Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã?

• Nukae nye Komplutensia Biblia si Le Gbe Vovovowo Me, eye nukatae wòɖe dzesii?

Enye Biblia si nyo wu ɖesiaɖe ɣemaɣi si gɔme woɖe ɖe gbe vovovo siwo nye Hebrigbe, Helagbe, kple Latingbe me eye wole fli me le wo nɔewo xa si ƒe akpa aɖewo hã nɔ Aramgbe me. Biblia si le gbe vovovowo me sia wɔ akpa vevi aɖe le alesi woɖe ŋɔŋlɔawo gɔme wosɔ kple esiwo nɔ gbe gbãtɔwo me la me ŋutɔ.—4/15, axa 28-31.

• Alekee amegbetɔwo awɔ ado dzidzɔ na Mawui?

Esi Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ ta la, susu le esi wòwɔa nuwo, eye seselelãme hã le esi. Enye “dzidzɔ Mawu” eye dzi dzɔnɛ ne eƒe tameɖoɖo va eme. (Timoteo I, 1:11, NW; Psalmo 104:31) Zi alesi míenya Mawu ƒe seselelãmewoe la, zi nenemae míade dzesi nusiwo míate ŋu awɔ ado dzidzɔ na eƒe dzii.—5/15, axa 4-7.

• Nukatae Dawid ɖe mɔ aklama kpakpɛ alo legba nɔ srɔ̃a Mixal si?

Esi Fia Saul ɖo nugbe ɖe Dawid ŋu be yeawui la, Mixal kpe ɖe eŋu wòsi to aklama kpakpɛ si ƒe nɔnɔme le abe ame ene dada ɖe eƒe aba dzi me. Aklama kpakpɛ nɔ Mixal si le esi ɖewohĩ eƒe dzi meku ɖe Mawu ŋu bliboe o ta. Dawid manya nya be aklama kpakpɛa nɔ esi o alo elɔ̃ ɖe ezazã dzi nɛ le esi wònye Fia Saul vinyɔnu ta. (Kronika I, 16:25, 26)—6/1, axa 29.

• Nyateƒenya vevi ka dzie Mawu ƒe se siwo ku ɖe ʋu ŋu la he susu yii?

Nya si Mawu gblɔ le Tsiɖɔɖɔa megbe, le Mose ƒe Sea me, kple le se si dze le Dɔwɔwɔwo 15:28, 29 me, la he susu yi vɔsa si ku ɖe Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi ŋu la dzi. Ʋu ma dzi koe míate ŋu ato akpɔ tsɔtsɔke si ana Mawu me ŋutifafa nasu mía si. (Kolosetɔwo 1:20)—6/15, axa 14-19.

• Yesu ƒe nukunu neni ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me?

Nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuiawo me ƒo nu tso Yesu ƒe nukunu 35 ŋu. Gake womegblɔ Yesu ƒe nukunu siwo katã wòwɔ kple esiwo ŋu nya womegblɔ o la ƒe xexlẽme o. (Mateo 14:14)—7/15, axa 5.