERZSÉBET HAFFNER GBLƆE ENE

Esi Tibor Haffner se be wobe madzo le Czechoslovakia la, egblɔ be: “Nyemana woanyã wò o.” Eye wògblɔ kpee be: “Ne àlɔ̃ la, maɖe wò, eye nànɔ anyi kplim tegbee.”

LE ÐEÐENYA kpata sia dodoɖa kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, meɖe Tibor, si nye nɔviŋutsu Kristotɔ si ɖi ɖase na míaƒe ƒomea gbã, le January 29, 1938, dzi. Nyametsotso ma wɔwɔ menɔ bɔbɔe o. Ðeko mexɔ ƒe 18 enye ma, eye esi menye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ta la, medi be matsɔ nye ɖetugbimenɔɣia katã awɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔae. Mefa avi. Medo gbe ɖa. Ðee medze akɔ anyi vɔ hafi kpɔe be nusi Tibor ɖo ŋkunye me la yi ŋgɔ wu dɔmenyowɔwɔ na ame ko, eye mese le ɖokuinye me be medi be manɔ anyi kple ŋutsu sia si lɔ̃m vevie la.

Gake nukatae wobe yewoanyãm ɖo? Le nyateƒe me la, dukɔ si dana ɖe eƒe demokrasi kple subɔsubɔblɔɖe dzi mee menɔ hafi. Mebui be anyo be magblɔ amesi menye na mi azɔ.

Dzinyela siwo nye Greece Katolikotɔwo dzim le December 26, 1919, dzi le Hungary ƒe kɔƒe si nye Sajószentpéter, si gbɔ didi abe kilometa 160 tso Budapest ƒe ɣedzeƒe ene, la me. Nublanuitɔe la, fofonye ku hafi wodzim. Eteƒe medidi o danye ɖe aho aɖe si si vi ene nɔ, eye míeʋu yi Lučenec, si nye du nyui aɖe le dukɔ si woyɔna tsã be Czechoslovakia me. Le ƒe mawo me la, atikɔmeƒome me nɔnɔ menɔ bɔbɔe o. Esi nyee nye vi atɔ̃awo ƒe ɖevitɔ ta la, mesena le ɖokuinye me be melewomee aɖe koe menye. Ganyawo sesẽ ŋutɔ, eye menye ŋutilãmenuwo koe mesu asinye o ke boŋ nyemekpɔ dzilawo ƒe ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ si sɔ be woana wo vi la hã o.

Ðe Ame aɖe Nya Ŋuɖoɖoa?

Esi mexɔ ƒe 16 la, nya veviwo nɔ fu ɖem nam. Mexlẽ Xexemeʋã I ŋutinyawo moveviɖoɖotɔe, eye alesi wowu amewoe le dukɔ deŋgɔ siwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwoe yewonye me la wɔ nuku nam ŋutɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, mekpɔe be wonɔ asrafo zuzu ƒe dzi dem ƒo le afisiafi. Eŋu nya aɖeke mewɔ ɖeka kple nusi mesrɔ̃ le sɔleme tso havilɔlɔ̃ ŋu o.

Eyata, meyi Roma Katoliko nunɔla aɖe gbɔ ɖabiae be: “Se ka dzie wòle be míawɔ ɖo abe Kristotɔwo ene—be míayi aʋa aɖawu mía haviwo loo alo be míalɔ̃ wo?” Esi nye nyabiasea ve dɔme nɛ ta la, eɖo eŋu be nusi ame tsitsiawo gblɔ na yee yegblɔna. Nusia tɔgbe kee dzɔ esime meyi Kalvintɔwo ƒe nunɔla gbɔ eye emegbe meyi ɖe Yudatɔwo ƒe rabi aɖe gbɔ. Nyemexɔ ŋuɖoɖo aɖeke o, negbe nye nyabiabiaa koe nana wotsia yaa. Mlɔeba, meyi Luthertɔwo ƒe nunɔla aɖe gbɔ. Dɔme vee, gake hafi madzo la, egblɔ be: “Ne èdi tututu be yeanya nu tso eŋu la, bia Yehowa Ðasefowo.”

Medze agbagba di Ðasefoawo ƒe mɔ gake nyemeke ɖe wo ŋu o. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe, esime metso dɔme gbɔna va aƒeme la, mekpɔ be míaƒe ʋɔ nɔ ʋuʋu vie. Ðekakpui dzeɖekɛ aɖe nɔ Biblia xlẽm na danye. Enumake megblɔ le susu me be: ‘Anye Yehowa Ðasefo aɖee nye ma!’ Míebia ŋutsu sia, Tibor Haffner, be wòageɖe eme eye megabia nye nyawoe. Le esi teƒe be wòatsɔ eƒe susu aɖo wo ŋui la, efia nusi Biblia gblɔ tso Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi, kpakple ɣeyiɣi si me míenɔ ŋu lam.—Yohanes 13:34, 35; Timoteo II, 3:1-5.

Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, mexɔ nyɔnyrɔ, hafi xɔ ƒe 17. Mese le ɖokuinye me be ele be amesiame nase nyateƒe xɔasi siwo ŋu mekpe fu ŋutɔ hafi ke ɖo la. Mete gbeƒãɖeɖe ɣeyiɣiawo katã, si wɔwɔ sesẽ ŋutɔ le Czechoslovakia le ƒe 1930-awo ƒe nuwuwu me. Togbɔ be wode míaƒe dɔa agbalẽ me le se nu hã la, subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo na wotsi tre ɖe mía ŋu vevie.

Yometiti Gbãtɔ Me Toto

Le ƒe 1937 ƒe nuwuwu lɔƒo ƒe ŋkeke aɖe dzi la, menɔ gbeƒã ɖem kple nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe le kɔƒe aɖe si te ɖe Lučenec ŋu me. Kasiaa, wolé mí yiɖade mɔ̃. Dzɔlaa do ɣli gblɔ be “Miele kukuge ɖe afisia” eye wòhe míaƒe gaxɔa ƒe ʋɔ tu gbam.

Kaka fiẽ naɖo la, wokplɔ ame ene va kpe ɖe mía ŋu le gaxɔa me. Míete akɔfafa na wo heɖi ɖase na wo. Woɖe dzi ɖi, eye míegblɔ Biblia me nyateƒea na wo moveviɖoɖotɔe zã bliboa.

Esi wòƒo ŋdi ga ade la, dzɔla la ɖem tso gaxɔa me. Megblɔ na nye zɔhɛa be: “Míado go le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.” Mede du asi nɛ be ne etsi agbe la, wòagblɔ nusi dzɔ la na ƒonyemeawo. Medo gbe ɖa le tame hedze dzɔla la yome. Ekplɔm yi eƒemee le gakpɔa me. Egblɔ be: “Nyɔnuvi, nyabiabia aɖe le asinye na wò. Le zã si va yi me la, ègblɔ be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Àte ŋu afiam le Biblia mea?” Nukunu kple gbɔdzɔe kae nye si! Eɖe eƒe Biblia do goe eye mefia Yehowa ƒe ŋkɔ woa kple srɔ̃a. Biabia bubu geɖe nɔ esi ku ɖe nya si me míedzro kple nyɔnu eneawo le zã me la ŋu. Esi ŋuɖoɖoa dze eŋu la, egblɔ na srɔ̃a be woaɖa ŋdinu na mía kple nye zɔhɛa.

Le ŋkeke aɖewo megbe la, woɖe asi le mía ŋu, gake ʋɔnudrɔ̃la aɖe tso nya me be esi wònye Hungary-vidzidzie menye ta la, ele be madzo le Czechoslovakia. Nudzɔdzɔ sia megbee Tibor Haffner bia be maɖe ye. Míeɖe srɔ̃, eye meʋu yi ɖanɔ edzilawo ƒeme.

Yometitia Nu Sẽ Ðe Edzi

Mía kple srɔ̃nye míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, togbɔ be subɔsubɔdɔ bubuwo nɔ Tibor dzi hã. Míedzi mía vi ŋutsuvi, Tibor, Jr. ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Hungary-srafowo ƒe gege ɖe míaƒe dua me le November 1938 me. Le Europa la, dzesi siwo ahe Xexemeʋã II vɛ la nɔ dzedzem. Hungary xɔ Czechoslovakia ƒe akpa gã aɖe, si wɔe be wogati Yehowa Ðasefo siwo nɔ teƒe siwo te ɖe Hungary ŋu yome ɖe edzi.

Le October 10, 1942, dzi la, Tibor yi nɔvi aɖewo gbɔ le Debrecen. Gake megagbɔ o. Emegbe la, egblɔ nusi dzɔ la nam. Ðe nɔviawo teƒe la, kpovitɔ aɖewo siwo do aƒemewuwoe nɔ tɔdzisasrã si dzi wobe yewoado go le la dzi. Wonɔ srɔ̃nye kpakple Pál Nagypál siwo tsi megbe la lalam. Kpovitɔawo kplɔ wo yi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒeae eye wotsɔ kpowo ƒo woƒe afɔƒome vaseɖe esime vevesesea na womu dze anyi.

Emegbe wogblɔ na wo be woado woƒe afɔkpawo ahatsi tre. Togbɔ be wonɔ veve sem hã la, woƒoe ɖe wo nu be woayi ɖe ketekedzeƒea. Kpovitɔawo kplɔ ŋutsu aɖe si wotsɔ abiblavɔ bla ta na ale gbegbe be mete ŋu le nu kpɔm nyuie o la hã vɛ. Nɔviŋutsu András Pilling ye, eya hã yi kpekpea wɔƒe. Wokplɔ srɔ̃nye de keteke yi ɖade mɔ̃ le Alag, afisi te ɖe Budapest ŋu. Dzɔla siwo kpɔ alesi woƒo Tibor ƒe afɔwo la dometɔ ɖeka gblɔ fewuɖutɔe be: “Ame aɖewo ƒe tame sẽ ŋutɔ! Megatsi dzi o, míele tsi ɖo gee na wò.” Dzɔla eve gate Tibor ƒe afɔwo ƒoƒo ake eye wògbã ʋu hlẽ ɖe teƒea katã. Le miniti ʋɛ aɖewo megbe la, eku ƒenyi.

Le ɣleti si kplɔe ɖo me la, wokplɔ Tibor kpakple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 60 yi ʋɔnui. Wotso kufia na András Bartha, Dénes Faluvégi, kple János Konrád eye wohe wo ɖe ati ŋu woku. Wotso afia be nɔviŋutsu András Pilling nanɔ gaxɔme vaseɖe eƒe kugbe, eye wotso afia be srɔ̃nye anɔ gaxɔme ƒe 12. Ðe agɔdzedze ka ta? Amenutsola la tsɔ nya ɖe wo ŋu be wodi be yewoamu dziɖuɖua, be wogbe asrafodɔ wɔwɔ, be wonye ŋkutsalawo, eye be wogblɔ nya tovowo ɖe sɔlemeha kɔkɔetɔ la ŋu. Emegbe la, wotrɔ kufiatsotsoa wòzu gaxɔmenɔnɔ vaseɖe kugbe.

Srɔ̃nye Yomedzedze

Esi Tibor dzo yi takpekpea le Debrecen le ŋkeke eve megbe la, mefɔ hafi ŋdi ga ade ƒo henɔ miaƒe awuwo dzi ɖom. Enumake ame aɖe ƒo ʋɔa. Megblɔ le tame be ‘wova ɖo.’ Kpovitɔ ade ge ɖe eme hegblɔ nam be wodɔ yewo be yewoava ka aƒea me. Wolé mí amesiwo katã le aƒea me, tsɔ kpe ɖe mía vi ŋutsuvi si xɔ ƒe etɔ̃ ŋu, yi ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒeae. Gbemagbe ke woɖe mí yi ɖe gakpɔ aɖe me le Pétervására, Hungary.

Esi míeɖo la, asrã lém eye woɖem ɖe aga le gakpɔmenɔla bubuwo gbɔ. Esi mehaya la, asrafo eve va gaxɔa me henɔ nya ʋlim le ŋunye. Ðeka gblɔ be: “Ele be míada tui! Mada tui!” Gake evelia ya di be yeakpɔ alesi nye lãmea le hafi yewoada tuam. Meɖe kuku na wo be woana manɔ agbe ko. Mlɔeba wodzo le gaxɔ si me menɔ, eye meda akpe na Yehowa be wòkpe ɖe ŋunye.

Mɔnu tɔxɛ aɖe nɔ dzɔlawo si si dzi wotona tena ame ƒe nume sena. Wogblɔ nam be matsyɔ akɔ anyi eye wote afɔwui ɖe nu me nam, bla nye asi kple afɔ, heƒom vaseɖe esime ʋu nɔ ɖuɖum le ŋunye. Esime asrafoawo dometɔ ɖeka gblɔ be ɖeɖi te ye ŋu ko hafie wodzudzɔ. Wobia be magblɔ amesi kpe ge srɔ̃nyea yina hafi wolée la na yewo. Nyemegblɔe na wo o, eyata ƒoƒoa yi edzi ŋkeke etɔ̃ sɔŋ. Le ŋkeke enea gbe la, wona mekplɔ vinyeŋutsuvia yi na danye. Mekpa vinye sue la ɖe abi siwo mexɔ ɖe dzime la dzi tsɔ zɔ azɔli si ade kilometa 13 to vuvɔ si nɔ wɔwɔm vevie me yi ɖe ketekedzeƒea. Meɖo keteke tso afima yi aƒeme gake ele be matrɔ agbɔ va asaɖaa me gbemagbe ke.

Wotso afia be manɔ gakpɔ me ƒe ade le Budapest. Esi meɖo la, mese be Tibor hã nɔ afima. Alekee dzi dzɔ míi enye si esime woɖe mɔ na mí be míaɖo dze miniti ʋɛ aɖewo kple mía nɔewo to gaɖɔ aɖe me! Mía kple evea siaa míekpɔe be Yehowa lɔ̃ mí eye ɣeyiɣi vevi mawo do ŋusẽ mí. Hafi míegado go ake la, mía kple evea siaa míeto dodokpɔ dziŋɔwo me eye míeɖo kudonu enuenu.

Tso Gakpɔ me Yi Gakpɔ Me

Mí nɔvinyɔnu siwo ade 80 ye wote ɖe gaxɔ ɖeka me. Gbɔgbɔmedɔ nɔ mía wum vevie, gake edze abe womate ŋu atsɔ naneke age ɖe gakpɔa me o ene. Ðe míate ŋu akpɔ nane le gakpɔa ŋutɔ mea? Mina magblɔ nusi míewɔ la na mi. Metsɔ ɖokuinye na be matɔ afɔwuiwo na gakpɔa me dɔwɔlawo. Meŋlɔ ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi be woaŋlɔ Biblia si le gakpɔa ƒe agbalẽdzraɖoƒea ƒe xexlẽdzesi nam, eye metsɔ agbalẽ kakɛa de afɔwuiawo dometɔ ɖeka me. Be woagabu nazã aɖeke o ta la, mebia be woaŋlɔ agbalẽ eve bubuwo ƒe xexlẽdzesi kpee.

Le ŋufɔke la, dɔwɔlawo gafɔ afɔwui gbogbo aɖewo vɛ nam. Ŋuɖoɖoa nɔ afɔwuiawo dometɔ ɖeka me. Emegbe metsɔ xexlẽdzesi siawo na dzɔla aɖe hebia be wòaɖaxɔ agbalẽawo na mí. Dzidzɔ kae nye si wònye esime míexɔ agbalẽawo, tsɔ kpe ɖe Biblia ŋu! Míeɖɔa li agbalẽ mamlɛawo kwasiɖa ɖesiaɖe, gake Biblia ya tsi mía gbɔ. Ne dzɔla la bia eta se la, míegblɔna nɛ bena: “Agbalẽ gãe wònye, eye amesiame di be yeaxlẽe.” Esia wɔe be míete ŋu xlẽa Biblia.

Gbeɖeka la, amegã aɖe kpem yi eƒe ɔfis. Eƒo nu kplim tufafatɔe.

Egblɔ be: “Aƒenɔ Haffner, nya nyui aɖe le asinye na wò. Àte ŋu ayi aƒeme. Àte ŋu adzo etsɔ. Ne àkpɔ keteke la, àte ŋu adzo egbea gɔ̃ hã.”

Meɖo eŋu be: “Adzɔ dzi nam ŋutɔ.”

Egblɔ be: “Nyateƒee. Vi le asiwò, eye meka ɖe edzi be àdi be yeakpɔ edzi.” Emegbe egblɔ kpee be, “wò ya de asi lɛta sia te ko.”

Mebiae be: “Lɛta kae?”

Ete tɔ ɖe edzi be: “Megatsi dzi ɖe ema ŋu o. Wò ya de asi ete ko, ekema àte ŋu adzo.” Emegbe egblɔ nam be: “Ne ènya ɖo aƒeme la, àte ŋu awɔ nusianu si nèlɔ̃. Gake fifia ya ele be nàde asi ete be yemeganye Yehowa Ðasefo o.”

Mehe ɖe megbe eye megbe gbidii be nyemawɔe o.

Eblu gblɔ be: “Ekema àku ɖe afisia!” eye wònyam do goe.

Le May 1943 me la, woɖem yi ɖe gakpɔ bubu me le Budapest eye emegbe woɖem yi ɖe kɔƒe si nye Márianosztra me, afisi mía kple nyɔnu saɖagaxɔmenɔla 70 aɖewo nɔ. Togbɔ be dɔwuame kple nɔnɔme sesẽ bubuwo nɔ afima hã la, míedi vevie be míagblɔ mɔkpɔkpɔ si le mía si na wo. Nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo dometɔ ɖeka tsɔ ɖe le míaƒe gbedasia me vevie hegblɔ be: “Nya nyui aɖewo enye sia. Nyemese nya sia tɔgbe kpɔ o. Taflatse, migblɔ bubuwo kpee nam.” Míegblɔ xexeme yeyea kple alesi agbenɔnɔ avivi le emee la ŋu nya nɛ. Esi míenɔ dzea ɖom la, saɖagaxɔa nunɔla va do. Enumake wokplɔ nyɔnu saɖagaxɔmenɔla ɖetsɔlemetɔa dzoe, vuvu awu le eŋu, heƒoe kple atam kutɔkutɔe. Esi míegado go ake la, ebia be: “Taflatse, mido gbe ɖa na Yehowa be wòaxɔ nam ahaɖem adzoe le afisia. Medi be mazu mia dometɔ ɖeka.”

Afisi míegayi ɖado ɖoe nye gakpɔ xoxo aɖe si le Komárom, si nye du si wotso ɖe Danube-tɔsisia to, anɔ kilometa 80 lɔƒo le Budapest ƒe ɣetoɖoƒe la me. Nɔnɔmeawo menyo le afima kura o. Asrã sesẽ aɖe lé mía kple nɔvinyɔnu bubuwo, eye menɔ ʋu ɖem eye megbɔdzɔ ŋutɔ. Womena atike aɖeke mí o, eye mebu be nye kuɣi ɖo azɔ. Gake gaxɔdzikpɔlawo nɔ ame aɖe si ate ŋu awɔ ɔfis dɔwo la dim. Nɔvinyɔnuawo yɔ nye ŋkɔ na wo. Eyata wona atikem, eye mehaya.

Megawɔ Ðeka Kple Nye Ƒomea Ake

Esi Soviet-srafowo nɔ tetem ɖe mía ŋu tso ɣedzeƒe gome la, eva hiã be míaʋu ayi ɖe ɣetoɖoƒe. Nuƒoƒo tso nu dziŋɔ siwo katã me míeto ŋu adidi akpa. Meɖo kudo nu enuenu, gake meda akpe na Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ta be metsi agbe. Esime aʋaa ke la, míenɔ Czechoslovakia dugã si nye Tábor, si kple Prague dome anɔ kilometa 80, me. Kwasiɖa etɔ̃ gava yi hafi mía kple srɔ̃nyenyɔnutɔ Magdalena míede aƒeme le Lučenec, le May 30, 1945, dzi.

Mekpɔ lɔ̃xonye kple vinye ŋutsuvi lɔlɔ̃, Tibor, le aƒea ƒe abɔ me ɖaa. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam, eye medo ɣli yɔe ɖaa be “Tibike!” Eƒu du va kplam. Nya gbãtɔ siwo wògblɔ nam, siwo nyemaŋlɔ be akpɔ o, enye be: “Dada, mègale dzodzo ge ake o ɖe?”

Yehowa kpɔ nublanui na srɔ̃nye, Tibor, hã. Woɖee tso Budapest gakpɔ me kpe ɖe nɔviŋutsu 160 aɖewo ŋu yi dɔsesẽwɔsaɖa me le Bor. Woɖo kudonu zi geɖe, gake ƒuƒoƒo bliboa tsi agbe. Tibor gbɔ va aƒeme le April 8, 1945, dzi, si anɔ ɣleti ɖeka do ŋgɔ nam.

Le aʋaa megbe la, míegakpɔtɔ hiã Yehowa ƒe ŋusẽdoame ale be míate ŋu ato ƒe 40 siwo Kɔmunist dziɖuɖua atsɔ aɖu Czechoslovakia dzii me. Wogatso afia be Tibor ayi mɔ̃ ɣeyiɣi didi aɖe, eye wòhiã be makpɔ mía via dzi eya manɔmee. Esi woɖe asi le Tibor ŋu la, eva zu dzikpɔla mɔzɔla. Le ƒe 40 siwo Kɔmunisttɔwo tsɔ ɖu dzii me la, míewɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ gblɔ míaƒe dzixɔsewo na amewo. Míete ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea. Ewɔe be wova zu míaƒe gbɔgbɔmeviwo.

Dzidzɔ kae nye si wònye esi wona subɔsubɔblɔɖe mí le ƒe 1989 me! Le ƒe si kplɔe ɖo me la, míede takpekpe gbãtɔ le míaƒe dukɔa me, le ɣeyiɣi didi ma megbe. Esi míekpɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpe gbogbo siwo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi ƒe gbogbo aɖewo la, míekpɔe be Yehowae nye ŋusẽtsoƒe gãtɔ kekeake na wo katã.

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a, Tibor, wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe eƒe kugbe le October 14, 1993, dzi eye fifia mete ɖe vinyeŋutsua ŋu le Žilina, Slovakia. Lãmesẽ megale ŋunye tututu o, gake Yehowa ƒe ŋusẽ wɔe be ŋusẽ le ŋunye le gbɔgbɔ me. Meka ɖe edzi vevie be le eƒe ŋusẽdoame me la, mate ŋu ado dzi le tetekpɔ ɖesiaɖe me le nuɖoanyi xoxo sia me. Gawu la, mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Yehowa ƒe amenuveve awɔe be mate ŋu anɔ agbe tegbee.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Vinyeŋutsuvi Tibor, Jr., (esi wòxɔ ƒe 4) amesi wòva hiã be magblẽ ɖe megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Tibor, Sr., kple nɔviŋutsu bubuwo le Bor

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Mía kple Tibor kple nyonye Magdalena, le ƒe 1947 me, le Brno

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Meɖo kudo nu enuenu, gake meda akpe na Yehowa ɖe eƒe ametakpɔkpɔ ta be metsi agbe