Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O

Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O

Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O

“Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo . . . naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.”​—YESAYA 40:28, 29.

1, 2. (a) Amekpekpe fakɔname kae yi na amesiwo katã di be yewoade ta agu le subɔsubɔ dzadzɛtɔa me? (b) Nukae ate ŋu agblẽ nu le míaƒe mawusubɔsubɔ ŋu vevie?

ESI míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, míenya eƒe amekpekpe fakɔname sia, be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. . . . Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Wodo ‘gbɔɖemeɣi siwo tso Yehowa gbɔ’ ƒe ŋugbe hã na Kristotɔwo. (Dɔwɔwɔwo 3:20 ) Kakaɖedzitɔe la, wò ŋutɔ èkpɔ alesi Biblia ƒe nyateƒewo sɔsrɔ̃, etsɔme mɔkpɔkpɔ si me dzidzɔ le ƒe asiwò nɔnɔ, kple Yehowa ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ le wò agbe me na gbɔdzɔe wò.

2 Ke hã, nu tena ɖe Yehowa subɔla aɖewo ƒe gbɔgbɔ dzi ɣeaɖewoɣi. Le go aɖewo me la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe dziɖeleameƒo siawo nɔa anyi, gake ɣeaɖewoɣi hã la, sese le ame ɖokui me be nu ti kɔ na ye ate ŋu anɔ anyi eteƒe nadidi. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ame aɖewo ate ŋu ava se le wo ɖokui me be nusi wobia tso Kristotɔwo si va zu agba kpekpe na yewo le esi wòanye kɔkuti bɔbɔe si ŋugbe Yesu do teƒe. Susu gbegblẽ siawo bubu ate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ ƒe ƒomedodo kple Yehowa ŋu vevie.

3. Nukatae Yesu ɖo aɖaŋu si dze le Yohanes 14:1 ɖo?

3 Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu léle kple ewuwu la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.” (Yohanes 14:1) Yesu gblɔ nya siawo elabena eteƒe madidi o, apostoloawo aɖo nɔnɔme sesẽwo me. Le esia megbe la, woati wo yome vevie. Yesu nyae be ne dzi ɖe le yeƒe apostoloawo ƒo keŋkeŋ la, woate ŋu ana ta. (Yohanes 16:1) Ne womeɖu blanuiléle ƒe nɔnɔme siwo ava wo dzi dzi o la, woate ŋu agbɔdzɔ le gbɔgbɔ me eye esia ana womagaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o. Nenema kee wòle le Kristotɔ vavãwo hã gome egbea. Ne dzi ɖe le mía ƒo eteƒe didi la, ana míaxa nu geɖe, eye nu ate ŋu ate míaƒe dzi ŋu. (Yeremya 8:18) Míate ŋu agbɔdzɔ le ememe. Ne nu te ɖe mía dzi alea la, ɖewohĩ míagbɔdzɔ keŋkeŋ le seselelãme kple gbɔgbɔ me, eye míagadi kura gɔ̃ hã be míasubɔ Yehowa o.

4. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzi la ta be nu nagagloe wòana ta o?

4 Aleke gbegbee Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia sɔ enye esi: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzi la ta tso dziɖeleameƒo kple gbɔgbɔ me nutikɔname me. Gake gbã la, ehiã be míanya nusi gbɔ koŋ míaƒe nutikɔnamea tsona.

Kristotɔnyenye Metea Ame Ðe Anyi O

5. Nusiwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene kae le Kristo ƒe nusrɔ̃lanyenye gome?

5 Ele eme baa be Kristotɔ nyenye bia ʋiʋli vevie ya. (Luka 13:24) Yesu gblɔ kura gɔ̃ hã be: “Amesi ke metsɔ eƒe [fuwɔameti], eye wòva dze yonyeme o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.” (Luka 14:27) Nya siawo adze abe ɖe wotsi tre ɖe nya si Yesu gblɔ be yeƒe agba la le wodzoe eye wònaa gbɔdzɔe ame ŋu ene, gake le nyateƒe me la, wometsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kura o.

6, 7. Nukatae míate ŋu agblɔ be menye esi míesubɔna tae nu tia kɔ na mí o?

6 Togbɔ be ʋiʋli vevie kple dɔ sesẽ wɔwɔ ate ŋu ana nu nati kɔ na ame le ŋutilã me hã la, woate ŋu ana ame ƒe dzi nadze eme ahana gbɔdzɔe ame ne susu nyui aɖe tae wowɔe ɖo. (Nyagblɔla 3:13, 22) Eye susu nyui kae agate ŋu anɔ ame si wu be woagblɔ Biblia me nyateƒe wɔnukuwo na ame haviwo? Gakpe ɖe eŋu la, míaƒe ʋiʋli be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ dzidzenu kɔkɔawo nu mede naneke o ne míetsɔe sɔ kple viɖe siwo míekpɔna tso agbenɔnɔ nenema me. (Lododowo 2:10-20) Ne wole mía yome tim kura gɔ̃ hã la, míebunɛ be enye bubu na mí be míakpe fu le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta.—Petro I, 4:14.

7 Le nyateƒe me la, Yesu ƒe agba la naa gbɔdzɔe ame, vevietɔ ne míetsɔe sɔ kple gbɔgbɔmeviviti si me amesiwo gale alakpasubɔsubɔ ƒe kɔkuti te le la. Mawu tsɔa ɖe le eme na mí lɔlɔ̃tɔe eye mebiaa nusiwo míate ŋui o la tso mía si o. Yehowa ƒe “seawo mesesẽ o.” (Yohanes I, 5:3) Kristotɔnyenye vavãtɔ si dze le Ŋɔŋlɔawo me la metea ame ɖe anyi o. Eyata eme kɔ be menye esi míesubɔna tae nu tia kɔ na mí eye dzi ɖena le mía ƒo o.

‘Miɖe Nu Kpekpe sia Nu Kpekpe Ða’

8. Zi geɖe la, nuka gbɔe gbɔgbɔ me nutikɔname tsona?

8 Zi geɖe la, agba bubu siwo nuɖoanyi gbegblẽ sia dona na míe wɔnɛ be nu tia kɔ na mí le gbɔgbɔ me. Esi wònye “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me” ta la, ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ate ŋu ana nu nati kɔ na mí ahagblẽ nu le míaƒe Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ ŋu la ƒo xlã mí godoo. (Yohanes I, 5:19) Nusiwo mele vevie o ate ŋu agblẽ nu le míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo ŋu eye wòana woasesẽ na mí. Agba bubu mawo ate ŋu ate ɖe mía dzi eye woate míaƒe gbɔgbɔ ɖe anyi kura gɔ̃ hã. Eyata esɔ be Biblia xlɔ̃ nu mí be “míaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe [ɖa].”—Hebritɔwo 12:1-3.

9. Aleke ŋutilãmenudidi ate ŋu ana nu nati kɔ na míi?

9 Le kpɔɖeŋu me, alesi xexeame tsia dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ, ga, modzakaɖeɖe, dzidzɔdonameɖokui mɔzɔzɔwo, kple ŋutilãmenu bubuwo ŋu la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu dzi. (Yohanes I, 2:15-17) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo siwo ti kesinɔnuwo yome la na agbenɔnɔ va zu nu sesẽ na wo. Apostolo Paulo ɖe eme be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

10. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kesinɔnuwo ŋu le Yesu ƒe kpɔɖeŋu ku ɖe nukuwula ŋu me?

10 Ne ewɔ na mí abe ɖe nu ti kɔ na mí ene eye dzi ɖe le mía ƒo le Mawu subɔsubɔ me la, ɖe wòanye be esi ŋutilãmenuwo didi le vuvum tsyɔ míaƒe mawusubɔsubɔ dzi tae? Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le nukuwula ŋu ɖee fia be ate ŋu adzɔ alea ŋutɔŋutɔ. Yesu tsɔ “xexeame ƒe agbagbadzedzewo kple kesinɔnu ƒe beble kpakple nu mamleawo ƒe amedzodzro” sɔ kple ŋu siwo ‘tsyɔa’ Mawu ƒe nya la dzi le míaƒe dzime. (Marko 4:18, 19) Le esia ta Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’”—Hebritɔwo 13:5.

11. Aleke míate ŋu aɖe nusiwo ate ŋu ana nu nati kɔ na mí la ɖa?

11 Ɣeaɖewoɣi la, menye nu geɖe wu didi ye naa agbea sesẽna ɖe edzi na mí o, ke boŋ alesi míezãa nusiwo le mía si xoxo lae. Nu ate ŋu ati kɔ na ame aɖewo le seselelãme gome le lãmesẽkuxi sesẽwo, woƒe ame veviwo ƒe ku, alo le kuxi bubuwo ta. Wokpɔe be ehiã be yewoawɔ asitɔtrɔwo ɣeaɖewoɣi. Atsu kple asi aɖe ɖe asi le woƒe modzakaɖedɔ aɖewo kple dɔwɔna aɖewo siwo mele vevie o ŋu. Le nyateƒe me la, wolé ŋku ɖe woƒe nuwo ŋu eye woƒo te nusiwo katã ku ɖe dɔwɔna mawo ŋu la heɖe wo ɖa le ŋkukpɔƒe. Aɖe vi na mí ne míedzroa míaƒe agbenɔnɔ kple nunɔamesiwo me kpɔ ɣeaɖewoɣi, eye míeɖea nu kpekpe ɖesiaɖe si mehiã o ɖa ale be nu mati kɔ na mí si ana míagbɔdzɔ o.

Nugɔmesese Kple Ðokuibɔbɔ Le Vevie

12. Nuka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo le mía ŋutɔwo míaƒe vodadawo ŋu?

12 Mía ŋutɔwo míaƒe vodada siwo míewɔna le nu suesuewo me kura gɔ̃ hã ate ŋu ana agbea nasesẽ ɖe edzi na mí. Aleke gbegbe Dawid ƒe nya siawo nye nyateƒe enye esi, be: “Nye vodadawo gbɔ tanye, eye wole kpeyem ŋutɔ abe agba kpekpe ene.” (Psalmo 38:5) Zi geɖe la, asitɔtrɔ nyui ʋɛ aɖewo aɖe agba kpekpewo dzi akpɔtɔ na mí.

13. Aleke nugɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

13 Biblia de dzi ƒo na mí be míatu ‘nunya vavã kple tamebubu ŋutete’ ɖo. (Lododowo 3:21, 22) Biblia gblɔ be: “Nunya, si tso dziƒo la . . . [sea nu gɔme].” (Yakobo 3:17) Nu te ɖe ame aɖewo dzi le esi wodi be yewoawɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa geɖe abe alesi ame bubuwo le ewɔm ene ta. Ke hã, Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o. Elabena amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:4, 5) Ele eme baa be hati Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyui ate ŋu ade dzi ƒo na mí be míasubɔ Yehowa kple dzi blibo ya, gake nunya vavã kple nugɔmesese akpe ɖe mía ŋu míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya aɖo le míaƒe nɔnɔmewo nu na mía ɖokui.

14, 15. Aleke míate ŋu aɖe nunya vavã afia le míaƒe ŋutilã kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me?

14 Nugɔmesese le nɔnɔme siwo adze abe womehiã vevie ene o gɔ̃ hã me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaxe mɔ ɖe sese le mía ɖokui me be nu ti kɔ na mí nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe míetu nɔnɔme siwo sɔ ɖo si awɔe be míanɔ lãmesẽ mea? Bu atsu kple asi aɖe siwo le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo dometɔ ɖeka ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wokpɔ alesi nunya vavãtɔ kpena ɖe ame ŋu be nu magati kɔ na ame o ƒe asixɔxɔ dze sii. Nyɔnua gblɔ be: “Dɔ agbɔsɔsɔ kae ɖali wòle be míawɔ o, míedzea agbagba be míamlɔ anyi le ɣeyiɣi ɖeka aɖe dzi zã sia zã. Míedea kame edziedzi hã. Esia kpena ɖe mía ŋu ŋutɔ. Míenya afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye míewɔa nuwo ɖe enu nenema. Míedzea agbagba be míagatsɔ mía ɖokui anɔ sɔsɔm kple amesiwo edze abe ŋusẽ mevɔna le wo ŋu gbeɖe ene o la o.” Ðe míeɖua nu nyui heɖina ɖe eme nyuiea? Nugɔmesese ŋudɔwɔwɔ le míaƒe lãmesẽnyawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana alesi nu tia kɔ na mí le seselelãme kple gbɔgbɔ me la dzi naɖe akpɔtɔ.

15 Mía dometɔ aɖewo ƒe nuhiahiãwo le etɔxɛ. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le nɔnɔme madeamedzi geɖewo me. Lãmesẽkuxi sesẽ siwo dome kansa hã le ɖe fu nɛ vevie. Nukae kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siawo nu? Egblɔ be: “Mekpɔe be ehiã be madi ɣeyiɣi si nye ɖeɖe manɔ teƒe aɖe si tomefafa le. Zi alesi mese le ɖokuinye me be nu te ɖe dzinye eye nu ti kɔ nam ɖe edzi wu la, zi nenemae wòhiãna nam kpata wu be nye ɖeka manɔ teƒe aɖe kpoo axlẽ nu ahaɖi ɖe eme.” Nunya vavãtɔ kple tamebubu ŋutete kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi mía ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo hekpɔa wo gbɔ ale be míaxe mɔ ɖe gbɔgbɔ me nutikɔname nu.

Yehowa Doa Ŋusẽ Mí

16, 17. (a) Nukatae míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ le vevie ŋutɔ? (b) Nukae wòle be míatsɔ ade míaƒe gbesiagbe dɔwɔnawo me?

16 Le nyateƒe me la, míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ta kpɔkpɔ le vevie wu. Ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kple Yehowa Mawu dome la, nu ate ŋu ati kɔ na mí le ŋutilã me, gake míado kpo esubɔsubɔ o. Yehowae “naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” (Yesaya 40:28, 29) Apostolo Paulo, amesi ŋutɔ kpɔe be nyateƒee nya siawo nye, ŋlɔ be: “Ðeɖi metea mía ŋu o; ke ne míaƒe gotame gblẽna hã la, míaƒe ememe la zua yeye gbesiagbe.”—Korintotɔwo II, 4:16.

17 De dzesi nyagbɔgblɔ “gbesiagbe.” Esia fia be míawɔ ɖoɖo siwo Yehowa wɔ na mí la ŋudɔ gbesiagbe. Nu ti kɔ na dutanyanyuigblɔla aɖe si subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 43, la le ŋutilã me eye dzi ɖe le eƒo ɣeaɖewoɣi. Gake mena ta o. Egblɔ be: “Ezu numame nam be mafɔ kaba ale be hafi madze dɔ ɖesiaɖe gɔme la, mezãa ɣeyiɣi doa gbe ɖa na Yehowa hexlẽa eƒe Nya la. Nuwɔwɔ alea gbesiagbe kpe ɖe ŋunye medo dzi vaseɖe fifia.” Vavãe, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ado ŋusẽ mí ne míedoa gbe ɖa nɛ edziedzi, ẽ, ne míedonɛ ɖa nɛ “gbesiagbe,” eye míedea ŋugble le eƒe nɔnɔme nyuiawo kple eƒe ŋugbedodowo ŋu.

18. Akɔfafa kae Biblia nana nuteƒewɔla siwo tsi alo dze dɔ?

18 Esia akpe ɖe amesiwo ƒo dzi ɖena le, vevietɔ le esi wotsi alo lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na wo ta ŋu. Nu ate ŋu ate ɖe amesiawo dzi, menye le esi wotsɔ wo ɖokui sɔ kple ame bubuwo ta o, ke boŋ le esi wotsɔ wo ɖokui le sɔsɔm kple nusiwo wote ŋu wɔna tsã ta. Aleke gbegbee wòfaa akɔ enye esi be míanya be Yehowa dea bubu ame tsitsiwo ŋu! Biblia gblɔ be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lododowo 16:31) Yehowa nya afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo eye edea asixɔxɔ gã alesi míesubɔnɛ tso dzi blibo me togbɔ be míegbɔdzɔ hã la ŋu. Eye Mawu maŋlɔ dɔ nyui siwo míewɔ xoxo la be gbeɖe o. Ŋɔŋlɔawo ka ɖe edzi na mí be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.” (Hebritɔwo 6:10) Aleke gbegbee dzi dzɔa mí katã enye esi be amesiwo wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe gbogbo aɖewo la le mía dome!

Mègana Ta O

19. Aleke nusi nyo wɔwɔ ɖaa ɖea vi na míi?

19 Ame geɖe xɔe se be ŋutilãmedɔ geɖe wɔwɔ edziedzi ate ŋu ana nu magati kɔ na ame akpa o. Nenema kee gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ edziedzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe seselelãme kple gbɔgbɔ me nutikɔname dzi akpɔtɔ. Biblia gblɔ be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi. Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:9, 10) De dzesi nyagbɔgblɔ “nu nyui wɔwɔ” kple “míawɔ nu nyui.” Nya siawo bia be míawɔ nane. Nu nyuiwo wɔwɔ na ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ŋutɔŋutɔ be nu maglo mí míana ta le Yehowa subɔsubɔ me o.

20. Be míatsi tre ɖe dziɖeleameƒo ŋu la, amekawo ƒe hadedee wòle be míaƒo asa na?

20 To vovo na ema la, hadede kpakple dɔwɔwɔ kple amesiwo medea bubu Mawu ƒe sewo ŋu o ate ŋu anye agba na mí. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Kpe la, nu kpekpee, eye ke la, agbae; ke bometsila ƒe dziku kpena wu wo ame eve la.” (Lododowo 27:3) Be míanɔ te ɖe dziɖeleameƒo kple nutikɔname nu la, ele be míatsri hadede kple amesiwo bua susu gbegblẽwo eye woɖea ɖeklemi ame bubuwo hedia vodada le wo ŋu.

21. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

21 Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye ɖoɖo si Yehowa wɔ si ate ŋu ana ŋusẽ naɖo mía ŋu le gbɔgbɔ me. Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe sua mía si le afima be míatsɔ nufiame kple hadede tuameɖo ade dzi ƒo na mía nɔewo. (Hebritɔwo 10:25) Ele be hamea me tɔwo katã nadze agbagba atu wo nɔewo ɖo ne wole nya ŋu ɖom le kpekpeawo me alo le dɔ wɔm le nuƒolanɔƒea. Amesiwo xɔa ŋgɔ koŋ dzie agba le be woade dzi ƒo na ame bubuwo. (Yesaya 32:1, 2) Ne ehiã be woaxlɔ̃ nu alo aka mo na ame hã la, gbe si woatsɔ agblɔe ate ŋu afa akɔ na ame. (Galatiatɔwo 6:1, 2) Alesi míelɔ̃ amewo akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa ɖeɖimateameŋutɔe.—Psalmo 133:1; Yohanes 13:35.

22. Togbɔ be míenye amegbetɔ madeblibowo hã la, nukatae dzi ate ŋu anɔ mía ƒo?

22 Yehowa subɔsubɔ le nuwuɣi sia me bia dɔwɔwɔ. Eye Kristotɔwo meto le nusiwo susume nutikɔname, seselelãme me nuteɖeamedziwo, kple nɔnɔme sesẽwo hena vɛ me o. Míenye amegbetɔ madeblibo gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, abe nusiwo wotsɔ tsu wɔ ene. Gake Biblia gblɔ be: “Kesinɔnu sia le mía si le anyigoewo me, bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ wòatso o.” (Korintotɔwo II, 4:7) Ẽ, ɖeɖi ate mía ŋu, gake nu negaglo mí alo míana ta gbeɖe o. Ke boŋ mina “míatsɔ dzideƒo agblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ.’”—Hebritɔwo 13:6.

Numetoto Kpuie

• Agba kpekpe siwo míate ŋu aɖe ɖa dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke míate ŋu akpɔ gome le “nu nyui” wɔwɔ na hati Kristotɔwo me?

• Aleke Yehowa doa ŋusẽ mí ne ɖeɖi te mía ŋu alo dzi ɖe le mía ƒo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Yesu nya be ne dzi ɖe le yeƒe apostolowo ƒo eteƒe didi la, ate ŋu aɖe fu na wo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ame aɖewo ɖe asi le modzakaɖedɔ kple woawo ŋutɔ ƒe dɔwɔna aɖewo siwo mehiã vevie o la ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Togbɔ be seɖoƒe le míaƒe ŋutetewo ŋu hã la, Yehowa dea asixɔxɔ alesi míesubɔnɛ tso dzi blibo me la ŋu