Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Aɖaŋuɖoɖo Nyui Xɔxɔ Hiã?

Ðe Aɖaŋuɖoɖo Nyui Xɔxɔ Hiã?

Ðe Aɖaŋuɖoɖo Nyui Xɔxɔ Hiã?

LE EGBEŊKEKEAWO me la, ame geɖe susuna be yewoate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome eye be yewokpɔ mɔ awɔ nusianu si dze yewo ŋu. Ame bubuwo gblɔna be nusianu nyo, zi alesi ewɔwɔ ana ame nakpɔ dzidzɔ ko. Nu le gbegblẽm le srɔ̃ɖeɖe kple ƒomegbenɔnɔ, nusi dzi woxɔ se ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, be eya dzie hadomegbenɔnɔ nɔ te ɖo, la ŋu vevie.—Mose I, 3:5.

Bu Verónica * si le Mexico ŋu kpɔ. Eka nya ta be: “Esi wòsusɔ vie míaɖu míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 15 lia ƒe azã la, srɔ̃nye gblɔ nam be yenɔ ahiã wɔm kple nyɔnu bubu aɖe. Egblɔ be esi nyɔnua nye ɖetugbi wum eye egbɔ nɔnɔ doa dzidzɔ na ye wu ta la, yemadi be yeaɖe asi le eŋu o. Ete ɖe dzinye ŋutɔ be tso gbemagbe la, xɔ̃nye vevitɔa megale gbɔnye nɔ ge ahado evelia nam o. Tsã la, mesusuna be míaƒe ame veviwo ƒe kue nye vevesese gãtɔ kekeake. Gake nye ya meva kpɔe be ahasiwɔwɔ nana wosea veve wu elabena menye amesi melɔ̃ vevie ɖeɖekoe bu ɖem o, ke eyi edzi wɔa nusiwo doa dziku nam hã.”

Ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 22 si gbe srɔ̃a xoxo eye viŋutsuvi le esi gake mele lɔlɔ̃m be yeatsɔ yeƒe agbanɔamedziwo abe vifofo ene o hã ƒe nuteƒekpɔkpɔ li. Enɔ mɔ kpɔm be ye dada nakpɔ ye kple ye vi ŋutsuvia dzi. Ne dada mewɔ nusiwo katã wòdi nɛ o la, ekpɔa dziku henɔ edzum abe alesi ɖevi dzimakpla wɔa nui ene. Dadaa mete ŋu wɔa naneke le nɔnɔme baɖa sia ŋu o.

Menye kpɔɖeŋu mawo koe li o. Kaklã kple srɔ̃gbegbe le dzidzim ɖe edzi le afisiafi. Meganye nu yeye na ɖevi geɖewo be woakpɔe be wo dzilawo dometɔ ɖeka nadzo le aƒe me ahadze agbenɔnɔ yeye gɔme le teƒe bubu o. Sɔhɛ aɖewo megadea bubu amewo, kple wo dzilawo siaa ŋu o, eye wowɔa nu siwo wosusuna tsã be ɖeviwo mate ŋu awɔ o. Gbɔdɔdɔ, atikevɔ̃ɖizazã, sɔhɛwo ƒe amedzidzedze, kple nufialawo alo dzilawo wuwu va bɔ ŋutɔ le dukɔ geɖewo me. Eye ɖewohĩ ànya de dzesii be menye vihehe kple srɔ̃ɖeɖe me koe kuxiwo le le egbexexea me o.

Esi míele nudzɔdzɔ siawo teƒe kpɔm la, míanɔ mía ɖokui biam be nukae le dzɔdzɔm ɖe amegbetɔƒomea dzi mahã. Ne amegbetɔwo nya vovototo le nyui kple vɔ̃ dome nyateƒe la, ke nukatae womekpɔ kuxi geɖe gbɔ o? Ðe míehiã aɖaŋuɖoɖo nyuiwo xɔxɔa? Ðe aɖaŋuɖoɖo ɖevi mawo ƒomevi, si dzi woate ŋu aka ɖo xɔƒe aɖe lia? Togbɔ be ame geɖe gblɔna be yewoxɔ Mawu kple eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzi se hã la, edze abe esia mekpɔa ŋusẽ gobi aɖeke ɖe woƒe nyametsotsowo dzi o ene. Gake viɖe kawoe míakpɔ ne míexɔ aɖaŋuɖoɖo tso Mawu gbɔ? Na míadzro nya ma me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔa.