Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mexico Vidzidziwo Le To Ðom Nyanyuia

Mexico Vidzidziwo Le To Ðom Nyanyuia

Mexico Vidzidziwo Le To Ðom Nyanyuia

LE November 10, 2002 dzi la, Mixe ƒuƒoƒo aɖe si nye Mexico vidzidziwo, kpe ta le San Miguel Quetzaltepec. Du aɖee wònye le Oaxaca nuto dzeani si le Mexico ƒe anyiehe la me. Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe wɔmee ƒuƒoƒoa nɔ. Wɔna si do dzidzɔ na ameawo wu ŋdi mae nye drama aɖe si wotu ɖe Biblia dzi.

Esi nyaselawo se Biblia me drama la ƒe nya gbãtɔawo la, woƒe nu ku. Woƒo asikpe, eye wo dometɔ geɖe fa dzidzɔvi. Mixegbe mee wowɔ drama la ɖo! Esi wowɔ dramaa vɔ la, ame geɖe gblɔ be yewokpɔ ŋudzedze ɖe nunana sia si yewomenɔ mɔ kpɔm na o la ŋu. Ame aɖe gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ si mese drama la gɔme. Ede dzi gbɔ nam.” Ame bubu gblɔ be: “Fifia ne meku hã la, dzi adzɔm, elabena Yehowa na mese dramaa le nye ŋutɔ nye gbe me.”

Nusi dzɔ ŋdi ma la nye agbagba si Yehowa Ðasefowo siwo le Mexico dze nyitsɔ laa be yewoana Fiaɖuƒenyanyuia naɖo afima vidzidziwo gbɔ la ƒe akpa aɖe.Mateo 24:14; 28:19, 20.

Yehowa Ðo To Gbedodoɖawo

Le Mexico la amesiwo wu 6,000,000 ye nye afima vidzidziwowosɔ gbɔ be woanye dukɔ le wo ɖokui si, dukɔ si me dekɔnu vovovowo le si me wodoa gbe vovovo 62 le. Amesiwo wu 100,000 ye doa gbegbɔgblɔ siawo dometɔ 15 ɖesiaɖe. Mexico vidzidzi siwo wu 1,000,000 medoa Spaingbe, si nye gbe si wodona le dziɖuɖudɔwɔƒewo le dua me o. Eye le amesiwo doa Spaingbe gome la, wo dometɔ geɖe ate ŋu asrɔ̃ Biblia me nyateƒea le woa ŋutɔwo degbe me bɔbɔe wu. (Dɔwɔwɔwo 2:6; 22:2) Wo dometɔ aɖewo srɔ̃ Biblia eye wole Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem ƒe geɖee nye esia, gake womese nu geɖe gɔme o. Eyata wodo gbe ɖa be nyateƒegbedasia nanɔ yewo ŋutɔ yewo degbe me.

Be Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico nakpɔ kuxi sia gbɔ la, wowɔ ɖoɖo tso ƒe 1999 me be woawɔ hame ƒe kpekpewo le gbegbɔgblɔ siwo afima vidzidziawo dona me. Woɖo gbegɔmeɖeƒuƒoƒowo hã. Kaka ƒe 2000 naɖo la, wowɔ nutome gã takpekpe me drama la ɖe Mayagbe me eye emegbe wowɔe ɖe gbegbɔgblɔ bubu geɖewo hã me.

Afɔ si woɖe kplɔe ɖoe nye be woaɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme. Gbã la, woɖe agbalẽ gbadzaa si nye Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! gɔme ɖe Huave, Maya, Mazatec, Totonac, Tzeltal, kple Tzotzil gbewo me. Wogaɖe agbalẽ geɖe bubuwo gɔme kplɔe ɖo, eye wo dometɔ aɖee nye Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ si gɔme woɖena edziedzi ɖe Mayagbe me. Wolé agbalẽ aɖewo me nyawo hã ɖe kasɛt dzi. Be woate ŋu afia afima vidzidziawo ŋutɔ degbea xexlẽ kple ŋɔŋlɔ wo la, wotrɔ asi le agbalẽ gbadza aɖe si nye Srɔ̃ Nuxexlẽ Kple Nuŋɔŋlɔ ŋu hena zazã le dukɔa me. Fifia wotaa Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe afima vidzidziawo ƒe gbegbɔgblɔ 15 me, eye bubu geɖewo gale mɔ dzi gbɔna.

“Wole Agbagba Ðesiaɖe Dzem”

Gbegɔmeɖeɖedɔa mele bɔbɔe o. Susu siwo tae dometɔ ɖeka enye be agbalẽ ʋɛ aɖewo ŋutɔ koe le Mexico vidzidziwo ƒe gbeawo me. Le go geɖe me la, nyagɔmeɖegbalẽwo kpɔkpɔ nye kuxi. Azɔ hã, wodoa gbeawo dometɔ aɖewo le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, wodoa Zapotecgbe ɖeɖe ƒomevi vovovo atɔ̃. Gbetagbe siawo to vovo na wo nɔewo ale gbegbe be Zapotecgbe dola siwo le nuto bubu me mate ŋu ase wo nɔvi siwo le nuto bubu me ƒe gbe gɔme o.

Gawu la, ele be gbegɔmeɖelaawo ŋutɔ naɖo nusi afia mɔ wo le gbegbɔgblɔ aɖe gɔmeɖeɖe me ne ɖeke meli o. Esia bia be woawɔ numekuku ahabia nuwo me kɔkɔ geɖe. Eyata mewɔ nuku o be wo dometɔ geɖe se le wo ɖokui me le gɔmedzedzea me abe Élida si le Huave gbegɔmeɖeƒuƒoƒoa me ene! Egblɔ be: “Esi wokpem be mava ɖe gbe gɔme le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mexico la, seselelãme evee nɔ menyedzidzɔ kple vɔvɔ̃.”

Ele hã be gbegɔmeɖelaawo nasrɔ̃ nu tso kɔmpiuta zazã, ɖoɖowɔwɔ, kple gbegɔmeɖemɔnuwo ŋu. Le nyateƒe me la, dɔa wɔwɔ nye kuxi gã aɖe na wo. Aleke wose le wo ɖokui me le eŋu? Gloria, si nye gbegɔmeɖela le Maya ƒuƒoƒoa me, ɖo eŋu be: “Dzidzɔ si míekpɔ le gomekpɔkpɔ le Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe ɖe Mayagbe, si nye mía degbe me la wu gbɔgblɔ.” Eye Gbegɔmeɖeɖe Dɔwɔƒea dzikpɔla aɖe gblɔ tso gbegɔmeɖelaawo ŋu be: “Didi be Biblia srɔ̃gbalẽwo nanɔ wo degbe me sẽ ŋu le wo me ale gbegbe be wole agbagba ɖesiaɖe dzem be yewoakpɔ kuxia gbɔ.” Ðe wòɖe via?

“Yehowa, Akpe Na Wò!”

Alesi Yehowa le dɔa yram le afima vidzidziwo ƒe anyigbamamaa me dze ƒã. Amesiwo dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2001 me la, Ðasefo Mixegbe dola 223 kpe ta be yewoaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. Gake mlɔeba la, ame 1,674—si nye Ðasefoawo ƒe xexlẽme teƒe adre kple afã ye va wɔna sia teƒe!

Fifia ko hafi amesiwo xɔ nyateƒea dometɔ aɖewo va le egɔme sem nyuie. Mirna ɖo ŋku nusi dzɔ ɖe edzi hafi wova te kpekpewo wɔwɔ le Mayagbe me dzi. Egblɔ be: “Mexɔ nyɔnyrɔ esi mesrɔ̃ Biblia ɣleti etɔ̃ megbe. Menya be ele be maxɔ nyɔnyrɔ, gake ele be maʋu eme be nyemese Biblia me nyateƒewo gɔme ŋutɔŋutɔ ɣemaɣi abe alesi wòdze ene o. Mesusui be nusitae nye be Mayagbee medona, eye nyemese Spaingbe nyuie o. Exɔ ɣeyiɣi aɖe hafi meva se nyateƒea gɔme ŋutɔŋutɔ.” Egbea, dzi le woa kple srɔ̃a dzɔm be yewonye Maya gbegɔmeɖeƒuƒoƒoa me tɔwo.

Dzidzɔ gã ŋutɔe wònye na hameawo me tɔwo katã be agbalẽawo le woa ŋutɔwo degbe me. Esime woɖe Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! si wota yeyee ɖe go le Tzotzilgbe me la, nyɔnu aɖe si dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede gɔme la xɔe kple dzidzɔ hegblɔ be: “Yehowa, akpe na wò!” Nyatakakawo fia be Biblia-nusrɔ̃vi geɖe wɔ ŋgɔyiyi kabakaba hena nyɔnyrɔxɔxɔ, dzo gaɖo gbeƒãɖela siwo dzudzɔ gbeadzidede me, eye nɔviŋutsu Kristotɔ geɖe se le wo ɖokui me be yewodze azɔ be yewoaxɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Ame geɖe wu le lɔlɔ̃m be yewoaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo le woa ŋutɔwo degbe me eye be woasrɔ̃e kpli yewo le aƒeme.

Ðasefo aɖe yi Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe wɔ ge, gake nusrɔ̃via menɔ aƒea me o. Esi srɔ̃a do go va mɔa nu la, nɔvinyɔnua gblɔ nɛ be yeaxlẽ nya aɖe tso agbalẽ gbadza aɖe me nɛ. Ŋutsua ɖo eŋu be: “Nyemele nya aɖeke dim mase o.” Nɔvinyɔnua gblɔ nɛ le Totonacgbe me be yewo degbe mee agbalẽ gbadzaa le. Esi ŋutsua see la, ete bentsi aɖe va henɔ anyi. Esi nɔvinyɔnua nɔ nua xlẽm nɛ la, ŋutsua nɔ gbɔgblɔm be, “Nyateƒee. Ẽ, nyateƒee.” Ele Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem fifia.

Le Yucatán la, Ðasefo aɖe srɔ̃ŋutsu tsi tre ɖe nyateƒea ŋu eye ɣeaɖewoɣi la, eƒoa nyɔnua ne etso kpekpeawo gbɔ va aƒeme. Esi wote kpekpewo wɔwɔ le Mayagbe me la, nɔvinyɔnua ɖoe be yeakpee. Ŋutsua de wo eye wodo dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Fifia edea kpekpeawo edziedzi, wole Biblia srɔ̃m kplii, eye mehiã be míagagblɔe ya o gake, megaƒoa srɔ̃a o.

Ŋutsu aɖe si doa Totonacgbe gblɔ na Ðasefo eve aɖewo be yemedo gbe ɖa kpɔ o elabena Katoliko nunɔlaa gblɔ na ye be gbe siwo wodo ɖa le Spaingbe me koe Mawu ɖoa toe. Le nyateƒe me la, ele be wòaxe fe na nunɔlaa be wòado gbe ɖa ɖe Totonacgbe dolawo ta. Ðasefoawo ɖe eme nɛ be Mawu ɖoa to gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe, eye wotsɔ agbalẽ gbadza aɖe si le Totonacgbe me nɛ. Exɔe kple dzidzɔ gã aɖe.Kronika II, 6:32, 33; Psalmo 65:3

“Kualtsin Tajtoua”

Ŋgɔyiyi siawo do dzidzɔ na Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe ale be wole agbagba dzem be yewoasrɔ̃ afima vidzidziwo ƒe gbe aɖe alo be yewoaganyae ɖe edzi wu. Esia tututu wɔmee nutome sue dzikpɔla aɖe si subɔa hame atɔ̃ aɖewo siwo doa Nahuatlgbe le Puebla ƒe dziehe le. Egblɔ be: “Ðevi siwo dɔa alɔ̃ le kpekpewo me la nɔa ŋudzɔ heɖoa to nyuie ne mele nu ƒom le Nahuatlgbe me. Le kpekpe aɖe ƒe nuwuwu la, ŋutsuvi ƒe ene vi aɖe va gbɔnye hegblɔ nam be: ‘Kualtsin tajtoua’ (èƒo nu nyuie). Esia na mese le ɖokuinye me be nye agbagbadzedzeawo le vi ɖem.”

Ẽ, nukuwo ‘ɖi hena ŋeŋe’ vavã le afima vidzidziwo ƒe agblea dzi, eye dzideƒo gã aɖe le amesiwo katã kpɔa gome le eme la si. (Yohanes 4:35) Roberto, amesi kpɔ gome le gbegɔmeɖeƒuƒoƒoawo ɖoɖo anyi me gblɔe kpuie le nya siawo me ale: “Nusi womaŋlɔ be akpɔ o ye wònye be míakpɔ dzidzɔɖatsiwo nanɔ gegem le mo na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo esi wole to ɖom nyateƒea le woa ŋutɔwo degbe me hele nyateƒea gɔme sem. Esia ŋu bubu naa avi ʋena ɖem.” Ðikeke mele o be kpekpe ɖe dzianukwaretɔ siawo ŋu be woava Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi hea dzidzɔ vɛ na Yehowa hã.Lododowo 27:11.

[Aɖaka si le axa 10, 11]

Gododo Kple Gbegɔmeɖela Aɖewo

● “Tso ɣeyiɣi si mate ŋu aɖo ŋku nu dzi kee dzinyelawo fiam nyateƒea. Nublanuitɔe la, fofonye dzo le Kristotɔwo ƒe hamea me esime mexɔ ƒe 11. Le ƒe eve megbe la, danye dzo le mía gbɔ. Esi nyee nye ɖevi atɔ̃awo ƒe tsitsitɔ ta la, ele be mawɔ dɔ siwo danye wɔna tsã, togbɔ be meganɔ suku dem hã.

“Míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo kpe ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe gake agbea sesẽ na mí. Ɣeaɖewoɣi la, mebiaa ɖokuinye be: ‘Nukatae nusia le dzɔdzɔm ɖe dzinye? Nyemetsi kura o!’ Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu koe na mete ŋu kpe akɔ kplii. Esi medo go le sekɛndrisuku la, mezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla, eye esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Esi woɖo Nahuatl gbegɔmeɖeƒuƒoƒoa la, wokpem be mava nye eme nɔla.

“Fofonye gatrɔ va hamea me fifia, eye yonyemetɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo le Yehowa subɔm. Nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa ɖe vi. Eyra nye ƒomea ŋutɔ.”—Alicia.

● “Ðasefo sukuhati aɖe ƒo nu tso afisi agbe dzɔ tso ŋu. Nyemenɔ sukuxɔ me ɣemaɣi o eye esi menɔ vɔvɔ̃m be nyemate ŋu aɖo nya siwo woabia le dodokpɔa me ŋu o ta la, mebiae be wòaɖe nya si wògblɔ la me nam. Mebua tame le nusita amewo kuna ŋu ɣesiaɣi. Esi wòtsɔ Creation-gbalẽa * nam hegblɔ be yeasrɔ̃ Biblia kplim la, melɔ̃. Tameɖoɖo si le Wɔla si kple eƒe lɔlɔ̃ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

“Esi mewu suku nu la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mava zu Spaingbe kple Tzotzilgbe fiala. Gake esia abia be maʋu ayi teƒe aɖe si didi ŋutɔ, ahanɔ hehe xɔm le kwasiɖanuwuwuwo, si awɔe be mada Kristotɔwo ƒe kpekpewo aƒu. Ðe ema teƒe la, meva zu xɔtula. Fofonye, si menye Ðasefo o la meda asi ɖe nye nyametsotsoa dzi o. Emegbe esi menye subɔla mɔɖela la, woɖo ƒuƒoƒo aɖe be wòaɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Tzotzil-gbe me. Edzrom vevie be makpɔ gome le eme.

“Mekpɔe be agbalẽwo ƒe nɔviawo si nɔnɔ le woa ŋutɔwo degbe me na wose le wo ɖokui me be wode asixɔxɔ kple bubu yewo ŋu. Esia faa dzi na ame ŋutɔ. Mesena le ɖokuinye me be mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye be mawɔ dɔ sia.”—Humberto.

● “Esime mexɔ ƒe ade la, danye dzo le mía gbɔ. Esi menɔ nye ƒewuiwo me la, fofonye dze nusɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Gbeɖeka nɔvinyɔnu aɖe dze Biblia sɔsrɔ̃ kplim eye wòɖoa aɖaŋu siwo sɔhɛwo hiã la nam. Esi menye ƒewuivi si si dada menɔ o ta la, mesusu be nusia tututue mehiã. Mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 15.

“Le ƒe 1999 me la, ame vɔ̃ɖi aɖewo wu fofonye le esi wodi be yewoaxɔ eƒe anyigba ta. Dzi ɖe le ƒonye ale gbegbe eye mese le ɖokuinye me be nyemagate ŋu anɔ agbe o. Gake menɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽm. Nutome sue dzikpɔla aɖe kple srɔ̃a de dzi ƒo nam geɖe. Eteƒe medidi o, meva zu gbesiagbe mɔɖela.

“Gbeɖeka mekpɔ ame aɖewo siwo zɔ afɔ gaƒoƒo ade be yewoava se nuƒo aɖe si axɔ miniti 20 si woaƒo le Totonac-gbe me, togbɔ be wowɔa kpekpe mamlɛawo ya ɖe Spaingbe me, evɔ womate ŋu ase egɔme o. Eyata edzɔ dzi nam ŋutɔ esime wokpem be mava kpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔmeɖeɖe ɖe Totonac-gbe me ŋu.

“Megblɔna na fofonye be enye nye didi be masubɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea. Egblɔ nam be manɔ bɔbɔe be woalɔ̃ be nye nyɔnuvi tre mava wɔ dɔ le afima o. Aleke gbegbe wòadzɔ dzi nɛ enye esi ne wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome hekpɔe be mete ŋu wɔ nusia, be mele Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe mía degbe me!”—Edith.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 28 LifeHow Did It Get Here? By Evolution or by Creation? si Yehowa Ðasefowo ta le ƒe 1985 me.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Tzotzil gbegɔmeɖeƒuƒoƒoa me tɔ aɖewo le nya aɖe si gɔmeɖeɖe sesẽ la me dzrom